INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp21 No. 2 axa 10-12
  • Ale Si Nàwɔ Anɔ Xexe Yeyea Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Nàwɔ Anɔ Xexe Yeyea Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • DZE AGBAGBA ‘NÀNYA’ MAWU BE NÀTSI AGBE LE NUWUWUA
  • XLẼ MAWU ƑE NYA, BIBLIA, GBE SIA GBE
  • DO GBE ÐA NA MAWU BE WÒAKPE ÐE ŊUWÒ
  • Nu Kawoe Mawu Wɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Aleke Nàwɔ Anɔ Agbe Tegbee?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Mawu Ƒe Ŋutifafa Xexeme Yeyea—Àte Ŋu Anɔ Eme
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Ame Kukuwo Agava Nɔ Agbe Ake—Kakaɖedzi Le Eŋu!
    Nyɔ!—2008
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
wp21 No. 2 axa 10-12

Ale Si Nàwɔ Anɔ Xexe Yeyea Me

Le nyati siwo do ŋgɔ mea, míekpɔe be eteƒe madidi o Mawu aɖe xexe mavɔ̃mawu sia kple eƒe kuxiwo katã ɖa. Míate ŋu aka ɖe edzi be esia ava eme godoo. Nu ka tae? Elabe Mawu do ŋugbe le eƒe Nya Biblia me be:

“Xexea . . . nu va yina.”—1 YOHANES 2:17.

Míate ŋu aka ɖe edzi be amewo atsi agbe, elabe mawunyakpukpuia do ŋugbe hã be:

“Ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”

Eya ta Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ koe ana míatsi agbe. Be míate ŋu anya nu si nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nua, ehiã be míanya eya ŋutɔ gbã.

DZE AGBAGBA ‘NÀNYA’ MAWU BE NÀTSI AGBE LE NUWUWUA

Fotoawo: 1. Nyɔnu aɖe si nye dɔnɔdzikpɔlaa nɔ anyi ɖe anyigba le kɔdzi; ɖeɖi te eŋu eye nu ti kɔ nɛ. 2. Evae le ɖiɖim ɖe eme le nuɖuƒea, eye ekpɔ eƒe dɔwɔhati wòle magazine aɖe xlẽm dzidzɔtɔe. 3. Eƒe dɔwɔhatia xlẽ mawunyakpukpui aɖe nɛ eye wòtsɔ jw.org kadodogbalẽvi nɛ.

Yesu gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena woanya wò, Mawu vavã ɖeka la.” (Yohanes 17:3) Hafi míatsi agbe le xexe sia ƒe nuwuwu ava nɔ agbe tegbeea, ehiã be ‘míanya’ Mawu. Be míanya Mawu bia nu geɖe wu be míanya ko be eli, alo be míanya nyateƒenya ʋɛ aɖewo ko tso eŋu. Ehiã be míadze xɔ̃e. Ne míedi be mía kple mía xɔlɔ̃wo dome nanɔ kplikplikplia, ele be míakpɔ vovo ɖe wo ŋu. Nenema kee wòle le xɔlɔ̃dzedze Mawu hã gome. Míesrɔ̃ nyateƒenya vevi aɖewo le Biblia me, siwo kpe ɖe mía ŋu míete ŋu dze xɔlɔ̃ Mawu eye míekpɔtɔ nye exɔlɔ̃wo; na míakpɔ wo dometɔ aɖewo ɖa.

Nyateƒe Siwo Míesrɔ̃ Le Biblia Me

Nyɔnua le aƒe me eye eʋu jw.org nyatakakadzraɖoƒea

Míesrɔ̃e be ɖe Mawu ɖoe be míanɔ agbe le Paradiso me.

Mawu wɔ amegbetɔ gbãtɔ siwo nye, Adam kple Xawa, eye wòtsɔ wo da ɖe teƒe nyui aɖe si woyɔna be Eden-bɔ me. Mawu wɔ wo wode blibo, eye wòna wo nu sia nu si ana woakpɔ dzidzɔ vavãtɔ le agbe me. Ena mɔnukpɔkpɔ wo be woanɔ agbe tegbee. Ne ɖe woyi edzi ɖo to Mawua, anye ne womaku hafi o. Gake womeɖo to o, eye woda se bɔbɔe si Mawu de na woa dzi.

Míesrɔ̃ nu si tae míele fu kpem.

Esi amegbetɔ gbãtɔ, Adam, gbe toɖoɖo Mawu ta, ebu mɔnukpɔkpɔ si su eya ŋutɔ kple eƒe dzidzimeviwo si be woava nɔ agbe tegbee. Biblia ɖe eme be: “To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ va xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, ale ku la kaka ɖe amewo katã dome.” (Romatɔwo 5:12) Abe ale si ko ame aɖe ate ŋu axɔ dɔléle aɖe tso edzilawo gbɔ enea, Adam ƒe dzidzimeviwo katã nyi blibomademade dome tso egbɔ. Esia tae míetsina kua amegã alo nyagã eye míekuna.

Míesrɔ̃ nu si Mawu wɔ be yeatsɔ akpe ɖe mía ŋu.

Biblia gblɔ be: “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, be ame sia ame si xɔa edzi sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Mawu dɔ Yesu ɖo ɖe anyigba dzi be wòatsɔ eƒe agbe ana ɖe mía ta. Indian ŋutsu aɖe si woyɔna be Prabhakar, si xɔ ƒe 86 la gblɔ tso lɔlɔ̃ ma ŋu be: “Esia fia be Yehowaa lɔ̃m ale gbegbe. Eƒe lɔlɔ̃ na mɔkpɔkpɔ su asinye be mava nɔ agbe tegbee.”

Míesrɔ̃ ale si míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe nu si Mawu wɔ na mí ŋu.

Biblia gblɔ be míate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu si Mawu wɔ na mí ŋu “ne míeyi edzi wɔa eƒe sewo dzi.” (1 Yohanes 2:3) Esi Yehowa Mawu lɔ̃ mí ta, efia mí nu siwo míawɔ be agbea nadze edzi na mí. (Yesaya 48:17, 18, etenuŋɔŋlɔ) Mawu medi be míakpe fu o. Edo ŋugbe be ne míewɔ ɖe yeƒe mɔfiamewo dzia, míakpɔ dzidzɔ le agbe me fifia, eye mɔnukpɔkpɔ asu mía si hã be míava nɔ agbe tegbee.

XLẼ MAWU ƑE NYA, BIBLIA, GBE SIA GBE

Nyɔnua nɔ anyi ɖe xexe le eƒe ɖiɖiɖemeɣi eye ewu mo dzi le dziƒo kpɔm esi wòxlẽ Biblia vɔ.

Àte ŋu atsi agbe le xexea ƒe nuwuwu ne èwɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu eye nèdoa gbe ɖa nɛ be wòakpe ɖe ŋuwò

Míeɖua nu gbe sia gbe be míanɔ agbe. Ke hã, Yesu gblɔ be: “Menye abolo ɖeɖe ko nu amegbetɔ anɔ agbe ɖo o, ke boŋ ɖe nya sia nya si dona tso Yehowa ƒe nu me la hã nu.”—Mateo 4:4.

Biblia mee míekpɔa Yehowa ƒe nyawo le egbea. Ne èyi edzi le agbalẽ kɔkɔe sia xlẽm la, àsrɔ̃ nyateƒenya vevi aɖewo tso nu siwo Mawu wɔ va yi, nu siwo wɔm wòle fifia kple nu siwo wòawɔ le etsɔme ŋu.

DO GBE ÐA NA MAWU BE WÒAKPE ÐE ŊUWÒ

Ne èdi be yeaɖo to Mawu, gake wòle sesẽm na wò be nàdzudzɔ nu siwo medzea eŋu o wɔwɔa, nu kae nàte ŋu awɔ? Ne edzɔ alea, Mawu nyanya nyuie akpe ɖe ŋuwò geɖe.

Bu nyɔnu aɖe si míayɔ be Sakura, si nɔa gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ tsãa ŋu kpɔ. Esi wote Biblia sɔsrɔ̃ kpliia, eva srɔ̃ Mawu ƒe se si gblɔ be “misi le gbɔdɔdɔ manɔsenu nu.” (1 Korintotɔwo 6:18) Sakura do gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ye ŋu, eye Mawu do ŋusẽe wòdzudzɔ nɔnɔme gbegblẽ ma. Gake ehiã be wòayi edzi anɔ avu wɔm kple tetekpɔwo. Egblɔ be, “Ne susu mawo va tame nama, medoa gbe ɖa na Yehowa gblɔa nya sia nya nɛ, elabe menya be nyemate ŋu awɔ avu sia le ɖokuinye si o. Ale si Yehowa ɖoa nye gbedodoɖawo ŋua na nye kplii dome va le kplikplikpli.” Abe Sakura enea, ame miliɔn geɖe va le nu srɔ̃m tso Mawu ŋu eye wova le enyam. Ele ŋusẽ dom wo be woate ŋu awɔ tɔtrɔwo le woƒe agbenɔnɔ me ale be woanɔ agbe wòadze ye ŋu.—Filipitɔwo 4:13.

Zi ale si nèva le Mawu nyam nyuiea, zi nenemae ‘Mawu hã anya wò’ eye nàva zu exɔlɔ̃ vevi. (Galatiatɔwo 4:9; Psalmo 25:14) Ekema àte ŋu atsi agbe age ɖe Mawu ƒe xexe yeyea me. Gake aleke nuwo anɔ le xexe yeyea me? Míakpɔe le nyati si kplɔe ɖo me.

a Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe