NUSƆSRƆ̃NYATI 11
Na Biblia Xexlẽ Nakpe Ðe Ŋuwò Nàdo Dzi Le Nɔnɔme Sesẽwo Me
“Mawu . . . naa dzidodo.”—ROM. 15:5.
HADZIDZI 94 Akpedada Ðe Mawu Ƒe Nya La Ta
NYA VEVIAWOa
1. Tetekpɔ kawo tɔgbi me Yehowa ƒe amewo tona?
ÐE NÈLE nɔnɔme sesẽ aɖe me toma? Ðewohĩ ame aɖe si le hamea me wɔ nu wòte ɖe dziwò. (Yak. 3:2) Alo ɖewohĩ wò sukuhatiwo alo dɔwɔhatiwo ɖua fewu le ŋuwò le esi nènye Yehowa subɔla ta. (1 Pet. 4:3, 4) Alo ƒometɔwo medi be nàganɔ kpekpeawo dem alo aƒo nu tso wò xɔse ŋu na amewo o. (Mat. 10:35, 36) Ne tetekpɔ aɖe nu sẽa, ate ŋu awɔ na wò be nàna ta. Gake àte ŋu aka ɖe edzi be kuxi ka kee wòɖanye o, Yehowa ana nunya kple ŋusẽ si nèhiã be nàtsɔ anɔ te ɖe enu la wò.
2. Abe ale si Romatɔwo 15:4 gblɔe enea, ŋusẽ kae Mawu ƒe Nyaa xexlẽ ate ŋu akpɔ ɖe mía dzi?
2 Yehowa na woŋlɔ ale si ame vovovo aɖewo wɔ te ŋu nɔ te ɖe tetekpɔ sesẽwo nu ɖe eƒe Nya la me. Nu ka tae? Ale be míasrɔ̃ nu tso wo me. Nya mae Yehowa na apostolo Paulo ŋlɔ ɖi. (Xlẽ Romatɔwo 15:4.) Ne míexlẽ nu tso ame vovovo mawo ŋua, ana akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ mí. Ke hã, ebia nu geɖe wu Biblia xexlẽ dzro ko. Ele be míana Ŋɔŋlɔawo nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nuŋububu kple nuwɔnawo dzi. Nu kae wòle be míawɔ ne míele mɔfiame dim tso ale si míawɔ anɔ te ɖe kuxi aɖe koŋ nu? Míate ŋu ate mɔnu ene siawo kpɔ: (1) Do gbe ɖa, (2) Kpɔ nuwo le susu me, (3) De ŋugble, eye (4) Wɔ wo dzi. Na míadzro nu siawo dometɔ ɖe sia ɖe me.b Eyome míazã mɔnu ene siawo atsɔ aƒo nu tso nu siwo me Fia David kple apostolo Paulo toa ŋu.
1. DO GBE ÐA
Hafi nàxlẽ Biblia la, do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nu si nàte ŋu asrɔ̃ tso nu si xlẽ ge nègbɔna me (Kpɔ memama 3 lia)
3. Hafi nàxlẽ Biblia, nu kae wòle be nàwɔ, eye nu ka tae?
3 (1) Do gbe ɖa. Hafi nàxlẽ Biblia la, do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nu si nàte ŋu asrɔ̃ tso nu si xlẽ ge nègbɔna me. Le kpɔɖeŋu me, ne èle aɖaŋuɖoɖo dim tso ale si nàwɔ anɔ te ɖe kuxi aɖe nua, bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ mɔfiame siwo akpe ɖe ŋuwò le eƒe Nyaa me.—Flp. 4:6, 7; Yak. 1:5.
2. KPƆ NUWO LE SUSU ME
Kpɔ nudzɔdzɔa le susu me eye nàtsɔ ɖokuiwò aɖo ame si ŋu nèle nua xlẽm tsoea teƒe (Kpɔ memama 4 lia)
4. Nu kae nàwɔ be Biblia xexlẽ naɖe vi na wò?
4 (2) Kpɔ nuwo le susu me. Yehowa na ŋutete wɔnuku mí be míakpɔ nuwo le susu me. Be Biblia xexlẽa naɖe vi na wòa, kpɔ nudzɔdzɔa le susu me eye nàtsɔ ɖokuiwò aɖo ame si ŋu nèle nua xlẽm tsoea teƒe. Dze agbagba nàkpɔ nu siwo wòkpɔ kple ale si wòse le eɖokui me.
3. DE ŊUGBLE
De ŋugble le nu si nèxlẽa ŋu nyuie, eye nàkpɔ ale si wòka wòe (Kpɔ memama 5 lia)
5. Nu kae nye ŋugbledede, eye aleke nàte ŋu ade ŋugblee?
5 (3) De ŋugble. Ŋugbledede fia be nàbu tame tso nu si nèxlẽa ŋu nyuie, eye nàkpɔ ale si wòka wòe. Ŋugbledede kpena ɖe mía ŋu be míegasea nu si xlẽm míelea gɔme nyuie wu. Ne míexlẽa Biblia evɔ míedea ŋugble le eŋu oa, ele ko abe ale si nutɔla aɖe natso avɔ kɔ ɖi ene. Gake ŋugbledede le abe ale si ko woakpe avɔ si wotso kɔ ɖia wòazu awu ene. Be nàte ŋu ade ŋugblea, anyo be nàbia nya siawo tɔgbi: “Nu kae ame si ŋu mele nu xlẽm tsoe la wɔ tsɔ kpɔ kuxia gbɔ? Aleke Yehowa kpe ɖe eŋui? Aleke nu siwo mesrɔ̃a ate ŋu akpe ɖe ŋunye mado dzi le tetekpɔwo me?” Eye di ŋuɖoɖoawo.
4. WƆ WO DZI
Wɔ nu siwo nèsrɔ̃a dzi ale be nàte ŋu atso nya me nyuie, wò dzi nadze eme, eye wò xɔse nagasẽ ɖe edzi (Kpɔ memama 6 lia)
6. Nu ka tae wòle be míawɔ nu siwo míesrɔ̃ la dzi?
6 (4) Wɔ wo dzi. Yesu gblɔ be ne mímewɔ nu siwo míesrɔ̃ dzi o la, ke míele abe ŋutsu si tu eƒe xɔ ɖe ke dzi ene. Ewɔ dɔ sesĩe ya, gake ewɔ dɔ vlo. Nu ka tae? Elabe ne ya sesẽ aɖe ƒo eye tsi gã aɖe dza va lɔ eƒe xɔa, amu gblo. (Mat. 7:24-27) Nenema kee, ne míedo gbe ɖa, kpɔ nuwo le susu me, de ŋugble, gake míewɔ wo dzi oa, ke míewɔ dɔ vlo. Ne nɔnɔme sesẽwo alo tetekpɔwo va mía dzia, míate ŋu anɔ te ɖe wo nu o. Gake ne míetsɔ nu siwo míesrɔ̃ wɔ dɔe la, ekpena ɖe mía ŋu míetsoa nya me nyuie, míaƒe dzi dzea eme, eye míaƒe xɔse gasẽna ɖe edzi. (Yes. 48:17, 18) Azɔ na míazã nu ene siwo ŋu míeƒo nu tsoe la atsɔ adzro nu siwo me Fia David to la me.
NU KAE NÀTE ŊU ASRƆ̃ TSO FIA DAVID GBƆ?
7. Ame ka ƒe kpɔɖeŋu me dzro ge míala fifia?
7 Ðe xɔ̃wò alo wò ƒometɔ aɖe wɔ nu wòve wòa? Ne nenemae la, ke nu si akpe ɖe ŋuwòe nye be nàsrɔ̃ nu tso ale si Fia David wɔ nui esime via Absalom wɔ nu wòvee, eye wòdze agbagba be yeaxɔ fianyenyea le esi la ŋu.—2 Sam. 15:5-14, 31; 18:6-14.
8. Nu kae nàte ŋu awɔ be Yehowa nakpe ɖe ŋuwò?
8 (1) Do gbe ɖa. Esi David ƒe ŋutinyaa le susu me na wòa, gblɔ ale si nèle sesem le ɖokuiwò me tso nu si wowɔ ɖe ŋuwò wòve wòa na Yehowa. (Ps. 6:6-9) Gblɔ nyaa ŋutɔ nɛ. Eyome bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàke ɖe mɔfiame siwo akpe ɖe ŋuwò nanɔ te ɖe nɔnɔmea nu la ŋu.
9. Aleke nàgblɔ nu si dzɔ le David kple Absalom domea kpokploe?
9 (2) Kpɔ nuwo le susu me. Kpɔ nu siwo me Fia David anya to kple ale si wote ɖe edzii la le susu me. David vi Absalom zã ƒe geɖe tsɔ nɔ amewo nu blem be woatrɔ ɖe ye ŋu. (2 Sam. 15:7) Esi Absalom kpɔ be nɔnɔmeawo sɔ keŋ vɔa, edɔ ŋkutsalawo ɖa be woatsa le Israel-toawo katã me eye woagblɔ be Absalom zu fia. Ete ŋu ble David xɔlɔ̃ kplikplikpli kple aɖaŋuɖola Ahitofel wòva dze eyome. Absalom ɖo eɖokui fia eye wòdze agbagba be yeawu David si anya nɔ dɔ lém vevie ɣemaɣi. (Ps. 41:1-9) David va se nu tso nugbeɖoɖoa ŋu eye wòsi le Yerusalem. Mlɔebaa, Absalom ƒe amewo va wɔ aʋa kple ame siwo le David ƒe akpa dzi. Absalom ƒe aʋawɔlawo meɖu dzi o, eye emegbea, wowu David vi Absalom hã.
10. Aleke Fia David ate ŋu awɔ nu hafi?
10 Azɔ, kpɔ ale si David anya nɔ sesem le eɖokui me esime nu siawo katã nɔ dzɔdzɔm ɖe edzi la ɖa le susu me. Elɔ̃ Absalom, eye wòka ɖe Ahitofel dzi. Ke hã, womewɔ nuteƒe nɛ o. Wowɔ nu wòvee eye wodze agbagba be yewoawui gɔ̃ hã. Esia ate ŋu awɔe be David magaka ɖe exɔlɔ̃ bubuawo dzi o, eye wòanɔ susum be woawo hã wode Absalom dzi. Ate ŋu atsɔ susu aɖo eɖokui ko ŋu eye wòadi be ye ɖeɖe yeasi le dukɔa me, alo wòana dzi naɖe le eƒo kura. Gake David mewɔ nu mawo dometɔ aɖeke o, ke boŋ enɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ sia nu. Nu kae kpe ɖe eŋu?
11. Aleke David wɔ nu le nɔnɔme sesẽ sia me?
11 (3) De ŋugble. Nufiame kawoe le David ƒe ŋutinyaa me? Ðo biabia sia ŋu, “Nu kae David wɔ si kpe ɖe eŋu?” David mena dzidzi ƒoe eye wòtsɔ dzitsitsi tso nya me o. Eye metɔtɔ ale gbegbe be menya nu si wòawɔ hã o. Ke boŋ, edo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu. Azɔ hã, ebia exɔlɔ̃wo be woakpe ɖe ye ŋu. Eye enumake ewɔ ɖe nyametsotso siwo wòwɔa dzi. Togbɔ be wowɔ nu wòve David hãa, melé dziku ɖe dɔme alo gblɔ be yemagaka ɖe ame aɖeke dzi o. Eyi edzi ka ɖe Yehowa kple exɔlɔ̃wo dzi.
12. Nu kawoe Yehowa wɔ tsɔ kpe ɖe David ŋu?
12 Aleke Yehowa kpe ɖe David ŋu? Ne èku nu mea, àva kpɔe be Yehowa do ŋusẽ David wònɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ sia nu. (Ps. 3:1-8; etamenuŋɔŋlɔ) Yehowa yra ɖe David ƒe nyametsotsoawo dzi. Eye eto David xɔlɔ̃wo dzi wokpɔ David ta.
13. Aleke nàte ŋu asrɔ̃ David ne ame aɖe wɔ nu wòve wò vevie? (Mateo 18:15-17)
13 (4) Wɔ wo dzi. Bia ɖokuiwò be, ‘Aleke mate ŋu asrɔ̃ David?’ Ele be nàwɔ nu kpata akpɔ kuxia gbɔ. Le ale si nɔnɔmeawo le nua, àte ŋu awɔ ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo si le Mateo 18 la dzi tẽe alo awɔ mɔfiame si le emea ŋu dɔ. (Xlẽ Mateo 18:15-17.) Gake mele be nàtsɔ dzitsitsi atso nya me o. Do gbe ɖa na Yehowa be wòana wò dzi nadze eme, eye wòana nunya si nàtsɔ anɔ te ɖe nɔnɔmea nu la wò. Mègana dzi naɖe le ƒowò le xɔ̃wòwo ŋu o. Ke boŋ, lɔ̃ faa woakpe ɖe ŋuwò. (Lod. 17:17) Eye vevietɔ wua, wɔ ɖe aɖaŋu siwo Yehowa aɖo na wò le eƒe Nyaa me la dzi.—Lod. 3:5, 6.
NU KAE NÀTE ŊU ASRƆ̃ TSO PAULO GBƆ?
14. Nɔnɔme kawo mee 2 Timoteo 1:12-16; 4:6-11, 17-22 ade dzi ƒo na wò le?
14 Ðe wò ƒometɔwo le tsitre tsim ɖe ŋuwòa? Ðe nèle dukɔ si me woxe mɔ ɖe Yehowa ƒe amewo ƒe dɔwo nu alo ɖo asi wo dzia? Ne nenemae la, ne èxlẽ 2 Timoteo 1:12-16 kple 4:6-11, 17-22 la, ade dzi ƒo na wò.c Paulo ŋlɔ nya mawo esi wònɔ gaxɔ me.
15. Nu kae nàte ŋu ado gbe ɖa abia Yehowa?
15 (1) Do gbe ɖa. Hafi nàxlẽ Paulo ƒe ŋutinyaa, do gbe ɖa nàgblɔ wò kuxia kple ale si nèle sesem le ɖokuiwò me na Yehowa. Gblɔ nyaa ŋutɔ nɛ. Eyome do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàke ɖe mɔfiame siwo le nu siwo me Paulo to kple ale si woate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe wò kuxiwo nu la ŋu.
16. Aleke nàgblɔ nu siwo dzɔ ɖe Paulo dzi kpokploe?
16 (2) Kpɔ nuwo le susu me. Kpɔ ɖokuiwò le Paulo ƒe nɔnɔmea me. Wode gae le gaxɔ me le Roma. Wodee gaxɔ me kpɔ, gake fifia ya enya be woawu ye godoo. Exɔlɔ̃ aɖewo gblẽe ɖi, eye ɖeɖi te eŋu belibeli.—2 Tim. 1:15.
17. Aleke Paulo ate ŋu awɔ nu hafi?
17 Paulo ate ŋu akpɔ megbe eye wòasusu be ne ɖe yewɔ tiatia bubua anye ne nuwo manɔ na ye alea o. Ate ŋu ado dziku ɖe ame siwo gblẽe ɖi le Asia nutoa mea ŋu eye wòagblɔ be yemagaka ɖe ye xɔlɔ̃awo dometɔ aɖeke dzi o. Gake Paulo mewɔ nu mawo dometɔ aɖeke o. Nu kae kpe ɖe eŋu be dzi nɔ eƒo eye mɔkpɔkpɔ mebu ɖee o?
18. Aleke Paulo wɔ nu le nɔnɔme sesẽ siwo me wòto la me?
18 (3) De ŋugble. Ðo biabia sia ŋu, “Nu kae Paulo wɔ si kpe ɖe eŋu?” Togbɔ be Paulo dze ŋgɔ ku hãa, etsɔ eƒe susu ɖo nu vevitɔ si nye ale si wòahe kafukafu avɛ na Yehowa dzi. Eye edea ŋugble le ale si wòade dzi ƒo na ame bubuwoa ŋu. Eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye wòdoa gbe ɖa nɛ edziedzi. (2 Tim. 1:3) Metsɔ eƒe susu katã ɖo ame siwo gblẽe ɖi la ŋu o, ke boŋ eda akpe ɖe exɔlɔ̃ siwo kpe ɖe eŋu le mɔ vovovowo nu la ta. Azɔ hã, Paulo yi edzi srɔ̃a Mawu ƒe Nya la. (2 Tim. 3:16, 17; 4:13) Vevietɔ wua, eka ɖe edzi bliboe be Yehowa kple Yesu lɔ̃ ye. Womegblẽe ɖi o, eye woaɖo eƒe nuteƒewɔwɔa teƒe nɛ.
19. Aleke Yehowa kpe ɖe Paulo ŋui?
19 Do ŋgɔa, Yehowa gblɔ na Paulo be, ato yometitiwo me le esi wònye Kristotɔ ta. (Dɔw. 21:11-13) Aleke Yehowa kpe ɖe Paulo ŋui? Yehowa ɖo Paulo ƒe gbedodoɖawo ŋu, eye emegbea, edo ŋusẽe. (2 Tim. 4:17) Yehowa ka ɖe edzi na Paulo be eƒe asi asu fetu si ta wòku kutri wɔ subɔsubɔdɔa ɖo la dzi. Azɔ hã, Yehowa to Paulo xɔlɔ̃wo dzi wokpe ɖe eŋu le mɔ ŋutɔŋutɔwo nu.
20. Le Romatɔwo 8:38, 39 ƒe nya nua, aleke míate ŋu asrɔ̃ Paulo?
20 (4) Wɔ wo dzi. Bia ɖokuiwò be, ‘Aleke mate ŋu asrɔ̃ Paulo?’ Abe Paulo enea, woati míawo hã yome ɖe míaƒe xɔse ta. (Marko 10:29, 30) Hafi míate ŋu ado dzi ne wole mía yome tim la, ele be míanɔ gbe dom ɖa na Yehowa eye míanɔ eƒe Nyaa srɔ̃m edziedzi. Ele be wòanɔ susu me na mí ɣesiaɣi be nu vevitɔe nye be míawɔ nu wòahe kafukafu vɛ na Yehowa. Míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Yehowa magblẽ mí ɖi o, eye naneke meli ame aɖe ate ŋu awɔ atsɔ ama mí ɖa tso eƒe lɔlɔ̃ la gbɔ o.—Xlẽ Romatɔwo 8:38, 39; Heb. 13:5, 6.
SRƆ̃ NU TSO AME BUBU SIWO ŊU BIBLIA ƑO NU TSOE LA GBƆ
21. Nu kae kpe ɖe Aya kple Hector ŋu woɖu kuxi aɖe dzi?
21 Aleke kee míaƒe nɔnɔmea ɖale o, ame siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me ƒe kpɔɖeŋuwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Aya si nye mɔɖela le Japan gblɔ be Yona ƒe ŋutinyaa kpe ɖe ye ŋu yeɖu ale si yevɔ̃na be yeaɖi ɖase le dutoƒo la dzi. Hector si nye sɔhɛ aɖe si le Indonesia si dzilawo menye Yehowa subɔlawo oa, gblɔ be, Rut ƒe kpɔɖeŋua ʋã ye yeva srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu eye yele esubɔm.
22. Nu kae akpe ɖe ŋuwò be Biblia me dramawo alo nyati siwo nye “Srɔ̃ Woƒe Xɔse” la, naɖe vi na wò bliboe?
22 Afi kae nàkpɔ ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe ƒe kpɔɖeŋuwo le be woado ŋusẽ wò? Àkpɔ wo le míaƒe videowo, gbeɖiɖi ƒe dramawo, kple nyati siwo nye “Srɔ̃ Woƒe Xɔse” me. Woana nàkpɔ ale si nudzɔdzɔawo le ŋutɔŋutɔ.d Hafi nàkpɔ videoa, aɖo to dramaa, alo axlẽ nyati mawo siwo ŋu woku nu me tsoe nyuiea, bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàke ɖe nu vevi aɖe si dzi nàte ŋu awɔ ɖo la ŋu. Tsɔ ɖokuiwò ɖo ame si ŋu nèle nua srɔ̃m tsoea teƒe. De ŋugble tso nu si Yehowa subɔlawo wɔ kple ale si Yehowa kpe ɖe wo ŋu wodo dzi le nɔnɔme sesẽa me la ŋu. Eyome wɔ nufiame siwo le emea ŋu dɔ. Da akpe na Yehowa ɖe ale si wòle kpekpem ɖe ŋuwò la ta. Eye di mɔnuwo nàde dzi ƒo na amewo, akpe ɖe wo ŋu atsɔ aɖee afia be yekpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yehowa wɔ na ye la ŋu.
23. Le Yesaya 41:10, 13 ƒe nya nua, nu kae Yehowa do ŋugbe be yeawɔ na mí?
23 Agbenɔnɔ le Satana ƒe xexe sia me sesẽ ŋutɔ eye ɣeaɖewoɣia míanya nu si tututu míawɔ o. (2 Tim. 3:1) Gake mele be míatsi dzi alo avɔ̃ o. Yehowa nya nu siwo me tom míele. Ne míehiã kpekpeɖeŋua, edo ŋugbe be yeatsɔ yeƒe nuɖusi sesẽ la alé mí ɖe te. (Xlẽ Yesaya 41:10, 13.) Míeka ɖe edzi bliboe be Yehowa akpe ɖe mía ŋu, eye Biblia ate ŋu ado ŋusẽ mí be míado dzi le nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe me.
HADZIDZI 96 Mawu Ŋutɔ Ƒe Agbalẽ—Kesinɔnue
a Nuŋlɔɖi siwo le Biblia me la ɖo kpe edzi be Yehowa lɔ̃ eƒe amewo eye akpe ɖe wo ŋu ne wole nɔnɔme sesẽwo me tom. Le nyati sia mea, míadzro nu si nàte ŋu awɔ be wò Biblia xexlẽ nagaɖe vi na wò geɖe wu la me.
b Mɔ siwo dzi míate ŋu ato asrɔ̃ Biblia ƒe kpɔɖeŋu ɖeka koe nye esia. Àkpɔ mɔ bubu siwo dzi nàte ŋu ato asrɔ̃ Biblia le agbalẽ si nye Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ Na Yehowa Ðasefowo, le tanya si nye “Biblia” te, eye nàkpɔ tanya sue si nye “Biblia Xexlẽ Kple Egɔmesese.”
c Migaxlẽ mawunyakpukpui siawo le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a wɔɣi o.
d Kpɔ “Srɔ̃ Woƒe Xɔse—Ŋutsu Kple Nyɔnu Siwo Ŋu Biblia Ƒo Nu Tsoe” le jw.org. (Àkpɔe le BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > MAWU DZI XƆXƆ SE.)