INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w23 November axa 14-19
  • Yi Edzi Nàka Ðe Yehowa Dzi Le Nɔnɔme Madeamedziwo Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yi Edzi Nàka Ðe Yehowa Dzi Le Nɔnɔme Madeamedziwo Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ALEKE NU SIWO NƆ EDZI YIM LA KPƆ ŊUSẼ ÐE YUDATƆ SIWO TRƆ GBƆ DZI?
  • YI EDZI NALÉ FƆ ÐE MAWUSUBƆSUBƆ ŊU
  • ALE SI MÍAWƆ AKA ÐE YEHOWA DZI GEÐE WU
  • YI EDZI NÀKA ÐE YEHOWA DZI VA SE ÐE NUWUWU
  • Nya Vevi Siwo Tso Ezra ƒe Agbalẽ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Ðe Wò Nufiafia Ðea Kpea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Ezra Fia Mawu Ƒe Se La
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • “Meli Kpli Mi”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
w23 November axa 14-19

NUSƆSRƆ̃NYATI 48

Yi Edzi Nàka Ðe Yehowa Dzi Le Nɔnɔme Madeamedziwo Me

“‘Mido ŋusẽ nu, . . . elabena meli kpli mi,’ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.”—HAG. 2:4.

HADZIDZI 118 Na Xɔse Geɖe Mí

NYA VEVIAWOa

1-2. (a) Aleke míaƒe nɔnɔmea sɔ kple Yudatɔ siwo trɔ va Yerusalem la tɔ? (b) Nɔnɔme sesẽ kawoe Yudatɔwo dze ŋgɔe? (Kpɔ aɖaka si nye “Nu Siwo Dzɔ Le Hagai, Zakariya, Kple Ezra Ƒe Ŋkekea Me.”)

ÐE NÈTSIA dzi ɣeaɖewoɣi ɖe nu siwo ava dzɔ le etsɔme ŋua? Ðewohĩ dɔ gblẽ na wò eye nètsi dzi ɖe ale si nàwɔ akpɔ wò ƒomea dzi ŋu. Ðewohĩ ʋunyaʋunya le edzi yim le miaƒe nutoa me, woɖo asi gbeƒãɖeɖedɔa dzi alo wole mia yome tim, eye esia na nètsi dzi ɖe wò ƒomea ƒe dedienɔnɔ ŋu. Ne èle nɔnɔme siawo tɔgbi me tom la, ke ale si Yehowa kpe ɖe blema Israel-viwo ŋu le nɔnɔme mawo mea me dzodzro aɖe vi na wò.

2 Yudatɔ siwo nɔ Babilon le woƒe agbe me katã la hiã xɔse geɖe be woagblẽ woƒe nunɔamesiwo kple nu siwo na agbea dze edzi na wo le afi ma ɖi atrɔ ayi dukɔ si ŋu womenya nu boo tsoe oa me. Esi wova ɖoa, esesẽ na wo be woakpɔ woƒe ƒomea dzi. Azɔ hã, dukɔ siwo ƒo xlã woa nɔ wo yome tim, eye nuwo menɔ edzi yim nyuie le Persia Fiaɖuƒea me o. Eya ta esesẽ na wo dometɔ aɖewo be woalé fɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ gbugbɔgatudɔa ŋu. Esia ta, le ƒe 520 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) lɔƒoa, Yehowa ɖo nyagblɔɖila eve siwo nye Hagai kple Zakariya be woade dzo yeƒe amewo me. (Hag. 1:1; Zak. 1:1) Abe ale si míava kpɔe enea, nyagblɔɖila siawo de dzi ƒo na Yehowa ƒe amewo vavã. Gake anɔ abe ƒe 50 ene megbea, dzi gaɖe le Yudatɔ siwo trɔ gbɔa ƒo. Ɣemaɣia, Mawu ƒe Sea gbugbɔŋlɔla bibi Ezra tso Babilon va Yerusalem be yeade dzi ƒo na Mawu ƒe amewo be woagatsɔ dzo ɖe Yehowa ƒe dɔa ŋu.—Ezra 7:​1, 6.

Nu Siwo Dzɔ Le Hagai, Zakariya, Kple Ezra Ƒe Ŋkekea Me

Nu vevi siwo dzɔ le Hagai, Zakariya, kple Ezra ƒe ŋkekea me kple ƒe siwo me wodzɔ le (ƒeawo katã D.Y.) 537: Yudatɔ aboyomeawo trɔ va Yerusalem. 520: Nyagblɔɖila Hagai kple Zakariya le nu ƒom na Israel-viwo le Yerusalem. 515: Gbedoxɔ si le Yerusalem. 484: Fianyɔnu Esta zɔ yina Fia Ahasweros si nɔ anyi ɖe fiazikpui dzia gbɔ. 468: Ezra le mɔ zɔm. 455: Yerusalem gliwo.

ƑEAWO KATÃ DO ŊGƆ NA YESU

  1. 537: Yudatɔ aboyomeawo ƒe ƒuƒoƒo gbãtɔ trɔ va Yerusalem

  2. 520: Hagai kple Zakariya gblɔ nya ɖi le Yerusalem

  3. 515: Wowu gbedoxɔa tutu nu

  4. 484: Esi Xerxes I (Ahasweros) de se be woatsrɔ̃ Yudatɔwoa, Esta wɔ nane tso eŋu

  5. 468: Ezra kple Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒo evelia zɔ mɔ yina Yerusalem

  6. 455: Wowu Yerusalem gliawo tutu nu

3. Biabia kawo mee míadzro le nyati sia me? (Lododowo 22:19)

3 Ale si ko Hagai kple Zakariya ƒe nyagblɔɖiawo kpe ɖe Mawu ƒe amewo ŋu le blema woyi edzi ka ɖe Yehowa dzi le nɔnɔme sesẽwo mea, nenema kee nyagblɔɖi mawo ana míawo hã míaka ɖe edzi egbea be Yehowa akpe ɖe mía ŋu le nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe me. (Xlẽ Lododowo 22:19.) Míadzro nya si Mawu na Hagai kple Zakariya gblɔ ɖi kple kpɔɖeŋu si Ezra ɖoa me, eye míaɖo biabia siawo ŋu: Aleke nu siwo nɔ edzi yim la kpɔ ŋusẽ ɖe Yudatɔ siwo trɔ va Yerusalem la dzi? Nu ka tae wòle be míayi edzi alé fɔ ɖe mawusubɔsubɔ ŋu le nɔnɔme madeamedziwo me? Aleke míawɔ aka ɖe Yehowa dzi geɖe wu ne xaxawo va mía dzi?

ALEKE NU SIWO NƆ EDZI YIM LA KPƆ ŊUSẼ ÐE YUDATƆ SIWO TRƆ GBƆ DZI?

4-5. Nu kae anya na dzo si nɔ Yudatɔwo me be yewoatu gbedoxɔa nu tsi?

4 Dɔ geɖe nɔ anyi Yudatɔ siwo gbɔ va Yerusalem nawɔ. Wogbugbɔ tu Yehowa ƒe vɔsamlekpuia enumake eye woɖo gbedoxɔa gɔme anyi. (Ezra 3:​1-3, 10) Gake eteƒe medidi o, dzo si nɔ wo mea nu tsi. Nu ka tae? Elabe tsɔ kpe ɖe gbedoxɔa tutu ŋua, ehiã be woatu xɔ anɔ eme eye woade agble akpɔ woƒe ƒomea dzi. (Ezra 2:​68, 70) Azɔ hã, woƒe futɔwo tsi tre ɖe wo ŋu eye woɖoe be yewoatɔ te gbedoxɔ gbugbɔgatudɔa.—Ezra 4:​1-5.

5 Kuxi bubue nye be, ganyawo mede wo dzi o eye nuwo menɔ edzi yim nyuie le Persia Fiaɖuƒe si te wonɔa me o. Persia-fia Kores ku le ƒe 530 D.Y. me, emegbe fia si va xɔ ɖe eteƒe si nye Cambyses ho ɖe Egipte ŋu eye wòɖu edzi. Esi eƒe asrafowo nɔ mɔ dzi yina Egipte la, anɔ eme be wova to Israel-viwo ƒe nutoa me eye wobia tso wo si be woana nuɖuɖu kple tsi yewo eye woana teƒe yewo yewoamlɔ. Esia na Israel-viwo ƒe nɔnɔmea gasẽ ɖe edzi. Azɔ hã, Fia Dario I si va xɔ ɖe Fia Cambyses teƒea ƒe fiaɖuƒea me mefa kura o. Ðikeke mele eme o be nu siawo na Yudatɔ siwo trɔ gbɔa dometɔ geɖe tsi dzi ɖe ale si woakpɔ woƒe ƒomea dzi ŋu. Nɔnɔme madeamedzi mawo na wo dometɔ aɖewo susui be ɣeyiɣia mede be woatu Yehowa ƒe gbedoxɔa o.—Hag. 1:2.

6. Le Zakariya 4:​6, 7 ƒe nya nua, kuxi bubu kae va Yudatɔwo dzi, eye nya kae Zakariya gblɔ tsɔ de dzi ƒo na wo?

6 Xlẽ Zakariya 4:​6, 7. Kuxi bubu si va Yudatɔwo dzie nye yometiti. Le ƒe 522 D.Y. mea, woƒe futɔwo na Persia dziɖuɖua ɖo asi Yehowa ƒe gbedoxɔa gbugbɔgatudɔa dzi. Gake Zakariya ka ɖe edzi na Yudatɔwo be Yehowa azã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe triakɔa atsɔ aɖe mɔxenu ɖe sia ɖe ɖa. Le ƒe 520 D.Y. mea, Fia Dario ɖe mɔ be woayi dɔa dzi; ena ga be woatsɔ awɔ dɔa eye wòde se be nutoa me tɔwo nado alɔ dɔa.—Ezra 6:​1, 6-10.

7. Esi Yudatɔwo tsɔ dzo ɖe Yehowa ƒe dɔa ŋua, aleke wòyra woe?

7 Yehowa to Hagai kple Zakariya dzi do ŋugbe na eƒe amewo be yeakpe ɖe wo ŋu ne wolé fɔ ɖe gbedoxɔ gbugbɔgatudɔa ŋu. (Hag. 1:​8, 13, 14; Zak. 1:​3, 16) Nyagblɔɖila siawo ƒe nyawo de dzi ƒo na Yudatɔwo ale be wogadze dɔa gɔme le ƒe 520 D.Y. me, eye mede ƒe atɔ̃ hafi wowu enu o. Esi Yudatɔwo tsɔ dzo ɖe Yehowa ƒe dɔa ŋu taa, togbɔ be nɔnɔmeawo mede wo dzi o hãa, Yehowa na nu sia nu si wohiã la wo eye wòkpe ɖe wo ŋu woyi edzi subɔe kple dzidzɔ.—Ezra 6:​14-16, 22.

YI EDZI NALÉ FƆ ÐE MAWUSUBƆSUBƆ ŊU

8. Aleke Hagai 2:4 me nyawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míalé fɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

8 Esi xaxa gãa le aƒe tum taa, ehiã vevie fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe be míaɖe gbeƒã. (Marko 13:10) Gake ate ŋu asesẽ na mí be míalé fɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu ne ganyawo le sesẽm na mí alo wotsi tre ɖe mía ŋu be míagaɖe gbeƒã o. Ne edzɔ alea, nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míalé fɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu? Eyae nye be míaka ɖe edzi be “Aʋakɔwo ƒe Yehowa”b li kpli mí. Akpe ɖe mía ŋu ne míetsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me. Eya ta mehiã be míavɔ̃ naneke o.—Xlẽ Hagai 2:4.

9-10. Aleke srɔ̃tɔ aɖewo ƒe kpɔɖeŋua ɖo kpe Yesu ƒe nya siwo le Mateo 6:33 dzi?

9 Bu Oleg kple srɔ̃a Irina ŋu kpɔ.c Wonye mɔɖelawo. Woʋu yi nuto aɖe me vae kpe asi ɖe hame aɖe ŋu. Ɣeyiɣi aɖe megbea, ganyawo yi to le dukɔa me si wɔe be dɔ gblẽ na wo eye abe ƒe ɖeka enea, womekpɔ dɔ gobi aɖeke wɔ o. Togbɔ be enɔ alea hã, wode dzesii be Yehowa megblẽ yewo ɖi kpɔ o, eye wolɔ̃ faa nɔviwo hã kpe ɖe wo ŋu. Nu kae wowɔ tsɔ nɔ te ɖe nɔnɔmea nu? Oleg, si ƒo dzi ɖe le le gɔmedzedzea mea gblɔ be: “Míelé fɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu eye esia kpe ɖe mía ŋu míetsɔ susu ɖo nu si le vevie wu le agbe me ŋu.” Esi eya kple srɔ̃a wonɔ dɔ dim ʋuu do kpoea, wozã ɣeyiɣi geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me.

10 Gbe ɖeka esi wogbɔ tso gbeadzia, wokpɔ be wo xɔlɔ̃ aɖe zɔ mɔ abe kilometa 160 ene tsɔ nuɖuɖu akplo eve va da ɖi na wo. Oleg gblɔ be: “Gbe ma gbea, míegakpɔ ale si gbegbe Yehowa léa be na mí kple ale si nɔviawo tsɔ ɖe le eme na míi. Míeka ɖe edzi be aleke kee nɔnɔmea sesẽe o, Yehowa magblẽ esubɔlawo ɖi gbeɖe o.”—Mat. 6:33.

11. Nu kae Yehowa awɔ na mí ne míelé fɔ ɖe eƒe dɔa ŋu?

11 Yehowa di be míalé fɔ ɖe nusrɔ̃lawɔwɔdɔ si xɔa amewo ɖe agbea ŋu. Abe ale si míekpɔe le memama 7 lia me enea, Hagai de dzi ƒo na Yehowa ƒe amewo be woatsɔ dzo ɖe Yehowa ƒe dɔa ŋu. Ne wowɔe alea, Yehowa do ŋugbe be ‘yeayra wo.’ (Hag. 2:​18, 19) Míawo hã míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ayra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi ne míelé fɔ ɖe dɔ si wòde mía si ŋu.

ALE SI MÍAWƆ AKA ÐE YEHOWA DZI GEÐE WU

12. Nu ka tae Ezra kple aboyome susɔeawo hiã xɔse geɖe?

12 Le ƒe 468 D.Y. mea, Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒo evelia tso Babilon trɔ yi Yerusalem; Ezra hã nɔ wo dome. Mɔzɔzɔ ma bia xɔse geɖe elabe woate ŋu adze afɔku le mɔa dzi bɔbɔe. Azɔ hã, wotsɔ sika kple klosalo gbogbo si fia na wo ɖe gbedoxɔa ŋuti la ɖe asi, eye esia ate ŋu awɔe be fiafiwo nadze wo dzi bɔbɔe. (Ezra 7:​12-16; 8:31) Tsɔ kpe ɖe eŋua, esi wova ɖo Yerusalem la, wokpɔe be teƒea mele dedie o, elabe amewo mede ha o eye womeɖɔ gliawo kple agboawo ɖo o. Aleke Ezra wɔ ka ɖe Yehowa dzi bliboe, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso egbɔ?

13. Nu kae dzɔ si na Ezra gaka ɖe Yehowa dzi geɖe wu? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

13 Ezra kpɔ ale si Yehowa xɔ na eƒe amewo esime dodokpɔ sesẽwo va wo dzi. Ƒe aɖewo do ŋgɔa, Fia Ahasweros de se le ƒe 484 D.Y. me be woatsrɔ̃ Yudatɔwo le Persia Fiaɖuƒe bliboa me. (Esta 3:​7, 13-15) Ezra anya nɔ Babilon ɣemaɣi, eye eya hã ƒe agbe ɖo afɔku me. Yudatɔwo tsi nu dɔ eye wodo gbe ɖa fa avi na Yehowa be wòaxɔ na yewo. (Esta 4:3) Nukutɔea, nuwo trɔ bubui eye Yudatɔwo boŋ va ɖu ame siwo lé fu woa dzi. Kpɔ ale si gbegbe dzi dzɔ Ezra kple Yudatɔ bubuawoe ɖa! (Esta 9:​1, 2) Nu siwo dzɔ ɣemaɣia anya dzra Ezra ɖo ɖe nu siwo ava dzɔ le etsɔme ŋu, eye wòna wòka ɖe edzi bliboe be Yehowa akpɔ eƒe amewo ta ɣesiaɣi.d

14. Esi Yehowa kpe ɖe nɔvinyɔnu aɖe ŋu le nɔnɔme madeamedzi aɖe mea, nu kae wòsrɔ̃ tso eme?

14 Ne míekpɔ ale si Yehowa kpe ɖe mía ŋu le nɔnɔme madeamedziwo mea, míegakana ɖe eyama dzi geɖe wu. Bu Anastasia si le Ɣedzeƒe Europa ŋu kpɔ. Esi eƒe dɔwɔhatiwo nɔ eƒom ɖe enu vevie be wòade dunyaheha aɖe dzi taa, eɖe asi le dɔa ŋu. Egblɔ be: “Eva ɖo ɣeaɖeɣia, ga aɖeke menɔ asinye o; emae nye zi gbãtɔ wòdzɔ ɖe dzinye nenema.” Eyi edzi be: “Medo gbe ɖa na Yehowa gblẽ nyaa ɖe esime, eye mekpɔ ale si wòlé be nam lɔlɔ̃tɔe. Ne egadzɔ be dɔ gblẽ namaa, nyemavɔ̃ o. Fofonye si le dziƒo le be lém nam egbea, ta menya be alé be nam etsɔ hã.”

15. Nu kae kpe ɖe Ezra ŋu wòyi edzi ka ɖe Yehowa dzi? (Ezra 7:​27, 28)

15 Ezra kpɔ Yehowa ƒe asi le eƒe agbe me. Ezra ɖoa ŋku ɣeyiɣi siwo Yehowa kpe ɖe eŋua dzi, eye esia wɔe be wògaka ɖe Yehowa dzi geɖe. Egblɔ be: “Yehowa nye Mawu ƒe asi le dzinye.” (Xlẽ Ezra 7:​27, 28.) Ezra gazã nya ma tɔgbi zi atɔ̃ sɔŋ le Biblia-gbalẽ si ŋu eƒe ŋkɔ lea me.—Ezra 7:​6, 9; 8:​18, 22, 31.

Nɔnɔme kawo tɔgbi mee míate ŋu ade dzesi Yehowa ƒe asi le míaƒe agbe me le? (Kpɔ memama 16 lia)e

16. Nɔnɔme kawo tɔgbi mee míate ŋu ade dzesi Yehowa ƒe asi le míaƒe agbe me le? (Kpɔ fotoa hã.)

16 Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne míedo go kuxi sesẽwo. Le kpɔɖeŋu me, ne ehiã be míabia mɔ le míaƒe dɔtɔ gbɔ ale be míakpɔ ɣeyiɣi ayi takpekpe alo wòatrɔ asi le míaƒe dɔwɔɖoɖowo ŋu be míate ŋu ade kpekpeawo katã kwasiɖa sia kwasiɖaa, esia ʋua mɔnukpɔkpɔ na mí be míakpɔ Yehowa ƒe asi le míaƒe agbe me. Awɔ nuku na mí ŋutɔ be nuwo ayi nyuie, eye esia ana míagaka ɖe Yehowa dzi geɖe wu.

Ezra kple Israel-viwo le gbedoxɔa ŋgɔ le avi fam. Sekaniya le kpekpem ɖe Ezra ŋu be wòatso le anyigba.

Ezra nɔ gbe dom ɖa nɔ avi fam le Yehowa ƒe aƒea ŋgɔ. Enɔ nu xam le dukɔa ƒe nu vɔ̃wo ta, eye amehawo hã nɔ avi fam. Sekaniya va fa akɔ na Ezra hede dzi ƒo nɛ be: “Mɔkpɔkpɔ gali na Israel. . . . Míele megbe na wò.”​—Ezra 10:2, 4 (Kpɔ memama 17 lia)

17. Aleke Ezra bɔbɔ eɖokui esime nuwo wu tsɔtsɔ nɛ? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

17 Ezra bɔbɔ eɖokui eye wòbia Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu. Ne dɔ siwo gbegbe le Ezra dzi na wòtsi dzimaɖia, ebɔbɔa eɖokui doa gbe ɖa na Yehowa. (Ezra 8:​21-23; 9:​3-5) Esi wòɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu taa, ame siwo wɔ dɔ kplii lɔ̃ faa kpe ɖe eŋu eye wosrɔ̃ eƒe xɔse. (Ezra 10:​1-4) Ne míetsi dzimaɖi ɖe míaƒe ƒomea dzi kpɔkpɔ alo woƒe dedienɔnɔ ŋu ale gbegbe be wòwu tsɔtsɔ na mía, ele be míado gbe ɖa na Yehowa eye míaka ɖe edzi be akpe ɖe mía ŋu.

18. Nu bubu kae akpe ɖe mía ŋu míagaka ɖe Yehowa dzi geɖe wu?

18 Ne míebɔbɔ mía ɖokui bia Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu eye míelɔ̃ faa mía nɔvi Kristotɔwo hã kpe ɖe mía ŋua, awɔe be míagaka ɖe Yehowa dzi wu tsã. Erika, si si vi etɔ̃ lea yi edzi ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu togbɔ be eto nɔnɔme gbãdzinamewo me hã. Le ɣeyiɣi kpui aɖe ko mea, vi si nɔ dɔ me nɛa ku, eye srɔ̃a lɔlɔ̃a hã ku. Egblɔ tso nu siwo me wòto va yi ŋu be: “Mànya ale si tututu Yehowa akpe ɖe ŋuwò o. Ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le mɔ siwo mèle mɔ kpɔm na o nu. Mekpɔe be Yehowa to nɔviwo ƒe nyawo kple nuwɔnawo dzi ɖo nye gbedodoɖa geɖe ŋu. Ne megblɔ nu si me tom mele na nɔviwoa, enɔa bɔbɔe na wo be woakpe ɖe ŋunye.”

YI EDZI NÀKA ÐE YEHOWA DZI VA SE ÐE NUWUWU

19-20. Nu kae míesrɔ̃ tso Yudatɔ siwo mete ŋu trɔ yi Yerusalem oa gbɔ?

19 Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso Yudatɔ siwo mete ŋu trɔ yi Yerusalem o hã gbɔ. Wo dometɔ aɖewo mete ŋu yi o le tsitsi, lãmegbegblẽ, alo ƒomegbanɔamedziwo ta. Togbɔ be enɔ nenema hãa, wolɔ̃ faa dzɔ nu na ame siwo trɔ yi ale be woatsɔ akpe asi ɖe dɔa ŋu. (Ezra 1:​5, 6) Tso esime ame gbãtɔwo ʋu tso Babilon va ɖo Yerusalem la, ame siwo susɔ ɖe Babilon nɔa lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo ɖom ɖe wo, eye anɔ eme be wokpɔtɔ nɔ esia wɔm ƒe 19 aɖewo megbe gɔ̃ hã.—Zak. 6:10.

20 Ne mímate ŋu awɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me abe ale si míedi ene o hãa, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa dea asixɔxɔ míaƒe agbagbadzedzewo ŋu. Aleke míewɔ nya? Le Zakariya ƒe ŋkekea mea, Yehowa bia tso esi be wòatsɔ sika kple klosalo siwo aboyomeawo ɖo ɖa tso Babilon la awɔ fiakuku. (Zak. 6:11) “Atsyɔ̃fiakuku” sia ana ‘woanɔ ŋku ɖom’ aboyomeawo ƒe lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔawo dzi. (Zak. 6:​14, etenuŋɔŋlɔ) Míawo hã míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Yehowa maŋlɔ agbagba siwo míedzena be míasubɔe le nɔnɔme madeamedziwo mea be gbeɖe o.—Heb. 6:10.

21. Nu kae míawɔ be míayi edzi aka ɖe Yehowa dzi le etsɔme?

21 Míenya be míato nɔnɔme sesẽwo me le ŋkeke mamlɛ siawo me, eye nuwo agagblẽ ɖe edzi gɔ̃ hã le etsɔme. (2 Tim. 3:​1, 13) Gake mele be míatsi dzimaɖi fũu akpa o. Ðo ŋku nya si Yehowa gblɔ na eƒe amewo le Hagai ƒe ŋkekea me dzi. Egblɔ be: “Meli kpli mi . . . Migavɔ̃ o.” (Hag. 2:​4, 5) Ne míawo hã míedzea agbagba ɖe sia ɖe be míawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nua, míate ŋu aka ɖe edzi be anɔ kpli mí. Mina míayi edzi awɔ ɖe nufiame vevi siwo míesrɔ̃ tso Hagai kple Zakariya ƒe nyagblɔɖiwo kpakple Ezra ƒe kpɔɖeŋua mea dzi. Ne míewɔe alea, nɔnɔme sesẽ ka kee ɖava mía dzi o, míayi edzi aka ɖe Yehowa dzi bliboe.

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Aleke nu siwo me tom míele ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe Yehowa subɔsubɔ dzi?

  • Nu ka tae wòle be míalé fɔ ɖe mawusubɔsubɔ ŋu le nɔnɔme madeamedziwo me?

  • Aleke míawɔ ayi edzi aka ɖe Yehowa dzi le xaxaɣiwo?

HADZIDZI 122 Minɔ Te Sesĩe, Maʋamaʋãe!

a Wotrɔ asi le nyati sia ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu míagaka ɖe Yehowa dzi geɖe wu ne ganyawo mede mía dzi o, ʋunyaʋunyawo le edzi yim le míaƒe dukɔa me alo wotsi tre ɖe mía ŋu be míagaɖe gbeƒã o.

b Nya “Aʋakɔwo ƒe Yehowa” dze zi 14 le Hagai ƒe agbalẽa me. Esia ɖo ŋku edzi na Yudatɔwo be ŋusẽ si seɖoƒe meli na o le Yehowa si eye mawudɔlawo ƒe aʋakɔ gã aɖe le eƒe kpɔkplɔ te. Nya sia dea dzi ƒo na míawo hã.—Ps. 103:​20, 21.

c Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

d Esi Ezra nye Mawu ƒe Sea gbugbɔŋlɔla bibi taa, eka ɖe Yehowa ƒe nyagblɔɖiwo hã dzi bliboe hafi va zɔ mɔ yi Yerusalem gɔ̃ hã.—2 Kron. 36:​22, 23; Ezra 7:​6, 9, 10; Yer. 29:14.

e NU SIWO LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Nɔviŋutsu aɖe le mɔ biam le eƒe dɔtɔ gbɔ be wòaɖe mɔ na ye yeayi takpekpe, gake dɔtɔa gbe. Ele gbe dom ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu afia mɔ ye, eyome edzra ɖo ɖe ale si wòagabia mɔ le dɔtɔa gbɔ akea ŋu. Etsɔ takpekpea ƒe amekpegbalẽvi fia dɔtɔa, eye wòle ale si Biblia ƒe mɔfiamewo kpena ɖe mía ŋu míenɔa agbe nyui la me ɖem nɛ. Esia wɔ dɔ ɖe dɔtɔa dzi eye wòɖoe be yeaɖe mɔ na nɔviŋutsua.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe