INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w25 May axa 8-13
  • Ka Ðe Edzi Be Yehowa Afa Akɔ Na Wò

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ka Ðe Edzi Be Yehowa Afa Akɔ Na Wò
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • YEHOWA KPƆA NUBLANUI NA MÍ
  • YEHOWA NAA MƆKPƆKPƆ MÍ
  • YEHOWA KPENA ÐE MÍA ŊU BE MÍAGAVƆ̃ O
  • ‘Yehowa Daa Gbe Le Ame Siwo Ƒe Dzi Gbã Ŋu’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Lɔ̃ Ðe Edzi Ðokuibɔbɔtɔe Be Menye Nu Sia Nue Yeate Ŋu Anya O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Yehowa Megblẽ Mí Ði O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Di Ŋuɖoɖo Na Nyabiase Siawo
    Ƒe 2025-2026 Nutome Sue Takpekpe Si Woawɔ Kple Nutome Sue Dzikpɔla
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
w25 May axa 8-13

NUSƆSRƆ̃NYATI 20

HADZIDZI 7 Yehowa, Míaƒe Ŋusẽ

Ka Ðe Edzi Be Yehowa Afa Akɔ Na Wò

‘Woakafu dɔmetɔtrɔ Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu la.’—2 KOR. 1:3.

TAÐODZINUA

Le nyati sia me la, míakpɔ ale si Yehowa fa akɔ na Yudatɔ aboyomeawo kple nu si míate ŋu asrɔ̃ tso eme.

1. Aleke nuwo nɔ na Yudatɔ aboyomewo le Babilon?

BU ALE si Yudatɔ siwo woɖe aboyo yi Babilon anya se le wo ɖokui me ŋu kpɔ. Wokpɔ eteƒe esi futɔwo tsrɔ̃ wo denyigba keŋkeŋ. Le woawo ŋutɔwo kple wo tɔgbuiwo ƒe nu vɔ̃wo ta la, woɖe aboyo wo yi anyigba didi aɖe dzi. (2 Kron. 36:​15, 16, 20, 21) Ele eme be ablɔɖe aɖe sinu nɔa ame siwo Babilontɔwo ɖe aboyoe la si wowɔa woƒe gbe sia gbe dɔwo faa ya. (Yer. 29:​4-7) Gake agbea menɔ bɔbɔe na wo kura o, eye ɖikeke mele eme o be menye nenemae wodi be nuwo nanɔ na yewo hafi o. Aleke wose le wo ɖokuiwo me? De dzesi nya si aboyomeawo dometɔ ɖeka gblɔ: “Babilon-tɔsisiwo nu, afi mae míebɔbɔ nɔ anyi ɖo. Esi míeɖo ŋku Zion dzi la, míefa avi.” (Ps. 137:1) Aboyomeawo ƒe dzi gbã eye wohiã akɔfafa, gake ame kae afa akɔ na wo?

2-3. (a) Aleke Yehowa kpe ɖe Yudatɔ aboyomewo ŋu? (b) Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

2 Yehowae nye “akɔfafawo katã ƒe Mawu.” (2 Kor. 1:3) Elɔ̃ eƒe amewo eye wòdi be yeafa akɔ na wo. Yehowa nya be aboyomeawo dometɔ aɖewo asrɔ̃ nu tso nu si dzɔ ɖe wo dzi la me eye woagatrɔ ɖe ye ŋu. (Yes. 59:20) Ƒe 100 kple edzivɔ do ŋgɔ na woƒe aboyomeyiyi la, Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila Yesaya wòŋlɔ Biblia-gbalẽ si nye Yesaya. Ðe susu ka ta? Yesaya ɖe eme be: “Mia Mawu la be: ‘Mifa akɔ, mifa akɔ na nye dukɔ.’” (Yes. 40:1) Ɛ̃, Yehowa to nyagblɔɖilaa ƒe nuŋlɔɖia dzi fa akɔ na Yudatɔ aboyomeawo.

3 Abe Yudatɔ aboyomeawo ene la, míawo hã míehiã akɔfafa ɣeaɖewoɣi. Le nyati sia me la, míadzro mɔ etɔ̃ siwo dzi Yehowa to fa akɔ na aboyomeawo me: (1) Edo ŋugbe be yeatsɔ ake ame siwo trɔ dzi me, (2) ena mɔkpɔkpɔ eƒe amewo, eye (3) ekpe ɖe wo ŋu be woagavɔ̃ o. Ne míele nya siawo me dzrom la, de dzesi ale si Yehowa ƒe akɔfanyawo ɖea vi na míawo hã egbea.

YEHOWA KPƆA NUBLANUI NA MÍ

4. Aleke Yehowa ɖee fia be yenye Mawu si kpɔa nublanui? (Yesaya 55:7)

4 Yehowae nye “dɔmetɔtrɔ Fofo.” (2 Kor. 1:3) Esi Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu ta la, edo ŋugbe be yeatsɔ ake aboyome siwo trɔ dzi me. (Xlẽ Yesaya 55:7.) Egblɔ be: “Matsɔ lɔlɔ̃ si nu metsina o la akpɔ nublanui na wò.” (Yes. 54:8) Aleke Yehowa kpɔ nublanui na woe? Togbɔ be Yudatɔwo kpe fu ɖe woƒe nuwɔnawo ta hã la, Yehowa do ŋugbe be womanɔ Babilon ɖaa tegbee o. Woanɔ aboyo me va se ɖe ɣeyiɣi aɖe ko. (Yes. 40:2) Aleke gbegbee nya siawo anya fa akɔ na wo dometɔ siwo trɔ dzi mee nye esi!

5. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe Yehowa ƒe tsɔtsɔke dzi geɖe wu Yudatɔ aboyomeawo?

5 Nu kae míesrɔ̃? Yehowa lɔ̃na faa be yeatsɔ ye subɔlawo ƒe nu vɔ̃wo ake wo keŋkeŋ. Míate ŋu aka ɖe Yehowa ƒe tsɔtsɔke dzi wu Yudatɔ aboyomeawo gɔ̃ hã. Elabe míenya nu si gbegbe Yehowa wɔ be yeatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí. Ƒe alafa geɖe le Yesaya ƒe nyagblɔɖia megbe la, Yehowa dɔ Via malɔ̃nugbɔa ɖo ɖe anyigba dzi be wòava xe tafe ɖe nu vɔ̃ wɔla siwo katã trɔ dzi me la ta. Tafevɔsa ma dzie Yehowa nɔa te ɖo ‘tutua míaƒe nu vɔ̃wo ɖa’ keŋkeŋ. (Dɔw. 3:19; Yes. 1:18; Ef. 1:7) Mawu nublanuikpɔla ka gbegbee nye esi!

6. Nu ka tae wònyo be míaƒe susu nanɔ Yehowa ƒe tsɔtsɔke ŋu? (Kpɔ fotoa hã.)

6 Yehowa ƒe nya siwo dze le Yesaya 55:7 ate ŋu afa akɔ na mí ne míele fɔ bum mía ɖokui ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta. Ate ŋu adzɔ be mía dometɔ aɖewo ayi edzi anɔ fɔ bum mía ɖokui togbɔ be míetrɔ dzi me gɔ̃ hã, vevietɔ ne míekpɔtɔ le fu kpem le nu si míewɔ la ta. Gake ne míeʋu míaƒe nu vɔ̃wo me eye míewɔ tɔtrɔ siwo hiã la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa tsɔe ke mí. Elabe ne Yehowa tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí la, megaɖoa ŋku wo dzi azɔ o. (Tsɔe sɔ kple Yeremiya 31:34.) Eya ta ne Yehowa ƒe susu meganɔa nu vɔ̃ siwo míewɔ va yi ŋu o la, ke ele be míawo hã míaɖe susu ɖa le wo ŋu. Nu si wɔm míele fifiae le vevie na Yehowa, ke menye vodada siwo míewɔ va yi o. (Eze. 33:​14-16) Eye madidi o, dɔmetɔtrɔ Fofo la aɖe fu siwo katã kpem míele le míaƒe vodadawo ta ɖa keŋkeŋ.

Nɔviŋutsu aɖe le zɔzɔm kakaɖedzitɔe. Fotoawo: Foto siwo ɖe vovototo si le nu siwo wòwɔ va yi kple nu siwo wɔm wòle fifia dome la fia. Vodada siwo wòwɔ va yi: 1. Eƒo ŋutasẽnuwɔwɔ ƒe videowo. 2. Eno ahatsu kple atama. 3. Ekpɔ nu siwo mesɔ o le eƒe kɔmpiuta dzi. Nu siwo wɔm wòle fifia: 1. Ele Fiaɖuƒe Akpata me dzram ɖo. 2. Ele dze ɖom kple nɔvinyɔnu tsitsi aɖe. 3. Ele gbeƒã ɖem nya nyuia.

Nu siwo wɔm míele fifia ye le vevie na Yehowa, ke menye vodada siwo míewɔ va yi o (Kpɔ memama 6)


7. Ne míewɔ nu vɔ̃ gã aɖe tsɔ ɣla la, nu kae aʋã mí be míabia kpekpeɖeŋu?

7 Nu kae míawɔ ne míaƒe dzitsinya le fɔ bum mí ɖe nu vɔ̃ gã aɖe si míewɔ va yi tsɔ ɣla ta? Biblia de dzi ƒo na mí be míabia hamemetsitsiwo ƒe kpekpeɖeŋu. (Yak. 5:​14, 15) Egbɔgblɔ manɔ bɔbɔe na mí ya o. Gake ne míetrɔ dzi me eye míeɖo ŋku edzi be Yehowa kple hamemetsitsiawo lɔ̃ mí eye wodi be yewoakpɔ nublanui na mí la, esia aʋã mí be míate ɖe wo ŋu faa. Bu ale si Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ ɖe vi na nɔviŋutsu Arthur,a si ƒe dzitsinya nɔ fɔ bumee vevie la ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Mekpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo abe ƒe ɖeka ene. Gake esi mese nuƒo aɖe si ku ɖe dzitsinya ŋu la, eʋãm meʋu nye nu vɔ̃a me na srɔ̃nye kple hamemetsitsiawo. Le ema megbe la, nye dzitsinya meganɔ fɔ bumem o, gake nu si mewɔ la na mekpɔtɔ lé blanui. Hamemetsitsiawo ɖo ŋku edzi nam be Yehowa megbem o; eɖɔa mí ɖo le esi wòlɔ̃ mí ta. Woƒe akɔfanyawo wɔ dɔ ɖe dzinye eye wòkpe ɖe ŋunye mebu nuwo ŋu nyuie.” Egbea, Arthur zu mɔɖela kple subɔsubɔdɔwɔla. Efaa akɔ na mí ŋutɔ be Yehowa kpɔa nublanui na mí ne míetrɔ dzi me!

YEHOWA NAA MƆKPƆKPƆ MÍ

8. (a) Mɔkpɔkpɔ kae Yehowa na aboyomeawo? (b) Le Yesaya 40:​29-31 ƒe nya nu la, aleke mɔkpɔkpɔ aɖe vi na Yudatɔ aboyome siwo trɔ dzi me?

8 Le amegbetɔwo ƒe nukpɔkpɔ nu la, edze abe evɔ na Yudatɔ aboyomeawo ene. Elabe wonya Babilon Fiaɖuƒea nyuie be meɖea asi le eƒe aboyomewo ŋu gbeɖe o. (Yes. 14:17) Gake Yehowa na mɔkpɔkpɔ eƒe amewo. Edo ŋugbe be yeana ablɔɖe wo, eye naneke mate ŋu axe mɔ nɛ o. (Yes. 44:26; 55:12) Le Yehowa gbɔ la, Babilontɔwo le ko abe ʋuʋudedi ene. (Yes. 40:15) Ne eɖo ƒuƒu ɖe wo vie ko la, ɖeko woabu keŋkeŋ. Aleke mɔkpɔkpɔ si Yehowa na Yudatɔ aboyomeawo aɖe vi na woe? Afa akɔ na wo ŋutɔ. Gake menye ema ɖeɖe ko o. Yesaya gblɔ be: “Ŋusẽ yeye aɖo ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa . . . ŋu.” (Xlẽ Yesaya 40:​29-31.) Ɛ̃, mɔkpɔkpɔ ade dzo wo me eye “woadzo ayi dzi abe hɔ̃ ene.”

9. Susu kawo tae aboyomeawo ate ŋu aka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi?

9 Yehowa na aboyomeawo kpɔe be woate ŋu aka ɖe yeƒe ŋugbedodowo dzi. Aleke wòwɔe? Ena nya siwo wògblɔ ɖi la va eme. Le kpɔɖeŋu me, Asiria ɖu Israel-to ewo fiaɖuƒea dzi eye wòɖe aboyo wo. (Yes. 8:4) Wokpɔ eteƒe esi Babilontɔwo tsrɔ̃ Yerusalem eye wokplɔ emenɔlawo yi aboyo mee. (Yes. 39:​5-7) Woƒe agbenɔɣie Babilon-fia gbã ŋku na Fia Zedekiya eye wòkplɔe yi Babilon. (Yer. 39:7; Eze. 12:​12, 13) Nya sia nya si Yehowa gblɔ la va eme. (Yes. 42:9; 46:10) Esiawo katã anya do ŋusẽ woƒe xɔse be ŋugbe siwo Yehowa do be yeaɖe wo la ava eme godoo!

10. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míaƒe mɔkpɔkpɔa me nasẽ le ŋkeke mamlɛ siawo me?

10 Nu kae míesrɔ̃? Ne nu te ɖe mía dzi la, míaƒe mɔkpɔkpɔ ate ŋu afa akɔ na mí eye wòana ŋusẽ nagaɖo mía ŋu. Míele ɣeyiɣi sesẽwo me eye futɔ siwo tsi tre ɖe mía ŋu hã sẽ ŋu ale gbegbe. Gake mele be esia naɖe dzi le mía ƒo o. Elabe Yehowa na mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe mí be míava nɔ agbe tegbee le ŋutifafa kple dedienɔnɔ vavãtɔ me. Ele be míaƒe susu kple dzi nanɔ mɔkpɔkpɔ ma ŋu ɣeawokataɣi. Ne menye nenema o la, míaƒe mɔkpɔkpɔa ava nɔ abe ame aɖe si le tsitre ɖe ahuhɔ̃efesre to le teƒe dzeani aɖe kpɔm ɖaa, gake wòle ekpɔm flukpee le esi ahuhɔ̃ea ƒo ɖi ŋutɔ ta. Ke aleke míate ŋu atutu ahuhɔ̃efesre sia ale be míaƒe mɔkpɔkpɔa nadze na mí nyuie wu? Ele be míadi ɣeyiɣi anɔ ŋugble dem le ale si agbea anɔ le xexe yeyea me ŋu. Míate ŋu axlẽ nyatiwo, akpɔ videowo, alo ase míaƒe ha siwo ku ɖe míaƒe mɔkpɔkpɔa ŋu. Eye míate ŋu ado gbe ɖa na Yehowa tso ŋugbedodo siwo míele mɔ kpɔm na vevie be woava eme la ŋu.

11. Nu kae kpena ɖe nɔvinyɔnu aɖe si dze dɔ vevie la ŋu be ŋusẽ gaɖoa eŋu?

11 Bu nɔvinyɔnu Joy, si dze dɔ vevie ŋu kpɔ. Míaƒe mɔkpɔkpɔa faa akɔ nɛ hedoa ŋusẽe. Egblɔ be: “Ne nuwo wu tsɔtsɔ nam la, megblɔa nye dzimenyawo na Yehowa, elabe menyae be esea nu gɔme nam. Yehowa ɖo nye gbedodoɖawo ŋu nam eye wòna ‘ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu’ lam.” (2 Kor. 4:7) Azɔ hã, nɔvinyɔnu Joy kpɔa eɖokui le xexe yeyea me. Le afi ma la, “dua me tɔ aɖeke magblɔ be, ‘Mele dɔ lém’ o.” (Yes. 33:24) Ne míawo hã míegblɔa míaƒe dzimenyawo na Yehowa eye míaƒe susu nɔa mɔkpɔkpɔa ŋu la, ŋusẽ agaɖo mía ŋu.

12. Susu kawo tae míate ŋu aka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi? (Kpɔ fotoa hã.)

12 Yehowa na susu geɖe siwo ta míate ŋu aka ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi la mí, abe ale si wòwɔe na aboyomeawo ene. Bu eƒe nyagblɔɖi siwo le eme vam egbea ŋu kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, míekpɔe be xexemefiaɖuƒe si li fifia ‘ƒe akpa aɖe sesẽ eye eƒe akpa aɖewo mesesẽ o.’ (Dan. 2:​42, 43) Biblia gblɔ be “anyigba aʋuʋu le teƒeteƒewo,” eye míele wo ŋu nyawo sem. Azɔ hã míele gbeƒã ɖem “na dukɔwo katã.” (Mat. 24:​7, 14) Nyagblɔɖi siawo kple bubu geɖe doa ŋusẽ míaƒe xɔse be Yehowa ƒe ŋugbedodo fakɔnameawo katã ava eme godoo.

Nɔvinyɔnu aɖe le ŋugble dem le Biblia me nyagblɔɖi aɖe si wòxlẽ la ŋu. Foto vovovoawo: 1. Atsu kple asi aɖe le tsitre ɖe ɖaseɖikekevi gbɔ eye wole dze ɖom kple ŋutsu aɖe. 2. Vifofo aɖe kple via le nu siwo dzɔdzɔmefɔku aɖe gblẽ la kpɔm. 3. Kpe gã aɖe va gbã legba si Nebukadnezar kpɔ le drɔ̃e me la ƒe afɔwo abe ale si woƒo nu tso eŋu le Daniel ta 2 lia ene. 4. Amewo le dzidzɔ kpɔm le paradiso me le anyigba dzi.

Nyagblɔɖi siwo míekpɔ wole eme vam egbea na míeka ɖe edzi be ŋugbe nyui siwo katã Yehowa do la ava eme (Kpɔ memama 12)


YEHOWA KPENA ÐE MÍA ŊU BE MÍAGAVƆ̃ O

13. (a) Kuxi kawoe Yudatɔwo ado goe ne ɣeyiɣia de be woana ablɔɖe wo? (b) Abe ale si wòdze le Yesaya 41:​10-13 ene la, aleke Yehowa fa akɔ na Yudatɔ aboyomeawo?

13 Togbɔ be Yehowa na mɔkpɔkpɔ wɔnuku sia aboyomeawo tsɔ fa akɔ na wo hã la, enya be yeƒe amewo ado go kuxiwo ne ɣeyiɣia de be woana ablɔɖe wo. Yehowa gblɔe ɖi be le Yudatɔwo ƒe aboyomenɔnɔ ƒe nuwuwu lɔƒo la, aʋafia aɖe atsrɔ̃ dukɔ siwo ƒo xlã Babilon eye wòadze Babilon ŋutɔ hã dzi. (Yes. 41:​2-5) Ðe wòle be esia nana Yudatɔwo navɔ̃a? Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔa do ŋgɔ be: “Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò. Mègatsi dzi o, elabena nyee nye wò Mawu.” (Xlẽ Yesaya 41:​10-13.) Esi Yehowa gblɔ be “nyee nye wò Mawu” la, nu kae esia fia? Menye ɖe wònɔ ŋku ɖom edzi na Yudatɔwo be woasubɔ ye o; wonya ema ya xoxo. Ke boŋ ɖe wònɔ ŋku ɖom edzi na wo be yeli be yeakpe ɖe wo ŋu.—Ps. 118:6.

14. Nu bubu kae Yehowa wɔ tsɔ kpe ɖe aboyomeawo ŋu be woagavɔ̃ o?

14 Nu bubu si Yehowa wɔ be dzi naɖo Yudatɔwo ƒoe nye be eɖo ŋku eƒe nunya kple ŋusẽ triakɔa dzi na wo. Ebia tso wo si be woafɔ mo dzi ne woakpɔ ɣletiviwo ɖa. Yehowa gblɔ na wo be menye ɖe yewɔ ɣletivi gbogbo mawo ko evɔ o, ke yenya wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ŋkɔ hã. (Yes. 40:​25-28) Ke ɖe manɔ bɔbɔe nɛ wu be wòanya esubɔlawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ŋkɔ oa? Ne ŋusẽ le Yehowa si wòwɔ ɣletivi gbogbo mawo la, ke ŋusẽ le esi hã be wòakpe ɖe eƒe amewo ŋu. Ɛ̃, susu aɖeke meli si tae wòle be Yudatɔ aboyomeawo navɔ̃ alo atsi dzimaɖi o.

15. Aleke Mawu dzra Yudatɔ aboyomeawo ɖo do ŋgɔ?

15 Yehowa dzra eƒe amewo ɖo hã do ŋgɔ ɖe nu siwo ava dzɔ ŋu. Egblɔ na wo le Yesaya ƒe agbalẽa me be: “Yi ɖe wò xɔgãwo me, eye nàtu ʋɔ ɖe ɖokuiwò nu. Ɣla ɖokuiwò vie va se ɖe esime dziku la nu nava yi.” (Yes. 26:20) Anɔ eme be Yudatɔwo wɔ ɖe nya siawo dzi esime Fia Kores dze Babilontɔwo dzi. Blema Hela ŋutinyaŋlɔla aɖe gblɔ be esi Kores ge ɖe Babilon dua me la, “eɖe gbe [na eƒe asrafowo] be woawu ame sia ame si wokpɔ le gota.” Bu ale si gbegbe vɔvɔ̃ anya ɖo ame siwo nɔ Babilon la ŋu kpɔ! Gake anɔ eme be esi Yudatɔ aboyomeawo wɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi tae wotsi agbe ɖo.

16. Nu ka tae mele be míatsi dzimaɖi fũu akpa ɖe etsɔme ŋu o? (Kpɔ fotoa hã.)

16 Nu kae míesrɔ̃? Madidi o, xaxa gã si tɔgbi medzɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me kpɔ o ava mía dzi. Ne edze egɔme la, amewo atɔtɔ eye vɔvɔ̃ aɖo wo. Gake Yehowa ƒe amewo ya aɖe dzi ɖi elabena míenya be Yehowae nye míaƒe Mawu. Míadzɔ kã elabena ‘míaƒe ɖeɖe gogo.’ (Luka 21:28) Ne dukɔwo ƒe ƒuƒoƒo dze mía dzi gɔ̃ hã la, míanɔ te sesĩe. Yehowa ana eƒe dɔlawo nakpɔ mía ta eye wòana mɔfiame siwo ana míatsi agbe la mí. Mɔ ka dzi wòato ana mɔfiame mawo mí? Ðeko míalala akpɔe ɖa. Gake anɔ eme be hameawo dzie wòato afia mɔ mí. Le mɔ aɖe nu la, hamea ate ŋu anɔ abe míaƒe “xɔ gãwo me” ene, afi si míanɔ dedie le. Aleke míawɔ adzra ɖo ɖe nu siwo ava dzɔ la ŋu? Ele be míanɔ mía nɔviwo ŋu kplikplikpli, alɔ̃ faa awɔ ɖe teokrasimɔfiamewo dzi, eye míaka ɖe edzi be Yehowae le mɔ fiam eƒe habɔbɔa.—Heb. 10:​24, 25; 13:17.

Le xaxa gãa me la, nɔvi aɖewo ƒo ƒu le xɔ aɖe me le Biblia xlẽm ɖekae le zã me. Nɔviŋutsu ɖeka he woƒe susu yi ɣletia ƒe keklẽ dzi eye wo katã wole ekpɔm to fesre nu.

Ne míede ŋugble le ŋusẽ kple ŋutete si le Yehowa si be wòaɖe mí ŋu la, mahiã be míatsi dzimaɖi fũu akpa ɖe nu si adzɔ le xaxa gãa me ŋu o (Kpɔ memama 16)b


17. Nu ka tae nàte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa afa akɔ na wò?

17 Togbɔ be Yudatɔ aboyomeawo to nɔnɔme sesẽwo me hã la, Yehowa fa akɔ na wo. Awɔe na míawo hã nenema ke. Eya ta nu ka kee ɖadzɔ le etsɔme o, yi edzi nàka ɖe edzi be Yehowa afa akɔ na wò. Ɛ̃, ka ɖe Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ geɖe la dzi. Yi edzi nàna wò mɔkpɔkpɔa me nasẽ. Ðo ŋku edzi be esi Yehowa nye wò Mawu ta la, naneke meli si ta nàvɔ̃ ɖo o.

ALEKE MAWUNYAKPUKPUI SIAWO FAA AKƆ NA WÒE?

  • Yesaya 55:7

  • Yesaya 40:​29-31

  • Yesaya 41:​10-13

HADZIDZI 3 Wòe Nye Míaƒe Ŋusẽ Kple Míaƒe Mɔkpɔkpɔ

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

b NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔvi ʋɛ aɖewo ƒo ƒu ɖekae. Woka ɖe edzi be ŋusẽ kple ŋutete le Yehowa si be wòakpɔ eƒe amewo ta le xexea ƒe afi sia afi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe