Sɔhɛwo Biana Be . . .
Nukatae Woléa Ŋku Ðe Nye Gbɔgbɔɣi Ŋu Alea Gbegbe?
LEN lɔ̃a gbɔdome nɔnɔ kple exɔlɔ̃wo vaseɖe zãtsiƒe. Gake eteƒe medidi hafi fofoa va nya be Len ƒe zã me nɔnɔ nye nu gbegblẽ o. Len gblɔ be: “Gbeɖeka meɖo kuxi sesẽ aɖe me ale gbegbe be womeɖe mɔ nam be mado le nye xɔme o kwasiɖa eve sɔŋ—negbe ɖeko mado aɖaɖu nu alo ayi suku. Womakpɔm gɔ̃ hã manɔ fesre nu anɔ xexe kpɔm o! Esi nye tohehea wu enu la, mía kple xɔ̃nye aɖewo míedo go eye míenɔ gbɔdome vaseɖe zãtsiƒe. Esi menɔ ʋu me ɖo míaƒe aƒememɔ nu la, mekpɔ fofonye wòbɔbɔ nɔ xɔxɔnu nɔ lalayem. . . ”
Ekua dzi na sɔhɛ geɖe be yewo dzilawo kpɔa ŋusẽ ɖe yewoƒe dodo kple gbɔgbɔ dzi. Nyɔnuvi aɖe gblɔ be: “Esi menye ƒewuivi la, dzinyelawo dze egɔme nɔ se ƒomeviwo katã dem nam ku ɖe nye gbɔgbɔ va aƒeme le zãtsiƒe ŋu. Ekua dzi nam ŋutɔ.” Ne sɔhɛ mawo ɖe woƒe dziku fia to aglãdzedze me la, nusi dona tsoa eme zi geɖee nye alesi wogaxea mɔ ɖe nu geɖe ŋu na wo, ke menye ablɔɖe geɖe wu o.
Le agɔdzedze suewo me la, to si woahe na wò koe nye woana nàgbɔ kaba wu. Le agɔdzedze gãwo gome la, woaxɔ mɔnukpɔkpɔ aɖewo le sɔhɛa si alo woaxe mɔ ɖe eƒe gododo nu vaseɖe ɣeaɖeɣi. Nyɔnuvi ƒewuivi aɖe ɖe nu me be: “Ne ègbɔ va aƒeme zãtsiƒe le Memleɖagbe la, womana nado go kura le Memleɖagbe si kplɔe ɖo o. Azɔ hã ‘woasika wò ɖe teƒe ɖeka’: ame aɖeke mava srã wo akpɔ o, màƒo nu kple ame aɖeke le telefon dzi o, màkpɔ television hã o.” Gake le sɔhɛ aɖewo gome la, tohehe si se wu ɖesiaɖee nye alesi woaka mo na woe. Ŋutsuvi ƒewuivi aɖe do ɣli gblɔ be: “Hũ, metɔtɔ le ɖokuinye me ŋutɔ! Wonɔa alesi gbegbe wotsi dzimaɖi le ŋunye la gblɔm. Metɔtɔ le ɖokuinye me ŋutɔ.”
Gake ɖe menye nyateƒe be dziwòlawo lɔ̃ wò eye woawo sie gome le be woabia tso asiwò be nàgbɔ va aƒeme ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi oa? Eye ne mele gbɔgbɔm o la, woatsi dzimaɖi, woatsi dzodzodzoe, ɖewohĩ womate ŋu adɔ alɔ̃ gɔ̃ hã o. Le nyateƒe me la, sɔhɛ si lɔ̃ edzilawo hetsɔa ɖe le eme na wo vavã la mana edzilawo natsi dzimaɖi madzemadzee alea o. Ðe manye ɖokuitɔdidi si gbɔ eme oa?
Gake sɔhɛ aɖewo sena le wo ɖokui me be yewo dzilawo dea se geɖe siwo mesɔ o alo wogbɔ eme akpa la na yewo. Fred si xɔ ƒe 18 la he nya be: “Wole nu wɔm abe aɖaʋatɔwo ene, wole didim be yewoawɔ nu ɖe ŋunye abe ƒe wuiatɔ̃-vi menye ene. Ðeko megbea nusi fofonye gblɔ la wɔwɔ eye wòzua ʋiʋli sesẽ ɖoa mía kplii dome.” Gake mɔ nyui li siwo dzi nàto awɔ nu kple dziwòlawo tsɔ wu be nàtsi tre ɖe wo ŋu.
Enyoa alo Menyo O?
Gbã la, aleke tututue se siwo wodena na wò la menyoe o? Abe alesi nyati aɖe si do ŋgɔ ɖee fia ene la, ɖewohĩ susu nyuiwo le dziwòlawo si siwo tae woavɔ ɖe wo dedienɔnɔ kple nyonyo ta ɖo.a Ðe hawòti sɔhɛ Kristotɔ bubuwo hã mele se mawo tɔgbe te oa? Ne wole se mawo te la, ekema susu ɖɔʋu ka tae nàtɔ gbe dziwòlawo ƒe nyametsotso ɖo?
Sɔhɛ Len, si míeyɔ le nyati sia ƒe gɔmedzedze la mese egɔme be ye fofo tsɔ ɖe le yeƒe nyonyo me o. Àɖo ŋku edzi be eda le ɣeyiɣi si woɖo nɛ la dzi, eye wòkpɔ be ye fofo nɔ ye lalam le xɔxɔnu. Aleke Len kpɔ nya la gbɔe? Eɖe tomaɖomaɖo geɖe boŋ fia. “Esi ʋua yina míaƒe aƒea me la, mebɔbɔ ɖe ʋua ƒe zikpuia te kpoo ale be Fofonye mete ŋu kpɔm o, eye megblɔ na xɔ̃nyea be neho ʋua míadzo. Metso nya me be madzo le aƒea me.” Len dzo le aƒeme vavã ɖanɔ ha dem kple gbevũvi siwo kplɔe de agbegbegblẽnɔnɔ, ʋufifi, kple atike muamewo nono me. Mlɔeba la wova dee mɔ̃. Nya gãe wònye dzɔ nenema gbegbea? Ðewohĩ nya gãe. Gake eɖe Lododowo 1:32 ƒe nyateƒenyenye lia be: “Elabena gegemewo ƒe godzedze wua woawo ŋutɔwo.”
Sɔhɛ aɖewo matsi tre ɖe ɣeyiɣi si woɖona na wo ƒe nya la ŋu o, gake ekua dzi na wo be ablɔɖe geɖe wu le yewo nɔviwo si wu yewo. Sɔhɛ si ŋkɔe nye Patti he nya be: “Fonye Mark nɔa gbɔdome vaseɖe zãtsiƒe alesi wòdi, gake womehea nya ɖe eŋu o, Gake ne nye ya metsi megbe aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo ko la, ekema womegaɖea mɔ nam ɣebubuɣi o! Menyo o.” Ele bɔbɔe be woakpɔ nusitae nɔnɔme ma aku dzi na ame adze sii. Gake hafi nàgblɔ be “menyo o!” la, de ŋugble le Biblia me gɔmeɖose siwo wogblɔ ɖe Galatiatɔwo 6:4, 5 me ŋu be: Ke amesiame nado ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ akpɔ, ekema akpɔ nu aƒo adegbe le ye ŋutɔ ɖokui ɖeɖeko me, eye menye le ame bubu me o. Elabena amesiame atsɔ ye ŋutɔ ƒe agba.”
Èle vovo. Eye alesi mɔnukpɔkpɔ aɖewo le nɔviwò tsitsiwo si mefia kokoko be woanɔ wò hã asiwò o. Anɔ eme be eva hiã be nɔviwò tsitsia naɖe alesi woate ŋu aka ɖe edzii la afia ɣeyiɣi aɖe. Ele be wò hã naɖee afia. Hekpe ɖe eŋu la, ne dziwòla tsɔ wò sɔ kple fowò alo dawò la, mekua dzi na wò oa? Nukatae wò ŋutɔ nawɔ nu ma ke eye natsɔ mɔnukpɔkpɔ vovovo siwo le mia si la anɔ sɔsɔm? Ðk. Louis Fine gblɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye “After All We’ve Done for Them” me be: “Zi geɖe la, dzilawo wɔa nu ɖe wo viwo ŋu hehea to na wo vovoe tso wo nɔewo gbɔ. Esia ate ŋu anye esi wokpɔa wo viwo be wole vovovo eye woƒe nuhiahiãwo kple ŋutetewo hã to vovo tso wo nɔewo tɔ gbɔ eye wòle be woabu wo be wonye ame vovovowo tae.”
Gake ɣeaɖewoɣi la, sɔhɛwo sena le wo ɖokui me be wole to hem na yewo ɖe yewo nɔvi tsitsi ƒe vodadawo ta. “Le esi nɔvinyenyɔnu tsitsi tsɔ ʋua do goe eye wòtsi gbɔme vaseɖe zãtsiƒe ta la, ena wote fli ɖe nye hã nye gbɔme nɔnɔ vaseɖe zã me la me. Womena mɔnukpɔkpɔm gɔ̃ hã be woatsɔ anya ne nye hã matsi zã me nenema o!” Gake nɔnɔme sia manye nu manyomanyo abe alesi wòadze ene o. Dziwòlawo tsi henya nu wu fowò alo dawò esime wonyi wo. Esi womedi be yewoagawɔ vodada siwo yewowɔ va yi o ta la, ɖewohĩ womana mɔ wò abe woawo ene o.
Gake nukatae woahe to na wò le esi nètsi megbe vie hafi va aƒeme ta? Ðikeke aɖeke mele eme o be ame sikasika ɖi mevivia ame nu o. Eyata àbu tame zi eve tso wò magbɔmagbɔ kaba ake ŋu. Sɔhɛ Marcus gblɔ be: “Wohe to nam zi geɖe . . . Ne womehe to na wò o la, màsrɔ̃ naneke o.” Abe alesi Biblia gblɔ ene la, “amesi dzraa amehehe ɖo la, ele agbemɔ dzi.”—Lododowo 10:17.
Dzila Siwo Tsia Dzimaɖi Akpa
Nyateƒee, edzena ɣeaɖewoɣi be tohehea gbɔ “vo si woda” la ŋu. Ðewohĩ dzilawo atsi dzimaɖi vie eye ɖewohĩ nusiwo wobiana la nakɔkɔ akpa. Gake dzeɖoɖo nyui xea mɔ na kuxiwo ƒe mododoɖa. Ne dziwòlawo nya afisi nèyina, nusi wɔƒee nèyina, amesi gbɔ nèyina, kple ɣeyiɣi si me nagbɔ la, ɖewohĩ anɔ bɔbɔe na wo be yewoana ablɔɖe geɖe wu wò. Ne edze abe nusiwo wobia la kɔkɔ akpa ene la, dze agbagba nàte ɖe wo ŋu ‘le ɣeyiɣi nyuitɔ’ dzi—ɖewohĩ ne woɖe dzi ɖi eye woƒe dzi dze eme. (Lododowo 25:11) Lɔ̃ ɖe woƒe vɔvɔ̃wo kple dzimaɖitsitsiwo dzi. Ka ɖe alesi nèlɔ̃ woe kple alesi nèdi be yeawɔ nu aduadu kpli wo la dzi. Kpe ɖe wo ŋu woakpɔe adze sii be ablɔɖe geɖe wu kpɔkpɔ nye ame tsitsi zuzu ƒe akpa aɖe.
Nyɔnuvi ƒewuivi aɖe gblɔ be: “Ele be nàgblɔ nɔnɔmea tututu hã na wo. Ne ègblɔ nusitae màte ŋu agbɔ va aƒeme kaba le ɣeyiɣi aɖe dzi o na wo la, zi geɖe la wosea egɔme.” Ne èdzroa nya la me kpli wo abe ame tsitsi ene la, ekema àɖee afia dziwòlawo be ewɔa nu le nunya me—be yenye amesi dzi woate ŋu aka ɖo, Ne ɖikekewo gakpɔtɔ le dziwòlawo me kokoko la, ɖewohĩ àte ŋu agblɔ na wo be woana yeawɔe akpɔ.
Ke ne wona mɔ wò ɖe? Ekema ‘na wò Ẽ nanye Ẽ,’ eye nàgbɔ va aƒeme ɖe game dzi! (Mateo 5:37) Nyateƒee, ɖoɖo nyui siwo wowɔ la me ate ŋu agblẽ. (Tsɔe sɔ kple Yakobo 4:13, 14.) Nu kpata alo tɔtrɔ kpata aɖe ate ŋu agblẽ ɖoɖowo me. Ne edzɔ alea la, ƒo ka ɖo ɖe aƒeme ne àte ŋui, eye nàna dziwòlawo nanya nusi le dzɔdzɔm. Ƒewuivi aɖe gblɔ be: “Ne danye nya afisi meyi eye wònya be mele mɔ dzi gbɔna ko la, eɖea dzi ɖi.”
Nu nyui siwo nèwɔ va yi ƒe nuŋlɔɖi si li hã nye nu vevi bubu. Lododowo 20:11 gblɔ be: “Ŋutsuvi ƒe nɔnɔme wotsɔna dzea sii be, eƒe nuwɔwɔ adza, eye wòato mɔ ɖeka loo.” Ne eɖoa toɖoɖo kple agbe dzɔdzɔe nɔnɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui Ia, ekema dziwòlawo manyrã ne etsi megbe vie hafi gbɔ va aƒeme o. Gake togbɔ be Yesu ɖo agbenɔnɔ deblibo ƒe kpɔɖeŋu hã la, edzilawo ‘tsi dzimaɖi le susu me’ si wokpɔ be mele yewo dome o. (Luka 2:48) Eyata megawɔ mo yaa na wò ne dziwòlawo tsi dzimaɖi—ne wotsi dzimaɖi vevie ale gbegbe be womeɖe mɔ na wò be naɖe nusitae netsi megbe la me—o!
Lododowo 29:11 gblɔ be: “Bometsila dudua eƒe dɔmedzoe katã kɔna ɖi; ke nunyala fa enu emegbe.” Na woƒe dziku nu nafa. Ne woƒe nyahehea nu fa vie la, ɖe eme na wo. Gake ‘to nyateƒe.’ (Efesotɔwo 4:25) Mègatsɔ nusiwo mate ŋu anye nyateƒe o do taflatsee o; ɖeko ema wɔwɔ afia be womate ŋu aka ɖe dziwò o. Ne èwɔ nu ɖekematsɔlemetɔe alo nèŋlɔ be la, tsɔ anukwareɖiɖi ɖe kukui na wo eye nalɔ̃ faa be woahe to na ye. Ðewohĩ esia ana dziwòlawo nakpɔe be mehiã be yewoayi nyahehe la dzi o. Gake woase le wo ɖokui me be anyo be yewoagaxe mɔ na wò le nanewo me, eye ɖeko wòahiã be nàwɔ nusi ana woagaxɔ dziwò ase.
Ɣeyiɣi si woagbɔ va aƒeme ɖoɖo na ame mavivi ame nu o, gake menye ŋutasesẽ kple tohehe si mesɔe wonye o. Lɔ̃ nàxɔ wo kpoo. Ne èwɔa ɖeka kple dziwòlawo eye meɖua aglãdzedzegbɔgbɔ fiana o la, ekema ɖewohĩ woatso nya me gɔ̃ hã be yewoawɔ nu le tufafa me kpli wò wu ahana ablɔɖe geɖe wu wò.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ nyati si nye “Young People Ask . . . Why Do I Have to Come Home So Early” le May 8, 1992 ƒe Awake! Me
[Nɔnɔmetata si le axa 20]
Tsitre tsitsi ɖe dziwòlawo ŋu ana woagaxɔ ablɔɖe geɖe wu le asiwò