INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g95 1/8 axa 20-22
  • Nukata Wòle Be Maɖo To Dzinyelawo?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukata Wòle Be Maɖo To Dzinyelawo?
  • Nyɔ!—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusita Wodzea Aglã Ðo
  • Nusita Aglãdzedze Nye Bometsitsi
  • Nu Gbogbo si “Ablɔɖe” Gblẽna le Ame Ŋu
  • Nukatae Woléa Ŋku Ðe Nye Gbɔgbɔɣi Ŋu Alea Gbegbe?
    Nyɔ!—1992
  • Sɔhɛwo, Mizɔ Alesi Dze Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Nyɔ!—1995
g95 1/8 axa 20-22

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Nukata Wòle Be Maɖo To Dzinyelawo?

DZILA siwo nye Mawuvɔ̃lawoe nyi Stan. Gake esi wòxɔ ƒe 16 la, edze aglã. Stan ɖe eme be: “Medi be made ha kple ame geɖe eye woalɔ̃ nye nya. Medi be nusianu si le ame bubuwo si nasu nye hã asinye.” Nusi Stan ɖo be yeawɔ be yeaɖo taɖodzinu siawo gbɔe nye be yeazu atikevɔ̃ɖisitsala. Edze ƒã be ele be wòaka aʋatso le nusiwo wòwɔna kple ga si wòtsɔna vaa aƒeme ŋu. Stan gblɔ be: “Nye dzitsinya ku.”

Wona nyɔnyrɔ̃ John wòzu Kristotɔ esi wòxɔ ƒe 11. Elɔ̃ ɖe edzi be: “Gake nyateƒea menɔ nye dzi me ŋutɔŋutɔ o. Esi míaƒe ƒomea di be maxɔe tae mexɔe ɖo. Esi meɖo suku kɔkɔ la, nye agbenɔnɔ nɔ gasɔ dom. Hadzidzi siwo woƒona sesĩe hã kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe dzinye. Meva nɔ atsiaƒu lem eye mezãa ɣeyiɣi geɖe le ƒuta kple sɔhɛ siwo menɔa agbe ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu o. Wozãa atike vɔ̃ɖi geɖe le afima.” Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi wòdzo le edzilawo ƒeme eye wòva dze agbenɔnɔ si tsi tre ɖe nusiwo katã wofiae la ŋu nɔnɔ gɔme o.

Nusita Wodzea Aglã Ðo

Enye nusi le dzɔdzɔme nu be sɔhɛwo nadze agbagba akpɔ be afikae yewoate ŋu awɔ nuwo asee hã ale be ɖokuisinɔnɔ nasu yewo si vaseɖe afi aɖe. Gake aglãdzenuwo, nuwɔna kple agbenɔnɔ siwo tso eme, kple nusiwo nye ameɖokuiwunuwo wɔwɔ ya nye nya bubu kura. Nuka gbɔe wòtsona? Nusiwo gbɔ wòtsona la sɔ gbɔ eye wole vovovo. John ɖe nu me be: “Ne ènye sɔhɛ la, àdi be yease vivi. Àdi be yeakpɔ dzidzɔ.” Gake esi sɔhɛwo mekpɔ nuteƒe le agbe me o ta la, menye ɣesiaɣie wote ŋu wɔa nyametsotso nyuiwo o. (Hebritɔwo 5:14) Eyata dzila siwo tsɔ ɖe le wo viwo me dea se aɖewo siwo me nunya le na wo​—⁠sɔhɛwo medina mɔxeɖenu siawo kurakura o.

Nublanuitɔe la, sɔhɛ aɖewo gbe hehe si wo dzila siwo vɔ̃a Mawu na wo la gɔ̃ hã. (Efesotɔwo 6:​1-⁠4) Yesu gblɔ be agbemɔ si le ‘bii eye wòxaxa’ ye Kristotɔnyenye anye. (Mateo 7:​13, 14) Eyata zi geɖe la, Kristotɔ sɔhɛwo mate ŋu awɔ nusiwo woƒe sukuhatiwo wɔna o. Wo dometɔ akpa gãtɔ xɔa mɔxenu siawo elabena wonya be Mawu ƒe sewo menye agba kpekpe o. (Yohanes I, 5:⁠3) Le nyateƒe me la, se siawo kpɔa sɔhɛwo ta tso kuxiwo abe gbɔmeyafufɔfɔ, atikevɔ̃ɖizazã, kple nulɔdɔwo xɔxɔ ene si me. (Korintotɔwo I, 6:​9, 10) Gake sɔhɛ aɖewo melɔ̃na be yewoxɔ nuwo alea o; woƒe susue nye be Biblia ƒe sewo xaxa yewo ɖo.

Ne ewɔna na sɔhɛ aɖe be ye dzilawo ƒe nya dzi sẽ akpa le tohehe, fefewo, modzakaɖeɖe kple esiawo tɔgbe me la, dziku sesẽ aɖe ɖoa wo me. Ðetugbivi aɖe fa konyi be: “Ewɔ nam be mía dzilawo ƒe asi sẽ ɖe mía dzi akpa.” Nyateƒee, ate ɖe dziwò ne womeɖea mɔ na wò be nàwɔ nusi ŋu dzila bubu siwo nye Kristotɔwo ɖea mɔ le o. (Kolosetɔwo 3:21) Sɔhɛ aɖewo gbea toɖoɖo tsɔ ɖenɛ fiana be ete ɖe yewo dzi.

Gake sɔhɛ aɖewo hã dzea go le esi wo dzilawo medea bubu aɖeke Mawu ƒe gɔmeɖosewo ŋu o ta. John gblɔ be: “Papa nye ahanomunɔtɔ. Eƒe ahatsunono nye dzre na wo kple Dada. Míeʋu zi geɖe bene míadzo le egbɔ.” Edze kɔte be ahanomunɔtɔwo kple numãme bubuwo zãlawo mate ŋu akpɔ wo viwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ wòade edeƒe o. Le aƒe mawo me la, wodzua ɖeviwo alo daa wo ɖe anyi gbesiagbe.

Sɔhɛ bubuwo dzea aglã le esi wo dzilawo gblẽ wo ɖi alo womegatsɔ ɖeke le eme na wo o ta. Aglãdzedze awɔ abe nusi ana wo dzilawo ƒe susu natrɔ ɖe wo ŋu​—⁠alo be wòave wo ene. Ðetugbivi aɖe si ŋkɔe nye Taylor si tso kesinɔtɔwo ƒe ƒome aɖe me gblɔ be: “Nyemate ŋu aɖo ŋku ɣeyiɣi si dzinyelawo nɔ aƒeme kpɔ dzi o. Nya lae nye be, nye koe nye vi akogo na wo, eye esi dzinyelawo menɔa aƒeme kurakura o ta la, wogblẽa ga gbogbo aɖe ɖi nam.” Esi Taylor mele ame aɖeke ƒe dzikpɔkpɔ te o ta la, eva nɔ ahanoƒewo yim va nɔ aha mum. Esi wova lée be emu aha tsɔ nɔ ʋu kumee hafi edzilawo nya be nane nɔ dzɔdzɔm ɖe edzi.

Gakpe ɖe eŋu la, nɔnɔme aɖe li si dzi apostolo Paulo tɔ asii esi wòbia Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe be: “Mieƒu du nyuie! Amekae xe mɔ na mi be, miagaɖo to nyateƒe la oa?” (Galatiatɔwo 5:⁠7) Zi geɖe la, hadede vɔ̃woe nyea kuxia. (Korintotɔwo I, 15:33) Ƒewuivi aɖe si ŋkɔe nye Elizabeth gblɔ be: “Mía kple zɔhɛ gbegblẽwo míeva nɔ ha dem.” Elɔ̃ ɖe edzi be le ye hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ta la, ‘yedze atama yɔyɔ kple atike vɔ̃ɖi bubuwo zazã gɔme.’ Egblɔ kpee be: “Matrewɔwɔ zu nusi míewɔna gbesiagbe.”

Nusita Aglãdzedze Nye Bometsitsi

Ðewohĩ èkpɔe be ye hã yele nɔnɔme si ɖea dzi le ame ƒo​—⁠alo si nye ameteteɖeanyi me. Awɔ na wò be yeadze aglã ɖe ye dzilawo ŋu awɔ nusi dze ye ŋu. Gake abe alesi woxlɔ̃ nu ame dzɔdzɔe Hiob ene la, “dɔmedzoe megaflu wò nayi [dzikunu] wɔ ge o, . . . Kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie! Megatrɔ ɖe yakanu ŋu o.”​—Hiob 36:18-21.

Dzikunu siwo tso eme wɔwɔ ate ŋu ana dziwòlawo natso ɖe ŋuwò ya, gake manye ɖe nyui dzi o. Ne woawɔ nane la, ɖewohĩ ɖe woagaxe mɔ ɖe nuwò wu boŋ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nusi ave ame wɔwɔ anye vevesese gã aɖe na dziwòlawo. (Lododowo 10:⁠1) Ðe ema nye ame lɔlɔ̃a? Ðe wòana nuwo naka ɖe emea? Nusi me nunya le wu enye be nàlé nyawo kpli wo kpɔ ne èkpɔ be wodze agɔ ye le dzi ŋutɔŋutɔ.a Ðewohĩ woalɔ̃ awɔ tɔtrɔ aɖewo le alesi wowɔa nu ɖe ŋuwòe me.

Nu bubu si ŋu wòle be nàgabue nye alesi wò nuwɔnawo awɔ na Mawu. Àbia be, ‘Awɔ nane na Mawua?’ Ẽ, elabena aglãdzedze ɖe dziwòlawo ŋu sɔ kple aglãdzedze ɖe Mawu ŋu esi wònye eyae de se na wò be nàbu dziwòlawo ta. (Efesotɔwo 6:⁠2) Aleke amema­bumabu sia naa Mawu sena le eɖokui me? Biblia gblɔ le Israel-dukɔa ŋu be: “Zi nenie womehe dze aglã ɖe eŋu le gbeadzi.” Nukae do tso eme? “[Wodo] dziku [na Mawu] le gbedadaƒo!” (Psalmo 78:40) Ele eme baa be àdo dziku ɖe dziwòlawo ŋu kple susu be woxea mɔ ɖe ame nu akpa ya. Gake ɖe nèdi ­ŋutɔŋutɔ be yeado vevesese na Yehowa Mawu​—⁠amesi lɔ̃a wò eye wòdi be nànɔ agbe mavɔ​—⁠la ƒe dzia?​—⁠Yohanes 17:⁠3; Timoteo I, 2:⁠4.

Nu Gbogbo si “Ablɔɖe” Gblẽna le Ame Ŋu

Eyata susu nyui tae wòle be míaɖo to mía Fofo lɔlɔ̃ si le dziƒo ɖo. Mègana alakpaŋugbedodo siwo wobe ana nànɔ “ablɔɖe” me nable wò o. (Tsɔe sɔ kple Petro II, 2:19.) Awɔ abe ɖe sɔhɛ aɖewo mexɔa woƒe nugbegblẽwɔwɔ ŋuti tohehe o ene. Gake hakpala la xlɔ̃ nu be: “Dzi megaku wò le nu vlo wɔlawo ŋu o, eye megaʋã ŋu ɖe amesiwo [wɔa] nu tovo la ŋu o! Elabena woasi wo xoxoxo abe gbe ene, eye woayrɔ abe aŋgba ene.” (Psalmo 37:​1, 2) Nu geɖe gblẽna le sɔhɛ siwo dzea aglã ɖe nusi woawo ŋutɔ yɔna be ablɔɖe ta la ŋu. Biblia gblɔ le Galatiatɔwo 6:7 be: “Migable mia ɖokui o; Mawu menana woɖoa hehe ɖe eta o! Elabena nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe.”

Bu Stan si ŋkɔ míeyɔ le nyatia ƒe gɔmedzedze ŋu kpɔ. Abe alesi wònɔ mɔ kpɔm nɛ ene la, eƒe nu va nyo exɔlɔ̃ gbegblẽawo ŋu. Egblɔ be: “Mese le ɖokuinye me be woxɔm.” Gake meɖo afi aɖeke hafi nuwo dze gbegblẽ gɔme o. Egblɔ be: “Woda tum, wolém, eye fifia meyina ɖe gaxɔ me. Eye nya si mate ŋu abia ɖokuinye koe be, ‘Vi kae wòɖe nam?’”

Ke “ablɔɖe” si dim John nɔ ya ɖe? Esi wolée be atike vɔ̃ɖiwo le esi ta la, woɖee le Kristo-hamea me. Le esia megbe la, eƒe agbe gavloe ɖe edzi kura. John ʋu eme be: “Mefia ʋu be makpɔ ga. Mewɔa ŋutasesẽnuwo ŋutɔ.” John kpɔ ga geɖe tso eƒe hlɔ̃nuawo me. Gake egblɔ be: “Ðeko meɖu wo katã nyamanyama. Ne wogblɔ atike vɔ̃ɖi siwo gbegbe míezãna la na wò la, màxɔe ase o.” Eye ne John mele avu wɔm, alo le fi fim, alo memu aha o hã la, esina le kpovitɔwo nu. “Zi gbɔ zi 50 sɔŋ ye wolém. Zi geɖe la, woƒe nutsotso aɖeke mete ŋu léam o, gake le ɖeka me ya menɔ xɔ ƒe ɖeka blibo.” Ẽ, le esi John nazu ablɔɖeme teƒe la, ekpɔ be yenyrɔ̃ ɖe ‘Satana ƒe nu goglowo’ ƒe ba me boŋ.—Nyaɖeɖefia 2:⁠24.

Míate ŋu agblɔ nya ma ke le Elizabeth hã ŋu. Eƒe agbeɖuɖu vivivo kple exɔlɔ̃ xexemetɔwo kplɔe yi gamee. Eʋu eme be: “Mefɔ fu gɔ̃ hã—eye le atike vɔ̃ɖi siwo mezãna ta ƒoa gblẽ. Atikevɔ̃ɖizazã koe nye dɔ nam—ewɔ abe ɣebubuɣi si wòagade dzo menye koe menɔa mɔ kpɔm na ene. Mlɔeba wova nyãm le aƒe si me menɔ me. Nyemate ŋu atrɔ ayi aƒeme o, eye ele ŋu kpem nam be mabia be Yehowa nakpe ɖe ŋunye gɔ̃ hã.”

Míate ŋu agblɔ sɔhɛ siwo gbe wɔwɔ ɖe Mawu ƒe gɔmeɖosewo dzi eye nublanuinuwo koe dzɔ ɖe wo dzi la ƒe kpɔɖeŋu siawo tɔgbe geɖe. Biblia xlɔ̃ nu be: “Ame aɖewo ƒe mɔ dzɔ le wo ŋku me; ke eƒe nuwuwu enye ku ƒe mɔ.” (Lododowo 14:12) Eyata nunyanu si wòle be nàwɔe nye be nàdze agbagba mia kple dziwòlawo dome nanɔ nyuie, dzro nya me kpli wo le mɔxenu ɖesiaɖe si nèsusu be mesɔ o la ŋu​—⁠wu be nàdze aglã ɖe wo ŋu.

Ke sɔhɛ siwo nyatakaka sia do megbe na akpa, sɔhɛ siwo kpɔ be yewonyrɔ̃ yewo ɖokui ɖe agbenɔnɔ gbegblẽ me xoxo ya ɖe? Ðe mɔ aɖe li si nu woato adzra wo kple wo dzilawo—kpakple Mawu—dome ɖoa? Míaƒe nyati si anɔ tata aɖe me adzro biabia siawo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Wota nyati siawo tɔgbe geɖe siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Le kpɔɖeŋu me, kpɔ “Sɔhɛwo Biana Be . . .” nyati siwo dze le míaƒe January 8, 1985, August 8, 1992, kple November 8, 1992, Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe tatawo me.

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Aglãdzedze ɖe dziwòlawo ŋu ana nàkpɔ “ablɔɖe” geɖe wu, gake èbu emetsonuwo ŋu kpɔa?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe