Àte Ŋu Aƒo Nu le Amehawo Ŋkume!
MARIE tsɔ nukokoedoname ɖo ŋku zi gbãtɔ si wòdze agbagba be yeaƒo nu le ameha gbogbo aɖewo ŋkume dzi. Egblɔ be: “Le nye nuƒoƒoa ƒe ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, gbafa ƒom!
Togbɔ be Marie ƒe nuteƒekpɔkpɔa mebɔ o hã la, eɖe alesi ame geɖe melɔ̃a nuƒoƒo le amehawo ŋkume o la fia. Ame aɖewo bunɛ be enye nusi vɔ̃ɖi wu ku! Esia dze le nya si wobia ame geɖe be, “Nukae nèvɔ̃na wu?” la me. Abe alesi wonɔ mɔ kpɔmee ene la,wokpɔ ame gbogbo siwo gblɔ be “nu kɔkɔwo,” “gakuxiwo,” “yameʋuɖoɖo” “ dɔléle sesẽ,” kple “ku” ye yewovɔ̃na. Gake esi ƒo wo katã ta—esi nye vɔvɔ̃ si ƒo ɖesiaɖe ta—lae nye “nuƒoƒo le amehawo ŋkume”!
Ame xɔŋkɔ siwo woyɔ le Biblia me gɔ̃ hã vɔ̃ nuƒoƒo le amehawo ŋkume zi gbãtɔ.Yeremya gblɔ be: “Nyemate ŋu aƒo nu o,elabena nyemetsi o.” (Yeremya 1:6) Alesi Mose wɔ nu ɖe dɔ si wode esi ŋu enye be: ‘Nyemenya nuƒoƒo o,Taflatse,di ame aɖe dɔ boŋ.’(Mose II, 4:10,13) Gake Yeremya kple Mose wova zu nuƒola bibiwo eye woƒo nu le dziɖula xɔŋkɔwo kple ameha gbogbowo ŋkume.
Ate ŋu ava eme na wò hã nenema. Nuƒoƒo le amehawo ŋkume nye ŋutete si mesua ame si kaba o si amesiame ate ŋu atu ɖo. Àte ŋu aɖu vɔvɔ̃ na nuƒoƒo le amehawo ŋkume dzi ne èwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna dzi:
1. Mègabu Nuwɔna Aɖeke ɖe Ðokuiwò Ŋu o
“Ðe mekpea ŋu ŋutɔ.” “Nyemetsi o.” “Metsi akpa.” “Ðe nu wɔa dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.” Esiawoe nye nusiwo wobuna ɖe ame ɖokui ŋu ƒe kpɔɖeŋu aɖewo. Woxea mɔ na wò be mèɖoa taɖodzinu siwo gbɔ nàte ŋu aɖo bɔbɔe la gbɔ o.
Zi geɖe la, nusiwo wobuna ɖe ame ɖokui ŋu nye nusiwo vaa eme ɖe ame dzi. Le kpɔɖeŋu me, amesi bua eɖokui be yenye “ŋukpela”ayi edzi anɔ asa ƒom na mɔnukpɔkpɔ siwo akpe ɖe eŋu wòaɖu ŋukpekpe dzi la. Nɔnɔme sia hã nana wòxɔnɛ sena be ŋu kpea ye vavã. Wotoa esia dzi ɖoa nɔnɔme si me wowɔa nu ɖo la anyi eye wodoa ŋusẽ nusi wobuna ɖe ame eɖokui ŋu la. Susuŋutinunyala aɖe gblɔ be: “Ne èxɔe se be yemate ŋu awɔ nane o la, . . . àwɔ nu nenema eye nànɔ nenema ha.”
Ðk. Lynne Kelly si le Hartford (U.S.A.) ƒe Yunivɛsiti gblɔ be ŋukpekpe ate ŋu anye nusi wosrɔ̃. Nusi míesrɔ̃na la, míate ŋu aɖe asi le eŋu. Míate ŋu awɔ nenema ke le ɖe si míetsɔna le mía ɖokui me fũ, nuƒoƒo le amehawo ŋkume vɔvɔ̃ kple nu bubu siwo xea mɔ na nuƒoƒo le dutoƒo gome hã.
2. Na Vɔvɔ̃ Nakpe ɖe nuwò
Wobia nyɔnu fefewɔla aɖe si wɔ fefe ɣeyiɣi didi aɖe be le eƒe nuteƒekpɔkpɔ ƒe geɖe megbe la, ɖe wògavɔ̃na do ŋgɔ na fefewɔwɔ hã. Egblɔ be: “Ẽ, megavɔ̃na kokoko do ŋgɔ na fefe ɖesiaɖe wɔwɔ. Gake le ƒe geɖe siwo va yi me la, medze agbagba srɔ̃ edzi ɖuɖu.”
Eyata taɖodzinua enye be woaɖu vɔvɔ̃ dzi, ke menye be woaɖee ɖa keŋkeŋ o. Nukatae? Elabena menye vɔvɔ̃ ɖesiaɖee gblẽ o. Vɔvɔ̃ ƒomevi evee li. Wo dometɔ ɖeka tsoa dzadzraɖo mawɔmawɔ gbɔ. Gake evelia nye dzimaɖitsitsi si nyo. Vɔvɔ̃ sia ƒomevi nyo na wò elabena aʋã wò nàwɔ nusi nàte ŋui. Ðeko vɔvɔ̃ sia ɖenɛ fiana be etsɔ ɖe le eme. Be nàɖe wo vɔvɔ̃ dzi akpɔtɔ la, wɔ aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna ŋudɔ kpɔ:
Bu wò nuƒoa be enye dzeɖoɖo,ke menye nuƒoƒo o. Charles Osgood si si nuteƒekpɔkpɔ geɖe le gblɔ be: “Nuƒoƒo dzro koe wònye eye àƒoe abe alesi nèƒoa nui ɣesiaɣi ene.” Le ye katã me la, nyaselae nye amesi nèle dze ɖom kplii. Asɔ ɣeaɖewoɣi be nàɖe dzi ɖi ahako nu. Zi alesi wò nuƒoƒoa ɖi dzeɖoɖoe la, zi nenemae nàɖe dzi ɖie. Gake ɣeyiɣi aɖewo li siwo me nyatia kple wɔna si wònye la abia be moveviɖoɖo kple agbe nanɔ wò nuƒoƒo me wu.
Ðo ŋku edzi be wò akpa dzie nyaselawo Ie! Ne èɖe vɔvɔ̃ fia gɔ̃ hã la, nyasela akpa gãtɔ ase egɔme na wò. Eyata bu nyaselawo be wonye ye xɔlɔ̃wo. Wodi be nàkpɔ dzidzedze! Bu wo wò ame kpekpewoe eye nàbu wò ŋutɔ ɖokuiwò amekpelae. Le esi teƒe be nànɔ bubum be nyaselawo nana dzidzeme ye la, gblɔe na ɖokuiwò be esi wònye yee nye amekpela ta la, yee ana woaɖe dzi ɖi. Nu ŋu bubu alea ana nàɖe wò vɔvɔ̃ dzi akpɔtɔ.
Wo susu nenɔ wò nya ŋu, ke menye ɖokuiwò ŋu o. Bu ɖokuiwò be ame dɔdɔ si le telegram gblɔm koe yenye. Womeléa ŋku ɖe dɔla ŋu tututu o; telegram dim wole woaxɔ. Nenema ke wòle ne èle nu ƒom na nyaselawo. Wò gbedasia ŋu koŋ ye woƒe susu le, ke menye ŋuwò o. Zi alesi nètsɔ dzo ɖe wò gbedasia ŋui la, wò susu manɔ ɖokuiwò ŋu boo o.
Mègaɖu nu fũ do ŋgɔ o. Ŋutsu aɖe si tsɔ nuƒoƒo wɔ eƒe dɔe ɖo ŋku nutsu si wòɖu do ŋgɔ na eƒe gaƒoƒo eve nuƒo la dzi. Egblɔ le eƒe nuƒoa ŋu be: “Ʋu si wòle be woanɔ nye ahɔhɔ̃ me hafi la va nɔ nye dɔgbo me nɔ avu wɔm kple lã kpakple yevuteewo.” Nu ɖuɖu fũ ate ŋu anye futɔ si agblẽ nu le ŋuwò ne èdo ɖe amehawo ŋku me be yeaƒo nu. Lé ŋku ɖe wò nunono hã ŋu. Caƒƒeine ana nànɔ vɔvɔ̃m. [nervous] Aha sesẽ ana wò susu nanɔ dɔ̃.
Ànɔ vɔvɔ̃m vevie ɣesiaɣi ne èdze nuƒoƒo le amehawo ŋkume gɔme. Gake ne nuteƒekpɔkpɔ va su asiwò la, àkpɔe be vɔvɔ̃ gbãtɔ sia menye naneke tsɔ wu—gɔmedzedze ƒe vɔvɔ̃ si nu yina le wò nuƒoƒo gɔme dzedze megbe kpuie o.
3. Dzra Ðo!
Dale Carnegie gblɔ be: “Nuƒoƒo nye ƒudzimɔzɔzɔ si ŋu taɖodzinu le eye ele be woata mɔ nɛ. Ne amea meɖo taɖodzinu aɖeke na nuƒoa o la, meɖoa taɖodzinu aɖeke gbɔ o.” Be nàɖo taɖodzinu aɖe gbɔ la, ele be nàdzra ɖo nyuie. Nu kpoloe ƒoƒo ƒe ŋutete si anɔ asiwò maɖe vi aɖeke na wò nyaselawo o. Eyata aleke nàdzra ɖoe?
Ku nu me eye nàtia nyawo me. Mègaku nu me dzradzradzra o. Kadodowo ŋuti nunyala John Wolfe gblɔ be: “Mɔ ɖeka si dzi nàto aɖe dzi ɖi le wò nyaselawo ŋkumee nye be nànya nya si gblɔm nèle.” Nya wò nya la nyuie. Tia nya geɖe siwo sɔ gbɔ wu esi nàte ŋu azã la. Emegbe nàtia wò nyawo me eye nàɖe esiwo mazã o le esiwo nazã la me. Nya siwo mazã o gɔ̃ hã mazu vlo o—ana dzideƒo geɖe wò le nya siwo nèzãna la me.
Bu tame. ‘Ðu wò nya la, tsɔe mlɔe anyii eye nàde ŋugble le eŋu.’ Dzro eme le wò susu me le ŋkekea ƒe ɣeyiɣi siwo katã me vovo meli o me. Dale Carnegie gblɔ be: “Bu tame le eŋu ŋkeke adre; ku drɔ̃e zã adre.” Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Timoteo be: “Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia dzi nyuie.” Gake hafi Paulo nagblɔ nya sia la, exlɔ̃ nu be: ‘De ŋugble le nusiawo ŋu,nɔ nusiawo dzi.’ Ẽ, nuƒola nyuie nye amesi dea ŋugble nyuie gbã.—Timoteo I, 4: 15, 16.
De ŋugble le wò nyaa ŋu vaseɖe esime eƒe vevienyenye kple alesi wòhiã kpatae naɖu wò vɔvɔ̃ dzi. Esiae kpe ɖe Yeremya ŋu be wògblɔ le eƒe gbedasia ŋu be: “Enɔa nye dzi me abe dzobibi nue wotu nu ɖo ɖe nye ƒuwo me ene, etsɔtsɔ tia kɔ nam, eye wògloam.” (Yeremya 20:9) Eye amesi gblɔ le eƒe dɔdasia ŋu gbã be: ‘Nyemenya nuƒoƒo o’ la kee gblɔ nya sia.
Bu wò nyaselawo ŋu. Do wò awu nyuitɔ kekeake. Hekpe ɖe eŋu la, ele be wò nyati si me nèku la nasɔ na wò nyaselawo. Eyata bu alesi wobua tamee la ŋu: Nukawo dzie woxɔ se? Nukae wonya le wò nyaa ŋu xoxo? Aleke wò nyatia sɔ na woƒe gbesiagbegbenɔnɔe? Zi geɖe alesi nèbua nyabiabia siawo ŋui la, zi nenemae wò nyaselawo aɖo to wò nyawo nyuie eye woabui be esɔ na yewoƒe nuhiahiã aɖewo koŋ.
Agbagba Dzedze Vevie
Kadodo kpata ƒe mɔnu ɖesiaɖe si va susu me na ame la le egbexexea me. Agbalẽ si nye Get to the Point la gblɔ be: “Zi geɖe la, kadodomɔnu si ɖea vi wu enye esi nɔa ame kple ame dome.” Ele be aɖaŋu siwo míeɖo ɖe etame la nakpe ɖe ŋuwo nanya kadodo ma nyuie. Le esi teƒe be nàtsɔ vɔvɔ̃ si medze o anɔ hehem ɖe megbee la, àkpɔe be yeate ŋu aƒo nu le amehawo ŋkume!
[Aɖaka si le axa 17]
Nuwɔna Siwo Ana Nàɖu Vɔvɔ̃ Dzi
Ne nɔnɔmewo ɖe mɔ la, nuwɔna siwo gbɔna ate ŋu aɖe wò vɔvɔ̃ dzi akpɔtɔ hafi nàdo ɖe amehawo ŋkume.
Tro wò asibidewo, ʋuʋu wo alɔnu kple abɔ. Kɔ wò abɔta dzi eye nagaɖiɖi wo ɖe anyi. Wɔe zi geɖe.
Bi wò ta ɖe ŋgɔ eye nànɔ enyèm.
Nyè wò glã.
Ke nu baa.
Ðe gbe me vie eye nàna wòade dzi.
Gbɔ fuu eye nagbɔ vie enuenu.
[Aɖaka si le axa 18]
Alesi Nàna Wò Nuƒoa Nanyo Wui
Wò gbe nesɔ ɖe nyaselawo ƒe agbɔsɔsɔ nu: Ne nyaselawo sɔ gbɔ la, ahiã be wò gbe nade dzi. Wò ŋutinuwo wɔwɔ ɖe nya dzi nedze nyuie, eye wò gbe nede dzi.
Agbe nenɔ wò nuƒoƒo me. Tsɔe be yele haƒonu si si gbeɖiɖi ɖeka ko le la ƒom! Wò haƒonue nye wò gbe. Ne wò nuƒoa nye gbe ɖeka ko—gbe ɖeka ŋugbe—la, ana wò nyaa nati wò nyaselawo.
Lé ŋku ɖe alesi nètsia tree ŋu. Bibi ɖe ŋgɔ kple megbe fia be metsɔ ɖeke le eme o. Ne èle ɖokuiwò sesĩe kpaɖii akpa la, afia be etsi dzi. Dze agbagba nada asɔ—ɖe dzi ɖi, eye nanɔ ŋudzɔ, gake mègaɖe ɖekematsɔleme fia alo atsi dzi o.
Asiwɔwɔ ɖe nya dzi. Menye be nàtsɔ ate gbe ɖe nya dzi ko o. Asiwɔwɔ ɖe nya dzi nana lãmekawo ɖina ɖe eme eye wòna wogbɔna nyuie, ana wò gbe maƒo o, eye wòaɖe vɔvɔ̃ dzi akpɔtɔ.
Do nusi sɔ. Nya gblɔm nèle, ke menye wò nudodo fiam nèle o. Ðeko alesi wo nyaselawo bua wò dzedzemee le vevie, eye mele vevie wu alesi wò ŋutɔ nèbunɛ o.
Wò ŋku nenɔ wò nyaselawo dzi. Ne èda bɔl ɖo ɖe age me la, èkpɔna be wolée hã. Wò nuƒoa me nya ɖesiaɖe le abe ‘bɔl ye nèda’ ɖo ɖe wò nyaselawo ene. ‘Eléle’ fia alesi wowɔ nu ɖe eŋui—woƒe talɔlɔ̃, nukoko, kple to léle ɖe nya ŋu vevie. Wò ŋku nenɔ wò nyaselawo dzi nyuie natsɔ aka ɖe edzi be wole wò nyawo ‘gɔme sem’ hã.