NUSƆSRƆ̃ 13
Ameawo Ŋkume Kpɔkpɔ
MÍAƑE ŋkuwo ɖea míaƒe nɔnɔmewo kple seselelãmewo fiana. Woate ŋu akpɔe le ŋku dzi na ame be nane wɔ nuku nɛ alo do vɔvɔ̃ nɛ. Ŋkuwo ate ŋu aɖe veveseseɖeamenu alo lɔlɔ̃ afia. Ɣeaɖewoɣi woate ŋu aɖee afia be ɖikeke le ame me alo be elé blanui. Ŋutsu tsitsi aɖe gblɔ le woƒe dukɔmevi siwo kpe fu ŋutɔ ŋu be: “Míaƒe ŋkuwo ɖea nya si le mía si gblɔna.”
Amewo ate ŋu anɔ te ɖe afisi míetrɔ ŋku ɖo dzi abu susu aɖe ɖe mía ŋutɔwo kple nya si gblɔm míele ŋu. Le teƒe geɖe la, amewo kana ɖe amesi kpɔa woƒe ŋkume xɔlɔ̃wɔwɔtɔe dzi. Gake womekana ɖe edzi be amesi ƒe ŋku le anyigba alo le nu bubu aɖe kpɔm esime wòle nu ƒom na ame be ele nyateƒe tom alo be enya nusi gblɔm wòle o. Le teƒe bubu aɖewo la, wobua ŋku fɔfɔ ɖe ame dzi gãa be enye amemabumabu, gedidi, alo ɖikeke kple ame. Ele alea vevietɔ ne ŋutsu le nu ƒom na nyɔnu alo nyɔnu le nu ƒom na ŋutsu, alo ne wole nu ƒom na fia alo bubume aɖe. Eye le teƒe aɖewo hã ne ɖevi le nu ƒom na ame tsitsi eye wòle eƒe ŋkume kpɔm gãa la, woabui be mebua ame o.
Gake le teƒe siwo wobui be naneke megblẽ le eŋu o la, ne wole ame ŋkume kpɔm hafi gblɔ nya vevi aɖe nɛ la, enaa amea hã tsɔa nyaa nya vevii. Woate ŋu akpɔe be nuƒolaa ka ɖe nya si gblɔm wòle dzi. De dzesi alesi Yesu wɔ nui esime nya aɖe wɔ nuku na eƒe nusrɔ̃lawo eye wobia be: “Ameka gɔ̃e ate ŋu akpɔ ɖeɖe mahã?” Biblia ka nya ta be: ‘Eye Yesu kpɔ woƒe ŋkume dũ gblɔ na wo bena: Amegbetɔwo gbɔ la womate ŋu awɔ esia o; ke Mawu gbɔ la woate ŋu awɔ nusianu.’ (Mat. 19:25, 26) Ŋɔŋlɔawo ɖee fia hã be apostolo Paulo léa ŋku ɖe alesi eƒe nyaselawo wɔa nui ŋu. Ɣeaɖeɣi ŋutsu aɖe si nye tekunɔ tso esime wodzii ke la nɔ amesiwo Paulo nɔ nu ƒom na dome. Dɔwɔwɔwo 14:9, 10 (NW) gblɔ be: “Ŋutsu sia nɔ to ɖom Paulo ƒe nuƒo, amesi kpɔ eƒe ŋkume tututu, eye esi wòkpɔ bena xɔse le esi be woayɔ dɔe la, egblɔ nɛ kple gbe sesẽ bena: ‘Tsi tre, nàdzɔ ɖe wò afɔwo dzi.’”
Aɖaŋuɖoɖowo na Gbeadzisubɔsubɔdɔa. Ne èle gbeadzi la, ɖe xɔlɔ̃wɔwɔ kple vividodoɖeameŋu fia ne èyi amewo gbɔ. Le afisiwo wòasɔ le la, zã biabia siwo naa wobua tame nàtsɔ adze dzeɖoɖowo gɔmee le nusi ŋu ame geɖe tsi dzi ɖo ŋu. Le esia wɔwɔ me la, dze agbagba mia kplii ƒe ŋku nado go—alo dze agbagba nàkpɔ eŋkume le bubu kple le dɔmekɔkɔ ɖe ame ŋu mɔ nu ya teti. Amesi ƒe ŋkuwo ɖee fia be dzi le edzɔm le ememe la ƒe alɔgbɔnukoko vividoɖeameŋutɔe naa amewo tena ɖe eŋu. Esia ate ŋu ana amea nanya amesi ƒomevi nènye eye wòana wòaɖe dzi ɖi le dzeɖoɖo kpli wò me.
Le afisi wòasɔ le la, nusi amewo ƒe mo ƒe dzedzeme ɖe fia ate ŋu ana nànya nusi wòle be nàwɔ le nɔnɔme aɖe me. Ne amea do dziku alo ne metsɔ ɖeke le nyaa me o la, àte ŋu akpɔe dze sii. Ne mele nyaa gɔme sem na wò o la, àkpɔe. Ne amea tsi dzi la, àte ŋu anya. Ne etsɔ ɖe le nyaa me vevie hã adze kɔte. Nusi eƒe mo aɖe fia ana nànya be ehiã be nàgbɔ dzi ɖi loo alo nàƒo nu kabakaba, be nàdze agbagba ana wòakpɔ gome le dzeɖoɖoa me, nàtɔ dzeɖoɖoa ɖe afima, alo ɖewohĩ be nàyi edzi aɖe alesi míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃e la afiae.
Eɖanye ɖase ɖim na amewo nèle loo aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm nèle o, dze agbagba nàkpɔ amesi nèle nu ƒom na ŋkume le mɔ si aɖe bubu afia nu. Ke hã mègafɔ ŋku ɖe amea dzi nànɔ mo kpɔm nɛ gãa o, elabena ate ŋu aɖia ame nu. (Fia. II, 8:11) Gake kpɔ amewo ŋkume edziedzi xɔlɔ̃wɔwɔtɔe le mɔ si sɔ nu. Le teƒe geɖe la, esia afia be nètsɔ ɖe le eme na amea. Enye nyateƒe be ne èle Biblia alo agbalẽ bubu aɖe xlẽm la, wò ŋku anɔ agbalẽa dzi ya. Gake ne èdi be yeate gbe ɖe nya aɖe dzi la, àte ŋu akpɔ amewo ŋkume tẽ, togbɔ be madidi fũ o hã. Ne èfɔa ta kpɔa amewo edziedzi la, ana nàkpɔ alesi wole wɔwɔm ɖe nya si xlẽm nèle ŋu.
Ne ŋukpe na wòsesẽ na wò gbã be nàkpɔ amewo ŋkume la, mègana ta o. Ne èsrɔ̃e la, àte ŋu anɔ amewo ŋkume kpɔm alesi dze bɔbɔe, eye esia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàte ŋu aɖe wò susuwo agblɔ woase eme nyuie.
Ne Èle Dutoƒonuƒo Ƒom. Biblia gblɔ na mí be hafi Yesu nadze eƒe Todzimawunya la gbɔgblɔ gɔme la, ‘efɔ mo dzi kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo ŋkume.’ (Luka 6:20) Srɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu sia. Hafi nàƒo nu na amehawo la, dze ŋgɔ wo eye gbɔ dzi ɖi sɛkɛnd ʋɛ aɖewo hafi nàdze nuƒoƒo gɔme. Le teƒe geɖe la, esia ana nàkpɔ wò nyaselawo dometɔ aɖewo ŋkume. Dzigbɔgbɔɖi ɣeyiɣi ʋɛ aɖe alea ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be dzitsitsi si anɔ mewò gbã la nu nayi. Akpe ɖe wò nyaselawo ŋu be woawo hã natrɔ ɖe nɔnɔme alo seselelãme si wò mo ƒe dzedzeme ɖe fia ŋu. Hekpe ɖe eŋu la, esia wɔwɔ ana nyaselawo natrɔ susu ɖe ŋuwò bliboe eye woanɔ to dzi.
Nɔ wò nyaselawo ŋkume kpɔm ne èle nuƒoa ƒom. Menye be nàkpɔ ƒuƒoƒo bliboa ŋkume gbadzaa ko o. Dze agbagba nàkpɔ ame ɖekaɖekawo ŋkume le wo dome. Le teƒe ɖesiaɖe kloe la, wokpɔa mɔ be amesi le nu ƒom na amewo le dutoƒo nakpɔ amewo ŋkume vaseɖe afi aɖe ya teti.
Nyaselawo ŋkume kpɔkpɔ bia nu geɖe wu tafɔfɔ dzi kabakaba anɔ afii kple afimɛ kpɔm edziedzi ko. Kpɔ nyaselawo dometɔ aɖe ŋkume tẽ bubutɔe, eye ne asɔ la, gblɔ nyagbe blibo aɖe wu enu nɛ esime nèle eŋkume kpɔm. Eyome trɔ ŋkume ɖe ame bubu ŋu, eye nàgblɔ nyagbe ɖeka alo eve na eya hã. Mègakpɔ ame ɖeka aɖeke ŋkume kakaka ale be wòatsi mavomavo le eɖokui me o, eye mèganɔ ame ʋɛ mawo ke ko kpɔm ɣesiaɣi le nyasela gbogboawo dome o. Yi edzi nànɔ nyasela vovovowo kpɔm alea, eye esime nèle ame aɖe kpɔm la, na wò nyawo nayi nɛ tẽ eye nàde dzesi alesi nyaa le dɔ wɔm ɖe edzii hafi nàtrɔ ɖe ame bubu ŋu.
Da wò nuƒogbalẽ ɖe nuƒola ƒe kplɔ̃a dzi, alo nàlée ɖe asi, alo nenɔ wò Biblia me bene nàte ŋu akpɔ edzi bɔbɔe ne ènya da ŋku ɖe edzi ko. Ne ehiã be nàde ta to hafi anɔ nuƒogbalẽa dzi kpɔm la, ana nyaselawo ŋkume kpɔkpɔ nasesẽ na wò. Ele be nàbu zi alesi nànɔ wò nuŋlɔɖiwo dzi kpɔm kple ɣeyiɣi si nànɔ edzi kpɔm la siaa ŋu. Ne èle wò nuŋlɔɖiwo dzi kpɔm esime nèɖo wò nuƒoa ƒe akpa vevi aɖe la, menye nyaselawo ŋkume kpɔkpɔ koe manya wɔ na wò o ke ŋusẽ si wòle be nuƒoa nakpɔ ɖe amewo dzi hã abu. Nenema ke ne èle wò nuƒogbalẽa dzi kpɔm kabakaba akpa la, agblẽ nu le ameawo ŋkume kpɔkpɔ hã ŋu.
Ne èda bɔl na ame la, àkpɔe ɖa be amea lée hã. Susu ɖesiaɖe si nàɖe gblɔ na nyaselawo le abe susua “dada” na wo ene. Alesi woawɔ nui afia be “wolée”—esia ate ŋu anye talɔlɔ̃, alɔgbɔnukoko, alo woƒe ŋkuwò me kpɔkpɔ si fia be woƒe susu le nyaa ŋu. Ne èkpɔa amewo ŋkume nyuie alesi dze la, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàka ɖe edzi be wole wò nyawo “lém.”
Ne wode nuxexlẽ asi na wò le hamea me la, ɖe wòhiã be nànɔ nyaselawo ŋkume kpɔm le nua xexlẽ mea? Ne nyaselawo hã le woƒe Biblia me kpɔm le nuxexlẽa kplɔm ɖo la, wo dometɔ akpa gãtɔ manya be nèle yewoƒe ŋkume kpɔm loo alo mèle ekpɔm o. Ke hã wò nyaselawo ƒe ŋkume kpɔkpɔ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be dzo naɖo mewò le nua xexlẽ me elabena esia ana nànya alesi wole wɔwɔm ɖe nyaa ŋu. Ne nyaselawo dometɔ aɖewo mele woƒe Biblia dzi kpɔm o eye ɖewohĩ woƒe susu le tsatsam la, ne edzɔ be miaƒe ŋku kli mia nɔewo la, ate ŋu agahe woƒe susu ava nusi xlẽm nèle dzi. Enye nyateƒe be ɣeyiɣi ʋɛ aɖewo koe nàte ŋu akpɔ amewo ŋkume ya, ke hã mele be esia wɔwɔ nawɔe be afisi nèɖo nabu ɖe wò wòatɔtɔ nua xexlẽ o. Eyata anyo wu ne èlé Biblia ɖe asi ɖeka eye nèfɔ ta dzi, menye be nàde ta to o.
Ɣeaɖewoɣi wodea dɔ asi na hamemegãwo be woaƒo nuƒo si nye nuxexlẽ tẽ. Esia wɔwɔ wòasɔ bia be woanye nuƒola bibi, woadzra ɖo nyuie, eye woato nua xexlẽ me zi gbɔ zi geɖe. Ele eme baa be nuƒo si me nya sia nya woŋlɔ ɖi si woaxlẽ tẽ maɖe mɔ woanɔ nyaselawo ŋkume kpɔm edziedzi ya o. Gake ne nuƒolaa dzra ɖo nyuie la, ate ŋu anɔ eƒe nyaselawo ŋkume kpɔm ɣeaɖewoɣi eye afisi wòɖo mabu ɖee o. Esia wɔwɔ ana wòalé eƒe nyaselawo ƒe susu ɖe te eye wòana woakpɔ viɖe geɖe tso gbɔgbɔmenufiame vevi si nam wòle me.