Tsɔ Ðe Le Eme na Amewo—To Woƒe Ŋkume Kpɔkpɔ Me
1 Zi geɖe ne míele ɖase ɖim le dutoƒo alo tso aƒeme yi aƒeme la, míekpɔa amewo ƒe ŋkume hafi dzea nuƒoƒo na wo gɔme. Wo ŋkume kpɔkpɔ vie alea nana míedea dzesi alesi wole sesem le wo ɖokui me ɖe míaƒe vavaa ŋu kple ne dzi le wo dzɔm loo alo wodo dziku hafi míeva gɔ̃ hã. Nenema kee woawo hã woate ŋu ade dzesi nu geɖe le alesi míeɖo moe ŋu. Nyɔnu aɖe gblɔ tso Ðasefo aɖe si va srãe kpɔ ŋu be: “Meɖoa ŋku edzi be nukomo si wòɖoe na mede dzesii be enye ŋutifafame. Ewɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe.” Esia ʋu mɔ na nyɔnua be wòɖo to nyanyuia.
2 Ameawo ŋkume kpɔkpɔ nye mɔ nyuitɔ si dzi míato aɖi ɖase na wo ne míele gbeƒã ɖem le ablɔdzi alo le teƒe bubu siwo amewo sɔa gbɔ ɖo. Ale nɔviŋutsu aɖe wɔnɛ enye si: Enɔa amesi nɔ egogom la ƒe ŋkume kpɔm. Ne woa kpli ƒe ŋku nya do go ko la, ekoa alɔgbɔnu eye wòtsɔa magazinewo fianɛ heƒoa nu tso wo ŋu nɛ. Etoa mɔ sia dzi ɖia ɖase na amewo nyuie eye wònana magazine geɖe.
3 De Dzesi Amewo ƒe Seselelãme: Ameawo ƒe ŋkume kpɔkpɔ ana míade dzesi woƒe seselelãmewo. Le kpɔɖeŋu me, ne ame aɖe meda asi ɖe nya si gblɔm míele dzi o, alo mele egɔme sem tututu o la, edzena le eƒe mo. Ŋkuléle ɖe alesi wòɖo moe ŋu ana míade dzesii ne vovo mele eŋu o alo ne ele sesem le eɖokui me be dzeɖoɖoa le didim akpa. Esia awɔe be míatrɔ asi le míaƒe dzeɖoɖoa ŋu wòasɔ ɖe nɔnɔmea nu. Ŋudzɔnɔnɔ ɖe ameawo ƒe seselelãme ŋu nye mɔ nyui aɖe si dzi míato aɖee afia be míetsɔ ɖe le eme na wo.
4 Moveviɖoɖo Kple Kakaɖedzi: Le nuto aɖewo me la, ame ƒe ŋkume kpɔkpɔ hafi aƒo nu nɛ ɖenɛ fiana be nyaa le vevie. De dzesi alesi Yesu ɖo nya ŋui esi eƒe nusrɔ̃lawo biae be: “Ameka gɔ̃e ate ŋu akpɔ ɖeɖe mahã?” Biblia gblɔe be: “Yesu kpɔ woƒe ŋkume dũ hegblɔ na wo bena: ‘Amegbetɔwo gbɔ la womate ŋu awɔ esia o; ke Mawu gbɔ la woate ŋu awɔ nusianu.’” (Mat. 19:25, 26, NW) Ðikeke mele eme o be, kakaɖedzi si dze le Yesu ƒe ŋkume na kpekpeme gaɖo eƒe nyawo ŋu nyuie wu. Nenema kee amewo ŋkume kpɔkpɔ ana míagblɔ Fiaɖuƒegbedasia kple moveviɖoɖo kpakple kakaɖedzi.—Kor. II, 2:17; Tes. I, 1:5.