INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 149
  • Nu Kae Nya Si Nye, “Ŋku Ðe Ŋku Teƒe” Fia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Kae Nya Si Nye, “Ŋku Ðe Ŋku Teƒe” Fia?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Nu kae nye “ŋku ɖe ŋku teƒe” ƒe sea ƒe taɖodzinu?
  • Ðe “ŋku ɖe ŋku teƒe” ƒe sea yi na Kristotɔwo hã?
  • Susu totro siwo le amewo si ku ɖe “ŋku ɖe ŋku teƒe” ƒe sea ŋu
  • Nu Siwo Wò Ŋku Kpɔna
    Nyɔ!—2012
  • Mègato Ŋku Gã O
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Nu Kae Wòfia Be Woatrɔ To Kemɛ Woaƒo?
    Nyɔ!—2010
  • Tsɔ Ðe Le Eme na Amewo—To Woƒe Ŋkume Kpɔkpɔ Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 149
Ŋutsu aɖe ƒe ŋkuwo

Nu Kae Nya Si Nye, “Ŋku Ðe Ŋku Teƒe” Fia?

Ale si Biblia ɖo eŋui

“Ŋku ɖe ŋku teƒe” ƒe sea nɔ se siwo Mawu de na blema Israel-viwo to Mose dzi la dome eye Yesu ƒo nu tso se sia ŋu le eƒe Todzimawunyaa me. (Mateo 5:38; 2 Mose 21:24, 25; 5 Mose 19:21) Se sia fia be, ne wole to he ge na nu gbegblẽ wɔla aɖe la, ele be tohehea nasɔ ɖe nu gbegblẽ si wòwɔ la nu.a

Le blema la, wowɔa se sia ŋu dɔ ne ame aɖe ɖoe koŋ wɔ nu vevi ame bubu aɖe. Mose ƒe Sea gblɔ tso nu si woawɔ na ame si ɖoe koŋ wɔ nu vevi ame bubu la ŋu be: “Ŋeŋe ɖe ŋeŋe teƒe, ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe, nu si wòwɔ amea la, nu ma kee woawɔ eya hã.”—3 Mose 24:20.

  • Nu kae nye “ŋku ɖe ŋku teƒe” ƒe sea ƒe taɖodzinu?

  • Ðe “ŋku ɖe ŋku teƒe” ƒe sea yi na Kristotɔwo hã?

  • Susu totro siwo le amewo si ku ɖe “ŋku ɖe ŋku teƒe” ƒe sea ŋu

  • Yesu ɖɔ susu gbegblẽ aɖe si nɔ amewo si la ɖo

Nu kae nye “ŋku ɖe ŋku teƒe” ƒe sea ƒe taɖodzinu?

Menye ɖe “ŋku ɖe ŋku teƒe” ƒe sea ɖe mɔ be ame ŋutɔ nabia hlɔ̃ na eɖokui o. Ke boŋ, ekpe ɖe ʋɔnudrɔ̃lawo ŋu be wohe to si sɔ na nu gbegblẽ wɔlawo, ale be tohehea nagasẽ akpa loo alo wòaganye esi mede edeƒe o.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ɖe wode se sia be wòade vɔvɔ̃ amewo me be woagaɖoe koŋ awɔ nu vevi ame bubuwo alo aɖo tame be yewoawɔ nu vevi wo o. Mose ƒe Sea ɖe eme be, esia awɔe be: “Ame mamlɛawo [siwo nye Israel-vi siwo kpɔ eteƒe ʋɔnudrɔ̃lawo wɔ Mawu ƒe sea dzi la] asee, eye woavɔ̃, eye womagawɔ nu vɔ̃ɖi sia tɔgbi le [wo dome] azɔ o.”—5 Mose 19:20.

Ðe “ŋku ɖe ŋku teƒe” ƒe sea yi na Kristotɔwo hã?

Ao, se sia mebla Kristotɔwo o. Se ma nɔ Mose ƒe Sea me, eye Yesu ƒe vɔsakua ɖe Mose ƒe Sea ɖa.—Romatɔwo 10:4.

Togbɔ be ele alea hã la, “ŋku ɖe ŋku teƒe” ƒe sea na míekpɔ ale si Mawu bua nuwo ŋui. Le kpɔɖeŋu me, eɖee fia be, Mawu lɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃. (Psalmo 89:14) Eɖee fia hã be edi be woahe to na nu gbegblẽ wɔlawo “ale si dze.”—Yeremiya 30:11.

Susu totro siwo le amewo si ku ɖe “ŋku ɖe ŋku teƒe” ƒe sea ŋu

Susu totro: “Ŋku ɖe ŋku teƒe” ƒe sea nye tohehe si sẽ akpa.

Nyateƒea: Menye ɖe se sia ɖe mɔ be woahe to na ame wòasẽ akpa alo woasẽ ŋuta le ame ŋu le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o. Ke boŋ, ne wowɔ se sia ŋu dɔ nyuie la, gbã la, ʋɔnudrɔ̃la siwo dze la aku nu me le nɔnɔme si me nua dzɔ le ŋu ahade dzesi nu siwo ɖee fia be ɖe amea ɖoe hafi wɔ nu gbegblẽa. Esia ko hafi woahe to na nu gbegblẽ wɔlaa. (2 Mose 21:28-30; 4 Mose 35:22-25) Eya ta, “ŋku ɖe ŋku teƒe” ƒe sea wɔnɛ be ʋɔnudrɔ̃lawo ƒoa asa na tohehe si gbɔ eme.

Susu totro: “Ŋku ɖe ŋku teƒe” ƒe sea ɖe mɔ na amewo be woayi edzi anɔ wɔɖenui wɔm ɖe wo nɔewo ŋu ɖaa.

Nyateƒea: Mose ƒe Sea gblɔ tẽe be: “Mègawɔ wɔɖenui alo alé wò dukɔmeviwo ɖe dɔ me o.” (3 Mose 19:18) Eya ta, Mose ƒe Sea mede dzi ƒo na amewo be wobia hlɔ̃ na wo ɖokuiwo o, ke ɖe wòde dzi ƒo na wo boŋ be woaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu eye woaka ɖe ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo siwo wòɖo anyi be woatsɔ akpɔ nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe nyawo gbɔ la dzi.—5 Mose 32:35.

Yesu ɖɔ susu gbegblẽ aɖe si nɔ amewo si la ɖo

Yesu nyae be ame aɖewo trɔ gbo gɔmesese si le “ŋku ɖe ŋku teƒe” ƒe sea ŋu. Eya ta, eɖɔ wo ɖo esi wògblɔ be: “Miese wogblɔ be: ‘Ŋku ɖe ŋku teƒe, eye aɖu ɖe aɖu teƒe.’ Ke nye la, mele egblɔm na mi be: Migatsi tsitre ɖe ame vɔ̃ɖi la ŋu o, ke boŋ ame si ke ƒo wò ɖusitome la, trɔ ekemɛ hã nɛ.”—Mateo 5:38, 39.

De dzesi Yesu ƒe nya si nye “miese wogblɔ be.” Edze ƒãa be enɔ susu hem yi Yudatɔ subɔsubɔhakplɔla siwo fia nu amewo be woawɔ wɔɖenui la dzi. Biblia ŋuti nunyala Adam Clarke gblɔ be: “Edze abe Yudatɔwo wɔe be [ŋku ɖe ŋku teƒe] ƒe sea va zu taflatsɛdonu na dukɔa ene . . . eye esia wɔe be woléa wo nɔewo ɖe dɔ me, eye wowɔa nu sia nu si medze o, le wɔɖenuiwɔwɔ ƒe gbɔgbɔ si le wo me ta.” Esi subɔsubɔhakplɔla mawo de wɔɖenuiwɔwɔ ƒe dzi ƒo ta la, woto esia me trɔ gbo taɖodzinu si le Mawu ƒe Sea ŋu.—Marko 7:13.

Gake Yesu ya te gbe ɖe edzi be lɔlɔ̃ ye nye nu vevitɔ si ɖe dzesi le Mawu ƒe Sea me. Egblɔ be: “‘Lɔ̃ Yehowa wò Mawu . . .’ Esiae nye sedede gãtɔ kple gbãtɔ. Evelia si ɖii lae nye esi: ‘Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’ Wotu Se blibo la katã . . . ɖe sedede eve siawo dzi.” (Mateo 22:37-40) Yesu na eme kɔ ƒãa be lɔlɔ̃ ye anye nu si woatsɔ ade dzesi ye yomedzela vavãwo, ke menye wɔɖenuiwɔwɔ o.—Yohanes 13:34, 35.

a Ɣeaɖewoɣi la, woyɔa ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti mɔfiame sia le Latingbe me be lex talionis, eye edze le blema dukɔ bubu aɖewo hã ƒe ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe