INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/04 axa 1
  • Mègato Ŋku Gã O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mègato Ŋku Gã O
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Wò Ŋku Le Nu Ðeka Ŋua?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Nu Kae Nya Si Nye, “Ŋku Ðe Ŋku Teƒe” Fia?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Nu Siwo Wò Ŋku Kpɔna
    Nyɔ!—2012
  • Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ Ƒe Numetoto
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
km 9/04 axa 1

Mègato Ŋku Gã O

1. Nukae wòfia be míana míaƒe ŋku dzi nadza, eye nukatae esia hiã vevie?

1 Le Yesu ƒe Todzimawunya me la, ehe susu yi ŋusẽ wɔnuku si kpɔɖeŋu alo gbɔgbɔme ŋku ate ŋu akpɔ ɖe míaƒe agbe bliboa dzii la dzi. Egblɔ be: “Ne wò ŋku dzi dza la, wò ame blibo la katã me lakɔ. Ke ne ŋku vɔ̃ li na wò la, wò ame blibo la katã me lado viviti.” (Mat. 6:22, 23) Ŋku si dzi dza la nye esi nɔa taɖodzinu ɖeka ŋu—Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ—eye dzimaɖitsitsi si mehiã o ɖe ŋutilãmenuwo ŋu mehenɛ ɖa o. (Mat. 6:19-21, 24-33) Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míagato ŋku gã o?

2. Nukpɔsusu kae Mawu ƒe Nya la de dzi ƒo be wòanɔ mía si ku ɖe ŋutilãmenuwo ŋu?

2 Nana Be Nu Nadze Mía Ŋu: Ŋɔŋlɔawo ƒe nudidi wònye be ame nakpɔ eƒe aƒemetɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ alesi dze. (Tim. I, 5:8) Gake esia mebia be míaƒo mía ɖokui ɖe nu nyuitɔwo kekeake kple esiwo to yeyee la didi me atraɖii o. (Lod. 27:20; 30:8, 9) Ðe ema teƒe la, Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu mí be “nunyiame kple avɔtata” siwo nye agbe me nuhiahiã veviwo nadze mía ŋu. (Tim. I, 6:8; Heb. 13:5, 6) Aɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒe susu nanɔ nu ɖeka ŋu.

3. Nukae akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na agba dodo na mía ɖokui dzodzro?

3 Nunya anɔ eme be míatsri feɖuɖu siwo mehiã o kpakple nunɔamesi alo taɖodzinu siwo axɔ ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe le mía si la tsɔtsɔ do agba na mía ɖokui. (Tim. I, 6:9, 10) Aleke míate ŋu awɔ esiae? Ne èle tame bum tso nane wɔwɔ ŋu la, do gbe ɖa le eŋu vevie nàdae akpɔ eye dzro eme anukwaretɔe akpɔe ɖa be ɖe wòagblẽ gbɔgbɔmetaɖodzinu aɖe me na ye hã. Ðoe ɣesiaɣi be nàtsɔ gbɔgbɔmenuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ le wò agbe me.—Fil. 1:10; 4:6, 7.

4. Nukata wòle be míadze agbagba adi be míanɔ agbe si le tsɛ?

4 Nɔ Agbe si Le Tsɛ: Nu bubu si akpe ɖe mía ŋu míatsri ŋutilãmenuwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzie nye didi be míanɔ agbe tsɛ. Nɔviŋutsu aɖe si kpɔe be yeƒe ƒomea ate ŋu anɔ agbe ɖe nusiwo le yewo si nu esi mahiã be yewoanɔ ŋutilãmenu geɖe wu dim o la gblɔ be: “Mete ŋu wɔa dɔ geɖe wu le hamea me fifia be makpe ɖe nɔviwo ŋu. Meka ɖe edzi be Yehowa yraa esubɔla ɖesiaɖe si tsɔa tadedeagu vavãtɔa ɖoa ŋgɔ na eya ŋutɔ ƒe nuwo.” Ðe wò hã àte ŋu akpɔ yayra gãwo wu ne ènɔ agbe si le tsɛa?

5. Nukatae wòbia agbagbadzedze ɣesiaɣi bene míagato ŋku gã o?

5 Ehiã be míadze agbagba ɣesiaɣi hafi ate ŋu atsi tre ɖe Satana, eƒe xexe sia si me ŋutilãmenudidi xɔ aƒe ɖo, kple mía ŋutɔwo míaƒe ŋutilã madebliboa ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo ŋu. Le esi míana míaƒe ŋku nanɔ tsatsam le nu vovovowo ŋu teƒe la, mina wòanɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ kple agbe mavɔ mɔkpɔkpɔ xɔasi si le mía si la ŋu boŋ.—Lod. 4:25; Kor. II, 4:18.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe