INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/10 axa 1
  • Ðe Wò Ŋku Le Nu Ðeka Ŋua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Wò Ŋku Le Nu Ðeka Ŋua?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mègato Ŋku Gã O
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Agbe Tsɛ Nɔnɔ Kpena Ðe Mía Ŋu Míekafua Mawu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
  • Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ Ƒe Numetoto
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nu Siwo Wò Ŋku Kpɔna
    Nyɔ!—2012
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
km 6/10 axa 1

Ðe Wò Ŋku Le Nu Ðeka Ŋua?

1. Nu kae wòfia be ame ƒe ‘ŋku nanɔ nu ɖeka ŋu’?

1 Nu si ŋu míaƒe ŋku le lae kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe nuwɔnawo dzi. Ekema ɖe Yesu ƒe nya sia siwo gbɔna la mesɔ ŋutɔ oa: “Eya ta ne wò ŋku nɔa nu ɖeka ŋu la, ekema wò ameti blibo la katã me akɔ”? (Mat. 6:22) Be míaƒe ŋku nanɔ gbɔgbɔ me “nu ɖeka” ŋu fia be wòanɔ taɖodzinu ɖeka ŋu—si nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ. Míetsɔa Fiaɖuƒea ɖoa nɔƒe gbãtɔ, eye míeɖea mɔ ŋutilã me nu siwo mehiã vevie o, alo susuhenu bubuwo, doa kplamatsɛ mí le subɔsubɔdɔa me o.

2. Nu kawoe ate ŋu ana be míagava nɔ nuwo ŋu bum ale si dze o, gake nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

2 Ele Vevie Be Míadzro Mía Ðokui Me: Nu siwo nyatakakamɔnuwo doa boblo be wohiã mí, alo nu siwo le ame bubuwo si la, ate ŋu awɔe be míagava nɔ nuwo ŋu bum ale si dze o. Hafi míavu ɖe nane wɔwɔ ŋu alo aƒle nane si ŋu míazã ɣeyiɣi, ga, alo ŋusẽ geɖe ɖo la, anyo be míabu “eŋu kɔnta” gbã ahabia mía ɖokui be: ‘Ðe nu sia akpe ɖe ŋunye masubɔ Yehowa nyuie wua, alo ɖe wòana boŋ be nyemagate ŋu ava subɔe nyuie o? (Luka 14:28; Flp. 1:9-11) Anyo hã be tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi la, míakpɔe ɖa be míate ŋu atrɔ asi le míaƒe nuwo ŋu be míanɔ agbe tsɛ wu, ale be míate ŋu awɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me hã.—2 Kor. 13:5; Ef. 5:10.

3. Nu kae míesrɔ̃ tso nɔvinyɔnu aɖe si trɔ asi le eƒe nɔnɔmewo ŋu be wòate ŋu anɔ agbe tsɛ la gbɔ?

3 Esi nɔvinyɔnu aɖe va zu mɔɖela hã la, egawɔa dɔwɔɖui si ŋu wòzãa eƒe ɣeyiɣiawo katã ɖo tsã la kokoko, togbɔ be ate ŋu akpɔ dɔ si maxɔ eƒe ɣeyiɣi katã o, gake fetua ade wòakpɔ nu siwo hiãe la gbɔ hafi. Eƒo nya ta mlɔeba be: “Ame aɖeke mate ŋu anye kluvi na aƒetɔ eve o. Ele be matsɔ nu siwo dzroam la asa vɔe be makpɔ nu siwo hiãm la gbɔ. Meva de dzesii be ɖeko ŋutilãmenuwo va zua nu xoxo, eye ne mele agbagba dzem kpem be woasu asinye la, ɖeko mana ɖeɖi nate ŋunye dzodzro.” Ete ŋu trɔ asi le nuwo ŋu henɔ agbe tsɛ, eye wòdi dɔwɔɖui bubu, si na be ɣeyiɣi geɖe wu va su esi wògakpɔtɔ le mɔɖeɖedɔa wɔm.

4. Nu ka tae wòhiã kpata be míaƒe ŋku nanɔ nu ɖeka ŋu fifia?

4 Ale si wòhiã kpata be míawɔ nu le ɣeyiɣi siawo me la na wòle vevie be míana míaƒe ŋku nanɔ nu ɖeka ŋu. Ne ŋkeke ɖeka va yi la, efia be míegate ɖe ɣeyiɣi si me nuɖoanyi sia awu enu, eye Mawu ƒe xexe yeyea adze egɔme la ŋu geɖe wu. (1 Kor. 7:29, 31) Ne míaƒe susu le gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la, ekema míate ŋu aɖe mía ɖokui kple ame siwo ɖoa to mí la sia.—1 Tim. 4:16.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe