Nye Didi Vevie be Masubɔ Mawu
Ƒe atɔ̃e mexɔ eye wonyam be mewɔa ŋɔdzinu le fefeƒe. Suku si medee nye Perkins Ŋkunɔwo ƒe Suku.
Mazã nye agbenɔƒe 13 siwo kplɔe ɖo la le suku sia le Watertown, Massachusetts, le U.S.A. Menya be ɖevi bubu siwo le sukua nye ŋkunɔwo, gake mebu be nye ya mate ŋu akpɔ nu. Dzinyelawo mewɔa nu ɖe ŋunye vovoe tso nɔvinyenyɔnu atɔ̃awo gbɔ o. Mewɔa nusianu si woawo hã wɔna—aƒea me dɔwo, afɔkpa si te wode afɔtiwoe dodo azɔe, tsiƒuƒu, atidzidede kple nu bubu geɖe. Womewɔa nu ɖe ŋunye abe ŋkunɔe menye ene o, eyata nyemebu ɖokuinye ŋkunɔe hã o.
Agbenɔnɔ vivia nunye, nyemenɔa teƒe ɖeka o, eye medina vevie be maɖe modzaka. Menana ɖeviwo dea fefenu si ɖi abu dzi, wonɔa ahamaka ƒomevi aɖe me metutua wo, kple tɔdziʋu si te afɔtiwo le me metutua wo. Metutunɛ sesĩe ale gbegbe be ɖeviwo doa ɣli, gake medzia ha sesĩe alesi mate ŋui hedoa ɣli ɖo ɖe wo be woafe. Ewɔ nam be metutunɛ sesĩe akpa, elabena ga la ƒona eye ɖeviwo dzi kpɔla la yɔam hetsɔa ayiɖa megbe ƒoa agɔnu nam, eye wòna menɔa anyi ɖe zikpui si wowɔ koŋ na ɖevi sẽtowo dzi. Wodae ɖe atrakpui siwo nufialawo katã flɔna la gbɔ. Wokpɔam le afima eye wokoa nu hebiana be, ‘Wòe gava afisia akea?”
Mina mayi megbe vie eye maɖe alesi wòdzɔe be woɖom ɖe ŋkunɔwo ƒe suku sia la me. Wodzim le ƒe 1941 me, eye esi mexɔ ƒe eve la, wogblɔ na dzinyelawo be nu te nye ŋkuka ɖeka. Ele be woaɖe ŋkua ɖa. Esi wonɔ dɔ wɔm nam la, wokpɔ be nutetea keke ɖe enu ɖo ŋku evelia ƒe ŋkuka gbɔ eye wònɔ tetem ɖo ta nye ahɔhɔ̃ gbɔ. Esia fia be woaɖe nye ŋku evea katã alo woaɖe asi le ŋunye maku. Le ɣemaɣi me le ƒe 1943 me la, wobua ŋkutsitsi nu vɔ̃ɖie wu ku. Ŋkudɔdala aɖe gblɔ be: “Ne vinyee wònye la, maɖe asi eŋu wòaku.” Ŋkudɔdala evelia ya melɔ̃ ɖe edzi nɛ o. “Ao, na wòatsi agbe.” Edzɔ dzi nam ŋutɔ be dzinyelawo na metsi agbe. Ƒe etɔ̃ megbe la, meganye amesi wɔa ŋɔdzinu le fefeƒe.
Wofia mawunya ɖevi ɖesiaɖe le subɔsubɔha si nyo eya ŋutɔ ŋu la nu. Esi wònye Katolikotɔe danye nye ta la, nyɔnu saɖagaxɔmenɔla siwo tsoa saɖagaxɔ si te ɖe mía ŋu me vana kwasiɖa ɖesiaɖe la fiaa num. Wogblɔa ‘ame kɔkɔe’ siwo tsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbe na Mawu ŋu nyawo nam eye esi mekpɔtɔ nye ɖevi sue ko la, didi vevie ɖo menye be manɔ abe woawo ene pɛpɛpɛ. Medi be matsɔ nye agbe bliboa ake Mawu, gake nyɔnu saɖagaxɔmenɔlaawo gblɔ nam be mɔkpɔkpɔ aɖeke meli nam o. Wogblɔ be: “Ègblẽ akpa. Mawu madi wò o!” Esi mefena kple Protestantɔwo kple Yudatɔwo ƒe viwo tae wogblɔ nya sia ɖo, elabena wogblɔ na mí be Katolikotɔwo koe wòle be míafe kplii.
Esi mebia Yehowa ƒe ŋkɔ saɖagaxɔmenɔlaawo la, egado dziku na wo ɖe edzi wu. Le ɣeyiɣi sia me la, danye nɔa Biblia srɔ̃m kple Yehowa Ðasefowo eye wògadzudzɔna, eye ne meyi aƒeme zi ɖeka le ɣleti ɖeka me be mayi aɖaɖu kwasiɖanuwuwu le wo gbɔ la, mesenɛ wogblɔna be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. Ne mebia saɖagaxɔmenɔlawo be nukatae womefiaa nu mí tso Yehowa ŋu o la, ekua dzi na wo eye wonyãam le sukuxɔ me. Ewɔ nam be manya zã nye ɖevimenɔɣi ƒe afã tsɔ nɔa tsitre le sukuxɔ me loo alo tsɔ nɔa ɖevi sẽtowo ƒe zikpui dzii.
Esi wònye Katolikotɔ dovevienu aɖee danye nye ɖe, ke aleke wòdzɔe be wòva nɔ nu srɔ̃m kple Yehowa Ðasefowo? Esi wowɔ dɔ nam vɔ megbe la, nunɔla va srãe kpɔ hegblɔ nɛ be anye nu vɔ̃ɖi ŋutɔ aɖee wòwɔ be wòna Mawu do dziku vevie hena metsi ŋku. Le esi teƒe be wòafa akɔ nɛ le nuxaɣi sesẽ sia si me tom wònɔ la, ena wòse le eɖokui me be yeɖi fɔ. Eye hekpe ɖe eŋu la, ebu fɔ Mawu ɖe nye ŋkutsitsia ta. Nunɔla ma ƒe nyawo na danye lɔ̃ xɔ Yehowa Ðasefowo esi wova nɔa ʋɔ ƒom nɛ—eye wova hã eteƒe medidi o.
Wogblɔ Fiaɖuƒea ŋuti nyanyui wɔnuku la nɛ eye be Mawu menye nuveviwɔame ƒe Mawu o ke boŋ lɔlɔ̃ ƒe Mawue. Eyatae danye dze nusɔsrɔ̃ gɔme kple Ðasefoawo. Gake exɔ ɣeyiɣi geɖe hafi wòɖe adzɔgbe be yeasubɔ Yehowa. Katoliko-ha ƒe nufiafia siwo ŋu vodada le xɔ aƒe ɖe eme vevie ŋutɔ. Gake Biblia me nyateƒe siwo srɔ̃m wònɔ la nye “ŋusẽnu, siwo wotsɔna gbãa mɔ̃wo ƒua anyi . . . le Mawu ŋku me,” eye le ƒe 1954 me la, danye xɔ nyɔnyrɔ̃ zu Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka.—Korintotɔwo II, 10:4.
Azɔ esi meyi kwasiɖanuwuwu siwo meɖuna ɣleti sia ɣleti ɖuƒe le aƒeme la, fofonye di be míayi Baptist-sɔleme, nɔvinyenyɔnuwo dometɔ aɖewo yi Methodist-sɔleme, danye kplɔm yi Fiaɖuƒe Akpata me, eye le suku la wonɔ Katoliko-ha ƒe nufiafiawo fiamem geɖe wu. Ƒome ɖeka nɔ subɔsubɔha vovovo ene ŋudɔ wɔm le ɣeyiɣi ɖeka me! Eyata fifia nyemeganya wo dometɔ si nye mɔ nyuitɔ si dzi woato asubɔ Mawu kura o.
Vaseɖe esime maxɔ ƒe 16 la, didi sẽŋu vevi ma si nɔ menye be masubɔ Mawu le mɔ nyuitɔ nu la de asi gãdodo ɖe edzi me le menye wu tsã. Medoa gbe ɖa na Yehowa be ne maɖe srɔ̃ la, wòanye ŋutsu si le subɔsubɔha vavãtɔ me, eɖanye subɔsubɔha kae o. Dzidzɔtɔe la, ɣeyiɣia va ɖo esime ŋutsu si dze nam ame vavã aɖee la do hedi be yeaɖem. Eye esi wònye Katolikotɔe wònye eye wòdze abe eyae Mawu ɖo ɖem tsɔ ɖo nye gbedodoɖa ŋui ene ta la, meƒo nya ta be Katoliko-hae anye subɔsubɔha vavãtɔ. Metso nya me tso ɣemaɣi be manye Katolikotɔ kple srɔ̃nyɔnu kpakple vidada nyui ŋutɔ aɖe.
Nublanuitɔe la, nye srɔ̃ɖeɖe va nye afɔku boŋ. Le ɣleti ewo megbe la, míedzi vinyɔnuvi ɖeka eye le ɣleti 22 megbe la, míedzi viŋutsuvi gake le ɣeyiɣi mawo katã me la srɔ̃ɖeɖea nɔ gbegblẽm ɖe edzi. Kakaɖedzi nɔ menye be nuwo mava gblẽ nenema gbegbe o.
Mewɔ vodada; wova gblẽ ɖe edzi boŋ. Enye míaƒe ɖoɖo be míeyia ɣeɖuƒe Memleɖagbe zã ɖesiaɖe eye le ema megbe la, amesiwo mía kpli wo míeyi la vaa mía ƒeme vanoa kɔfi heɖua numeɖenuwo. Gake le Memleɖa sia gbe ya la, míeyi mía xɔlɔ̃ bubu ƒeme. Esime míenɔ afima la, mese srɔ̃nye wònɔ srɔ̃ɖɔliɖɔli ƒe ɖoɖo wɔm. Ame tutɔ aɖe nɔ eteƒe eye wòbiae be amekae wòaxɔ hã eye mesee srɔ̃nye gblɔ be: “Àte ŋu axɔ srɔ̃nye.” Esi ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ lém la, mesi le aƒea me. Esi ŋu ke ŋdi la, mekpɔ nye sisia me tsonu. Esi srɔ̃nye gbɔ la, eƒom vevie. Egblɔ be susu si ta yele ƒoyem ɖo enye ‘alesi medo lãtɔ ye.’
Le Kwasiɖagbe ɖesiaɖe la medoa gbe ɖa vevie na Yehowa be ne subɔsubɔha vavãtɔ aɖe li, ne mɔ nyui aɖe si dzi woato asubɔe li la, ekema nefiam. Ne mafiam o la, madi be maku. Nusi ko tae nyemewu ɖokuinye o enye le vinye sue eveawo ta. Amekae akpɔ wo dzi ne meku?
Esi ŋu ke ŋdi la, meɖe afɔ ƒuƒlu nɔ gbe ƒom le xexe—afɔƒuƒlunɔnɔa kpe ɖe ŋunye menya afisi gbea to ɖo wu si hiã be maƒo. Yehowa Ðasefo eve siwo nye ŋutsu kple nyɔnu va gbɔnye. Nyemaŋlɔ alesi ŋutsua nye ame fafae eye wòƒo nu ameŋububutɔe la be gbeɖe o, eye ŋkunɔwo ƒe agbalẽ tɔxɛ aɖe si Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ta la nɔ esi. Etsɔe nam hebia be yewoatrɔ ava kwasiɖa si kplɔe ɖo hã. Nyemedzra ɖo ɖe esia ŋu tututu o, gake esi wo ame evea siaa ɖe vividoɖeameŋu kple xɔlɔ̃wɔwɔ fia ta la, nyemegbe o. Meɖo ŋku edzi be menɔ tame bum esi metrɔ yina aƒeme be: “Ao, ao, meganye woawo o, meganye Yehowa Ðasefowo o! Mate ŋu anye subɔsubɔha bubu aɖe boŋ oa?”
Wotrɔ va nyateƒe, eye míeva nɔ Biblia srɔ̃m kwasiɖa sia kwasiɖa. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nyɔnu eve siwo nye Judy kple Penny nɔ gbɔnye vam. Wonye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo (siwo woyɔna be mɔɖela veviwo) eye wonye yayra gã aɖe nam tso Yehowa gbɔ. Judy lɔ̃a nukokoe dodo na ame heɖea xɔlɔ̃wɔwɔ fiana, gake esrɔ̃a nu hã ŋutɔ eye wòbi ŋutɔ le Biblia me mawunyakpukpuiwo didi me. Nu menya ƒona na Penny ya fũ o, gake enye ame like si kpɔa egbɔ be woawɔ ɖe se dzi esi hiãm ŋutɔ. Wotsɔ woƒe agbe bliboa katã ke le Yehowa subɔsubɔ me eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, medi be manɔ abe woawo ene ke menye abe ‘ame kɔkɔe’ ma siwo ŋu saɖagaxɔmenɔlaawo ƒo nu tsoe o.
Emegbe esi wotsɔ nye aƒeme yi aƒeme gbeƒãɖeɖe abe woawo ene ɖo ŋkunye me la, mebu ɖe tame be, ‘Ao ɖe, mele be woakpɔ mɔ be mawɔ esia o! Ŋkunɔe menye!’ Nyemezã nye ŋkutsitsi tsɔ do taflatse le naneke ŋu kpɔ o, gake fifia ya la, megblɔ le tame be, ‘Menye nyee wòanye o. Nyemaƒo ɖokuinye ɖe aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔ aɖeke me o.’ Eyata megblɔ be: “Aleke mawɔ axlẽ ŋɔŋlɔwo le aƒewo me?” Penny gblɔ kple gbe blewu be: “Màte ŋu alé ŋɔŋlɔwo me nyawo ɖe susu me agblɔ oa?” Enya be mate ŋui, elabena wona meɖoa ŋku ŋɔŋlɔ yeye eve me nyawo dzi gblɔna kwasiɖa ɖesiaɖe. Nyemete ŋu sina le nya siwo ame eve siawo gblɔna ƒe ɖeke nu o!
Esi menɔ nu srɔ̃m ƒe eve megbe la, meɖoe kplikpaa be mayi ƒe 1968 Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzizãɖuƒe. Medo gbe ɖa hafi gblɔe na srɔ̃nye. Menya be adze agbo, eye edze agbo hã. Edo ɣli gblɔ be yeakpɔ nye kuku teƒe tsɔ wu be mazu Yehowa Ðasefo. Etsɔ hɛ ɖo nye ve dzi. “Gblɔe nam be yemagayi o, eye nyemawu wò o!” Medo gbe ɖa na Yehowa le tame be: ‘Kpe ɖe ŋunye maɖi anukware ne ehiã be maku gɔ̃ hã.’ Alesi meɖe dzi ɖi le ɖokuinye me la wɔ mo yaa nam eye menɔ ɖokuinye biam be, ‘Aleke agbe avivi ame nui ne womele Yehowa subɔm o?’ Ewɔ abe ɖe maɖe asi le ŋunye akpɔ o ene, gake mlɔeba etsɔ hɛ la ƒu gbe ɖe anyigba. Efa konyi gblɔ be: “Nyemate ŋu awu wò o. Ðe medi be mawu wò hafi, gake ɖeko nyemate ŋui o.’ Nyemenya nusitae o.”
Le Ŋkuɖodzizã la ɖuɖu me la, megase le ɖokuinye me be meɖe dzi ɖi eye mete ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli. Esi megbɔ va aƒeme la, etu ʋɔ ɖe nunye eye wòtsɔ nye nuwo da ɖe kpuinu. Metsi dzinyelawo gbɔ dɔ. Le ema megbe la, eyia edzi tsɔa hɛ ɖoa ve nam tsɔ doa ŋɔdzi nam eye wòyi edzi nɔ ƒoyem. Etua ʋɔ ɖe nunye zi geɖe ne metso kpekpeawo gbɔ va aƒeme. Srɔ̃nye gblɔ be: “Ne Yehowae nàsubɔ la, ekema na wòakpɔ dziwò.” Edzudzɔ fexexe ɖe nuwo ta. Míaƒe nuɖuɖu vɔ eye womeganaa ya si míetsɔ doa dzo la mí o eye wotso míaƒe dziɖegbeŋusẽ me eye woxɔ aƒe si me míenɔ hã le mía si. Gake Yehowa nɔ anyi kple mía kple vinyewo ɣesiaɣi.
Le ƒe 1969 ƒe July me la, wowɔ Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe gã aɖe le New York Dugã me. Gaƒoƒo ɖeka do ŋgɔ na nye keteke ɖoɖo adzo la, srɔ̃nye xaxam ɖo, edo ŋɔdzi nam abe alesi wòwɔna ɖaa ene, eye wògatsɔ hɛ ɖo ve nam. Gake esia va mãm azɔ eye dzidzi megaƒoam o. Le takpekpe ma si míewɔ le ƒe 1969 ƒe July 11 dzi la, meɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi. Wonyrɔ̃m ɖe atsiaƒu me kpe ɖe takpekpevala 3,000 bubuwo ŋu.
Togbɔ be srɔ̃nye xea mɔ nam be magayi gbedzi o hã la, mebua gaƒoƒo 75 ƒe akɔnta ɣleti ɖesiaɖe zi eve ya teti le ƒe ɖeka me. Menya be Yesue de se be woaɖe gbeƒã eye ele be maɖo toe. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Gake medoa vevie nu le aƒemedɔwo wɔwɔ me. Medzraa aƒea me ɖo. Meɖaa nu nɛ ɖe game dzi. Le zã siwo me míayi nusrɔ̃ƒe la, meɖaa nuɖuɖu si dzɔa dzi nɛ vevie la. Ne megbɔ la, metrɔa asi le numeɖenu tɔxɛwo ŋu nɛ. Togbɔ be mewɔa nusiawo nɛ hã la, egahea nya ɖe ŋunye kokoko. Gake esesẽ be ame aɖe nayi edzi anɔ ɣli dom ɖe tawò ne ènaa numeɖenu si vivia enu!
Le ƒe 1975 me la, srɔ̃nye na míaƒe ƒomea ʋu yi California. Le ƒe 1976 ƒe November me la, míaƒe srɔ̃ɖeɖea ka le ƒe 17 megbe. Menye nye didie wònye be míagbe mía nɔewo o. Nyemekpɔa dzidzɔ ɖe srɔ̃gbegbe ŋu o. Yehowa gblɔ le Maleaxi 2:16 be ‘yelé fu srɔ̃gbegbe.’ Eƒe dzɔdzɔ ɖe ame dzi tena ɖe ame dzi ŋutɔ. Be nye nuxaxa nadzi ɖe edzi la, vinyeawo tsi wo fofo gbɔ le California. Metrɔ gbɔ va United States ƒe Ɣedzeƒe gome afisi menɔ tsã la.
Dzinyelawo, amesiwo doa vivi ɖe ŋunye helɔ̃am ŋutɔ nɔ afima. (Fofonye ku tso ɣemaɣi me, gake danye ya gale agbe, exɔ ƒe 80 kple vɔ eye wònye Ðasefo ɖianukware ekpɔtɔ vie wòade ƒe 40.) Gake ɖokuinye sie menɔ, eye Yehowa kpɔ nye nuhiahiãwo katã gbɔ nam; xɔdɔmewo, nuɖuɖu, nudodo, ga, dɔwɔɖuiwo ne wohiãm, kple xɔ̃nye lɔlɔ̃tɔ geɖe siwo kpe ɖe ŋunye eye wogale kpekpem ɖe ŋunye vevie. Togbɔ be Judy Cole si nye xɔ̃nye ɣeyiɣi didi aɖe le adzɔge ke tso gbɔnye fifia hã la, eƒoa ka nam zi geɖe, eye wòxlẽa Gbetakpɔxɔ me nyatiwo nam hedea dzi ƒo nam. Enye xɔ̃nye vevi aɖe si tsi metoa mía kpli dome o—si kplɔ Yehowa, amesi ƒe xɔlɔ̃dzedze ŋu medea asixɔxɔe wu ƒomedodo bubu ɖesiaɖe si matu ɖo, la ɖo!
Le ƒe 1986 ƒe October ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi le zã ga 11 me la, vinyenyɔnu Linda ƒo ka nam tso San Diego, le California. Egblɔ nam be vinyeŋutsu Stephen, si xɔ ƒe 23 ɣemaɣi la le kɔdzi le afisi wokpɔa dɔ kpatawo gbɔ le. Esi wònɔ dzokeke dom to todzimɔ si xa dzi la, elɔ ati ɖe eme eye wòge tso to si kɔkɔ meta 45 dzi va dze bali si le egɔme la me. Aƒe ɖeka koe gogo teƒea. Fɔŋli ga eve mee nua dzɔ, gake ɖeko wòdo go ɖe enu be ŋutsu si nɔ afima fɔ kaba nɔ nu srɔ̃m. Ese nua ƒe ɖiɖi, eye wòdo go ɖe xexe hekpɔ nusi dzɔ, eye wòwɔ kaba kplɔ atikewɔlawo yi teƒeae.
Stephen yi ɖi me, eƒe ata eveawo ɖɔ li, eƒe klokpakpɛ ɖiɖi, eye eƒe ahɔhɔ̃ te. Esi meɖo afima la, ɖɔkta eveawo gblɔ nam be yewomebu agbe ɖe eŋu o. Enɔ ɖi me kwasiɖa ɖeka. Menɔ eteƒe esime wònyɔ tso ɖia me. Egblɔ be: “Danye.” Ema nye dzidzɔnya deŋgɔ siwo mese kpɔ! Ele agbe tsi ge! Be nye dzidzɔa nadzi ɖe edzi la, Stephen xɔ nyɔnyrɔ̃ zu Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka le ƒe ɖeka megbe, le ƒe 1988 ƒe July me.
Mele dzidzɔ bubu kpɔm le agbe me fifia: Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ta ŋkunɔwo ƒe agbalẽ geɖewo azɔ! Enye nunana wɔnuku ŋutɔ aɖe nam! Esi meva nyateƒea me la, ŋkunɔwo ƒe agbalẽ aɖeke kura menɔ anyi o. Gake fifia wota Nufiala Gã ƒe agbalẽa, Biblia-Ŋutinyawo ƒe agbalẽa, Young People Ask ƒe agbalẽa, kple agbalẽ si wota nyitsɔ laa si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ la na ŋkunɔlawo hã.
Magblɔ atsɔ aƒo etae be ɖeko dodokpɔ siwo katã me meto la na mete ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu. Wo katã wodo ŋusẽ nye xɔse. Nyemebui koŋ kpɔ be metsi ŋku o, eye nyemenya alesi nukpɔkpɔ le o. Gake mete ŋu kpɔa nu vaseɖe esime mexɔ ƒe eve, gake nyemeɖo ŋku edzi kura o. Ke hã la, ŋɔŋlɔ siwo dzɔa dzi nam dometɔ ɖekae nye Psalmo 145:16 si gblɔ be: ‘Yehowa ʋua eƒe asi me hetsɔa nugbagbewo katã ƒe nudidi ɖia ƒo na woe.’ Woakpɔ didi siwo gbɔ womekpɔ na mí fifia o la gbɔ na mí le eƒe Paradisonyigba si ŋugbe wòdo si me wòawɔ nuwo katã yeyee le la me. (Nyaɖeɖefia 21:3-5) Abe alesi Ðasefo aɖe ɖo ŋku edzi nam ene la, mava kpɔ nu gɔ̃ hã.
Dzidzɔ si yɔ nye dzime fifiae nye alesi mawɔ nye didi vevie be masubɔ Yehowa dzi tegbee!—Abe alesi Collette Nunes gblɔe ene.
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
Collette kple eƒe avũ si kplɔnɛ
[Nɔnɔmetata siwo le axa 20]
Collette le eƒe ƒe 17 kple ƒe 2 xɔxɔ me (esime wòte ŋu kpɔa nu)
[Nya si ɖe dzesi si le axa 21]
“Ne vinyee wònye la, maɖe asi eŋu wòaku”
[Nya si ɖe dzesi si le axa 21]
Egblɔ be: “Ègblẽ akpa. Mawu madi wò o!”
[Nya si ɖe dzesi si le axa 22]
Nunɔla la bu fɔ Mawu le nye ŋkutsitsi ta
[Nya si ɖe dzesi si le axa 22]
Mese srɔ̃nye nɔ srɔ̃ɖɔliɖɔli ƒe ɖoɖo wɔm
[Nya si ɖe dzesi si le axa 21]
Etsɔ hɛ ɖo nye ve dzi. “Gblɔe nam be yemagayi o, eye nyemawu wò o!”