Menye Ŋkuagbãtɔ Gake Viɖe Le Ŋunye eye Dzi Dzɔam
Abe alesi Polytimi Venetsianos gblɔe ene
Esi menɔ fefem kple nɔvinye etɔ̃ kple nyruinye ƒe vi aɖe la, nu sue aɖe to míaƒe fesre me ge ɖe mía gbɔ. Bɔmb sue aɖee, eye esi wòwó la, nɔvinye etɔ̃awo katã ku eye mezu ŋkunɔ keŋkeŋ.
ESIA dzɔ le July 16, 1942 dzi, esime menye nyɔnuvi dzaa si xɔ ƒe atɔ̃ pɛ ko. Menɔa ɖi me yim nɔa nyɔnyɔm hena ŋkeke geɖe. Esi menyɔ keŋkeŋ la, mebia nɔvinyeawo ta se. Esi wogblɔ nam be woku la, edzrom be nye hã ɖe maku hafi.
Esime wodzim la, míaƒe ƒomea nɔ Greece-ƒukpo si nye Salamis, si gogo Athens ʋudzeƒe si nye Piraiévs, la dzi. Togbɔ be míeɖo ko hã la, míenɔ ŋutifafa me. Ŋutifafa sia nu yi esi Xexemeʋa II dze egɔme le ƒe 1939 me. Fofonye nye tɔdzidɔwɔla le Mediterranea ƒua dzi. Zi geɖe la, ele nɛ be wòasi le Germany, Italy, kple Japan srafowo kpakple Dukɔ Wɔɖekawo ƒe asrafowo ƒe ƒugɔmeʋawɔʋuwo, aʋawɔtɔdziʋuwo, ƒugɔmeʋutsrɔ̃mɔ̃wo, kple bɔmbwo siaa nu. Greece nɔ Fasitɔwo kple Nazitɔwo te ɣemaɣi.
Wofiam be Malé Fu Mawu
Le nɔnɔme dziŋɔ siwo nɔ anyi le aʋawɔɣia ta la, vi enelia gaku na Dada. Elé blanui vevie, yɔmekpe va dze edzi, eye mlɔeba, le vi adelia dzidzi megbe la, eku le August 1945 me. Aƒelika siwo nye xɔsetɔwo dze egɔme nɔ gbɔgblɔm na mí be Mawue he to na mí. Greece Orthodɔks-ha ƒe nunɔla aɖewo va dze agbagba be yewoade dzi ƒo na mí, gake ɖeko wogagblẽ nyaa ɖe edzi boŋ esi wogblɔ be Mawue kplɔ nɔvinyeawo yi dziƒo be woaɖanye mawudɔla suewo.
Dzi ku Papa vevie. Nukata Mawu xɔ ɖevi sue ene le ƒome ɖihiã sia si esime mawudɔla miliɔn geɖe le esi? Orthodɔks Sɔlemeha la ƒe nufiafia siawo na fuléle sẽŋu va nɔ eme ɖe Mawu kple mawusɔbɔsubɔ ŋu. Tso ekema dzi la, megadi be yeaƒo ye ɖokui ɖe mawusubɔsubɔnya aɖeke me o. Efiam be malé fu Mawu ahado vloe, eye etea gbe ɖe edzi be Mawu gbɔe míaƒe vevesese kple nɔnɔme wɔnublanuiawo tso.
Abe Lã Wɔadã si Le Xadza me Ene
Eteƒe medidi o le danye ƒe ku megbe le ƒe 1945 me la, yɔmekpe dze Papa hã dzi eye woxɔe ɖe kɔdzi. Wotsɔ nɔvinyenyɔnu vidzĩ la yi ɖeviwo dzikpɔƒe. Emegbe esi woɖe asi le Papa ŋu le kɔa dzi eye wòyi ɖeviwo dzikpɔƒea be yeaxɔe la, wogblɔ nɛ be eku. Wodem ŋkunɔwo ƒe suku, afisi menɔ nye agbe ƒe ƒe enyi siwo kplɔe ɖo la le. Le gɔmedzedzea me la, nye dzi gbã vevie. Ŋkeke siwo dzi wova srãa mí kpɔna koŋ dzie dzi ɖena le ƒonye wu. Amewo va srãa nye sukuhati siwo hã nye ŋkunɔwo la dometɔ akpa gãtɔ kpɔna, gake ame aɖeke meli asrã nye ya akpɔ o.
Mewɔa nu abe lã wɔadã si le xadza me ene. Wogblɔna le ŋunye be menye kplamatsɛdonu na sukua. Eyata woƒoam eye wona menɔa ‘vi dzeaglãwo ƒe tohezikpui’ me. Enuenu la, mebuna be mawu ɖokuinye. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, meva kpɔe be ele be nɔnɔme si me mele nadze ŋunye. Meva kpɔ dzidzeme le kpekpeɖeŋu nana nye sukuhati siwo hã nye ŋkunɔwo me, eye zi geɖe mekpena ɖe wo ŋu wodoa awu alo ɖoa woƒe abawo.
Nunɔlawo gblɔ na mí be Mawue na míezu ŋkunɔwo le nuvɔ̃ gã aɖewo siwo mía dzilawo wɔ ta. Ðeko esia na megalé fu Mawu ɖe edzi, mekpɔe be enye tagbɔsesẽtɔ kple vɔ̃edinamela. Mawusubɔsubɔ me dzixɔse si doa vɔvɔ̃ nam eye wòdoa dziku nam ye nye ame kukuwo ƒe gbɔgbɔ siwo wobe wonɔa tsatsam henɔa fu ɖem na amewo. Eyata togbɔ be melɔ̃ nɔvinye kple danye siwo ku hã la, mevɔ̃na na woƒe “gbɔgbɔwo.”
Fofonye Kpe Ðe Ŋunye
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Papa va ke ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu. Ewɔ nuku nɛ esi wòsrɔ̃ tso Biblia me be Satana gbɔe vevesese kple ku tso, ke menye Yehowa gbɔe o. (Psalmo 100:3; Yakobo 1:13, 17; Nyaɖeɖefia 12:9, 12) Eteƒe medidi o fofonye, amesi nu geɖe me va kɔ na la dze Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dede gɔme, ewɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me, eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1947 me. Ɣleti ʋee aɖewo do ŋgɔ na ema la, eɖe srɔ̃ yeye eye wodzi ŋutsuvi aɖe nɛ azɔ. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, srɔ̃a yeyea hã va wɔ ɖeka kplii le Yehowa subɔsubɔ me.
Medzo le ŋkunɔwo ƒe sukua esime mexɔ ƒe 16. Akɔfafa ka gbegbee nye esi wònye be metrɔ va Kristotɔwo ƒe ƒome doviviɖeameŋu me! Wowɔa nusi woyɔna be ƒome Biblia nusɔsrɔ̃, eye wokpem be makpɔ gome le eme. Mewɔa ɖeka kpli wo le bubu kple ɖokuibɔbɔ ta ko, togbɔ be nyemetsɔ susu aɖeke ɖo nusɔsrɔ̃a ŋu o hã. Fuléle sẽŋu si nɔ menye ɖe Mawu kple mawusubɔsubɔ ŋu nu gasẽ kokoko.
Ƒomea nɔ agbalevi si nye God’s Way Is Love (Mawu ƒe Mɔ Nye Lɔlɔ̃) srɔ̃m. Gbã la, nyemekpɔ dzidzɔ ɖe eŋu o, gake mesee Papa nɔ nu ƒom tso nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu. Esia nyɔ nye ɖetsɔleme. Woxlẽ Nyagblɔla 9:5, 10 tso Biblia me be: “Ke kukuawo menya naneke o, . . . Nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.”
Meva nɔ si dzemee be kpeɖodzi aɖeke mele nye vɔvɔ̃a ŋu o. Danye, nɔvinyeŋutsuwo, kple nɔvinyenyɔnuwo mate ŋu awɔ nu vevim o. Numedzodzroa yi edzi kple tanya si ku ɖe tsitretsitsi ŋu. Meva nɔ “to lém” ɖe nyaawo ŋu nyuie azɔ. Dzi dzɔm vevie ŋutɔ esime mese Biblia ƒe ŋugbedodo be le Kristo ƒe dziɖuɖu te la, woagbɔ agbe ame kukuwo! ( Yohanes 5:28, 29; Nyaɖeɖefia 20:12, 13) Meva nɔ vivi sem na nusɔsrɔ̃a ŋutɔ azɔ. Menɔa mɔ kpɔm na ŋkeke si dzi wowɔa ƒome nusɔsrɔ̃ sia vevie, eye togbɔ be menye ŋkunɔ hã la, medzrana ɖo nyuie.
Meva Le Nu Kpɔm le Gbɔgbɔ Me
Esi meva nɔ Ŋɔŋlɔawo nyam ɖe edzi la, nukpɔsusu totro siwo nɔ asinye le Mawu kple eƒe nuwɔnawo ŋu nu va yi. Mesrɔ̃e be Mawu mewɔm alo wɔ ame bubu aɖeke wònye ŋkunɔ o ke boŋ eƒe Futɔ, Satana Abosam gbɔe vɔ̃wo katã tso. Aleke gbegbe wòte ɖe dzinyee nye si be mebu fɔ Mawu le nye numanyamanya dzodzro ta! Esi medi vevie be manya nu geɖe ta la, mewɔ ŋgɔyiyi le Biblia me sidzedze vavãtɔ me. Togbɔ be afisi míele kple Fiaɖuƒe Akpata dome didi kilometa geɖe hã la, medea Kristotɔwo ƒe kpekpeawo katã eye mekpɔa gome le wo me. Mewɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa hã me, eye nyemeɖe mɔ nye ŋkunɔnyenye xe mɔ nam o.
Aleke gbegbe dzi dzɔm enye si be, le July 27, 1958 dzi, si nye ƒe 16 kple nu vi aɖe le nublanuinya si na mezu ŋkunɔ megbe la, mexɔ nyɔnyrɔ! Agbe yeye ɖo menye eye mɔkpɔkpɔ kple susu nyuiwo yɔm fũ. Tameɖoɖo va le nye agbe ŋu azɔ—be masubɔ Fofonye lɔ̃ame si le dziƒo. Sidzedze Mawu na ablɔɖem tso alakpanufiafiawo me eye ena dzi ɖo ƒonye be metsɔ tameɖoɖo kplikpaa kple mɔkpɔkpɔ te ŋu nɔ te ɖe nye ŋkunɔnyenye kple eƒe kuxiwo nu. Ɣesiaɣi la, mezãa gaƒoƒo 75 alo esi wu nenema ɣleti ɖesiaɖe tsɔ ɖea gbeƒã nyanyuia na amewo.
Srɔ̃ɖeɖe me Gblẽ
Le ƒe 1966 me la, mía kple aƒetɔ aɖe si ƒe agbemetaɖodzinuwo sɔ kple tɔnye la míeɖe mía nɔewo. Edze abe mí ame evea míakpɔ dzidzɔ le míaƒe srɔ̃ɖeɖea me le esi míewɔa nu be míadzi míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖe edzi ta ene. Le ɣleti aɖewo me la, míezãa gaƒoƒo geɖe ɖe agbeɖeɖedɔ sia ŋu. Míeʋu yi saɖaganuto aɖe si gogo Livadiá la me le titina Greece. Le ƒe siwo míenɔ afima, si nye tso ƒe 1970 vaseɖe 1972 me la, togbɔ be asrafoha dziɖuɖumula sẽŋuta aɖe nɔ dzi ɖum le Greece ɣemaɣi hã la, míete ŋu kpe ɖe ame gbogbo aɖewo ŋu be wosrɔ̃ Biblia ƒe nyateƒea eye wova zu Kristotɔ xɔnyɔnyrɔwo. Dzi dzɔ mí hã be míete ŋu kpe ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe hame sue si le nuto ma me la ŋu.
Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, atsunye va nɔ Biblia sɔsrɔ̃ kple míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede gblẽm ɖi, eye mlɔeba eva ɖe asi le Biblia nufiafiawo ŋu kura. Esia he kuxi geɖe va míaƒe srɔ̃ɖeɖea me, si va wɔe be míegbe mía nɔewo le ƒe 1977 me. Egbã dzi nam vevie ŋutɔ.
Agbenɔnɔ Dodzidzɔname si Tse Ku Geɖe
Le nublanui ɣeyiɣi sia tututu me le nye agbe me la, Yehowa kple eƒe habɔbɔa gava xɔ nam. Nɔviŋutsu Kristotɔ lɔ̃ame aɖe ɖe nu me nam be ne mena nusi srɔ̃nyeŋutsua wɔ na medzudzɔ dzidzɔkpɔkpɔ la, ekema mava zu kluvi nɛ. Ke eya manɔmee la, nyemagakpɔ dzidzɔ o. Le ɣeyiɣi sia me la, Kristo-hamea me tɔ tsitsi aɖe bia tso asinye be makpe ɖe ye ŋu yeadzi yeƒe gbeƒãɖeɖe ŋutete ɖe edzi. Kasia megage ɖe dɔ si me mekpɔa dzidzɔ gãtɔ kekeake le wɔwɔ me—subɔsubɔdɔa wɔwɔ!
Emegbe Kristotɔ bubu ɖo aɖaŋu sia nam be: “Àte ŋu ayi dzi ana kpekpeɖeŋu le teƒe siwo wò kpekpeɖeŋu hiã le wu. Àte ŋu anye kekelitsoƒe si Yehowa Mawu azã.” Susu lédziname ka gbegbee nye si! Ŋkunɔ nanye “kekelitsoƒe si Yehowa Mawu azã”! (Filipitɔwo 2:15) Enumake meʋu le Athens eye meva nɔ kɔƒe si nye Amárinthos, le anyiehe Évvoia, si nye nuto aɖe si me Biblia-fiala ʋee aɖewo ko nɔ. To nɔvi siwo le afima ƒe kpekpeɖeŋu me la, mete ŋu tso aƒe aɖe eye mete ŋu kpɔa nye nuhiahiãwo wosuna nam.
Eyata ƒe 20 kple edzivɔe nye esia la, mezãa ɣleti geɖe ƒe sia ƒe tsɔ dzia gbeƒãɖeɖedɔa ɖe edzi le mɔ aɖe nu. To Yehowa ƒe ŋusẽdodo me la, mete ŋu kpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa ƒe akpa ɖesiaɖe me, meyia amewo gbɔ le woƒe aƒewo me, mewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃wo kple ɖetsɔlemetɔwo, eye meƒoa nu na amewo le ablɔwo dzi. Fifi laa la, mɔnukpɔkpɔ su asinye be mele Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm kple ame ene siwo tsɔ ɖe le mía Wɔlaa me. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye nam be mekpɔe be woto nɔvi ʋee siwo nɔ teƒea ƒe 20 enye esi va yi la dzi, ɖo hame etɔ̃ le nuto sia me!
Mezɔa mɔ kilometa 30 tsɔ yia Kristotɔwo ƒe kpekpewo gazɔnɛ gbɔna zi eve kwasiɖa ɖesiaɖe, eye meɖoe kplikpaa be nyemana ɖeka teti nato ŋunye o. Ne—le esi nyemele nuƒola kpɔm o ta—mekpɔ be nye susu le tsatsam le kpekpeawo me la, mewɔa nuŋlɔɖi kpuiwo ɖe Ŋkunɔwo ƒe Agbalẽ tɔxɛ aɖe si le asinye la me. Ne mewɔe alea la, ena nye towo kple nye susu nɔa nuƒoawo ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, enye mɔnukpɔkpɔ nam be wowɔa hamea ƒe kpekpeawo dometɔ ɖeka le nye aƒeme. Amewo tsoa kɔƒe siwo te ɖe mía ŋu me vaa kpekpe sia si woyɔna be Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃. Le esi teƒe be manɔ mɔ kpɔm ɣesiaɣi be amewo nava srãm kpɔ le aƒeme la, nye ŋutɔ mexɔa ŋgɔ srãa wo kpɔ, esia nye nane si dea dzi ƒo na mí ŋutɔ.—Romatɔwo 1:12.
Esime menye ƒewuivi nɔ fofonye gbɔ la, mewɔa nu ɖe ŋunye abe ŋkunɔ ene gbeɖe o. Etsɔ dzigbɔɖi kple kutrikuku zã ɣeyiɣi geɖe tsɔ fiam alesi matsɔ nye asiwo awɔ dɔe. Hehe nyui sia kpe ɖe ŋunye be mete ŋu kpɔ nye abɔ kple lã ʋee siwo nyim menɔ la dzi. Mewɔa dɔ sesẽ le aƒeme ale be menaa aƒea me nɔa dzadzɛ eye meɖaa nu hã. Meva dze sii be agbemenu suesue aɖewo, siwo nye nusiwo le mía si, ate ŋu ana míaƒe dzi nadze eme eye dzi nadzɔ mí. Mete ŋu zã nye sidzenu ene siwo susɔ—nusese, nuʋeʋẽse, nuɖɔɖɔkpɔ, kple nulélekpɔ—tsɔ wɔ nu geɖe eye esia he dzidzeme geɖe vɛ nam. Esia ganye ɖaseɖiɖi gã aɖe na egodotɔwo.
Nye Mawu Lém Ðe Te
Ewɔa nuku na ame geɖe le alesi mete ŋu wɔe dzi le ƒonye eye mete ŋu kpɔa ɖokuinye dzi togbɔ be nɔnɔmewo mede dzinye o hã. Ƒo ye katã ta la, ele be míatsɔ akpedada na Yehowa, “akɔfafawo katã ƒe Mawu la.” (Korintotɔwo II, 1:3) Esi nye ŋku gbã megbe la, mebua ɖokuinye wuwu ŋu enuenu. Eyata ne menye Yehowa kple Biblia ƒe nyateƒea ye o la, nyemebu be manɔ agbe egbea o. Meva de dzesii be mía Wɔla na nu geɖe mí—menye nukpɔkpɔ ko o—eye ne míezã wo nyuie la, míate ŋu akpɔ dzidzɔ. Gbeɖeka esi Ðasefo aɖewo va nɔ gbeƒã ɖem le míaƒe kɔƒea me la, nyɔnu aɖe gblɔ le ŋunye na wo be: “Mawu si subɔm wòle lae kpe ɖe eŋu wòwɔ nusiawo katã!”
Nye tetekpɔwo katã na mete ɖe Mawu ŋu kplikplikpli wu. Esia do ŋusẽ nye xɔse ŋutɔ. Meɖoa ŋku edzi be apostolo Paulo hã kpe fu tso nusi wòyɔ be ‘ŋù si le yeƒe ŋutilã me’ la me, eye ate ŋu anye be ŋkue ɖe fu nɛ. (Korintotɔwo II, 12:7; Galatiatɔwo 4:13) Esia mena wògbe ‘ŋkubiabiã ɖe nyanyuia ŋu’ vevie o. Nye hã mate ŋu agblɔ eƒe nya be: “Eyata mele lɔlɔ̃m wu bena, maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, . . . elabena ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu.”—Dɔwɔwɔwo 18:5; Korintotɔwo II, 12:9, 10.
Ƒo ye katã ta la, nye mɔkpɔkpɔ si nɔ te ɖe Biblia dzi si nye be mava kpɔ danye, nɔvinyenyɔnu, kple nɔvinyeŋutsu siwo gbɔ nyemelɔ̃a nu le o kple nye ŋku le tsitretsitsia me la kpɔ ŋusẽ nyui ɖe dzinye wòɖe vi nam vavã. Biblia do ŋugbe be “ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu” eye be “tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” ( Yesaya 35:5; Dɔwɔwɔwo 24:15) Nu nyui siawo siwo le ŋgɔ wɔe be mele mɔ kpɔm vevie na etsɔme wɔnuku aɖe le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te!
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Fofonye, amesi srɔ̃ Biblia la kplim
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Le nye dzodoƒe
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Mía kple xɔ̃nye aɖe le gbea dzi