INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/15 axa 2-3
  • Kpe Ðe Ŋkunɔwo Ŋu Be Woasrɔ̃ Nu Tso Yehowa Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpe Ðe Ŋkunɔwo Ŋu Be Woasrɔ̃ Nu Tso Yehowa Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Ði Ðase Na Ŋkunɔwo
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
  • Ame Siwo Mekpɔa Nu O
    Nyɔ!—2015
  • Alesi Farisitɔwo Ðo Koŋ Gbe Edzi Xɔxɔ Se
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Farisitɔwo Bia Gbe Ŋutsu Si Nye Ŋkuagbãtɔ Tsã La
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
km 5/15 axa 2-3

Kpe Ðe Ŋkunɔwo Ŋu Be Woasrɔ̃ Nu Tso Yehowa Ŋu

1. Aleke Yesu ƒe dɔme trɔ ɖe ŋkunɔwo ŋu?

1 Ŋkeke ʋɛ aɖewo koe susɔ ne Yesu naku. Esi wòle dzodzom le Yeriko la, nubiala ŋkuagbãtɔ eve nɔ ɣli dom nɛ be: “Aƒetɔ . . . kpɔ nublanui na mí!” Togbɔ be Yesu nɔ dodokpɔ siwo me wòato kpuie la ŋu bum vevie hã la, eyɔ ŋutsuawo vɛ eye wòda dɔ na wo. (Mat. 20:29-34) Mɔ kawo nue míate ŋu asrɔ̃ ale si Yesu ƒe dɔme trɔ ɖe ŋkunɔawo ŋu le?

2. Aleke míawɔ aɖi ɖase na ŋkunɔ si míedo go le ablɔdzi?

2 Kpe Ðe Wo Ŋu: Ne èdo go ŋkunɔ aɖe le ablɔdzi la, te ɖe eŋu nàyɔ wò ŋkɔ nɛ, eye nàgblɔ nɛ be yedi be yeakpe ɖe eŋu. Esi amewo baa ame siawo ta la, maka ɖe dziwò gbã o. Gake ne èwɔ nu ɖe eŋu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe eye nètsɔ ɖe le eme nɛ vavã la, aɖe dzi ɖi. Nenɔ susu me na wò hã be ŋkuagbã ƒomevi vovovowoe li, eye esiae afia kpekpeɖeŋu si tɔgbi wòhiã. Ne èna kpekpeɖeŋu si wòhiã lae vɔ la, àte ŋu ana wòanya be míefiaa Biblia amewo. Gblɔ nɛ be yedi be yexlẽ ŋɔŋlɔ aɖe nɛ, abe Psalmo 146:8 alo Yesaya 35:5, 6 ene. Ne etea ŋu xlẽa ŋkunɔwo ƒe nuŋɔŋlɔ la, biae be adi be yeatsɔ ŋkunɔwo ƒe agbalẽ aɖewo siwo akpe ɖe eŋu wòasrɔ̃ Biblia vɛ nɛ mahã. Àte ŋu akpe ɖe eŋu wòawɔ agbalẽ siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi la ƒe kɔpiwo le jw.org. Eye ne kɔmpiutaɖoɖo si tea ŋu xlẽa nuwo le kɔmpiuta dzi nɛ lae le esi la, ke ate ŋu akpɔ dzidzɔ ɖe agbalẽwo hã kpakple nu bubu siwo nye RTF format siwo ƒe kɔpi wòate ŋu awɔ le jw.org la ŋu.—Kpɔ aɖaka si nye, “Ale Si Nàkpe Ðe Ŋkunɔwo Ŋu.”

3. Aleke míadi ŋkunɔwo le míaƒe anyigbamama me?

3 Di Ŋkunɔwo: Míedoa go ŋkunɔwo le tso aƒe me yi aƒe me dɔa me edziedzi o, elabena wo dometɔ geɖe medina be yewoaɖo dze kple ame siwo yewomedze si o. Eya ta ebia agbagbadzedze blibo be ‘míadi’ ŋkunɔwo ale be míaɖi ɖase na wo. (Mat. 10:11) Wò dɔwɔhati alo sukuhati aɖe nye ŋkunɔa? Te ɖe eŋu nàɖo dze kplii. Ne ŋkunɔwo ƒe suku le miaƒe anyigbamama me la, tsɔ míaƒe agbalẽ siwo wowɔ na ŋkunɔwo la ƒe ɖewo yi sukua ƒe agbalẽdzraɖoƒe. Ðe nènya ame aɖe si ƒe ƒometɔ nye ŋkunɔa? Ðe habɔbɔ siwo kpena ɖe ŋkunɔwo ŋu alo kpɔa aƒe siwo wotu na nuwɔametɔwo, siwo dome ŋkunɔwo le, la dometɔ aɖe le miaƒe anyigbamama mea? Ðe eme na ƒometɔ la, ame si wɔa dɔ le amedzroxɔƒea, alo teƒea dzi kpɔlaa be Yehowa Ðasefowo di vevie be yewoakpe ɖe ŋkunɔwo ŋu, eye nàgblɔ be yedi be yeatsɔ ŋkunɔwo ƒe agbalẽwo alo agbalẽ siwo woxlẽ lé ɖe CD dzi la avɛ na wo. Xlẽ ŋugbe si Mawu do be yeava da dɔ na ŋkuagbãtɔwo tegbee la le Biblia me nɛ. Ðewohĩ àdi be yeaɖe video si ƒe tanyae nye, “Without It, I Would Feel Lost,” si ku ɖe ŋkunɔ aɖe si ŋkunɔwo ƒe nuŋɔŋlɔ me Biblia ɖe vi na ŋu la hã afia ame siawo le jw.org. Ne èɖe susu si tae nèva wo gbɔ ɖo me na wo la, woate ŋu aɖe mɔ na wò be nàɖo dze kple ŋkunɔawo.

4. Nufiame kae le Janet ƒe nuteƒekpɔkpɔa me na mí?

4 Nɔvinyɔnu ŋkunɔ aɖe si woyɔna be Janet yi aƒe gã aɖe si me ŋkunɔwo hã le la me. Edze dzeɖoɖo gɔme kple ɖetugbui aɖe. Janet gblɔ nɛ be, “Yesu da dɔ na ŋkuagbãtɔwo tsɔ ɖee fia be yeava yɔ dɔ ŋkunɔwo katã le etsɔme.” Wodzro Nyaɖeɖefia 21:3, 4 me ɖekae, eye Janet ɖe ale si Mawu awɔ esia to eƒe Fiaɖuƒea dzi la me na ɖetugbuia. Ðetugbuia tɔ sẽe, eyome egblɔ be: “Medzɔ kpɔ be ŋkunɔ aɖe ɖe nya sia me nam wòwɔ dɔ ɖe dzinye alea gbegbe kpɔ o. Ame siwo kpɔa nu la dometɔ geɖe susunɛ be nu si ŋkunɔwo alo wo tɔgbuiwo wɔ va yi tae woƒe ŋku gbã ɖo.” Janet ɖo Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ƒe Internet kadodo ɖe nyɔnua to e-mail dzi, si nana wòsea emenyawo, eye fifia wole Biblia srɔ̃m zi eve le kwasiɖa me.

5. Togbɔ be mímate ŋu ayɔ dɔ ŋkuagbãtɔwo abe ale si Yesu wɔe ene o hã la, yayra kae asu mía si ne míetsɔa ɖe le eme na wo?

5 Ele eme be mímate ŋu ayɔ dɔ ŋkuagbãtɔwo abe ale si Yesu wɔe ene o, gake míate ŋu akpe ɖe ame siwo katã nuɖoanyi sia ƒe mawu gbã ŋku na woƒe tamesusu, siwo dome ŋkunɔ ŋutɔŋutɔwo hã le, la ŋu be woase Mawu ƒe Nya la me nyateƒea gɔme. (2 Kor. 4:4) Yesu da dɔ na ŋkunɔ evea le Yeriko gbɔ lɔƒo le esi “woƒe nu wɔ nublanui” nɛ ta. (Mat. 20:34) Ne míetsɔa ɖe le eme na ŋkunɔwo nenema la, mɔnukpɔkpɔ asu mía si be míakpe ɖe wo dometɔ aɖewo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu, elabe ava ɖe ŋkuagbã ɖa keŋkeŋ mlɔeba.

Ale Si Nàkpe Ðe Ŋkunɔwo Ŋu:

  • Ƒo nu nɛ tẽe, gake mèganɔ ɣli dom o. Ŋkunɔwo mekpɔa nu o, gake zi geɖe la, woƒe to ɖana.

  • Ne èle ŋkunɔ kplɔm la, xa abɔ, na wòalé wò abɔ le abɔklugui la tame tututu. Ne èle ŋgɔ nɛ vie la, ate ŋu akplɔ wò ɖo. Ne èkpɔ kpe si woɖo, ati, atrakpui, alo nane si wòate ŋu akli la le mɔa dzi la, ele vevie be nàna wòanya.

  • Zã nya siwo ku ɖe nukpɔkpɔ ŋu faa, abe “kpɔ” kpakple “kpɔ ɖa” ene. Ŋkunɔwo hã zãa nya mawo. Ŋkunɔwo wɔa woƒe sidzenu bubuawo ŋu dɔ tsɔ “kpɔa nui,” wokpɔa ale si nu si ŋu wole nu ƒom tsoe la anya nɔ la le susu me gɔ̃ hã.

  • Miɖo dze le teƒe si tomefafa le. Ŋkunɔwo mevona le wo ɖokui me le teƒe siwo ʋunyaʋunya le o, le esi wòsesẽna na wo be woanya nu si le dzɔdzɔm ta.

  • Ne èdi be yeatso vie ayi agbɔ la, gblɔe nɛ. Ale be ŋu nagakpee ne eva de dzesii be yele nu ƒom evɔ ame aɖeke mele afi ma hafi o.

  • Ne ŋkunɔ aɖe tsɔ ɖe le nya la me evɔ mele miaƒe anyigbamama me o la, kpe “Taflatsɛ Mitrɔ Yi Wo Gbɔ” (S-43) gbalẽvia ɖo, eye nàtsɔe ana miaƒe hamea ƒe agbalẽŋlɔla.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe