Woʋu Yi Puerto Rico
LE MAY 9, 1993 dzi la, Spaniagbegɔmeɖeƒe si ame 20 le la ʋu tso Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn, New York yi Gbetakpɔxɔ ƒe alɔdzedɔwɔƒe yeye si le Guaynabo, Puerto Rico. Nukatae woʋu ɖo? Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽŋlɔha si le dɔwɔƒegã la me tɔ siwo wode dɔ asi na dometɔ ɖeka ɖe nu me be: “Míekpɔe dze sii be nyagɔmeɖelawo wɔa dɔ nyuie wu ne wole afisi wodoa gbe si gɔme woɖea nya la ɖo gbesiagbe le la. Hekpe eŋu la, wote ŋu nɔa akasanu kple tɔtrɔ yeye siwo va gbegbɔgblɔ ma me. Wotia Puerto Rico wònye Spaniagbe dola siwo le xexeame katã ƒe teƒe vevi aɖe si sɔ.”
Woɖo Spaniagbegɔmeɖeƒe ɖe Brooklyn, New York, tso ƒe 1928 me eye wòwɔ akpa vevi aɖe le Fiaɖuƒegbedasia kaka me to kpekpeɖeŋunana le Biblia-srɔ̃gbalẽwo tata me na Spaniagbe dola siwo ade 350,000,000 le xexeame katã. Woɖe Gbetakpɔxɔ la gɔme zi gbãtɔ ɖe Spaniagbe me le ƒe 1917 me. Egbea wotaa Gbetakpɔxɔ 5,000,000 kloe kple Nyɔ! si de 3,000,000 kloe ɖe Spaniagbe me ɣleti sia ɣleti. Le ƒe ʋee siwo va yi me la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Spania hã na kpekpeɖeŋu vevi dɔ sia, vevietɔ le Nyɔ! magazine gɔmeɖeɖe me. Yehowa Ðasefo Spaniagbe dola 1,100,000 kple edzivɔe le xexeame, si nye Ðasefo siwo le xexeame katã ƒe xexlẽme bliboa ƒe akpa 25 le alafa me. Ʋuʋula akpe geɖe siwo le subɔsubɔm le dukɔ siwo me womedoa Spaniagbe le o, abe Australia, Germania, Sweden, kple United States ene, hã le xexlẽme sia me.
Viɖe bubu hã le ʋuʋu ayi xɔ yeye siwo lolo wu siwo le Puerto Rico la me. Enaa mɔnukpɔkpɔ gbegɔmeɖela kple nuŋɔŋlɔmevodadaɖɔɖola siwo tso dukɔ vovovowo abe Colombia, Meksiko, Puerto Rico, Spania, kple Venezuela ene me be woaƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka ale be woate ŋu ado Habɔbɔa ƒe agbalẽ siwo le Spaniagbe me ƒe nyonyo ɖe ŋgɔ wu le dukɔwo dome. Esia awɔe be woagblɔ Fiaɖuƒegbedasia eme nakɔ eye wòanye nyateƒea tututu na Spaniagbe dola siwo le xexeame katã. Míele mɔ kpɔm be Yehowa ayra ɖe ŋgɔyiyi yeye sia dzi.