INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 11/1 axa 19-22
  • Mekpɔ “Ame Ʋeewo” Wova Zu “Dukɔ Sesẽ”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mekpɔ “Ame Ʋeewo” Wova Zu “Dukɔ Sesẽ”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ le Arizona
  • Gilead Suku Kple Subɔsubɔdɔ Tɔxɛ
  • Meyi Cuba Gava Yi Puerto Rico
  • Míaƒe Aƒe le Dominican Republic
  • Fifia Wozu Dukɔ Sesẽ
  • Menaa Nu Kple Dzidzɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Fiaɖuƒea Didi Gbãgbiagbã—Agbenɔnɔmɔ Si Me Dedienɔnɔ Kple Dzidzɔ Le
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Nye Ŋku Kple Dzi Le Fetua Dzi Ɣesiaɣi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Yehowa Ƒe Mɔfiamewo Xɔxɔ Kple Dzidzɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 11/1 axa 19-22

Mekpɔ “Ame Ʋeewo” Wova Zu “Dukɔ Sesẽ”

ABE ALESI WILLIAM DINGMAN GBLƆE ENE

Ƒe 1936 mee; teƒea enye Salem, Oregon, U.S.A. Meyi Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe aɖe. Wobia nya sia be: “Afikae ameha gã la le?” (Nyaɖeɖefia 7:9) Nye koe nye ame yeye nɔ wo dome, eyata wo katã wofia asim gblɔ be, “Eyae nye ma!”

LE ƑE 1930 ƒeawo ƒe domedome la, ame ʋee aɖewo koe nɔ Yehowa Ðasefowo dome siwo si agbenɔnɔ le Paradiso me le anyigba dzi tegbee ƒe mɔkpɔkpɔ si le Biblia me la nɔ. (Psalmo 37:29; Luka 23:43) Nuwo trɔ ŋutɔ tso ɣemaɣi. Gake mina magblɔ nusiwo dzɔ do ŋgɔ na kpekpe ma yiyi le Salem, Oregon, la na mi.

Fofonye dɔa The Golden Age si nye alesi woyɔna na Nyɔ! magazinea tsã. Esime menye ƒewuivi la, wo xexlẽ dzɔa dzi nam eye meva kpɔe be Biblia me nyateƒe vevi ye le eme. Eyata gbeɖeka melã nudɔgbalẽvi si nɔ Golden Age aɖe ƒe akpa dzi ɖo ɖa. Nuxlẽla zãnɛ tsɔ biaa agbalẽvi 20, agbalẽgã ɖeka, kple Yehowa Ðasefowo ƒe hame si tsɔ ɖe egbɔ wu. Esi mexɔ agbalẽawo la, meyi tso aƒeme yi aƒeme eye mena agbalẽviawo katã kple agbalẽgã la hã.

Ame aɖeke mesrɔ̃ Biblia kplim ɣemaɣi o. Le nyateƒe me la, nyemeɖo dze kple Yehowa Ðasefo aɖeke kpɔ o. Gake fifia esi wofiam afisi Fiaɖuƒe Akpata si tsɔ ɖe gbɔnye wu le la, meku ʋu kilometa 40 yi Salem, Oregon, be mayi kpekpe aɖe. Afimae wofia asi nye ɖeka le be menye “ameha gã” la, esime mexɔ ƒe 18 ko.

Togbɔ be nyemedzra ɖo ɖe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu kura o hã la, medze gbeƒãɖeɖe gɔme kple Salem Hamea. Wode dzi ƒo nam be mana nya vevi etɔ̃ nanɔ nye ɖaseɖiɖi me. Gbã, be Yehowae nye Mawu; evelia, be Yesu Kristoe nye Fia si wòtia; eye etɔ̃lia, be Fiaɖuƒeae nye xexeame ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia. Medze agbagba be magblɔ gbedasi ma le ʋɔtru ɖesiaɖe nu.

Esi mede ha kple Yehowa Ðasefowo le Salem ƒe eve megbe la, mexɔ nyɔnyrɔ le April 3, 1938 dzi. Edzɔ dzi na nɔvi siwo nɔ Salem esi wokpɔ mí “ameha gã” la me tɔ geɖe míenɔ nyɔnyrɔ xɔm. Le February 1939 me la, mezu mɔɖela, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla. Le ƒe ma ke ƒe December me la, mexɔ amekpekpe aɖe be maʋu ayi Arizona, afisi Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe hiahiã lolo le wu.

Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ le Arizona

Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa nye nu yeye na amesiwo le Arizona, eye amewo mese nya geɖe gɔme le mía ŋuti o, eyata esime United States ge ɖe Xexemeʋa II me la, woti mía yome ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, esime menɔ subɔsubɔm le Stafford, Arizona, le ƒe 1942 me la, amewo nɔ gbɔgblɔm be Mormontɔwo le nuvlowɔha aɖe ɖom ɖe mía ŋu. Mía kple nye hati mɔɖelawo míenɔ afisi te ɖe Mormon-bisiɔp aɖe si dea bubu mía ŋu la ƒe aƒe gbɔ, amesi gblɔ be: “Ne dzo ɖe wòle Mormon-mawunyadɔgbedelawo me abe Ðasefowo ene la, ne Mormon Ha la akeke ta.” Eyata eƒo nu le sɔleme gblɔ be: “Mese amewo le gbɔgblɔm be woɖo nuvlowɔha ɖe ŋutsuvi Ðasefoawo ŋu. Nye aƒe te ɖe afisi ŋutsuvi mawo le ŋu, eye ne nuvlowɔha aɖe ava afima la, mada tu to kpɔa ta. Mawɔ tu ma ŋudɔ—menye ɖe Ðasefoawo ŋu o. Madae ɖe nuvlowɔha la me. Eyata ne miebe yewoaɖo nuvlowɔha la, ke ne mianya nusi le mia lalam.” Nuvlowɔha la meva kpɔ o.

Le ƒe etɔ̃ siwo metsɔ wɔ dɔ le Arizona me la, wolé mí de mɔ zi geɖe. Ɣeaɖeɣi wodem mɔ ŋkeke 30. Be míakpe akɔ kple kpovitɔwo ƒe fuɖename le míaƒe subɔsubɔdɔa me la, míeɖo ƒuƒoƒo si míeyɔ be dɔwɔla ablaɖelawo. Ðasefo si le enu la gblɔ na mí be: “Abe alesi míaƒe ŋkɔa fia ene la, nenemae míewɔa dɔe. Míedzea dɔ gɔme ŋdi ga atɔ̃ alo ga ade, míegblẽa trakt alo agbalẽvi ɖe ʋɔtru ɖesiaɖe nu, eye míewɔa kaba dzona le nutoa me.” Míaƒe “dɔwɔla ablaɖelawo” kpe Arizona-nutoa ƒe akpa gã aɖe ɖo. Gake wova dzudzɔ mlɔeba elabena gbeƒãɖemɔnu ma mena míete ŋu na kpekpeɖeŋu ɖetsɔlemetɔwo o.

Gilead Suku Kple Subɔsubɔdɔ Tɔxɛ

Le December 1942 me la, menɔ mɔɖela geɖe siwo le Arizona siwo xɔ lɛta be woava de dutanyanyuigblɔlawo ƒe suku yeye aɖe si Yehowa Ðasefowo di be yewoaɖo la dome. Woyɔ sukua gbã be Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Kɔledzi. Emegbe wotrɔ ŋkɔa wòzu Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku. Sukua nɔƒe te ɖe Ithaca-dugã la ŋu le New York ƒe dzigbe ɖaa si gbɔ didi kilometa 4,800 kloe tso mía gbɔ.

Esi míeɖi tsa yi Oregon ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, mí mɔɖela geɖe míeɖo Greyhound-bɔs aɖe hedzo le Arizona Dzogbenyigba xɔdzoa dzi le January 1943 me. Ŋkeke geɖe megbe la, míeva ɖo teƒea eye míekpɔ alesi sno dza le New York nutoa ƒe dzigbe le vuvɔŋɔlia me. Sukua dze egɔme le February 1, 1943 dzi, esime eƒe zimenɔla, Nathan H. Knorr, gblɔ le nuƒo si wòtsɔ ʋu enui si wòƒo na sukuvi alafa ɖeka la me be: “MENYE kɔledzi sia ƒe taɖodzinue nye be woadzra mi ɖo miazu subɔla siwo woɖo O. Subɔlawoe mienye xoxo eye miele subɔsubɔdɔa wɔm ƒe geɖe enye sia. . . . Taɖodzinu si ta koŋ mieva nu srɔ̃ ge le kɔledzi siae nye be woadzra mi ɖo be mianye subɔla siwo bi wu le anyigbamamã siwo me miayi me.”

Esi nyemede suku yi ŋgɔ boo o ta la, mebɔbɔ nam le Gilead le gɔmedzedzea me o. Gake nufialaawo se nu gɔme nam eye meva se vivi le nusɔsrɔ̃a me ŋutɔ. Míaƒe klass la wu suku nu esi míexɔ hehe deto ɣleti atɔ̃ megbe. Emegbe woɖo mía dometɔ ʋee aɖewo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn, New York, afisi míegaxɔ hehe be wòadzra mi ɖo míasubɔ le mɔzɔzɔdɔa me azu nutome sue dzikpɔlawo le. Dɔ gbãtɔ si wode asi nam ye nye Dzigbe kple Anyigbe Carolina.

Le ŋkeke mawo me la, nutome sue dzikpɔla tsoa teƒe ɖeka yia teƒe bubu gbesiagbe kloe. Míenɔa hame suewo gbɔ ŋkeke ɖeka alo ŋkeke eve ne hamea lolo. Hamewo ƒe akpa gãtɔ melolo ɣemaɣi o. Eyata ne menɔ wo gbɔ ŋkeke bliboa katã, eye zi geɖe menɔa ŋu wòsusɔna vie zã ga wuieve naƒo henɔa biabiawo ŋu ɖom megbe la, mefɔna ŋufɔke ga atɔ̃ me lɔƒo gazɔa mɔ yia hame bubu gbɔ. Mesubɔ le nutome sue dzikpɔdɔa me wòde ƒe ɖeka, eye emegbe mewɔ mɔɖeɖedɔa sẽ le Tennessee kple New York.

Meyi Cuba Gava Yi Puerto Rico

Le May 1945 me la, woɖom ɖe teƒe gbãtɔ si mewɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le kpe ɖe ame bubu geɖe ŋu, eye teƒea enye Cuba! Le zã si míeɖo Havana, si nye Cuba ƒe fiadu me la, míeyi ɖawɔ magazinedɔ. Míenɔ Havana vaseɖe esime míete ŋu kpɔ aƒe le Santa Clara. Gakpekpeɖeŋu si wonaa mía dometɔ ɖesiaɖe ɣleti sia ɣleti hena míaƒe nuhiahiãwo katã, si me nuɖuɖu kpakple xɔfetu hã le, enye $25. Míetsɔ nusiwo míete ŋu kpɔ wɔ abatiwo kple xɔmezikpuiwo eye míezã atɔtɔɖakawo wozu míaƒe aɖaka si me míedea nuwoe.

Le ƒe si kplɔe ɖo me la, wode nutome sue dzikpɔdɔ asi nam. Cuba katã nye nutome sue ɖeka ɣemaɣi. Esi nutome sue dzikpɔla si do ŋgɔ nam ƒe atawo didi eye azɔlizɔzɔ dzɔa dzi nɛ ta la, ɖe nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo nɔa du dzi le eyome. Edze ƒã be wobu be nenemae nye hã mele, eyata wowɔ ɖoɖowo katã ɖe nye sasrãkpɔa ŋu. Wo katã womeyi gbeadzi le ŋkeke ɖeka dzi o ke boŋ womã ɖe ƒuƒoƒowo me wɔ dɔ kplim ɖe wo nɔewo yome. Le ŋkeke gbãtɔa dzi la, ƒuƒoƒo ɖeka kplɔm yi anyigbamamã aɖe si gbɔ didi me; le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, ƒuƒoƒo bubu kplɔm yi anyigbamamã bubu si hã gbɔ didi, kple bubuwo me. Ðeɖi te ŋunye le sasrãkpɔa ƒe nuwuwu, gake evivi nunye. Meɖoa ŋku nu dodzidzɔnamewo dzi le hame ma me.

Kaka ƒe 1950 naɖo la, míekpɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo wu 7,000 le Cuba, si de sɔsɔ ge kple xexlẽme si wokpɔ le Mexico. Le ƒe ma ƒe July me la, mede Teokrasi Dzidziɖedzi dukɔwo dome takpekpe le Yankee Lãmesẽfefewɔƒe le New York City. Emegbe mexɔ dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe dɔdasi bubu heyi Puerto Rico. Dutanyanyuigblɔla yeye siwo nɔ Gilead ƒe klass 12 lia me tɔwo me dometɔ aɖewoe nye Estelle kple Thelma Weakley, amesiwo ɖo yameʋu kplim míeyi Puerto Rico.

Ƒe enyi megbe la, mía kple Estelle míeɖe mía nɔewo le srɔ̃kpekpe sue aɖe me le Bayamón, Puerto Rico, eye míewɔe le míaƒe nutome sue takpekpe ƒe ɖiɖiɖemeɣi le nuƒolanɔƒea. Do ŋgɔ na míaƒe srɔ̃ɖeɖe kple le emegbe siaa la, mesubɔ le nutome sue dzikpɔdɔa me. Mía kple Estelle míekpɔ dzidziɖedzi gãwo teƒe le ƒe ewo si míetsɔ nɔ Puerto Rico me—tso gbeƒãɖela siwo mede 500 o dzi va ɖo ame 2,000 kple edzivɔ dzi. Míete ŋu kpe ɖe ame geɖe ŋu woɖo adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ, eye míekpɔ gome le hame yeye geɖe ɖoɖo me.

Le December 1960 me la, Milton Henschel si tso Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn, New York, ɖi tsa va Puerto Rico eye wòƒo nu na dutanyanyuigblɔlawo. Ebia ne ame aɖewo atsɔ wo ɖokui ana axɔ dɔdasi bubu. Mía kple Estelle míenɔ amesiwo tsɔ wo ɖokui na me.

Míaƒe Aƒe le Dominican Republic

Míaƒe dɔdasi yeyea enye Dominican Republic, eye míeɖoe be míadzo le June 1, 1961 dzi. Le May 30 dzi la, wowu Dominic-dukɔa ƒe dzizizidziɖula, Rafael Trujillo, eye wote fli ɖe yameʋuɖoɖo ayi dukɔa me la me. Gake eteƒe medidi o yameʋuwo gate dɔwɔwɔ, eye míete ŋu ɖo yameʋu va Dominican Republic le June 1 dzi abe alesi míeɖoe ene.

Zi tɔ le dukɔa me esime míeva ɖo, eye asrafowo ƒe ŋku biã. Wovɔ̃ be dunyahehe me tɔtrɔ kpata aɖe ava, eye asrafowo nɔ amesiame ƒe agba me kam le mɔ dzi. Wotɔ mí le agbamekaƒe geɖe, eye woka míaƒe agbawo me le teƒe ɖesiaɖe. Woɖe míaƒe akplo gãwo ka wo me, eye woka nu suetɔ kekeake gɔ̃ hã me. Emae nye nu gbãtɔ si teƒe míekpɔ le Dominican Republic.

Míenɔ Santo Domingo si nye fiadua me kwasiɖa geɖe hafi yi teƒe gbãtɔ si wode asi na mí si nye La Romana. Le Trujillo ƒe dzizizidziɖuɣi la, wogblɔ na amewo be Yehowa Ðasefowo nye Kɔmiunisttɔwo eye woawoe nye ame vɔ̃ɖitɔwo kekeake. Esia na woti Ðasefowo yome vevie. Gake vivivi la, míete ŋu ɖe nazãbubua ɖa.

Esi míewɔ dɔ le La Romana ɣeyiɣi kpui aɖe la, míegasubɔ le nutome sue dzikpɔdɔa me. Emegbe le ƒe 1964 me la, wode dɔ asi na mí míezu dutanyanyuigblɔlawo le Santiago-dugã la me. Wowɔ dunyahehe me tɔtrɔ kpata aɖe le Dominican Republic le ƒe si kplɔe ɖo me, eye zi gatɔ le dukɔa me ake. Le dzrewɔɣi ma me la, woɖe mí yi San Francisco de Macorís, du si xɔ ŋkɔ le dunyahehe me zazɛ̃nyahehe me. Gake míeɖe gbeƒã faa kplamatsedodo aɖeke manɔmee. Míeɖo hame yeye gɔ̃ hã togbɔ be dunyahehe me tɔtɔ nɔ anyi hã. Le ƒe siwo kplɔe ɖo katã me la, wotrɔ dɔdasiwo na mí zi geɖe vaseɖe esime wogbugbɔ de dɔ asi na mí le Santiago, afisi míele fifia.

Míekpɔ alesi Yehowa yra ɖe dɔa dzi le Dominican Republic wòdze ƒã la dze sii. Esime míeva ɖo le ƒe 1961 me la, Ðasefo siwo nɔ anyi la anɔ 600 eye hamewo nɔ 20. Fifia gbeƒãɖela siwo de 20,000 kloe ye le gbeƒã ɖem Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia le hame siwo wu 300 me. Míekpɔ mɔ be dzidziɖedzi bubu agava, abe alesi wòdze le ame 69,908 siwo de Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le ƒe 1996 me ene. Ade gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme teƒe etɔ̃ kple afã sɔŋ!

Fifia Wozu Dukɔ Sesẽ

Togbɔ be xexeame ƒe nɔnɔmewo yi edzi le tɔtrɔm hã la, Biblia ƒe gbedasi si Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒãe ya metrɔ o. (Korintotɔwo I, 7:31) Yehowa kpɔtɔ nye Mawu, Kristo kpɔtɔ nye Fia, eye edze ƒã fifia be Fiaɖuƒea enye xexeame ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia wu tsã.

Le ɣeyiɣi ma ke me la, tɔtrɔ wɔnukuwo va le Yehowa ƒe amewo dome tso esime mede kpekpe ma le Salem, Oregon, anɔ ƒe 60 enye si va yi. Ameha gã la va sɔ gbɔ ɖe edzi nyateƒe, eye woƒe xexlẽme wu miliɔn atɔ̃. Ðeko wòle abe alesi Yehowa gblɔe ɖi le eƒe amewo ŋu ene be: “Ame suewo azu akpe, eye ame ʋeewo azu dukɔ sesẽ. Nye Yehowa, nye asi matsɔ awɔe le ewɔɣi.”—Yesaya 60:22.

Le ƒe 60 kloe si metsɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa megbe la, evivi nam be mele dzidzɔ kpɔm esi meyi edzi le gbeƒã ɖem le nu fiam le nye dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe dɔdasia me. Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye si wònye nam be mekpɔ gome le dɔ ma wɔwɔ me eye be mekpɔ “ame ʋeewo” wova zu “dukɔ sesẽ”!

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Mía kple srɔ̃nye, le Dominican Republic

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe