INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 8/1 axa 21-25
  • Nye Ŋku Kple Dzi Le Fetua Dzi Ɣesiaɣi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nye Ŋku Kple Dzi Le Fetua Dzi Ɣesiaɣi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔ
  • Míeyi Míaƒe Dadasi Wɔƒe
  • Dɔdasi Yeyewo
  • Metrɔ Yi United States
  • Megayi Gilead Suku Ake
  • Woɖo Mí Ðe Argentina
  • Míegatrɔ Yi United States Ake
  • Fiaɖuƒea Didi Gbãgbiagbã—Agbenɔnɔmɔ Si Me Dedienɔnɔ Kple Dzidzɔ Le
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Meɖoe Kplikpaa Be Mayi Edzi Asubɔ Wɔnyela
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Mía Dzilawo Fia Mí Be Míalɔ̃ Mawu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Dzinyelawo Ƒe Afɔtoƒewo Yomedzedze
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 8/1 axa 21-25

Nye Ŋku Kple Dzi Le Fetua Dzi Ɣesiaɣi

ABE ALESI EDITH MICHAEL GBLƆE ENE

Le ƒe 1930-awo ƒe gɔmedzedze la, míenɔ St. Louis, Missouri, U.S.A., ƒe gbɔto esime Yehowa Ðasefo aɖe va aƒea me. Ɣemaɣi tututue ka si dzi Dada nyã awu sia ɖo la tso eye eƒe awu ɣi siwo fu tititi la ge dze ba me. Exɔ agbalẽ siwo nyɔnua tsɔ nɛ kple susu be wòadzo, eye wòda wo ɖe agbalẽti dzi heɖe susu ɖa le wo ŋu.

GANYAWO sẽ ɣemaɣi, eye woɖe asi le Papa ŋu le dɔme. Gbeɖeka ebia be woadi agbalẽ aɖe le aƒea me na ye yeaxlẽ. Dada gblɔ agbalẽawo ŋu nya nɛ. Edze exexlẽ gɔme, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, egblɔ be: “Dada, nyateƒeae nye esia!”

Eɖo ŋu nɛ be: “Oo, subɔsubɔha aɖe si le ga dim abe bubuawo ke ene koe.” Gake Papa gblɔ nɛ be wòanɔ anyi axlẽ mawunyakpukpuiawo kpli ye. Esi wòxlẽ wo la, eya hã va xɔ edzi se. Emegbe wodze Ðasefoawo didi gɔme, eye wova kpɔe be wokpena le akpata aɖe si wohaya le afisi te ɖe St. Louis titina ŋu me, wònye akpata si wozãna na ɣeɖuɖu kple wɔna bubuwo hã.

Papa kple Dada kplɔm yii—mexɔ abe ƒe etɔ̃ ene ɣemaɣi—eye míeke ɖe akpata la ŋu, gake wonɔ ezãm na ɣeɖuɖu. Papa bia ɣeyiɣi si wowɔa nusɔsrɔ̃ le eme, eye emegbe míegatrɔ yi. Míedze kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia-nusrɔ̃ƒe hã dede gɔme le afisi te ɖe míaƒe aƒea ŋu. Wonɔ nua srɔ̃m le nyɔnu si va míagbɔ zi gbãtɔ la ƒeme. Nyɔnua bia be: “Nukata mèkplɔ viwòŋutsuwo hã vɛ o?” Ekpe ŋu na Dada be wòagblɔ be afɔkpa aɖeke menɔ wo si o. Esi wògblɔe mlɔeba la, wona afɔkpawoe, eye nɔvinyeŋutsuwo hã dze kpekpea dede gɔme kpli mí.

Wona anyigbamamã Dada le míaƒe nutoa me be wòaɖe gbeƒã le eme eye wòdze aƒeme yi aƒeme gbeƒãɖeɖedɔa gɔme. Meyina kplii, henɔa bebem ɖe emegbe. Vaseɖe esime wòsrɔ̃ ʋukuku la, míezɔna wua kilometa ɖeka yia bɔs-ɖoƒe hafi dea kpekpeawo le St. Louis. Ne tsi alo sno le dzadzam gɔ hã la, kpekpeawo metoa mía ŋu gbeɖe o.

Dada kple Papa xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1934 me. Nye hã medi be woanyrɔm, eyata meɖe fu na Dada ʋuu vaseɖe esime wògblɔ na Ðasefo tsitsi aɖe be wòaƒo nu kplim tso eŋu. Ebia nya geɖem le alesi mate ŋu ase egɔmee nu. Emegbe egblɔ na dzinyelawo be mele be woaxe mɔ ɖe nye nyɔnyrɔxɔxɔ nu o; ate ŋu agblẽ nu le nye tsitsi le gbɔgbɔ me ŋu. Eyata mexɔ nyɔnyrɔ le dzomeŋɔli si kplɔe ɖo me, esime mexɔ ƒe ade ko.

Agbalẽ si melɔ̃ vevie enye Home and Happiness, si metsɔna ɖe asi ɣesiaɣi, eye medanɛ ɖe nye suɖi te gɔ̃ hã hafi mlɔa anyi. Meɖea kuku na Dada enuenu be wòaxlẽe nam vaseɖe esime emenyawo katã tsi susu me nam. Nyɔnuvi sue aɖe si le fefem kple dzata le Paradiso me ƒe nɔnɔmetata le agbalẽa ƒe akpa dzi. Megblɔna be nyee nye nyɔnuvi sue ma. Nɔnɔmetata ma kpe ɖe ŋunye be nye ŋku nɔ agbenɔnɔ le Mawu ƒe xexeme yeye ƒe fetua dzi.

Ŋu kpeam ŋutɔ, gake togbɔ be nye dzi nɔa tsotsom hã lã, meɖoa nya ŋu ɣesiaɣi le hame ƒe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a me.

Nublanuitɔe la, Papa vɔ̃ be dɔ ava ge le ye si, eyata edzudzɔ hadede kple Ðasefowo. Nɔvinyeŋutsuwo hã dzudzɔ.

Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔ

Dada na mɔɖelawo, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo tɔa woƒe ʋu ɖe míaƒe aƒea godo, eye ne mekpã tso suku la, mekpena ɖe wo ŋu le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Medidi o nye hã medi be mawɔ mɔɖeɖedɔa, gake Papa gbe, kple susu be ele be made suku yi ŋgɔ. Dada ƒo nu nɛ be wòaɖe mɔ nam mawɔ mɔɖeɖedɔa eye wòlɔ̃ ɖe edzi mlɔeba. Eyata le June 1943 me la, medze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme esime mexɔ ƒe 14. Medi dɔ ɣeyiɣi kpui aɖe, eye ɣeaɖewoɣi mewɔnɛ ɣeyiɣi didi, be makpe asi ɖe aƒemegazazãwo ŋu. Gake mete ŋu ɖoa gaƒoƒo 150 ɣleti sia ɣleti ƒe taɖodzinua gbɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me.

Emegbe mekpɔ zɔhɛ le mɔɖeɖedɔa me, Dorothy Craden, si dze mɔɖeɖedɔa gɔme le January 1943 me, esime wòxɔ ƒe 17. Katolikotɔ akuakuae wònye tsã, gake exɔ nyɔnyrɔ le Biblia sɔsrɔ̃ ɣleti ade megbe. Mekpɔ dzideƒo kple ŋusẽdoame tso egbɔ ƒe geɖe, eye nenemae eya hã kpɔe tso gbɔnye. Míenɔ kplikplikpli wu dadaviwo gɔ̃ hã.

Míewɔ mɔɖeɖedɔa ɖekae tso ƒe 1945 me le Missouri ƒe du sue siwo me hame aɖeke menɔ o la me. Míedzra akpata aɖe me ɖo na kpekpewo wɔwɔ le Bowling Green; Dada va kpe asi ɖe mía ŋu. Emegbe míetsa le aƒewo katã me le dua me kwasiɖa ɖesiaɖe kpe amewo be woava se dutoƒonuƒo si ŋu míewɔ ɖoɖo le be nɔviŋutsu siwo tso St. Louis nava ƒo. Ame 40 vaseɖe 50 vaa kpekpeawo kwasiɖa ɖesiaɖe. Emegbe míewɔe nenema ke le Louisiana, afisi míehaya Mason-habɔbɔ ƒe gbedoxɔ le. Be míakpɔ ga axe xɔfea la, míeda nudzɔɖakawo ɖi, eye míete ŋu kpɔa ga xea feawo kwasiɖa sia kwasiɖa.

Emegbe míeyi Mexico, Missouri, eye míehaya fiase aɖe si nɔ mɔ to. Míedzra eme ɖo na hame sue si le afima be woazã. Míenɔ xɔ siwo kpe ɖe fiasea ŋu me. Míewɔ ɖoɖo be woava ƒo dutoƒonuƒowo le Mexico hã. Eyome míeyi nutoa ƒe dugã si nye Jefferson City me, afisi míeɖo dze kple dumegãwo le woƒe dɔwɔƒewo le dɔwɔŋkeke ɖesiaɖe ƒe ŋdi me. Míenɔ Stella Willie gbɔ le xɔdzisasrã si nɔ Fiaɖuƒe Akpata tame la me, eye míetsɔe abe mía dada ene.

Tso afima mí ame etɔ̃awo míeyi du siwo nye Festus kple Crystal City, siwo te ɖe wo nɔewo ŋu me. Míenɔ xɔ aɖe si me wonyi koklowo le tsã me le ƒome aɖe si nye ɖetsɔlemetɔwo ƒe aƒe godo. Esi ŋutsu aɖeke menɔ anyi si xɔ nyɔnyrɔ o ta la, míawoe kpɔa nusɔsrɔ̃awo katã dzi. Míedzra atsyɔ̃ɖomiwo wònye ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe dɔ si míewɔna. Ŋutilãmenuwo menɔ mía si boo o. Le nyateƒe me la, ga menɔ mía si míatsɔ adzra míaƒe afɔkpa siwo gɔme nyi wòɖe do la ɖo o, eyata míelãa pepaɖaka dea wo me ŋdi ɖesiaɖe eye mía dometɔ ɖesiaɖe nyãa awu ɖekɛ si le esi la le zã me.

Le ƒe 1948 ƒe gɔmedzedze esi mexɔ ƒe 19 la, wokpe mía kple Dorothy be míava de Gbetakpɔxɔ Gilead Biblia Suku ƒe klass 12 lia azu dutanyanyuigblɔlawo. Le ɣleti atɔ̃ ƒe hehexɔxɔa megbe la, mí sukuvi alafa ɖeka la do le suku le February 6, 1949 dzi. Enye dzidzɔkpɔɣi manyagblɔ aɖe. Dzinyelawo ʋu yi California, eye Dada zɔ mɔ tso keke afima va kpɔ eteƒe.

Míeyi Míaƒe Dadasi Wɔƒe

Woɖo sukunuwula 28 ɖe Italia—ame ade, siwo dome mía kple Dorothy nɔ, yi Milan-dugã la me. Le March 4, 1949 dzi la, míedze mɔ tso New York heɖo Italiatɔwo ƒe tɔdziʋu si nye Vulcania. Mɔzɔzɔa xɔ ŋkeke 11, eye atsiaƒu dzeagboa wɔe be mía dometɔ akpa gãtɔ dze dɔ. Nɔviŋutsu Benanti va kpe mí le Genoa-tɔdziʋudzeƒe eye wòna míeɖo keteke yi Milan.

Esi míeɖo dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒeme le Milan la, míekpɔ seƒoƒo aɖewo siwo nyɔnuvi sue Italiatɔ aɖe wɔ da ɖe xɔ me na mía dometɔ ɖesiaɖe. Ƒe geɖe megbe la, nyɔnuvi sia si ŋkɔe nye Maria Merafina, de Gilead, trɔ gbɔ va Italia, eye mía kplii míewɔ dɔ le dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒea me ɖekae!

Esi míeɖo Milan ƒe ŋufɔke la, míedo mo ɖa to míaƒe tsileƒe ƒe fesre nu. Aƒe gã aɖe si woda bɔmb tsɔ kakae la nɔ mɔdodoa ƒe akpa kemɛ le míaƒe aƒea godo. Esi Xexemeʋa II wu enu le ƒe 1945 me la, Amerika-yameʋu aɖe da bɔmb le manyamanya me wòwu ƒome 80 siwo katã nɔ afima. Ɣebubuɣi le aʋa la wɔwɔ me la, bɔmb aɖe si woda ɖo ɖe dɔwɔƒe aɖe la da ƒu wòva dze suku aɖe dzi hewu ɖevi 500. Esiawo wɔe be ameawo melɔ̃a Amerikatɔwo ƒe nya o.

Aʋawɔwɔ va ti amewo. Ame geɖe gblɔ be ne aʋa bubu gadzɔ la, yewomasi ava be ɖe xɔ siwo wotu be bɔmb mate ŋu akaka o la me o ke yewoanɔ aƒeme aʋu gas wòawu yewo boŋ. Míena kakaɖedzi wo be menye United States dukɔa alo amegbetɔ ƒe dziɖuɖu aɖeke teƒee míele o, ke Mawu ƒe Fiaɖuƒe, si aɖe aʋawɔwɔ kple fukpekpe siwo katã tsoa eme ɖa la teƒee míele.

Le dugã si nye Milan me la, hame ɖekɛ si me amesiwo ade 20 nɔ la kpea ta le dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒeme. Womemã anyigba la na gbeƒãɖeɖe le eme haɖe o, eyata míedze gbeƒãɖeɖe gɔme le aƒe gã aɖe me. Le ʋɔtru gbãtɔ nu la, míedo go Aƒetɔ Giandinotti si di be yesrɔ̃ nadzo le eƒe sɔlemeha me, eyata exɔ míaƒe agbalẽ ɖeka. Aƒenɔ Giandinotti nye nyɔnu anukwaretɔ aɖe, eye biabia geɖe nɔ esi. Egblɔ be: “Adzɔ dzi nam ŋutɔ ne miesrɔ̃ Italiagbe, ale be miate ŋu afia Biblia lam.”

Woƒe xɔa kɔkɔ eye elektrik-kaɖia nu mesẽ o, eyata nyɔnua tsɔa eƒe zikpui dana ɖe kplɔ̃ dzi le zã me be wòate ɖe kaɖia ŋu axlẽ Biblia. Ebia be: “Ne mele Biblia srɔ̃m kpli mi la, ɖe mate ŋu aganɔ sɔleme dema?” Míegblɔ nɛ be eya ŋutɔ ƒe nyametsotsoe nye ma. Edea sɔleme le Kwasiɖagbe ŋdiwo eye wòvaa míaƒe kpekpewo le ɣetrɔ me. Gbeɖeka egblɔ be, “Nyemegale sɔleme yi ge azɔ o.”

Míebia be: “Nukata?”

“Elabena womele Biblia fiam o, eye meke ɖe nyateƒea ŋu to Biblia si srɔ̃m miele kplim me.” Exɔ nyɔnyrɔ eye wòsrɔ̃ nu kple nyɔnu geɖe siwo dea sɔleme gbesiagbe. Emegbe egblɔ na mí be ne ɖe míegblɔ na ye be yemegayi sɔleme o la, anye ne yedzudzɔ nua sɔsrɔ̃ eye ɖewohĩ nyateƒea masu ye si gbeɖe o.

Dɔdasi Yeyewo

Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, wode dɔ asi na mía kple Dorothy kpakple dutanyanyuigblɔla ene bubuwo le Italia ƒe dugã si nye Trieste si Britania kple Amerika srafowo xɔ ɣemaɣi la me. Ðasefo abe ewo ene koe nɔ anyi ɣemaɣi, gake woƒe xexlẽme va dzi ɖe edzi. Míeɖe gbeƒã le Trieste ƒe etɔ̃, eye esime míadzo la, Fiaɖuƒegbeƒãɖela 40 ye nɔ anyi, siwo dometɔ 10 nye mɔɖelawo.

Dugã si me wogade dɔ asi na mí le enye Verona, afisi hame aɖeke menɔ o. Gake esi sɔlemeha la ƒo nya ɖe dumegãwo nu la, eva hiã be míadzo. Wode dɔ asi na mía kple Dorothy le Rome. Míehaya xɔ aɖe si me wodzra ɖo nyuie, eye míewɔ dɔ le anyigbamamã si te ɖe Vatican ŋu me. Esi míenɔ afimae Dorothy yi Lebanon eye woa kple John Chimiklis woɖe wo nɔewo. Mía kplii míenɔ anyi ƒe 12 sɔŋ, eye mesusui vevie.

Woʋu dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe yeye aɖe nu le Rome ƒe akpa bubu le mɔdodo si woyɔna be New Appian Way to le ƒe 1955 me. Ame ene siwo nɔ aƒea me dometɔ ɖekae nye Maria Merafina, nyɔnuvi si da seƒoƒowo ɖe míaƒe xɔ me le zã si me míeva ɖo Milan. Woɖo hame yeye ɖe dugã la ƒe akpa sia. Le dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le dzomeŋɔli ma me le Rome megbe la, mɔnukpɔkpɔ su asinye mede takpekpe le Nuremberg, Germania. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye esi medo go amesiwo do dzi le Hitler ƒe dziɖuɖu te la!

Metrɔ Yi United States

Lãmegbegblẽ na metrɔ yi United States le ƒe 1956 me be magbɔ ɖe eme vie. Gake nyemeɖe ŋku ɖa le Yehowa subɔsubɔ fifia kple yi ɖe mavɔmavɔ me ƒe fetua dzi o. Meɖoe be magatrɔ ayi Italia. Gake medo go Orville Michael, amesi subɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe gã si le Brooklyn, New York. Míeɖe mía nɔewo le ƒe 1958 me esi wowɔ dukɔwo dome takpekpe le New York City vɔ megbe.

Emegbe kpuie míeʋu yi Front Royal, Virginia, eye míesubɔ kple hame sue aɖe. Míenɔ xɔ sue aɖe si nɔ Fiaɖuƒe Akpata la megbe me. Mlɔeba le March 1960 me la, eva hiã be míagbugbɔ ayi Brooklyn adi dɔ awɔ be míate ŋu axe míaƒe fewo. Miewɔa dɔ zã me le gadzraɖoƒe vovovowo ale be míate ŋu ayi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi.

Esi míenɔ Brooklyn la, fofonye ku, eye lãmetutudɔ dze srɔ̃nye dada hã dzi. Eyata míeɖoe be míagaʋu ayi Oregon be míate ɖe mía dadawo ŋu. Mí ame evea siaa kpɔ ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe dɔwɔɖui eye míeyi mɔɖeɖedɔa dzi le afima. Le ƒe 1964 ƒe kele me la, mía kple mía dadawo zɔ mɔ legbee de Watch Tower Bible and Tract Society ƒe ƒe sia ƒe takpekpe le Pittsburgh, Pennsylvania.

Esi míeɖi tsa yi Rhode Ƒukpo dzi la, nutome sue dzi kpɔla Arlen Meier, kple srɔ̃a de dzi ƒo na mí be míayi nutoa ƒe dugã si nye Providence me, afisi Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le wu. Mía dadawo de dzi ƒo na mí be míaxɔ dɔdasi yeyea, eyata esi míetrɔ yi Oregon la, míedzra míaƒe xɔmenuwo dometɔ akpa gãtɔ eye míedze mɔ.

Megayi Gilead Suku Ake

Míede takpekpe aɖe le Yankee Stadium le ƒe 1965 ƒe dzomeŋɔli me. Míeŋlɔ ŋkɔ le afima be míenye srɔ̃tɔwo eye míedi be míade Gilead Sukua. Ewɔ nuku na mí esi míexɔ mɔbiagbalẽviwo le ɣleti ɖeka megbe, eye ele be míakpee ɖo aɖoe ɖa hafi ŋkeke 30 nava yi. Esi Dada ƒe lãme menɔ kɔkɔm o ta la, nyemedi be mayi didiƒe o. Gake ede dzi ƒo nam be: “Kpe agbalẽvi mawo ɖo. Ènya be ele be yeaxɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe si Yehowa aʋu ɖi na wò!”

Emae na meɖe dzi ɖi. Míekpe agbalẽviawo ɖo heɖo wo ɖa. Ewɔ nuku na mí ale gbegbe esi míexɔ amekpegbalẽ be míava klass 42 lia, si dze egɔme le April 25, 1966 dzi! Ɣemaɣi woɖe Gilead Sukua yi Brooklyn, New York. Hafi ɣleti atɔ̃ nava yi la, mí ame 106 do le suku le September 11, 1966 dzi.

Woɖo Mí Ðe Argentina

Le sukunuwuwu ƒe ŋkeke eve megbe la, míeɖo Perutɔwo ƒe Yameʋu hedze mɔ yi Argentina. Esi míeɖo Buenos Aires la, alɔdzedɔwɔƒea dzi kpɔla Charles Eisenhower va do go mí le yameʋudzeƒea. Ekpe ɖe mía ŋu le agbalẽviwo wɔwɔ me eye wòkplɔ mí yi alɔdzedɔwɔƒea. Ŋkeke ɖekae nɔ mía si be míaɖe míaƒe agbawo ahadzra nuwo ɖo le xɔa me; eyome míedze Spaniagbe sɔsrɔ̃ gɔme. Míesrɔ̃ Spaniagbe gaƒoƒo 11 gbesiagbe le ɣleti gbãtɔa me. Le ɣleti evelia me la, míesrɔ̃ gbea gaƒoƒo ene gbesiagbe eye míedze gbeadzisubɔsubɔdɔa gɔme.

Míenɔ Buenos Aires ɣleti atɔ̃ eye wode dɔ asi na mí le Rosario, dugã si le dziehe gome si ƒe keteke mɔzɔzɔ xɔa gaƒoƒo ene. Esi míesubɔ le afima ɣleti 15 megbe la, woɖo mí ɖe dziehe gome ɖaa yi Santiago del Estero si nye gbegbenyigba xɔdzo aɖe. Danye ku le January 1973 me, esi míenɔ afima. Ƒe ene enye ma va yi nyemegakpɔe kpɔ o. Nusi kpe ɖe ŋunye meɖu nye nuxaxa dzie nye tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔ sẽŋu si le mía si kple sidzedzee be menɔ subɔsubɔm le afisi Dada lɔ̃ be masubɔ le.—Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15.

Amesiwo le Santiago del Estero ɖea xɔlɔ̃wɔwɔ fiana, eye Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔme dzedze nɔ bɔbɔe. Esi míeyi afima le ƒe 1968 me la, ame abe 20 alo 30 ene koe dea kpekpeawo, gake le ƒe enyi megbe la, amesiwo wu 100 ye nɔ míaƒe hamea me. Hekpe ɖe eŋu la, woɖo hame yeye eve siwo me gbeƒãɖela 25 vaseɖe 50 le ɖe du siwo te ɖe afima ŋu me.

Míegatrɔ Yi United States Ake

Le lãmegbegblẽ ta la, wogbugbɔ de dɔ asi na mí le United States le ƒe 1976 me míenye mɔɖela veviwo—le Fayetteville, Dziehe Carolina. Spaniagbedola geɖe nɔ afima siwo tso Titina kple Anyiehe Amerika, Dominican Republic, Puerto Rico, kple Spania gɔ̃ hã. Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe nɔ mía si, eye medidi o míeɖo Spaniagbe hame. Míenɔ afima ade ƒe enyi sɔŋ.

Gake eva hiã be míate ɖe lɔ̃xonye, amesi tsi eye wògbɔdzɔ ŋu. Enɔ Portland, Oregon, eyata míexɔ dɔdasi yeye le Spaniagbe hame si le Vancouver, Washington, si medidi boo tso Portland gbɔ o la me. Hame sue wònye esi míeyi le December 1983 me, gake ame yeye geɖe le vavam.

Vaseɖe June 1996 me la, mewɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe 53, eye vaseɖe January 1, 1996 dzi la, srɔ̃nye wɔe ƒe 55. Le ƒe gbogbo siawo me la, mɔnukpɔkpɔ su asinye mekpe ɖe ame alafa geɖe ŋu be Mawu ƒe Nya ƒe nyateƒea ŋuti sidzedze su wo si eye wotsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa. Amesiawo dometɔ geɖe nye hamemegãwo kple ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo fifia.

Ɣeaɖewoɣi wobiaam be meveam be nyemedzi vi o hã. Nyateƒeae nye be, Yehowa na viwo kple mamayɔvi geɖem le gbɔgbɔ me. Ẽ, gɔmesese kple viɖe geɖe le nye agbe ŋu le Yehowa subɔsubɔ me. Metsɔa ɖokuinye sɔna kple Yefta vinyɔnu si nɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ me le eƒe agbemeŋkekewo katã me eye medzi vi kpɔ o le subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ gã si su esi ta.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:38-40.

Mekpɔtɔ ɖoa ŋku esime menɔ adzɔgbe ɖem na Yehowa esi menye ɖevi sue la dzi. Paradiso ƒe nɔnɔmetata la kpɔtɔ le susu me nam fifia abe alesi wònɔ ɣemaɣi ene. Nye ŋku kple dzi kpɔtɔ le agbe mavɔ nɔnɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me ƒe fetua dzi vevie. Ẽ, enye nye didi vevie be masubɔ Yehowa, menye ƒe 50 aɖe ko o, ke yi ɖe mavɔmavɔ me—le eƒe Fiaɖuƒedziɖuɖu te.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Dorothy Craden, si da asi ɖe kɔme nam, kpakple mía hati mɔɖelawo le ƒe 1943 me

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Mía kple hatinye dutanyanyuigblɔlawo le Rome, Italia, le ƒe 1953 me

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mía kple srɔ̃nye

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe