Mía Dzilawo Fia Mí Be Míalɔ̃ Mawu
ABE ALESI ELIZABETH TRACY GBLƆE ENE
Ŋutsu siwo tsɔ tu nɔ ŋgɔ na nuvlowɔha si tso ɖe mía ŋu do ŋgɔ le ŋkekea me la va he Papa kple Dada do goe le ʋua me. Wogblẽ mía kple nɔvinyenyɔnua ɖeɖe ɖe megbezikpuiawo me le ʋua me, eye míenya ne míagakpɔ mía dzilawo ake o. Nukae na nya ɖivɔvɔ̃ sia dzɔ le Selma gbɔ lɔƒo le Alabama, U.S.A., le ƒe 1941 me? Eye aleke nusiwo mía dzilawo fia mí la do ƒome kplii?
FOFONYE, Dewey Fountain, ƒe ƒometɔ aɖee nyii le agblekɔƒe aɖe me le Texas esi edzilawo ku le egbɔ le ɖevime. Emegbe eyi ɖawɔ dɔ le amikuƒe aɖe. Le ƒe 1922 me, esi wòxɔ ƒe 23 la, eɖe Winnie si nye Texas-ɖetugbi dzetugbee aɖe, eye wòte ɖoɖo wɔwɔ be yeanɔ teƒe ɖeka adzi vi.
Etu xɔ ɖe ave-nuto siwo le Texas ƒe ɣedzeƒe gome si te ɖe du sue si nye Garrison ŋu. Ede nuku vovovo ƒe agble, eye ede ɖetifu kple bli gblewo hã. Enyi lã ƒomevi vovovo hã. Wova dzi mí ɖeviawo le ɣeyiɣi aɖe megbe—wodzi Dewey suetɔ le May 1924 me, Edwena le December 1925 me, eye wodzi nye hã le June 1929 me.
Biblia me Nyateƒea Sɔsrɔ̃
Esi Papa kple Dada nɔ Kristo ƒe Sɔlemeha me ta la, wobu be yewose Biblia gɔme. Gake le ƒe 1932 me la, G. W. Cook va tsɔ agbalẽ siwo nye Deliverance kple Government si Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ta la na Papa nɔviŋutsu Monroe Fountain. Esi Monroe di vevie be yeagblɔ nusi srɔ̃m wònɔ na dzinyelawo ta la, evaa mía gbɔ le ŋdinuɖuɣiwo va xlẽa Gbetakpɔxɔ me nyati ɖeka eye emegbe egblẽa magazinea ɖi “le manyamanya me.” Emegbe Papa kple Dada tsɔnɛ xlẽna.
Kwasiɖagbe ŋdi aɖe la, Tɔgã Monroe kpe Papa be yewoayi aƒelika aɖe ƒeme hena Biblia-nusɔsrɔ̃. Eka ɖe edzi nɛ be Aƒetɔ Cook ate ŋu aɖo eƒe biabiawo katã ŋu nɛ tso Biblia me. Esi Papa gbɔ tso nua srɔ̃ƒe la, etsɔ dzidzɔ gblɔ na ƒomea be: “Woɖo nye biabiawo katã ŋu nam eye megase nya bubuwo kpee! Mesusu be menya nusianu, gake esi Aƒetɔ Cook te nuwo me ɖeɖe ku ɖe dzomavɔ, luʋɔ, tameɖoɖo si le Mawu si ɖe anyigba ŋu, kple alesi Mawu ƒe Fiaɖuƒea ana wòava emee ŋu la, meva nɔ ekpɔm be nyemenya naneke kura tso Biblia ŋu o!”
Ðeko míaƒe aƒeme nɔ abe amewo ƒe modzakaɖeƒe ene. Ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo vaa mía gbɔ míewɔa numeɖenu si nye kpetike hetɔa bli, hekpe ɖe eŋu la, Dada ƒoa saŋku míedzia ha ɖe eŋu. Vivivi la, míeva te dzeɖoɖo tso Biblia me nyatiwo ŋu ɖe nuwɔna siawo teƒe. Togbɔ be mí ɖeviawo míesea nusiwo me wodzrona la katã me o hã la, lɔlɔ̃ sẽŋu si nɔ mía dzilawo si na Mawu kple Biblia la dze ale gbegbe be mí ɖeviawo dometɔ ɖesiaɖe va tu lɔlɔ̃ sia tɔgbe ɖo na Mawu kple eƒe Nya la.
Ƒome bubuwo hã na mɔ le woƒe aƒewo me míedzroa Biblia me kwasiɖa sia kwasiɖa, eye nyati si do le Gbetakpɔxɔ magazine yeyetɔ me ŋue wòkuna ɖo zi geɖe. Ne ƒome siwo le Appleby kple Nacogdoches, siwo nye du siwo te ɖe mía ŋu gbɔe míawɔ kpekpeawo le la, tsi dza alo tsi medza o, míetegea mía ɖokui ɖe míaƒe ʋu si nye Model A Ford me yina.
Nusi Wosrɔ̃ Dzi Wɔwɔ
Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi mía dzilawo kpɔe be ehiã be yewoawɔ afɔɖeɖe o. Lɔlɔ̃ na Mawu bia be woagblɔ nusi wosrɔ̃ na ame bubuwo. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Gake nu sesẽe wònye na mía dzilawo be woaɖe woƒe xɔse agblɔ le gaglãgbe, vevietɔ esi wonye ame fatu siwo ŋu kpena ta. Gake lɔlɔ̃ si le wo si na Mawu ʋã wo, eye nusia kpe ɖe wo ŋu wofia míawo hã be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu vevie. Aleae Papa gblɔe enye si be: “Yehowa na payagbledelawo va zu gbeƒãɖelawo!” Le ƒe 1933 me la, Papa kple Dada tsɔ nyɔnyrɔxɔxɔɖetsime ɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi le ta sue aɖe me le afisi te ɖe Henderson ŋu le Texas.
Le ƒe 1935 ƒe gɔmedzedze la, Papa ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa hebia nya geɖe tso Kristotɔwo ƒe agbe mavɔ mɔkpɔkpɔa ŋu. (Yohanes 14:2; Timoteo II, 2:11, 12; Nyaɖeɖefia 14:1, 3; 20:6) Exɔ ŋuɖoɖo tso Joseph F. Rutherford, si nye Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi gbɔ tẽ. Le esi teƒe be Nɔviŋutsu Rutherford naɖo Papa ƒe biabiaawo ŋu la, ekpee boŋ be wòava de Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe gã le Washington, D.C., le May me.
Papa gblɔ le tame be: ‘Manya wɔ o ɖe! Agbledelawoe míenye eye míede nuɖuɖugble agbleka 65 sɔŋ. Ahiã be míaŋe nukuawo atsɔ ayi asimee ɣemaɣi.’ Gake le ema megbe kpuie la, tsiɖɔɖɔ va kplɔ nusiwo wòtsɔ nɔ taflatse domee la katã dzoe—agblemenukuawo, kpɔwo, kple tɔdzisasrãwo. Eyata mía kple Ðasefo bubuwo míeɖo sukuʋu aɖe si woda eye wòkɔ mí yi takpekpea kilometa 1,600 le dziehe gome.
Dzi dzɔ Papa kple Dada le takpekpea esi wosee woɖe nu me nyuie ku ɖe amesiwo “ameha gã” siwo atsi agbe le “xaxa gã” la me nye ŋuti. (Nyaɖeɖefia 7:9, 14) Agbe tegbee nɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa do ŋusẽ Papa kple Dada le woƒe agbemeŋkeke mamlɛwo me tso ɣemaɣi, eye wode dzi ƒo na mí ɖeviawo be ‘míaƒe asi nasu agbe vavã la dzi,’ eye míawo hã míese egɔme be eyae nye agbe mavɔ si Yehowa ana amewo be woanɔ le anyigba dzi. (Timoteo I, 6:19; Psalmo 37:29; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Togbɔ be ƒe atɔ̃ koe mexɔ ɣemaɣi hã la, wɔna dodzidzɔname sia teƒe nɔnɔ ɖe míaƒe ƒomea ti vivi nunye ŋutɔ.
Esi ƒomea gbɔ tso takpekpea la, míegaƒa nukuawo, eye emegbe nusi míeŋe la nye gbogbotɔ kekeake si míeŋe kpɔ. Le nyateƒe me nusia na Papa kple Dada se egɔme be teƒeɖoɖo megbea eŋunɔnɔ ne woɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe o. Wote gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ aɖe wɔwɔ ale be wo dometɔ ɖesiaɖe ɖoe be yeazã gaƒoƒo 52 ɣleti sia ɣleti le subɔsubɔdɔa me. Emegbe esi agbledeɣi bubu gaɖo la, wodzra woƒe nusianu—tɔnui teti hã mesusɔ o. Papa na wotu kekexɔ si didi meta 6 eye wòkeke meta 2.4 nɛ be mí ame atɔ̃ la katã míanɔ eme, eye wòƒle Ford sedan ʋu yeye si ŋu ʋɔtru eve le be wòatsɔ ahee. Tɔgã Monroe hã wɔ nenema ke eye eya kple eƒe ƒomea ʋu va nɔ kekexɔ me.
Nyateƒea Fiafia Mí
Papa kple Dada dze mɔɖeɖedɔ, si nye alesi woyɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa, gɔme le October 1936 me. Ƒome bliboa te gbeƒãɖeɖe le Texas ɣedzeƒenuto siwo me ƒã hafi wotsɔa Fiaɖuƒegbedasia yinae la me. Ƒe blibo katã kloe la, ɖeko míenɔ ʋuʋum tso teƒe yi teƒe, gake le wo katã me la, agbenɔnɔ sia dzɔ dzi na mí vavã. Papa kple Dada to woƒe nyagbɔgblɔ kple kpɔɖeŋuɖoɖo dzi fia mí be míanɔ abe Kristotɔ gbãtɔ siwo tsɔ wo ɖokui na be yewoagblɔ Biblia me nyateƒea na ame bubuwo la ene.
Mí ɖeviawo míedea bubu dada ŋu ale gbegbe ɖe alesi wòlɔ̃ ɖe asi le aƒemegbenɔnɔ ŋu ta. Gake nu ɖeka ko ŋue wògbe asiɖeɖe le, eyae nye eƒe nutɔmɔ̃. Nu nyui aɖee wònye wòwɔ hã. Le esi wònya nutɔtɔ ta la, ena míekpɔa awu dona ɣesiaɣi. Míedoa awu dzeani yeyewo le takpekpe ɖesiaɖe.
Megaɖoa ŋku edzi nyuie esime Herman G. Henschel kple eƒe ƒomea va míaƒe nutoa me eye wotsɔ Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe ʋu si dzi wowɔ gbeɖiɖimɔ̃ ɖo vɛ. Wotɔa ʋua ɖe nuto si me amewo sɔ gbɔ ɖo wu, woƒoa nuƒo kpui si wolé ɖe mɔ̃ dzi, eye emegbe woa ŋutɔwo yia ameawo gbɔ be yewoagagblɔ nya bubuwo na wo. Dewey suetɔ lɔ̃a hadede kple Herman ƒe viŋutsu Milton, si nɔ eƒe ƒewuiwo domedome ɣemaɣi. Milton ye nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla fifia.
Edwena xɔ nyɔnyrɔ le takpekpe gã si wowɔ le Columbus, Ohio, le ƒe 1937 me, eye wona mɔnukpɔkpɔ Papa kple Dada be woanye mɔɖela veviwo. Ɣemaɣi la, dɔ sia bia be woazã gaƒoƒo 200 ɣleti ɖesiaɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me. Ne metrɔ kpɔ megbe la, mekpɔe be Dada ƒe kpɔɖeŋu nyuia kpe ɖe ŋunye be mekpea asi ɖe atsunye ŋu le eƒe Kristotɔ ƒe dɔdasiwo me.
Ne Papa dze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple ƒome aɖe la, ekplɔa mí ɖeviawo yina ƒomea gbɔ be míanye kpɔɖeŋu nyui na wo viwo. Ena míeʋua Biblia hexlẽa kpukpuiawo eye míeɖoa biabia bɔbɔe aɖewo ŋu. Ewɔe be ɖevi siwo míesrɔ̃ nu kplii dometɔ geɖe gale Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe vaseɖe egbe. Le nyateƒe me la, gɔmeɖoanyi sesẽ wònye woɖo na míawo hã be míayi edzi alɔ̃ Mawu.
Esi Dewey suetɔ tsi ɖe edzi la, eva sesẽ nɛ be wo kple eyometɔ nyɔnuvi eve woanɔ xɔ sue ɖeka me. Eyata etso nya me le ƒe 1940 me heʋu dzo eye wo kple Ðasefo bubu wova nɔ mɔɖeɖedɔa wɔm. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva ɖe Audrey Barron. Eyata mía dzilawo fia nu geɖe Audrey hã eye wòva lɔ̃ Papa kple Dada vevie. Esi wode Dewey suetɔ game le ƒe 1944 me ɖe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade ta la, Audrey va nɔ mía gbɔ ɣeyiɣi aɖe le míaƒe kekexɔ xaxɛa me.
Le takpekpe gã si wowɔ le St. Louis, Missouri, le ƒe 1941 me la, Nɔviŋutsu Rutherford ƒo nu na ƒe 5 va ɖo ƒe 18 vi siwo nɔ anyi ɖe teƒe tɔxɛ aɖe le ŋgɔ la tẽ. Mía kple Edwena míeɖo to se alesi wòtsɔ gbe bɔbɔe si me kɔ la ƒo nui; ɖeko wònɔ abe fofo lɔlɔ̃tɔ si nɔ nu fiam viawo le aƒeme ene. Ede dzi ƒo na dzilawo be: “Kristo Yesu ƒo amesiwo wòbla nu kplii la nu ƒu ɖe eŋkume egbe sia, eye eto mɔnu sẽŋu aɖe dzi le gbɔgblɔm na wo be woafia dzɔdzɔenyenyemɔ la wo viwo.” Egblɔ kpee be: “Mina woanɔ mia ŋu le aƒeme eye miafia nyateƒea wo!” Enye dzidzɔ be mía dzilawo fia nu mí nenema!
Míexɔ agbalẽvi yeye si nye Jehovah’s Servants Defended (Woʋli Yehowa ƒe Subɔlawo Ta) le takpekpea me, eye enye agbalẽvi si gblɔ ʋɔnunya siwo me Yehowa Ðasefowo ɖu dzi le, eye esiwo me woɖu dzi le le United States ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ hã le eme. Papa srɔ̃e kple ƒomea. Míenya kura be ɖe wonɔ mía dzram ɖo ɖe nusi va dzɔ le kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe le Selma, Alabama, ŋu o.
Nuvlowɔha ƒe Nuwɔna le Selma
Gbesigbe nu ɖivɔvɔ̃ ma dzɔ ƒe ŋdi la, Papa mã lɛtawo na Selma ʋɔnunyagbɔkpɔla, dudzikpɔla, kple kpovitɔwo ƒe amegã eye ele lɛtaa me be míekpɔ mɔ le dukplɔsea nu awɔ míaƒe subɔsubɔdɔa ale be sea nakpɔ mía ta. Ke hã woɖoe be yewoanya mí le dua me.
Le ŋdɔ me la, ŋutsu atɔ̃ tsɔ tu ɖe asi va míaƒe kekexɔa me eye wolé mía kple Dada kpakple nɔvinyenyɔnua aboyoe. Woka nusianu me le xɔa me henɔ nusi afia be míenye dugbãlawo dim. Papa nɔ xexe eye wolé tu ɖe edzi be wòatsi kekexɔa ɖe ʋua ŋu. Vɔvɔ̃ meɖom le afisia o. Alesi ŋutsu siawo susu be míenye ame vɔ̃ɖiwoe la ɖi kokoe na mía kple nɔvinyenyɔnua ale gbegbe be míeko nu ɖe ve me. Gake esi Papa kpɔ mo na mí ko la, míeɖo movevi azɔ.
Esi míewɔ vɔ be míadzo la, ŋutsuawo di be mía kple Edwena míaɖo yewoƒe ʋu. Papa gbe gbidii. Eblu be: “Egbe loo, nane ko wòanye adzɔ.” Esi wodzro nu me ɣeyiɣi aɖe vɔ la, woɖe mɔ na míaƒe ƒomea be míaɖo ʋu ɖeka, eye tutsɔlaawo nɔ woƒe ʋu me kplɔ mí ɖo. Esi míedo go le dua me anɔ kilometa 25 la, wowɔ asi na mí be míatɔ ʋua ɖe mɔa to eye woɖe kpɔ Papa kple Dada. Ŋutsuawo va ƒo nu ɖekaɖeka kpli wo nɔ agbagba dzem be yewoable wo nu be: “Miɖe asi le ha ma ŋu. Mitrɔ yi agblea dzi ne miakpɔ mia vinyɔnuawo dzi, miseea?” Papa dze agbagba be yeaɖe nu me na wo, gake gbeɖegbeɖea koe.
Mlɔeba ŋutsuawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Midzo, ne atse ble mi miegatrɔ va Dallas Nutome la, míawu mia dometɔ ɖesiaɖe!”
Esi míevo azɔ eye míekpɔ be míegali ɖekae la, míeyi mɔa zɔzɔ dzi gaƒoƒo geɖe eye emegbe míetɔ ʋua esi zã do. Míede dzesi woƒe ʋua ƒe xexlẽdzesi. Papa ka nya sia nya ta na Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa enumake, eye le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, asi su ŋutsuawo dzi eye wolé wo.
Míeyi Gilead Dutanyanyuigblɔlawo ƒe Suku
Wokpe Edwena be wòava de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 7 lia le South Lansing, New York, le ƒe 1946 me. Albert Schroeder si nye nufialaawo dometɔ ɖeka ƒo nu tso eƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu na Bill Elrod, amesi nye ehati mɔɖela tsã si nɔ dɔ wɔm le Betel ɣemaɣi, afisi nye Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame godoo ƒe dɔwɔƒegã.a Woɖe Edwena kple Bill fia wo nɔewo, eye ƒe eve le eƒe dodo le Gilead vɔ megbe la, woɖe wo nɔewo. Wowɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe geɖe, eye wowɔ dɔ le Betel hã ƒe atɔ̃. Gbeɖeka le ƒe 1959 me la, Nɔviŋutsu Schroeder ɖe gbeƒãe na Gilead ƒe klass 34 lia be ye xɔlɔ̃ vevia dzi venɔviwo, ŋutsu kple nyɔnu.
Esi mía kple dzinyelawo míenɔ subɔsubɔm le Meridian, Mississippi, le ƒe 1947 ƒe nuwuwu lɔƒo la, wokpe mí ame etɔ̃a katã be míava de Gilead-suku ƒe klass 11 lia. Ewɔ mo yaa na mí elabena le nudidiawo nu la, nyemetsi o, eye Papa kple Dada hã tsi akpa. Gake woɖe mɔ na mí eye wotsɔ mɔnukpɔkpɔ ma si míedze na o la na mí ale be míeva xɔ Biblia me nufiafia deŋgɔ.
Dutanyanyuigbɔgblɔdɔ Wɔwɔ Kple Dzinyelawo
Míaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔƒee nye Colombia, Anyiehe Amerika. Gake ƒe ɖeka kple edzivɔ va yi le míaƒe dodo le suku megbe le December 1949 me, hafi míeva ɖo Bogotá le dutanyanyuigblɔlawo ƒeme afisi ame etɔ̃ nɔ xoxo. Gbã la, esusɔ vie Papa ƒo nya ta be anɔ bɔbɔe wu be yeafia Eŋlisigbe ameawo tsɔ wu be yeasrɔ̃ Spaingbe! Ẽ, míedo go dodokpɔwo, gake yayraawo sɔ gbɔ ale gbegbe! Ðasefo siwo nɔ Colombia le ƒe 1949 me mede alafa ɖeka o, gake fifia la, wosɔ gbɔ wu 100,000!
Esi míesubɔ le Bogotá ƒe atɔ̃ megbe la, woɖo Papa kple Dada ɖe Cali-dugã me. Va ɖo ɣemaɣi la, meɖe Robert Tracy le ƒe 1952 me, eye enye hati dutanyanyuigblɔla le Colombia.b Míawo míetsi Colombia vaseɖe ƒe 1982 me, eye woɖo mí ɖe Mexico le ƒe ma me, afimae míele subɔsubɔm le va de asi na fifia. Mlɔeba le ƒe 1968 me la, eva hiã be dzinyelawo natrɔ ayi United States ne woawɔ atike na wo. Esi woƒe lãme gasẽ la, woyi dɔa dzi eye wonye mɔɖela veviwo le afisi te ɖe Mobile ŋu le Alabama.
Mía Dzilawo Dzi Kpɔkpɔ
Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, ŋusẽ megava nɔ Papa kple Dada ŋu nɔm o, eye eva hiã be woakpe ɖe wo ŋu ahakpɔ wo gbɔ geɖe. Wobia be woana yewoasubɔ le afisi te ɖe Edwena kple Bill ŋu le Athens, Alabama, eye woɖe mɔ na wo. Emegbe mía fo, Dewey suetɔ, kpɔe be anyo wu be ƒomea me tɔwo nanɔ afisi te ɖe mía nɔewo ŋu le South Carolina. Eyata Bill na eƒe ƒomea kpakple Papa kple Dada wova nɔ Greenwood. Asitɔtrɔ sia si me lɔlɔ̃ le wɔe be mía kple Robert míeyi míaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa dzi le Colombia, esi míenya be wole be lém na dzinyelawo nyuie ta.
Emegbe le ƒe 1985 me la, lãmetutudɔ va dze Papa dzi ale be megate ŋu ƒoa nu o eye wòtsi aba dzi. Ƒomea va ƒo ƒu be míadzro nu me akpɔ mɔ nyuitɔ si nu míalé be na mía dzilawo le. Míetso nya me be Audrey nanye amesi koŋ anɔ be lém na Papa eye mɔ nyuitɔ kekeake si dzi mía kple Robert míato ana kpekpeɖeŋue nye be míanɔ lɛta si me nuteƒekpɔkpɔ dedziƒonamewo le ɖom ɖa kwasiɖa ɖesiaɖe eye míava nɔ esrãm kpɔ zi geɖe alesinu míate ŋui.
Megaɖoa ŋku zi mamlɛtɔ si meva srã Papa kpɔ dzi nyuie. Megate ŋu ƒoa nu nyuie o, gake esi míegblɔ nɛ be míegatrɔ yina ɖe Mexico la, eto mɔ aɖe nu dze agbagba vevie gblɔ nya ku ɖeka tso seselelãme blibo me be, “Adios!” Míekpɔe le eƒe nyagbɔgblɔ sia me be etso dzime ke le asi dam ɖe míaƒe nyametsotso be míayi míaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa dzi la dzi. Eku le July 1987 me, eye Dada hã ku ɣleti asieke megbe.
Lɛta si mexɔ tso nɔvinyenyɔnua si zu ahosi fifia gbɔ la ɖe ŋudzedze si míekpɔ ɖe mía dzilawo ŋu fia kpuie. “Medea asixɔxɔ míaƒe Kristotɔwo ƒe domenyinyi xɔasia ŋu ale gbegbe eye nyemesusui kpɔ zi ɖeka teti gɔ̃ hã be anye ne dzi adzɔm wu ne ɖe mía dzilawo nyi mí le mɔ bubu nu o. Woƒe kpɔɖeŋu le xɔse sesẽ, ɖokuitsɔtsɔsavɔ, kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bliboe gome kpena ɖe ŋunye le agbe me ne melé blanui.” Edwena wu enu be: “Meda akpe na Yehowa ɖe dzila siwo to nyagbɔgblɔ kple kpɔɖeŋuɖoɖo me fia mí dzidzɔ si míate ŋu akpɔ ne míetu míaƒe agbenɔnɔ ɖe mía Mawu lɔlɔ̃tɔ, Yehowa, subɔsubɔ dzi la ta.”
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ March 1, 1988, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 11-12.
b Kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, March 15, 1960, ƒe axa 189-91.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 22, 23]
Fountain ƒomea: (tso miame yi ɖusime) Dewey, Edwena, Winnie, Elizabeth, Dewey suetɔ; ɖusime: Elizabeth kple Dewey suetɔ le Henschel ƒe ʋu ƒe afɔti ŋu (ƒe 1937); ete le ɖusime: Elizabeth kpla agbalẽ si dzi woŋlɔ nu ɖo le ɖase ɖim esime wòxɔ ƒe 16