INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 8/1 axa 20-24
  • Míaƒe Gbɔgbɔmedomenyinu Xɔasi La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míaƒe Gbɔgbɔmedomenyinu Xɔasi La
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Fofonye ƒe Ðevime
  • Eyi Ɣedzeƒe Afrika
  • Wotsɔ Kristotɔwo ƒe Lɔlɔ̃ Nyi Míi
  • Nuteƒewɔwɔ Vaseɖe Nuwuwu
  • Mía Dzilawo Fia Mí Be Míalɔ̃ Mawu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Dzinyelawo Ƒe Afɔtoƒewo Yomedzedze
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Nu Kae Mawɔ Ne Dzinyela Aɖe Le Dɔ Lém?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Ne Ðeviwo Le Nu Xam Le Wo Dzila Ƒe Ku Ta
    Nyɔ!—2017
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 8/1 axa 20-24

Míaƒe Gbɔgbɔmedomenyinu Xɔasi La

ABE ALESI PHILLIP F. SMITH GBLƆE ENE

“Wosi akaɖi aɖe si aklẽ ɖe Afrika-nyigba doblukɔ la katã dzi.” Dzidzɔ ka gbegbe enye si míekpɔ esi míexlẽ nya si le etame le 1992 Yearbook of Jehovah’s Witnesses ƒe axa 75 lia! Mía tɔgbui Frank W. Smith ye ŋlɔ nya mawo ɖe eƒe lɛta me le ƒe 1931 me ɖo ɖe Nɔviŋutsu Joseph F. Rutherford si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi. Tɔgbui ŋlɔ lɛta la tsɔ ka nya ta le gbeƒãɖeɖedɔ si woa kple tsea wowɔ ŋuti.

NUMEÐEÐEA dze le 1992 Yearbook me be: “Gray Smith kple foa Frank, mɔɖela dovevienu eve, siwo tso Cape Town [South Africa] la tɔ edzi yi Britania ƒe Ɣedzeƒe Afrika-nyigba be yewoakpɔe ɖa be nyanyuia anya kaka le afima hã. Wotsɔ ʋu si woyɔna be De Soto, si wotrɔ wòzu agbakɔʋu si me woamlɔ eye wotsɔ agbalẽ aɖaka 40 kpee de meli tso ƒu yi Kenya-melidzeƒe le Mombasa.”

Ale Tɔgbui gblɔ le mɔzɔzɔ tso Mombasa yi Kenya ƒe fiadu Nairobi ŋu le eƒe lɛta si wòŋlɔ na Nɔviŋutsu Rutherford me enye si: “Míedze mɔzɔzɔ dziŋɔtɔ kekeake si menɔ ʋu me zɔ kpɔ la gɔme. Ŋkeke ene ye míetsɔ zɔ mɔ kilometa 580 eye míezɔa mɔ ŋkeke blibo katã . . . Kilometa ɖesiaɖe si míazɔ la, meɖina tsɔa sofi kãa kɔwo, xea ʋewo le mɔa dzi, tsoa atiwo hã ɖoa mɔ dzi le bame be ʋua nato edzi.”

Esi Frank kple Gray woɖo Nairobi la, wowɔ dɔ ŋkeke 21 tsiã ɖe enu tsɔ mã woƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwoe. Tɔgbui ŋlɔe be: “Nya siwo míese ɖee fia be ɖaseɖiɖidɔa ʋuʋu Nairobitɔ mawuvɔ̃lawo vevie.” Emegbe Tɔgbui di vevie be yeatrɔ yi aƒe aɖakpɔ viaŋutsuvi Donovan si xɔ ƒe eve kple srɔ̃a Phyllis si ƒo wo vi evelia si nye mía fofo Frank ƒe fu nɔ ɖa. Tɔgbui ɖo meli gbãtɔ tso Mombasa, gake asrãdɔ wui le mɔ ta.

Esime mía kple daanye kpakple tsɛnye míenɔ ŋugble dem tso Yearbook me nuŋlɔɖi ma ŋuti la, míaƒe ŋku dze mía fofo lɔlɔ̃a dzi. Le ƒe 1991 me, ɣleti ʋee aɖewo ko hafi míaxɔ 1992 Yearbook la, dɔ si wowɔ na eƒe dzi la medze edzi o eye wòku. Togbɔ be mekpɔ fofoa kpɔ o hã la, lɔlɔ̃ deto si fofoa ɖo na Yehowa la nɔ eya hã si. Ðe Tɔgbui nɔ agbe le ƒe 28 megbe le ƒe 1959 me hekpɔe be ye viŋutsu dze yeƒe afɔɖoƒewo yome zu subɔla Kristotɔ yi Ɣedzeƒe Afrika la, anye ne akpɔ dzidzɔ ŋutɔ!

Fofonye ƒe Ðevime

Wodzi mía fofo le July 20, 1931 dzi le Cape Town esi fofoa si ŋkɔ wotsɔ nɛ ku ɣleti eve megbe. Papa ɖe eƒe lɔlɔ̃ na Yehowa fia tso ɖevime ke. Esime wòxɔ ƒe asieke ko la, ekplana agbalẽ siwo dzi woŋlɔ nu ɖo tsɔ nɔa ɖase ɖim le Cape Town ketekedzeƒe gã la eye etɔ sukuhatiwo nɔa ekom. Esi wòxɔ ƒe 11 la, exɔ nyɔnyrɔ̃ ɖe tsi me tsɔ wɔ eƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ƒe kpɔɖeŋui. Ɣeaɖewoɣi Papa ɖeka tsona ɖaɖia ɖase le ablɔ gã dzi. Kaka wòaxɔ ƒe 18 la, enɔ Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ dzi kpɔm le Kristotɔ nyɔnu tsitsi aɖewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe me le Cape Town gbɔtodu aɖe me.

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ɖe gbeƒãe le ƒe 1954 me be woawɔ dukɔwo dome takpekpewo le Europa ne ƒe trɔ. Papa di vevie be yeayi, gake eƒe ga mede wòaɖo ʋu tso Cape Town ayi o. Eyata edi dɔ le akɔblikuƒe aɖe le Northern Rhodesia (si nye Zambia) be yeawɔ abe atikedokpɔla ene ɣleti etɔ̃. Woɖo afisiwo wodoa tomenuwo kpɔ le ɖe Afrika-gbeadzi.

Papa nya be Afrika Ðasefo gbogbo aɖewo le Northern Rhodesia, eyata esi wòɖo teti ko la, edi woƒe mɔ eye wòkpɔ afisi wodea kpekpewo le. Togbɔ be mese afimatɔwo ƒe gbea o hã la, edea ha kpli wo eye wòdea kpekpewo edziedzi le Yehowa Ðasefowo ƒe Mine Hamea me. Europatɔ siwo le tomenukuƒea melɔ̃ ameƒomevi bubuwo kura o, eye woɖea woƒe fuléle fiana to Afrikatɔwo dzudzu me ɣesiaɣi. Gake Papa ya nyoa dɔme na amewo ɣesiaɣi.

Esi ɣleti etɔ̃a de la, dɔwɔla Afrikatɔ aɖe si menye Ðasefo o va Papa gbɔ hebiae be: “Ènya alesi míeyɔa wòea?” Ŋutsua ko alɔgbɔnu hegblɔ be: “Míeyɔa wò be Bwana [Aƒetɔ] Gbetakpɔxɔ.”

Papa te ŋu de “Fiaɖuƒe si Kpɔ Dziɖuɖu” Takpekpewo le Europa le ƒe 1955 me. Afimae wòdo go Mary Zahariou le eye wòɖee le ƒe si kplɔe ɖo me. Esi woɖe wo nɔewo vɔ la, wova tsi Parma, Ohio, U.S.A.

Eyi Ɣedzeƒe Afrika

Le takpekpe gã aɖe si wowɔ le United States me la, wokpe vavalawo be woaɖasubɔ le afisi wohiã subɔlawo le wu. Mía dzilawo ɖoe be yewoayi Ɣedzeƒe Afrika. Wowɔ ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi pɛpɛpɛ. Wodzra ga ɖo nyuie tsɔ ƒle yiyi kple gbɔgbɔ ƒe tikit kple susu be ne Papa mekpɔ dɔ o la, ne yewoatrɔ gbɔ elabena amesiwo si dɔwɔwɔɖaseɖigbalẽvi le koe woɖea mɔ na le dukɔ ma me ɣemaɣi.

Esi Papa kple Dada woxɔ passport, visa, kple lãmesẽdodokpɔ ƒe ɖaseɖigbalẽvi vɔ la, woɖo meli tso New York City to Cape Town yi Mombasa le July 1959 me. Wonɔ mɔ dzi kwasiɖa ene. Le Mombasa la, nɔvi Kristotɔ siwo do ŋgɔ va subɔsubɔ ge le afisi hiahiã la lolo le wu la xɔ wo atuu le ʋudzeƒea. Papa xɔ lɛta aɖe esi wova ɖo Nairobi. Dɔ si wòbia be yeanye atikedokpɔla le Anyigbaŋutinunya Dokpɔƒe le Entebbe, Uganda, ŋue woɖo nɛ. Papa kple Dada ɖo keteke yi Kampala, Uganda, afisi wobia gbe Papa hexɔe ɖe dɔ me le. Ðasefo bubu si ŋkɔe nye George Kadu koe nɔ Entebbe-Kampala nutoa me ɣemaɣi.

Dutadziɖuɖua ye xe fe wofia Papa afimatɔwo degbe si nye Luganda. Edzɔ dzi nɛ ŋutɔ elabena eɖoe xoxo be yeasrɔ̃e ale be yewoate ŋu awɔ subɔsubɔdɔa nyuie wu. Emegbe Papa nɔ eme gɔ̃ hã woɖe “This Good News of the Kingdom” ƒe agbalẽvia gɔme ɖe Lugandagbe me.

Papa ɖia ɖase na ame bubuwo vɔvɔ̃manɔmee. Eɖi ɖase na Europatɔ siwo katã le eƒe dɔwɔƒea, eye edea gbeadzi edziedzi ɖaɖea gbeƒã na Ugandatɔwo. Eɖi ɖase na Uganda-dukɔa ƒe senyalagã si nye Afrikatɔ la gɔ̃ hã. Ŋutsua se Fiaɖuƒegbedasia eye wòɖo kplɔ̃ hekpe Papa kple Dada be woaɖu nu kpli ye.

Wodzi nɔvinyenyɔnu Anthe le ƒe 1960 me, eye mekplɔe ɖo le ƒe 1965 me. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le hame sue si nɔ dzidzim ɖe edzi me le fiadu Kampala la ƒe nu lé dzi na míaƒe ƒomea vevie. Esi wònye míawo koe nye yevu Ðasefo siwo nɔ Entebbe si tsɔ afima ta la, míekpɔ nu dodzidzɔname geɖe teƒe. Ɣeaɖeɣi Papa xɔlɔ̃ aɖe va nɔ Papa dim le Entebbe. Edii do kpoe vaseɖe esime wòbia be: “Mienya srɔ̃tɔ Europatɔ siwo nye Yehowa Ðasefowo le afisia?” Enumake amea kɔe ɖe ʋu me tẽ va Dada kple Papa ƒemee.

Míeto nɔnɔme sesẽ aɖewo hã me esi aglãdzeha eve kpe aʋa. Ɣeaɖeɣi la, dziɖuɖusrafowo nɔ tu dam to aɖe me tɔ ɖesiaɖe si woakpɔ. Wonɔa tudada dzi ŋkeke kple zã bliboa katã. Esi wode gomadomadose tso ŋdi ga 6:00 vaseɖe fiẽ ga 6:00 ta la, ŋdɔwo mee míewɔa kpekpeawo le dzinyelawo ƒeme le Entebbe.

Emegbe esi woɖe gomadomadosea ɖa la, Papa kɔ mí ɖe ʋu me yina Gbetakpɔxɔ Nusrɔ̃ƒee le Kampala. Asrafo aɖe ɖo tu mía dzi, tɔ míaƒe ʋua eye wòbia afisi míeyina. Vidzĩ ko menye ɣemaɣi eye Anthe hã xɔ ƒe atɔ̃. Esi Papa gbɔ dzi ɖi ɖe nu me na asrafoa eye wòtsɔ míaƒe Biblia kple agbalẽwo fiae la, eɖe mɔ na mí míedzo.

Le ƒe 1967 me, esime míenɔ Uganda ƒe enyi kloe la, mía dzilawo ɖoe be yewoatrɔ yi United States le dɔlényawo kple ƒomegbanɔamedziwo ta. Míeva nɔ Canfield, Ohio, Hamea me, afisi Papa nye hamemegã le. Mía dzilawo va lɔ̃ nɔviawo le afima vevie abe alesi wolɔ̃ hame sue si le Kampala ene.

Wotsɔ Kristotɔwo ƒe Lɔlɔ̃ Nyi Míi

Wodzi tsɛnye Dawid le ƒe 1971 me. Esi míenɔ tsitsim la, wonyi mí le aƒe si me lɔlɔ̃ kple vividoɖeameŋu yɔ fũ me. Ðikeke mele eme o be lɔlɔ̃ si nɔ mía dzilawo dome gbɔe wòtso.

Esi míenye ɖeviwo la, Papa xlẽa Biblia-ŋutinya aɖe na mí, doa gbe ɖa kpli mí ɣesiaɣi le anyimlɔɣi, eye wòblaa numeɖenu aɖe ɖe pepa si le dzo dam mamama me na mí le Dada ƒe manyamanya me. Afika kee míeɖale o, ƒomea srɔ̃a Gbetakpɔxɔ ɖekae ɣesiaɣi. Míesrɔ̃e le to aɖe dzi ɣeaɖeɣi esi ƒomea yi mɔkekeɖuƒe, eye ɣebubuɣi la, míesrɔ̃e le ƒuta. Papa gblɔna zi geɖe be emawoe nye ŋkuɖodzinu siwo doa dzidzɔ nɛ wu dometɔ aɖewo. Egblɔ be amesiwo nu dzidzɔ gã si le ƒomenusɔsrɔ̃ me tona la ƒe nu wɔa nublanui na ye ŋutɔ.

Le alesi woaɖe lɔlɔ̃ afia Yehowa gome la, Papa tsɔa kpɔɖeŋu fiaa nu mí. Ɣesiaɣi si Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! magazine yeye aɖe va alo míexɔ Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽ bubu la, Papa xlẽa wo katã ɣesiaɣi. Míesrɔ̃e tso egbɔ be mele be míafe le Biblia me nyateƒea ŋu o, ke boŋ míetsɔe nunɔamesi xɔasi aɖee. Míaƒe nunɔamesi veviwo dometɔ ɖekae nye Papa ƒe Reference Bible. Eŋlɔ nu ɖe akpa ɖesiaɖe kloe dzi le eƒe nusɔsrɔ̃ me. Fifia ne míele eƒe axadzinuŋɔŋlɔawo xlẽm la, míetsɔnɛ ko be ɖe wògale nu fiam hele aɖaŋu ɖom na mí.

Nuteƒewɔwɔ Vaseɖe Nuwuwu

Le May 16, 1991 dzi, esime Papa nɔ gbeadzi la, dzi tsoe. Wowɔ dɔ na eƒe dzi le kwasiɖa aɖewo megbe abe ɖe wòdze edzi ene. Gake le gbesigbe wowɔ dɔa nɛ ƒe zãme la, woƒo ka na mí tso kɔadzi. Ʋu nɔ ɖuɖum le Papa ŋu vevie eye ɖɔktawo tsi dzi. Wogawɔ dɔ nɛ zi eve le zã ma me be ʋua natɔ gake gbeɖegbeɖea koe. Papa ƒe ʋu menɔ bablam o.

Le ŋufɔke esi Papa ƒe dɔa sẽ ɖe edzi la, ɖɔktawo ɖe kpɔ danye gbã, eye emegbe tsɛnye be woable wo nu woalɔ̃ woado ʋu na Papa. Evɔ Papa do ŋgɔ gblɔ na ɖɔktawo be nuka kee adzɔ o, yemalɔ̃ woado ʋu na ye o. Eɖe susu siwo ta mado ʋu o le Ŋɔŋlɔawo nu la me na wo, gake egblɔ be woate ŋu awɔ atike ɖesiaɖe si me ʋu manɔ o na ye.—Mose III, 17:13, 14; Dɔwɔwɔwo 15:28, 29.

Kɔdzidɔwɔla geɖe ƒe ŋutasesẽ wɔe be tɔtɔ gã aɖe ɖo dɔnɔxɔ si me woléa be na dɔnɔwo le vevie me. Edze ɣeaɖewoɣi abe ɖe nɔnɔme sia kple Papa ƒe dɔlélea ƒe sesẽ kpe wu mí ene. Míebia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu eye míedze agbagba be míawɔ aɖaŋuɖoɖo siwo míexɔ hã dzi. Eyata míedoa awu nyuie hewɔa nu ɖe kɔdzidɔwɔlawo ŋu bubutɔe ɣesiaɣi si míayi dɔnɔxɔa me. Míetsɔ ɖe le Papa ƒe dɔlélea me vevie to nya veviwo biabia me, eye míedaa akpe na kɔdzidɔwɔla ɖesiaɖe si lé be na Papa.

Kɔdzidɔwɔlawo kpɔ míaƒe kutrikuku. Le ŋkeke ʋee aɖewo megbe la, dɔmenyonyo va xɔ ɖe ŋlɔmiwɔwɔa teƒe. Dɔnɔdzikpɔla siwo kpɔ Papa dzi va yi la va nɔ esrãm kpɔ togbɔ be womegadee wo si o gake. Ðɔkta ɖeka si mekɔa mo na mí kura o gɔ̃ hã ƒe nya dzi va bɔbɔ ale gbegbe be ebia Dada be aleke wòle te nɔm ɖe nɔnɔmea nui hã. Míaƒe hamea kple ƒometɔwo kpe ɖe mía ŋu lɔlɔ̃tɔe. Woɖo nuɖuɖu kple akɔfanamegbalẽviwo ɖe mí, eye wodo gbe ɖa ɖe mía ta.

Nublanuitɔe la, atikeawo mexɔ Papa o. Eku esi wowɔ dɔ nɛ ŋkeke ewo megbe. Míefa na Papa vevie. Ɣeaɖewoɣi la, eƒe bubu ɖe mí wua tsɔtsɔ. Dzidzɔtɔe la, mía Mawu do ŋugbe be ‘yeatsɔ agbawo na mí gbesiagbe,’ eye míeva srɔ̃e be míaɖo ŋu ɖe eŋu geɖe wu.—Psalmo 68:20.

Mí katã míeɖoe kplikpaa be míayi edzi asubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe bene míakpɔ dzidzɔ ne míeva do go Papa le xexe yeyea me.—Marko 5:41, 42; Yohanes 5:28; Dɔwɔwɔwo 24:15.

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Frank Smith kple dadaa Phyllis, le Cape Town

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Papa kple Dada le woƒe srɔ̃ɖeɣi

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Afrika-fia aɖe ƒe tsiƒuƒee nɔviwo haya hafi na nyɔnyrɔ̃ amewo zi gbãtɔ le Entebbe

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Dekɔnu ƒe gbedoname

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Papa kple Dada, do ŋgɔ teti na Papa ƒe ku

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe