Fofonye Ƒe Nuteƒewɔwɔ Ƒe Kpɔɖeŋu la
JULY 6, 1947 dzie, esime míaƒe ƒomea yi Yehowa Ðasefowo ƒe nutome gã takpekpe le London, England. Fofonye nɔ avi fam le dzidzɔkpɔkpɔ ta esi wòdo asi ɖa lém be mado le tsi si me wona nyɔnyrɔ̃ mí le la me. Ðeko mía kple papa míexɔ nyɔnyrɔ̃ tsɔ ɖo kpe míaƒe adzɔgbeɖeɖe na mía Wɔla kple Xexeame Katã ƒe Dziɖula Gãtɔ, Yehowa, dzi koe nye ma. Danye kple nɔvinyeŋutsu etɔ̃ hã nɔ anyi kpɔ dzidzɔɣeyiɣi sia teƒe.
Gake nublanuitɔe la, eteƒe medidi o míaƒe ƒomea ƒe ɖekawɔwɔ le Kristotɔwo ƒe tadedeagu me va gblẽ. Gake hafi maƒo nu tso esia kple alesi fofonye ƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ ŋusẽ ɖe dzinyee ŋu la, mina magblɔ nya sue aɖe na mí tso eƒe ɖevimenɔɣi ŋu.
Eƒe Ɣedzeƒe Kple Ɣetoɖoƒe Nɔnɔ
Wodzi fofonye si ŋkɔe nye Lester le Hong Kong le March 1908 me. Fofoa nye ʋudzeƒedzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ. Esime Papa nye ɖevi ko la, fofoa kplɔnɛ ɖe asi woɖoa tɔdziʋu va kpɔa dɔ dzi le Hong Kong nutowo me kple ƒukpo siwo te ɖe eŋu dzi. Ke ƒe enyi ko Papa xɔ esime fofoa ku. Emegbe dadaa ɖe ŋutsu bubu eye míaƒe ƒomea ʋu yi Shanghai. Papa dada kplɔ eya kple nɔvianyɔnu Phyl si xɔ ƒe ewo ɣemaɣi la yi England le ƒe 1920 me be woava de suku.
Papa nɔ bisiɔp ƒe Sɔlemexɔ si le Canterbury, afisi Anglikan Sɔlemeha dzɔ tso la gbɔ le ƒe siwo kplɔe ɖo me. Eƒe sɔlemedede le afimae nye afisi eƒe mawusubɔsubɔnyawo dze egɔme tsoe. Phyl va de suku le London ƒe anyiehe le sukukpɔ si me sukuviwo nɔna gake wo kple Papa dome nɔ kplikplikpli le ƒe mawo me elabena woɖua woƒe sukumɔkekewo ɖekae. Le ƒe atɔ̃ megbe, le ƒe 1925 me, esime Papa wu suku nu vɔ la, dadaa trɔ yi England eye wòkpɔ egbɔ be Lester dze dɔwɔwɔ gɔme. Ke le ƒe si kplɔe ɖo me la, ekplɔ Phyl ɖe asi wotrɔ yi Shanghai.
Hafi Papa dada nadzo la, etsɔ agbalẽ aɖe si tɔgbuia ŋlɔ la nɛ. Enye Buddha ƒe agbenɔnɔŋutinya si woŋlɔ wònye hakpanya si woyɔna be “The Light of Asia.” Esia na Papa va nɔ tame bum le nusi tututu tameɖoɖo si le agbe ŋu nye la ŋu. Esi wònɔ Canterbury la, sɔlemexɔa ƒe lolome kple alesi wodoa vevie mawusubɔsubɔwɔnawoe la wɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ, gake gbɔgbɔmenufiame si womenana o la na wòtsi yaa. Eyata ebiaa eɖokui se be: ‘Ðe woate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo na wo le Ɣedzeƒesubɔsubɔhawo mea?’ Eɖoe be yeaku eme. Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, eku eme le Buddha, Shinto, Hindu, Konfusio, kple Islam subɔsubɔhawo me. Gake wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖo eƒe nyabiabiawo ŋu nɛ o.
Papa nɔ aƒe si me fefewɔha aɖe si dzi asitsaha si wòwɔ dɔ na kpɔna la me, eye akɔfa tsɔtsɔ aku aɖeʋu alo akro kple bɔl si woyɔna be rugby la ƒoƒo kpakple lãmesẽfefe bubuwo dzɔa dzi nɛ. Eteƒe medidi o Edna si nye nyɔnuvi dzetugbe aɖe si hã doa vivi ɖe lãmesẽfefewo ŋu ƒe nu va dzɔ dzi nɛ. Woɖe wo nɔewo le ƒe 1929 me eye wodzi ŋutsuvi ene le ƒe ewo me.
Aʋaƒe Sesẽwo
Le ƒe 1930 ƒeawo me la, nudzɔdzɔwo nɔ eɖem fia be Xexemeʋa II ƒe dzɔdzɔ teƒe megadidi o, eyata Papa ɖoe be yeaʋu tso London ayi kɔƒenutowo me. Aʋa la dzɔ le míaƒe ʋuʋu ɣleti ʋee aɖewo ko megbe le September 1939 me.
Wova nɔ amewo dzi zim de asrafodɔ me be woawɔ aʋa eye esi aʋa la nɔ edzi yim la, wova nɔ ƒe si wòle be woaxɔ hafi ayi aʋa la hem yi ŋgɔ. Le esi teƒe be Papa nalala be woayɔe la, etsɔ eɖokui na be yeawɔ dɔ le Dziɖuɖua ƒe Yamesrafowo dome eye woyɔe le May 1941 me. Togbɔ be enɔ aƒeme vam ɣeaɖewoɣi le mɔkekewo hã la, ƒe ade megbe hafi ƒomedodo nyui si nɔ ƒomea dome la gava ɖo anyi. Mí ɖeviawo dzi kpɔkpɔ—mí ame eve siwo tsi wu míenɔ míaƒe ƒewuiwo me ɖom ɣemaɣi—va zu agba na Dada ɖeka ko.
Akɔfafa Kpɔkpɔ le Gbɔgbɔ Me
Ƒe eve do ŋgɔ hafi woaɖe asi le Papa ŋu le Yamesrafowo dome la, Yehowa Ðasefowo dometɔ eve wova Dada gbɔ eye wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii. Danye ŋlɔ agbalẽ na Papa hegblɔ alesi wòle vivi sem le nusi srɔ̃m wòle me nɛ. Ɣeaɖeɣi esi wònɔ mɔkeke la, Dada kplɔe woyi hame ƒe Biblia-nusrɔ̃ƒe le ame aɖe ƒeme.
Woɖe asi le Papa ŋu le asrafodɔa me le December 1946 me eye eya hã nɔa anyi ne Ðasefo nyɔnu eveawo va le Biblia srɔ̃m kple Dada. Wokpɔ be nusɔsrɔ̃a dzɔ dzi nɛ eye wona Ernie Beavor si nye dzikpɔla zimenɔla la nɔ Papa gbɔ vam. Nɔviŋutsu Beavor ɖo Papa ƒe nyabiabiawo katã ŋu nɛ tso Biblia me le fiẽ ɖeka ko me. Le kwasiɖa eve siwo kplɔe ɖo me ne Papa ɖo keteke yina dɔ me le London gbesiagbe la, exlẽa agbalẽ etɔ̃ siwo Nɔviŋutsu Beavor tsɔ nɛ la. Esi Nɔviŋutsu Beavor gatrɔ va ake la, nya gbãtɔ si Papa gblɔ nɛ ye nye be: “Nyateƒe si dim mele lae nye esia. Nuka wòle be mawɔ”?
Tso ema dzi la, Papa nɔ mí ŋutsuviawo kplɔm nɔ kpekpewo demee. Gake Dada medina be yeayi kpli mí ɣesiaɣi o. Eƒe ɖetsɔleme nu nɔ fafam. Gake mí katã míeyi nutome gã takpekpe si wowɔ le London le July 1947 me, afisi mía kple Papa míexɔ nyɔnyrɔ̃ le. Emegbe ɣeaɖewoɣi koe Dada dea kpekpewo.
Esi míexɔ nyɔnyrɔ̃ vɔ megbe kpuie la, tasinye Phyl va srã mí kpɔ le England eye Papa kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi wòlɔ̃ xɔ Biblia me nyateƒea eye wòxɔ nyɔnyrɔ̃. Esi wòtrɔ yi Shanghai la, eva di Stanley Jones kple Harold King siwo nye Yehowa Ðasefowo ƒe dutanyanyuigblɔla eve siwo woɖo ɖe afima teti koe nye ma. Kɔmiunist dziɖuɖua va lé dutanyanyuigblɔla siawo de game emegbe, wode ame ɖekae ƒe adre eye evelia hã tɔ nye ƒe atɔ̃. Wokpe ɖe Phyl ŋu le gbɔgbɔ me vaseɖe esime srɔ̃a xɔ dzudzɔ le dɔ me le China. Esia megbe la, wo kple srɔ̃a wotrɔ va England eye wova nɔ afisi medidi tso mía gbɔ o.
Ƒomea Me Va Mã Nublanuitɔe
Le ɣeyiɣi ma me la, kadodo gobii aɖeke megava nɔ Papa kple Dada dome o. Dada kpɔ dzo si Papa tsɔ ɖe xɔse yeye si ŋu wòke ɖo ŋu la eye esi wòkpɔ be ava gblẽ nu le ƒomea ƒe ganyawo ŋu la, eva nɔ tsitre tsim ɖe eƒe Kristotɔ ƒe dɔwɔnawo ŋu. Mlɔeba le September 1947 me la, etsɔe ɖo Papa ŋkume be wòaɖe asi le Kristotɔwo ƒe dzixɔsea ŋu loo alo yeadzo le egbɔ.
Papa tsɔe be yeɖe nusi nu Dada nɔ vɔvɔ̃m ɖo la ɖa esi yede ŋugble tso Ŋɔŋlɔawo me kplii heɖee fiae be mele be wòavɔ̃ o. Gake ye katã wu enu le October 1, 1947 dzi kaklãmanamanae. Esi Papa tso dɔ me gbɔ gbemagbe la, nye koe wòva tu le aƒedoa me, eye melé míaƒe akplowo ɖe asi bɔbɔ nɔ míaƒe xɔmemɔ nu. Dada lɔ nusianu eye wòkplɔ nɔvinyeŋutsu etɔ̃awo hã dzoe. Megblɔ na Papa be metiae be manɔ egbɔ. Dada meŋlɔ agbalẽ aɖeke gɔ̃ hã da ɖi o.—Mateo 10:35-39.
Ernie Beavor wɔ ɖoɖo na mí be míeva nɔ srɔ̃tɔ tsitsi aɖewo gbɔ vaseɖe esime Papa kpɔ xɔ. Wonyo dɔme na mí eye wotsɔ apostolo Paulo ƒe nya siwo le Korintotɔwo I, 7:15 me fa akɔ na mí be: “Ne amesi mexɔ se o la, gbe srɔ̃a la, negbee faa! Nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu la menye kluvi le nya siawo ƒomevi me o. Ke Mawu yɔ mí le ŋutifafa me.”
Míeva ke ɖe míaƒe ƒomea ŋu mlɔeba eye míesrã wo kpɔ, gake eteƒe medidi o míeva kpɔe be nu gbegbe le míaƒe xɔse gbɔ ko dimee Dada le. Míenya be Yehowa mayra mí ne míena ta o. Eyata Papa yi ŋutilãmedɔ wɔwɔ dzi eye wònɔ ga nam Dada be wòatsɔ akpɔ nɔvinyeŋutsuawo dzii. Esi mewu suku nu le ƒe 1947 me la, meva wɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ eye le January 1948 me la, woxɔm ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubudɔa me.
Biblia me Numedzodzro aɖe si Nyemaŋlɔ Be Akpɔ O
Esi meganye ƒe 17 vi ko eye menɔ gbeadzi gbeɖeka la, meɖo dze kple ŋutsu aɖe le agblekɔƒe aɖe me. Esi meɖo afima la, Winston Churchill si nye Britaniatɔwo kplɔla le Xexemeʋa II me va. Egblẽ nye dzeɖoɖoa me gake Aƒetɔ Churchill lé ŋku ɖe Watchtower si nɔ asinye la ŋu eye wòkafum ɖe dɔ si wɔm mele la ta.
Le ŋkeke geɖe megbe esime meganɔ gbeadzi la, meva ƒo aƒe gã aɖe ƒe agbonuga. Gbɔvi aɖe va ʋu ʋɔa eye esi megblɔ be medi be maƒo nu kple aƒea tɔ la, ebia ne menya amesi wònye. Nyemenya o. Egblɔ be: “Chartwell, Winston Churchill ƒe aƒemee nye esia.” Enumake Aƒetɔ Churchill do va. Eɖo ŋku edzi be míedo go kpɔ eye wògblɔ be mage ɖe eme. Míeɖo dze vie eye wòxɔ agbalẽ etɔ̃ eye wògblɔ be magatrɔ va.
Emegbe metrɔ yi le ŋdɔ aɖe me eye wògaxɔm. Aƒetɔ Churchill tsɔ aŋutiha vivi aɖe nam eye esi míelɔ̃ gbe vɔ la, egblɔ be: “Mana gaƒoƒo afã wò be nàgblɔ nusi nèsusu be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye la nam gake na magblɔ nusi mesusu be wònye la na wò gbã.” Nu mae míewɔ.
Aƒetɔ Churchill susu be dziɖula mawuvɔ̃la aɖe dzie woaɖo Mawu ƒe Fiaɖuƒe la atoe eye be ne amegbetɔwo mesrɔ̃ alesi woanɔ anyi le ŋutifafa me o la, mava akpɔ o. Mete ŋu ɖe Biblia ƒe nukpɔsusu le nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye kple yayra siwo wòahe vɛ la me nɛ. Aƒetɔ Churchill ɖe amewɔwɔ fia ale gbegbe eye wòɖee fia be yedea bubu míaƒe dɔa ŋu.
Nublanuitɔe la, nyemegate ŋu do goe kpɔ o. Gake edzɔ dzi nam be togbɔ be ƒewuivi ko menye ɣemaɣi hã la, le hehe kple dzideƒo siwo mexɔ tso Papa gbɔ ta la, mete ŋu ɖi ɖase nyui aɖe na xexemedziɖuɖumegã xɔŋkɔ ma.—Psalmo 119:46.
Subɔsubɔdɔa Keke Ðe Enu
Le May 1950 me la, Dada ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe mí be yeʋu yina Canada eye yeakplɔ tsɛnye John ɖe asi. Fonye Peter kple tsɛnye David wonɔ wo ɖokui si ɣemaɣi. Eyata esi Papa wɔ dɔ kple asitsaha la ƒe 18 (aʋaƒe siwo me eƒe ŋkɔ ganɔ woƒe dɔwɔviwo dome hã le eme) megbe la, eɖe asi le dɔ ŋu eye wòbia be yeazu gbesiagbe mɔɖela. Edze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme le August 1950 me, esime wòtrɔ gbɔ tso Yehowa Ðasefowo ƒe dukɔwo dome takpekpe gã si wowɔ le New York. Anye ƒe ɖeka kple ɣleti aɖewo megbe le November 1951 me la, woɖo Papa dzikpɔla mɔzɔlae eye wòsrãa hamewo kpɔ dea dzi ƒo na wo. Womia asi nye hã ɣemaɣi le ƒe 1949 ƒe nuwuwu lɔƒo be mava subɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le London, England.
Míegaxɔ yayra bubu aɖe hã—womia asi mía kple Papa be míava de dutanyanyuigblɔlawo ƒe Gilead suku ƒe klass 20 lia le New York. Sukua dze egɔme le September 1952 me eye míewu enu le ƒe si kplɔe ɖo ƒe February me. Emegbe mesubɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒea ƒe ta le Brooklyn, New York, esime woɖo papa ɖe Indiana be wòanye dzikpɔla mɔzɔla.
Womena dutadɔdasiwo mí amesiwo katã de klass 20 lia la o bene míate ŋu ayi dukɔwo dome takpekpe gã si woawɔ le New York Dugã me le July me. Kae Whitson si nye nye sukuhatiawo dometɔ ɖeka ƒe nu va lé dzi nam ale gbegbe, eyata míeɖoe be míaɖe mía nɔewo. Woɖo mí ɖe Michigan be míava wɔ mɔzɔzɔdɔa eye le ƒe eve megbe la, wode dɔ asi na mí le duta na be míayi Ireland ƒe Anyiehe.
Gake esi míenɔ dzadzram ɖo be míaɖo meli adzo la, Kae kpɔ be yefɔ fu. Eyata míegadze dɔ bubu aɖe si nye be míakpɔ mía vi ŋutsuvi ɖeka kple nyɔnuvi etɔ̃ dzi be woawo hã woava zu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla siwo akpɔ dzidzedze abe alesi fofonye hem ene la gɔme. Le November 1953 me la, Papa dzo yi Afrika, eye le January 4, 1954 dzi la, eva ɖo eƒe dutadɔdasia wɔƒe le Dziehe Rhodesia (si nye Zimbabwe fifia).
Nu geɖe li Papa nasrɔ̃—agbenɔnɔ yeye, afimatɔwo ƒe nuwɔna si nye nu yeye nɛ, kple xɔse ƒe dodokpɔ yeyewo. Ɣemaɣi le ƒe 1954 me la, Ɣedzeƒedukɔwo me nɔlawo ƒe agbenɔnɔ mexɔ aƒe ɖe Dziehe Rhodesia o. Esi Papa nɔ alɔdzedɔwɔƒea ƒe ɖeka megbe la, woɖoe ɖe mɔzɔzɔdɔa me wònye nutome gã dzikpɔla. Wogagbugbɔ yɔe va alɔdzedɔwɔƒea le ƒe 1956 me eye wòsubɔ le afima vaseɖe eƒe kugbe le July 5, 1991 dzi. Ekpɔ dɔwɔla siwo nɔ alɔdzedɔwɔƒea ƒe dzidziɖedzi tso ame 5 le 1954 me va ɖo ame 40 kple edzivɔ kple Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo hã ƒe dzidziɖedzi tso 9,000 va ɖo 18,000 kple edzivɔ teƒe.
Papa Kple Dada ƒe Ƒe Mamleawo
Papa kple Dada megbe wo nɔewo o. Esi Dada dzo le England la, enɔ Canada vie eye emegbe wo kple John wodzo yi United States. Nɔvinyeŋutsuawo dometɔ aɖeke mezu Ðasefo o. Gake Ðasefowo yi Dada gbɔ le ƒe 1960 ƒeawo titina. Eʋu yi Mombasa, Kenya, le ƒe 1966 me, afisi wòyi nusɔsrɔ̃a dzi le. Gake nane va gblẽ le eƒe susu ƒe dɔwɔwɔ ŋu le ƒe si kplɔe ɖo me.
Nɔvinyeŋutsu Peter kple David wowɔ ɖoɖo nɛ be wòayi England, afisi wova da dɔ nɛ le. Eƒe lãme sẽ eye wògadze nusɔsrɔ̃ gɔme kple Ðasefoawo. Bu alesi Papa kpɔ dzidzɔe la ɖu kpɔ le susu me esime Dada ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖee be yeaxɔ nyɔnyrɔ̃ le takpekpe aɖe me le London le ƒe 1972 me. Mía kple srɔ̃nye míetso United States yi be míanɔ egbɔ esime wòxɔ nyɔnyrɔ̃.
Papa xɔ mɔkeke le ƒe si kplɔe ɖo me eye esi wònɔ England la, ewɔ aƒeme yi aƒeme dɔa kple Dada dzidzɔtɔe. Emegbe eva srã míaƒe ƒomea kpɔ le United States. Papa kple Dada gabu ɖekawɔwɔ ŋu ake gake Dada gblɔ nɛ be: “Mía dome klã eteƒe didi akpa. Asesẽ be míagawɔ ɖeka. Na míalala vaseɖe xexe yeyea me, esime nuwo katã ɖɔ ɖo.” Eyata Papa gatrɔ yi eƒe dɔdasia wɔƒe. Danye ƒe dɔ si wòlé le Kenya la gblẽ nu le eŋu, eye mlɔeba eva hiã be woasikae ɖe kɔdzi vaseɖe esime wòku le ƒe 1985 me.
Papa va dze dɔ vevie le ƒe 1986 me eyata mía kple nɔvinyeŋutsu Peter míeva srãe kpɔ le eƒe aƒeme le Zimbabwe. Esia de dzi ƒo nɛ ŋutɔ eye edze abe ŋusẽ bubu gaɖo eŋu le agbe me ene. Afrika nɔviawo lé be nam ale gbegbe le esi menye Lester ƒe vi ta! Le nyateƒe me la, kpɔɖeŋu si Papa ɖo la kpɔ ŋusẽ nyui aɖe ɖe amesiwo katã wòdo goe la dzi.
Fifia nye ŋutɔ nye lãme gblẽ. Ðɔktawo gblɔ nam be ɣeyiɣi kpui aɖe ko maganɔ agbe. Wogblɔ be dɔléle vɔ̃ɖi si woyɔna be amyloidosis si mebɔ o si me wometsia agbe le o la lém mele. Gake dzi dzɔam be vinyewo le nye kpɔɖeŋu srɔ̃m abe alesi mesrɔ̃ fofonye ƒe kpɔɖeŋui ene. Wo katã wole Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe kpli mí. Aleke gbegbe wòfaa akɔ na amee nye si be míanyae be míele agbe alo míeku o, kakaɖedzi ƒe mɔkpɔkpɔ le mía si be míanɔ agbe ase vivi le míaƒe Dziƒofofo lɔlɔ̃tɔ la ƒe yayrawo me tegbee elabena míewɔ eƒe lɔlɔ̃nu nuteƒewɔwɔtɔe! (Hebritɔwo 6:10)—Abe alesi Michael Davey gblɔe ene.a
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Michael Davey ku le June 22, 1993 dzi esime wonɔ nuŋlɔɖi sia nu wum.
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Miame: Mía kple dzinyelawo kpakple fonye
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Mete ŋu ɖe nu geɖe gɔme na Winston Churchill le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
USAF photo
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
Fofonye, Lester, do ŋgɔ teti na eƒe ku
[Nɔnɔmetata si le axa 20]
Mía kple srɔ̃nye, Kae