INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 4/8 axa 15
  • Beléle Na Dzila Tsitsiwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Beléle Na Dzila Tsitsiwo
  • Nyɔ!—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzilawo Dzi Kpɔkpɔ—Tenɔnɔ Ðe Gbesiagbe Ƒe Nuteɖeamedziwo Nu
    Nyɔ!—1994
  • Bubudede Mía Dzila Tsitsiwo Ŋu
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Beléle Na Dzila Tsitsiwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Mide Bubu Ame Tsitsi Siwo Le Mia Dome Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1994
g94 4/8 axa 15

Beléle Na Dzila Tsitsiwo

“NYEMEKPƆ vovo le ŋkeke me o eye metsi zãdomadɔlɔ̃e hã, gake egawɔ nam kokoko be mɔnukpɔkpɔe wònye nam.” Nenemae nyɔnu aɖe gblɔ tso beléle na dada si ku nyagã la ŋuti. Nyɔnu sia kple ame bubu geɖewo bua beléle na wo dzila siwo le tsitsim la be enye nuteƒekpɔkpɔ nyui aɖe.

Ame geɖe hã va le nusia teƒe kpɔm. Wogblɔ be amewo ƒe hatsotso si le dzidzim ɖe edzi kabakaba wu le United States lae nye amesiwo xɔ ƒe 75 kple edzivɔ. Le ƒe 1900 me la, Amerikatɔ siwo mede miliɔn ɖeka o lae xɔ ƒe 75 alo tsi wu ema. Le ƒe 1980 me la, amesiwo ade miliɔn ewo la tsi xɔ ƒe 75 kple vɔ. Ame tsitsiwo ƒe agbenɔƒewo le didim wu tsã, eye wo dometɔ siwo xɔ ƒe 85 alo tsi wu nenema la ƒe akpa etɔ̃lia hiã kpekpeɖeŋu gbesiagbe.

Togbɔ be beléle na ame tsitsi ate ŋu anye nuteƒekpɔkpɔ ɖevi hã la, kuxiwo megbea emenɔnɔ o. Ne dziwòla ɖeka alo evea siaa zu ame tsitsi eye wohiã wò kpekpeɖeŋu la, àkpɔe be beléle na wo le go aɖewo me sesẽ. Alesi ŋusẽ le vɔvɔm le wo ŋui ɖeɖe dzaa kpɔkpɔ ana nàse veve godoo. Eye ne kpekpeɖeŋu sue aɖe koe ƒomea me tɔwo naa wò alo womekpena ɖe ŋuwò kura o la, ekema beléle na wo ƒe agba katã atsi dziwò.

Àde dzesii hã be eɖanye aleke ke nètsii o, mawɔ na wò be ètsi ne èle dziwòlawo gbɔ o. Woadi be yewoawɔ vi na wò eye wò hã adi be yeawɔ vi ɖe wo dzi. Beléle na dziwòla tsitsiwo ate ŋu ate ɖe dziwò ne xɔ̃wòwo medo alɔ wò le seselelãme gome o.

Gake mele be kuxi siwo nàdo goe le dziwòlawo dzi kpɔkpɔ me la nagblẽ ƒomedodo kplikplikpli si anɔ mia kpli wo dome o. Ŋɔŋlɔawo fia mɔ vi tsitsiwo nyuie be “woasrɔ̃ alesi woawɔ nusi adze Mawu ŋu la le woa ŋutɔwo ƒe aƒe me gbã, eye woaɖo teƒe na wo dzilawo; elabena esia nyo le Mawu ŋku me.” Gake, amesi “nyã dada la, vi vloe ŋukpenanuwɔla wònye.”—Timoteo I, 5:4; Lododowo 19:26.

Mawuvɔvɔ̃ ɖeɖefia to beléle na wo me ate ŋu anye nuteƒekpɔkpɔ tuameɖo na wò. Gake gbã la, ele be nànya kpekpeɖeŋu si tututu hiãm dziwòlawo le tso gbɔwò. Nyati siwo gbɔna la akpe ɖe ŋuwò nànya hiahiã mawo kple alesi nàwɔ akpɔ wo gbɔ. Eye togbɔ be nyati siawo te gbe ɖe nusi woate ŋu awɔ le aƒeme dzi hã la, eme kɔ ƒã be le go aɖewo me la, le dzilawo ƒe lãmegbegblẽ alo tsitsi akpa ta la, woahiã na amesiwo nya nu le ame tsitsiwo dzi kpɔkpɔ ŋu, abe alesi wowɔnɛ le ame tsitsiwo dzi kpɔƒewo ene.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe