Dzilawo Dzi Kpɔkpɔ—Tenɔnɔ Ðe Gbesiagbe Ƒe Nuteɖeamedziwo Nu
NE DZILAWO dzi kpɔkpɔ hea nuteɖeamedzi aɖewo, vevietɔ esiwo mèle mɔ kpɔm na o va dziwò la, ate ŋu ana nàse le ɖokuiwò me be yeɖi fɔ. Àbia ɖokuiwò be: ‘Ðe nane gblẽ le nye ƒomedodo kple dzinyelawo ŋua? Le teƒe geɖewo la, ɖe amewo menɔa anyi kple wo dzilawo le dzidzɔ me le woƒe agbemeŋkekewo katã me oa?’
Ðewohĩ wò nɔnɔmea ato vovo. Ate ŋu anye be dziwòlawo ʋu va aƒewò me esime wonɔ wo ɖokui si ƒe 20, 30, 40 alo esi wu nenema vɔ megbe. Esia fia be mia kple dziwòlawo miesrɔ̃ agbenɔnɔ kple numãme siwo to vovo na mia nɔewo tɔ le miaƒe agbenɔƒewo ƒe akpa gãtɔ me. Esi ƒe geɖewo va le yiyim la, agbenɔnɔ kple numãme siawo ate ŋu ava trɔ bubui kura. Gake fifia esi nèle be lém na wo la, eva hiã be nàna wò agbenɔnɔ nawɔ ɖeka pɛpɛpɛ kple amesiwo nèle be lém na la tɔ. Esia ate ŋu asesẽ wu ne mi katã mienɔ anyi ɖekae ɣeyiɣi didi aɖe.
Gakpe ɖe eŋu la, dzila aɖewo ƒe dɔléle nu asẽ vie alo le go bubuwo me la, woahiã na beléle tɔxɛ geɖe. Togbɔ be ànɔ dziwòlawo ƒe nuhiahiãwo nam wo alesi dze eye àkpɔe be mehiã le ɣeyiɣi ma me be nàkplɔ wo ayi ame tsitsiwo dzikpɔƒee o hã la, eme kɔ ƒã be nɔnɔme sia hea gbesiagbe ƒe nuteɖeamedziwo vaa mi katã dzi. Beléle na dziwòlawo nye nusi sɔ le dzɔdzɔme nu. Tsitsi aku amegã alo nyagã kple dɔdzedze ya mele dzɔdzɔme nu o. Wɔla la meɖoe be ŋutete kple lãmesẽ navɔ le amewo ŋu le woƒe tsitsi me o. Eyata megawɔ na wò be nane gblẽ le ye ŋu le esi nɔnɔmea bia nu geɖe tso asiwò le susu kple ŋutilã me wu alesi nèbui ta o.—Mose I, 1:26-31; Psalmo 90:10.
Kuxi siwo doa go tsoa beléle na dziwòlawo me mefia kokoko be ƒomedodo nyui mele mia kpli wo dome o. Vevietɔ nenye be ènɔ ƒomedodo nyui me kpli wo hafi wova hiã na wò kpekpeɖeŋu la, anɔ eme be kuxi ɖesiaɖe si nàdo goe la nye kuxi siwo doa go tso amedzikpɔkpɔ me. Aleke nàte ŋu akpe akɔ kple gbesiagbe ƒe nuteɖeamedzi mawo nyuie?
Akɔkpekpe Kple Fɔɖiɖi ƒe Seselelãmewo
Amesiwo le woƒe ŋutete ɖesiaɖe wɔm na wo dzilawo eye wòle be woawɔe kura gɔ hã bua fɔ wo ɖokui ɣeaɖewoɣi be yewomete ŋu le geɖe wɔm o. Gake fɔbubuameɖokui madzemadzee hã ate ŋu ahe kuxi vɛ. Àva kpɔe be yele asi trɔm le ɖoɖo siwo ana nàka vo tso fɔbubu ɖokuiwò me la ŋu gake ɖeko nuwo mele dziwò alo dziwòlawo dzi dem o. Le kpɔɖeŋu me, nukae adzɔ nenye be le nyɔnu aɖe ƒe agbagbadzedze me be yeaɖe fɔbubu ye ɖokui madzemadzee ɖa ta la, wòva gbla ɖe edzilawo dzi kpɔkpɔ ŋu ale gbegbe be wòva gblẽ eya ŋutɔ srɔ̃aŋutsu alo viawo ɖi? Nusiwo ado tso eme la agblẽ nu le eya, srɔ̃aŋutsua kple viawo ŋu. Eyata mègana fububu ɖokuiwò madzemadzee nakpɔ ŋusẽ ɖe wò agbe dzi o.
Ðe alesi wòdzena na wò abe ɖe mate ŋu akpɔ dziwòlawo dzi wòade edeƒe o ene la nana nèbua fɔ ɖokuiwò ɣeaɖewoɣia? Ekema anɔ eme be dziwòlawo hiã nu geɖe wu nusi nàte ŋu ana wo. Nɔnɔmea anɔ ale gbegbe be ne èdze agbagba ʋuu hã la, dɔ geɖe aganɔ anyi si nàte ŋu awɔ. Gawu la, ne èbu dzilawo dzi kpɔkpɔ be enye mɔ si dzi yeato aɖo nusiwo katã wowɔ tsɔ kpɔ dziwò netsi teƒe na wo la, ɖeko nànɔ fɔ bum ɖokuiwò madzemadzee ɣesiaɣi, elabena màte ŋu aɖo eteƒe na wo wòade edeƒe o.
Agbalẽ si nye You and Your Aging Parents gblɔ be ehiã be nàtso nya me le nusi nàte ŋu awɔ na dziwòlawo la ŋuti. Egblɔ be: “Ne menye nusi nàdi be yeawɔ alo nusi wòle be nàwɔ dzie nètu [wò nyametsotso] ɖo o, ke boŋ nusi nàte ŋu awɔ dzie nètui ɖo la, akpɔ tawò tso nutikɔnamewo me.”
Ẽ, tso nya me le nusi tututu nàkpɔ mɔ be yeate ŋu awɔ la ŋuti. Akpe ɖe ŋuwò ne èbia kpekpeɖeŋu tso xɔ̃wò aɖe si dzi nèka ɖo eye wònya wo ŋutete, wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo, kple nɔnɔme si me wò ƒomea le la gbɔ. Àte ŋu axɔ dziwòlawo ɖe wò aƒemea? Nɔƒe li na woa? Woalɔ̃ be yewoaʋu ava? Ne dziwòlawo mele gbɔwò o la, zi nenie nàte ŋu asrã wo kpɔ eye ɣekaɣie? Ne èwɔ wo ŋutete la, mehiã be nàganɔ fɔ bum ɖokuiwò o. Ne ègabua fɔ ɖokuiwò kokoko la, bu seselelãmea be mesɔ o eye mègaɖe mɔ wòakpɔ ŋusẽ ɖe wò nyametsotsowo dzi o.
Mimã Agbanɔamedzia
Biblia ƒe agbalẽ si nye Nyagblɔla gblɔ alesi menyo be ‘woawɔ nu vɔ̃ɖi woagbɔ eme o’ alo ‘woawɔ nu dzɔdzɔe vivivo o’ eye be nu nudzɔdzɔewɔwɔ vivivo ate ŋu ‘ahe tsɔtsrɔ̃ vɛ na wò.’ (Nyagblɔla 7:16-18) Esia ate ŋu adzɔ ne èle agbagba dzem be yeawɔ nu geɖe wu alesi nèdi, nusi nàte ŋu awɔ, kple nusi wòle be nàwɔ kura gɔ̃ hã.
Nenye be wò gbesiagbedɔwɔnawo sɔgbɔ xoxo hafi nèva dze beléle na dziwòlawo gɔme la, ele be nàɖe asi le dɔwɔna bubu aɖewo ŋu alo nàbia kpekpeɖeŋu. Gake ame geɖe siwo hiã na kpekpeɖeŋu la hena ɖe megbe be yewoabia. Woanɔ vɔvɔ̃m alo agblɔ be yewomedi be woakpe ɖe yewo ŋu o. Gake èle nu gblẽm le ɖokuiwò kple amesiame si te ɖe ŋuwò la ŋu nenye be èna agba te ɖe dziwò. Le agbalẽŋlɔla E. Jane Mall ƒe agbalẽ si wòŋlɔ le beléle na dzilawo ŋu me la, woyɔ agba kpekpe dodo na ame ɖokui ma be “xɔsetakukulawo ƒe dɔléle.” Eɖo aɖaŋu be: “Ele be nusiwo le vevie wu ƒe ɖoɖowɔɖi nanɔ asiwò, eye ele be wò nu vevitɔwo dometɔ etɔ̃ nanye vovokpɔkpɔ ɖe [srɔ̃wò] ŋu, ɣeyiɣi kpɔkpɔ ɖe viwò kple xɔ̃wòwo ŋu, kple vovokpɔkpɔ ɖe ɖokuiwò ŋu.”
Vavãe, ahiã be ame bubuwo nado alɔ wo. Eyata afikae nàte ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu le? Ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo, aƒelikawo, kple amesiwo nya nu le ame tsitsiwo dzi kpɔkpɔ ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Gake ele be nàbia wo be woakpe ɖe ye ŋu. Eye ele be nàgblɔe tẽ be yehiã kpekpeɖeŋu. Nyamenyawo gbɔgblɔ meɖea vi o. Ne èɖe wò nuhiahiãwo kple nusi tututu dim nèle gblɔ eme kɔ ƒã la, awɔ nuku na wò be àkpɔe be ame geɖe di be yewoakpe ɖe ŋuwò. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu abia be ame aɖe nakpe ɖe ye ŋu adzra aƒea me ɖo na ye. Nenye be esia ana nàka vo vie la, ke menye fifiae nàganɔ tɔ tem ɖe edzi be ye ŋutɔ kokokoe adzra aƒea me ɖo elabena ‘ame aɖeke mate ŋu awɔe nyuie abe ye ŋutɔ ene o’ ta o.
Ne nɔviwò ŋutsuwo kple nyɔnuwo li la, wo dzilawo dzi kpɔkpɔ ƒe agba le woawo hã dzi. Ðewohĩ wòe kpɔ dziwòlawo dzi ʋuu va ɖo fifia hele susum be nɔviwòwo mate ŋu akpɔ mia dzilawo dzi alo womele didim be yewoakpɔ wo dzi o. Gake ègblɔe na wo tẽ be yehiã woƒe kpekpeɖeŋua? Wo dometɔ aɖewo alɔ̃ akpe ɖe ŋuwò—ne ègblɔe na wo eme kɔ ƒã be yehiã woƒe kpekpeɖeŋu.
Ame aɖewo ɖeɖe ɖoa tɔ ɖe wo dzilawo dzi kpɔkpɔ nu ale be dzilawo nakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu alo be woayi edzi akpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu. Alo ne woabu yewo be vi buamewoe yewonye le alesi woawo ɖeɖe xɔ dzikpɔkpɔdɔwo katã ƒu akɔ ta. Woato nyatoƒoe be womele kpekpem ɖe yewo ŋu le yewo dzilawo dzi kpɔkpɔ me o, gake woaɖee afia to nuƒo kple nuwɔna me be yewodii nenema. Nusia wɔwɔ anye nu dzɔdzɔe wɔwɔ vivivo tɔgbe aɖe. Gake nukatae nàhe fukpekpewo ava ɖokuiwò dzi dzodzro? Nenye be amewo li akpe ɖe ŋuwò la, bia woƒe kpekpeɖeŋu, eye na woakpe ɖe ŋuwò.
Nuxlɔ̃amenya aɖee nye si: Mègakpɔ mɔ be nɔviwòwo amã agbanɔamedzia kple ye sɔsɔe o. Togbɔ be esia wɔwɔ anɔ bɔbɔe na wo ɣeɖewoɣi hã la, zi geɖe la nɔnɔme siwo me woa ŋutɔwo le la wɔnɛ be asesẽ na wo alo manya wɔ na wo o. Nu nyuitɔ wu si ame geɖewo wɔnae nye be ƒomea me tɔ ɖeka koŋ nanɔ dzilawo dzi kpɔm, le esime ƒomea me tɔ susɔeawo, vevietɔ nɔviwòŋutsuwo kple nɔviwònyɔnuwo ana gakpekpeɖeŋu eye woanɔ ka ƒom na wo, anɔ wo srãm kpɔ, alo woakplɔ wo dzilawo yi aƒemee ɣeaɖewoɣi alo woaɖi tsa kpli wo le kwasiɖanuwuwuwo.
Ne Miele Mia Nɔewo Gbɔ
Mia nɔewo gbɔ nɔnɔ le afi ɖeka ate ŋu ahe dzikudodo suesue aɖewo vɛ. Nane si xɔ̃wò aɖe awɔ si nàbu nu tsɛ la azu dzikunya ne ƒometɔ kplikplikplie wɔe.
Gakpe ɖe eŋu la, dziwòla ate ŋu agblɔ nya sia tɔgbe be ‘Màdi be nàtsɔ ɣeyiɣi geɖe wu anɔ gbɔnye, gake menya be vovo mele ŋuwò kura na nusia wɔwɔ o.’ Dzila ƒe nyagbɔgblɔa awɔe be mànya ne nusi wòdi be yeagblɔe nye be, mèléa be na dziwòla wòdea edeƒe ŋutɔŋutɔ o. Nyagbɔgblɔ ma ado dziku na wò. Le esi teƒe be nàdo dziku la, ɖe manyo wu be nàkpɔ nusi tututu ta dziwòla la di be nànɔ yegbɔ ɣeyiɣi geɖe wu la oa? Ne màte ŋu awɔ nusi dim wòle nɛ kura o hã la, numeɖeɖe nɛ dɔmenyotɔe ahe emetsonu nyuiwo vɛ wu gbedada ɖe egbɔ.—Lododowo 12:18.
Agbagbadzedze vevie be nàtu nɔnɔme siwo ƒe dzi wode ƒo na mí le Biblia me ɖo la akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔtɔ anye dɔmenyotɔ gake nànɔ te sesie le afisi wòhiã le. Biblia ƒe agbalẽ si nye Kolosetɔwo lɔ̃ ɖe edzi nyateƒetɔe be ‘nya aɖe nɔa mía si ɖe mía nɔewo ŋuti’ ɣeaɖewoɣi. Efia mɔ mí be ‘míahe adodo kple mía nɔewo, eye míatsɔ ke mía nɔewo, ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti.’ Ede dzi ƒo hã na mí be míado “dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ. ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, [kple] dzigbɔgbɔ blewu.” (Kolosetɔwo 3:12-14) Kakaɖedzi li be nɔnɔme siawo akpe ɖe ŋuwò geɖe ŋutɔ be nàɖe dzikudodo si tsoa teƒe ɖeka nɔnɔ kple mia nɔewo gbɔ la dzi akpɔtɔ.
Gake ne egadzɔ kura be nèwɔ vodada, do dziku, hegblɔ nya siwo gbɔgblɔ medzro wò hafi o hã la, “ɣe la nagaɖo to ɖe [wò] dzibibi o.” Ðe kuku enumake eye nàɖe asi le nya la ŋu. Mègana esia hã nava zu nya bubu si nàtsɔ anɔ fɔ bum ɖokuiwò o.—Efesotɔwo 4:26, 27.
Mina Ɣeyiɣi Siwo me Miaɖe Aga Mia Ðokui la Nanɔ Anyi
Ne aƒe ɖeka mee mia kple dziwòlawo miele la, agaɖeɖe ɖokuiwò asesẽ. Evɔ la mia kple dziwòlawo siaa miehiã nɛ va ɖo afia ɖe. Àte ŋu adzro kuxi sia me kple wo eme nakɔ na wo be ɣeyiɣi kple teƒe aɖewo koŋ nye wò alo viwòwo kple srɔ̃wò tɔ. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be manya wɔ le ƒome ɖesiaɖe me o hã la, le ƒome aɖewo me ya la, ƒomea me tɔ ɖesiaɖe ase egɔme be ne wodo ʋɔtru hetsɔ nuŋɔŋlɔ si nye megaɖe tolim o de enu la, afia be ame aɖe le xɔa me alo amesi le xɔa me la ƒe ɣeyiɣie nye ma.
Ne ʋɔtru mele xɔa nu o la, woate ŋu azã nuxenu alo xɔmetsovɔ nyui aɖe le susu ma ke ta. Nenye be wogblẽ ɣeyiɣi aɖe si me nèɖe aga ɖokuiwò vie me na wò la, anyo be nàtsɔ ŋuɖɔɖo aɖo ŋku edzi na wo. Nya lae nye be, ƒomea me tɔ ɖesiaɖe nede bubu alesi ehavi ƒe agaɖeɖe eɖokui hiãe la ŋuti.
Mɔnukpɔkpɔe
Ðo ŋku edzi be togbɔ be dziwòlawo ƒe lãme si agblẽ ɖe dzi ana nàse veve hã la, mía Wɔla Yehowa di be míakpɔ dzidzɔ va ɖo afi aɖe nenye be míele tetekpɔwo me tom gɔ̃ hã. Dɔ sia wɔwɔ hã akpe ɖe ŋuwò nàte ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli ne èɖoa ŋu ɖe eŋu le gbedodoɖa me. Dziladzikpɔla aɖe gblɔ be: “Metena ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli ɣesiaɣi, gake dzinyelawo dzi kpɔkpɔ va fiam alesi mada ɖokuinye ɖe Yehowa dzi bliboe. Ðeko wòle abe vovototo si le kaƒoƒo na ame le didiƒe kple alesi nànɔ amea gbɔ ŋutɔŋutɔ ene. Yehowa nɔ gbɔnye le afima tututu.”
Dzilawo dzi kpɔkpɔ nye mɔnukpɔkpɔ kple dɔdasi. Ƒo nu kple dziwòlawo be nànya woƒe hiahiãwo. Na woƒe nuhiahiã nasu wo si, eye dzi nedzɔ wò ɖaa le esia wɔwɔ me.—Filipitɔwo 4:4-7; Petro I, 5:7.
[Aɖaka si le axa 19]
Alesi Nàwɔ Dzilawo Dzi Kpɔkpɔ Navivi Nuwò
1. Zi geɖe la, nusi dim dzilawo le tso wo vi tsitsiwo gbɔe nye kadodo kplikplikpli kple wo. Efia be nàte ɖe dziwòlawo ŋu eye nàɖe wò nɔnɔme veviwo afia wo. Esia wɔwɔ ate ŋu asesẽ le dzilawo kple wo vi tsitsiwo dome ƒomedodo me. Fɔbubu ame nɔewo ƒe nuwɔna ɖesiaɖe si atso akpa ɖesiaɖe gbɔ la anye mɔxenu. Ehiã be miaɖe asi le nɔnɔme siawo ŋu be mialɔ̃ mia nɔewo.
2. Ne dziwòlawo dometɔ ɖeka le kuxi alo nane si le fu ɖem nɛ gblɔm na wò la, ɖo to veveseɖeamenutɔe. Nya siwo nàgblɔ si ana woƒe seselelãme nadze nu tsɛ, abe: ‘Oo, wò nɔnɔmea megblẽ nenema gbegbe o ɖe’ alo, ‘Menya, nusia ke wɔ nye hã’ ate ŋu adzi woƒe vevesese ɖe edzi wu. Aɖe vi wu ne èdze agbagba nya nusita dziwòla sena le eɖokui me nenema, ekema lɔ̃ ɖe nya siawo dzi eye nàse veve kplii (‘Ewɔ abe nuwo le sesẽm na wò fifia ene, gake màkpe asi ɖe ŋuwò míakpɔ egbɔ’).—Lododowo 20:5.
3. Ne srɔ̃woe le edzilawo dzi kpɔm la, do alɔe le ŋutilã kple seselelãme gome. Ðo dze kple srɔ̃woa; ne menye nenema o la ame nɔewo gɔmemasemase ado mo ɖa. Kpekpeɖeŋu si ame ƒe kpeɖeŋutɔ anae la ana nuwo natrɔ kura. Nyɔnu aɖe gblɔ be kpekpeɖeŋu si nam yeƒe ƒomea mele o la “le sesẽm na ye wu dadaa dzi kpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ.” Gake ekpɔ ŋudzedze ɖe exɔlɔ̃ aɖe si va kpena ɖe eŋu ɣeaɖewoɣi la ŋu. Egblɔ be: “Ewɔa dɔ ɖe dzinye ne egblɔ be yeakpe ɖe ŋunye. Esia xɔ asi nam ale gbegbe, eye wòtem ɖe eŋu kplikplikpli wu.”
[Aɖaka si le axa 22]
Ne Wole Dziwò Kpɔm
Anye be viwòwo le dziwò kpɔm. Nukae nàte ŋu awɔ atsɔ kpe ɖe wo ŋui be ƒomedodo nyui si me tomefafa le, si le mia kple viwòwo dome la nakpɔtɔ anɔ anyi?
Dzila aɖewo wɔa vodada hedina be woakpɔ ŋusẽ ɖe wo viwo dzi to nyatoƒoetoto, nuhaha, alo fɔbubu wo viwo me. Ànya kokoko be ŋusẽ si màgate ŋu akpɔ ɖe viwòwo dzi o, kple kuxi geɖe wu koe nusia hena vɛ. Ne èɖee fia viwò siwo tsi la be yedea bubu woa ŋutɔwo, woƒe vovovoɣiwo kple woƒe susuwo ŋu ne mèda asi ɖe wo dzi gɔ̃ hã o la, emetsonuawo nyona wu. Eɖea vi ne èkafua viwòwo gbesiagbe. Vi tsitsi aɖe gblɔ be: “Ne ɖeviwo tsi aleke ke hã la, wodina be yewo dzilawo nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu.”
Le lɔlɔ̃ kple bubu ƒe nɔnɔme sia me la, gblɔ wò hiahiãwo na viwòwo. Ahamasisi kple nyamenyawo gbɔgblɔ meɖea vi aɖeke o, eyata gblɔ wò nyawo tẽ, gake gblɔe le dɔmenyo me. Ne nya ɖe do ʋiʋli na mia kple viwòwo hã la, wò ayedzedze awɔe be ƒomedodo kplikplikpli si me anukwareɖiɖi le si me nugɔmemasemase mele o la nanɔ anyi.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 20, 21]
Ne èle dziwòlawo dzi kpɔm la, kpɔ vovo ɖe srɔ̃wo, viwòwo, kple ɖokuiwò hã ŋu.