Nya Kae Le Ɣletiviwo Me Na Wò?
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE BRAZIL GBƆ
“ÈSEE wogblɔ le ɣletivimefakaka me be míaƒe anyigba la ava lɔ ɣletinyigba si nye Mars ɖe enu le July si gbɔna mea?” Cole Porter ƒe dzidzɔhagbe siawo ɖe dzixɔse si bɔ eye wòli tso blema ke be amegbetɔ ƒe etsɔ me do ƒome kple ɣletiviwo le nanewo me la gblɔ nyuie.a Gake ɖe kadodo ŋutɔŋutɔ aɖe le dziƒoŋuwo kple ameƒomea ƒe agbe le anyigba sia dzi domea? Ne edo ka kplii la, ekema aleke wòkpɔa ŋusẽ ɖe ameƒomea dzii? Ne medo ka kplii o la, ekema akpa ka tututue ɣletiviwo wɔna?
Eyata mewɔ nuku o be ame geɖe tsɔ ɖe le etsɔ me vevie ne míebu nu kpata aɖewo siwo dzɔ nyitsɔ laa ŋu—Berlin Glia ƒe mumu kple Soviet Union si nɔ anyi tsã ƒe gbagbã kpata, makamaka ɖe dunyahedziɖulawo dzi, gbevovovodolawo dome fuléle si le edzi yim le Afrika kple Europa, subɔsubɔhawo dome fuléle si le India kple Ireland, nuwo ƒe asixɔxɔ kabakaba si le fu wɔm dukɔ geɖe, kple sɔhɛwo ƒe aglãdzedze. Hamburg Yunivɛsiti ka nya ta be, ƒe 1992 ye nye ƒe si me aʋa dzɔ le wu tso esime Xexemeʋa II ke, eye nyaʋiʋli siwo me wozã tuwo le 52 ye dzɔ le dukɔ vovovowo me. Eyata ŋutifafalɔ̃lawo biana be: ‘Afikae míate ŋu atrɔ ɖo akpɔ tomefafa, ŋutifafa, kple dedienɔnɔ?’
Kakaɖedzi si mele etsɔ me ŋu o wɔe be afakaka ƒe mɔnu vovovowo va bɔ ŋutɔ. Ðewohĩ ɣletivimefakakae wonya wu. Ɣletivimefakaka si to vovo na ɣletiviŋutinunya la nye “afakaka si me wogblɔna le be ɣletiviwo kple ɣletinyigbawo ƒe nɔƒe kple akpa si wole na wo nɔewo la kpɔa ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe nyawo kple anyigba dzi nudzɔdzɔwo dzi.” Egbea la, ame miliɔn geɖe léa ŋku ɖe ɣletimefakaɖoɖo ŋu be yewoanya yewoƒe etsɔ me.b
Srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo kple dɔlényawo, dziɖulawo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ kple anyidzedze, ŋkeke nyuitɔ si dzi woaɖo dɔwɔƒe yeye, xexlẽdzesi siwo woatsɔ ada lotoe aɖu wonye akpa bubu siwo ɣletivimefakalawo gblɔna be yewogblɔa etsɔ me ɖi le.
Nyadzɔdzɔdɔwɔha si woyɔna be Reuters la ka nya ta be Nancy Reagan yia ɣletivimefakala Joan Quigley gbɔ edziedzi va biaa ɣeyiɣi si me wòle be srɔ̃a si nye United States dukplɔla ɣemaɣi la naƒo eƒe nuƒo kple ɣeyiɣi si me eƒe yameʋu nadzo agadze lae. New Catholic Encyclopedia gblɔ be “Papa Julius II [ƒe 1503-13] kaa ɣletivimefa tsɔ ɖoa eƒe fiakukuɖɔgbee, eye Paul III [ƒe 1534-49] hã kanɛ tsɔ nya gaƒoƒo nyuitɔ si dzi Sɔlemeha la ƒe Aɖaŋudeha naɖi anyi.” Alfred Hug, Switzerland-sitsaha aɖe ƒe dɔdzikpɔla, si zãa ɣletivimefakaka tsɔ ɖoa aɖaŋu na asitsalawo le adzɔnuwo dzraƒe ŋu la, kana ɖe edzi na asitsalawo be eme anyo na wo godoo. Eɖoa kpe edzi be: “Edze le ɣletiviwo me.”
Edze ƒã be ame geɖe susunɛ be ɣletiviwo kpɔa ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe agbe dzi. Aleke ɣletivimefakaka wɔ dze egɔme? Ðe nya aɖe le blemagbalẽ Biblia la si wòagblɔ le ɣletivimefakaka kple ɣletivimefakalawo ŋua?
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a “Blema le China la, . . . wosusui be dziŋgɔli me dzesiwo kple dzɔdzɔmefɔkuwo ɖea Fiagã la kple eƒe dziɖuɖu ƒe nuwɔna nyuiwo kple gbegblẽawo fiana.”—The International Encyclopedia of Astronomy.
b Ɣletimefakaɖoɖo nye “ɣletinyigbawo kple wo nɔƒe kple ɣletivimefakadzesiwo ƒe nɔnɔmetata le ɣeyiɣi aɖe koŋ dzi (ate ŋu anye ame ƒe dzigbe)” eye ɣletivimefakalawo zãnɛ tsɔ tena kpɔ be yewoagblɔ nusiwo adzɔ le ame ƒe agbe me le etsɔ me la ɖi.