INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 8/8 axa 21-24
  • Ɣletiviwo Kple Amewo—Ðe Kadodo aɖe Le Wo Domea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ɣletiviwo Kple Amewo—Ðe Kadodo aɖe Le Wo Domea?
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ɣletiviwo Li Fũ
  • Ɣletiviwo le Ŋɔŋlɔawo Me
  • Betlexem ƒe “Ɣletivi” La
  • Nya Le Ɣletiviwo Si Na Wò!
    Nyɔ!—1994
  • Nya Kae Le Ɣletiviwo Me Na Wò?
    Nyɔ!—1994
  • Ðe Ɣletiviwo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Wò Agbe Dzia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Ɣea Kple Eŋuɣletinyigbawo​—Ale Si Wowɔ Va Dzɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1994
g94 8/8 axa 21-24

Ɣletiviwo Kple Amewo​—Ðe Kadodo aɖe Le Wo Domea?

MENYE egbee amewo dze ŋkuléle ɖe ɣletiviwo ŋu gɔme o. The World Book Encyclopedia gblɔ be ƒe akpe geɖe nye sia la, agbledelawo “léa ŋku ɖe ɣletiviwo ŋu be yewoanya ɣeyiɣi si me yewoaƒã nukuwo. Mɔzɔlawo srɔ̃ alesi woana ɣletiviwo nafia mɔ woe.” Wogazãa ɣletiviwo egbea abe mɔfianuwo ene le yamenutomeyiyi me. Blematɔwo kpa gli aɖewo le amewo kple lãwo ŋu siwo wosusu be wole abe ɣletiviwo ƒe ƒuƒoƒo alo woƒe hatsotsowo ene. Amewo va susui emegbe be ɣletiviwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe yewoƒe agbe dzi.

Ɣletiviwo Li Fũ

Ɣletiviwo ƒe xexlẽme kple lolome dzaa dzi ŋɔ ŋutɔ. Wobu akɔnta be ɣletivihatsotso gã siwo ade biliɔn 100 ye le xexeame godoo! The International Encyclopedia of Astronomy gblɔ be: “Esia nye mɔlikui gbogbo si ayɔ sɔlemexɔ gã ɖeka la ƒe xexlẽme.” Wobui be ne mede ɖeke o la, ɣletivi xexlẽme mae le ɣletivihatsotso si woyɔna be Milky Way, si me míaƒe anyigba, ɣe, kple ɣleti bubuwo le la me. Ɣletivi si tsɔ míaƒe Anyigba gbɔ wu (menye Ɣe la o), si le Alpha Centauri ƒe hatsotso me la, didi abe keklẽƒe 4.3 ene tso mía gbɔ. Keklẽƒe nye mɔ didi si keklẽ zɔna le ƒe ɖeka me. Efia be ne míekpɔ ɣletivi la, akaɖi si klẽ ɖe míaƒe ŋku dzi la dzo le ɣletivia gbɔ ƒe 4.3 do ŋgɔ eye wòle du dzi kilometa 299,792 aɖaƒoƒo ɖeka le ɣeyiɣi siawo katã me. Míate ŋu akpɔ alesi gbegbe mɔa didii la le susu me o. Ke hã la, ɣletivi si te ɖe mía ŋu wu tɔ koe nye ma. Ɣletivi aɖewo didi keklẽƒe biliɔn geɖe tso míaƒe ɣletivihatsotsoa gbɔ. Mewɔ nuku o be Mawu ƒe nyagblɔɖila gblɔ be: “Kpɔ ɖa, dukɔwo le abe tsi toŋtoŋ le ze ŋu ene, wobu wo abe ʋuʋudedi le nudanu ŋu ene; kpɔ ɖa, edo ƒukpowo abe kekui ko ene!” (Yesaya 40:15) Amekae kekui gbɔ nya tsɔ?

Dzinu si kpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe anyigba dzi ŋutɔ lae nye dziƒonu si te ɖe anyigba ŋu wu, eye eƒe nuheŋusẽ dzaa na ƒu ɖɔna alo miena meta 15 kple edzivɔ le teƒe aɖewo. Franseawo ƒe dzɔdzɔmeŋutinunyala etɔ̃ gblɔ be wokpɔe fifia be dzinua ƒe nuheŋusẽ na anyigba la ƒe anyinɔwo viã dzeside 23 si wɔnɛ be azãgbewo trɔna ɣesiaɣi. (Nature, February 18, 1993) Esi dzinua kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe anyigba dzi nenema gbegbe ta la, susu le eme be míabia be, Ke ɣletivi biliɔn geɖe siwo li ya ɖe? Gake gbã la, nya kae blemagbalẽwo, le kpɔɖeŋu me, Biblia la gblɔ na mí tso ɣletiviwo ŋu?

Ɣletiviwo le Ŋɔŋlɔawo Me

Biblia yɔ ɣletiviwo ŋutɔŋutɔ ŋkɔ eye wòyɔ wo le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ me hã zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, hakpala aɖe gblɔ be Wɔla la wɔe be “ɣleti kple ɣletiviwo naɖu zã dzi” ale be ɣletiviawo naklẽ ɖe anyigba dzi. (Psalmo 136:9) Emegbe esi Mawu nɔ nu blam kple nuteƒewɔla Abraham la, egblɔ be: “Kpɔ dziƒo ɖa, eye naxlẽ ɣletiviwo, ne àte ŋu axlẽ wo la. Eye wògblɔ nɛ bena: Nenema wò ƒome anɔ.” (Mose I, 15:5) Apostolo Paulo ɖee fia be vovototo le ɣletiviwo dome esime wògblɔ be: “Ɣe ƒe ŋutikɔkɔe le vovo, eye ɣleti ƒe ŋutikɔkɔe hã le vovo, eye ɣletiviwo ƒe ŋutikɔkɔe hã le vovo; elabena vovo le ɣletivi kple ɣletivi dome le ŋutikɔkɔe gome.”a (Korintotɔwo I, 15:41) Le ɣeyiɣi ma ke me la, ɣletivi gbogbo siawo kple woƒe ŋutikɔkɔe medo le wo Wɔla ƒe ŋusẽ te o: “Eya, amesi ɖo xexlẽme na dzinuviwo, eye wòyɔa wo katã ŋkɔ.”—Psalmo 147:4.

Le go bubu me la, míekpɔe le Ŋɔŋlɔawo me be wozã ɣletiviwo zi geɖe tsɔ fia asi amewo, dziɖulawo, kple mawudɔlawo. Yakob vi Yosef ku drɔ̃e aɖe si me wotsɔ “ɣe kple ɣleti” wɔ kpɔɖeŋu na dzilawo eye “ɣletiviwo” nye kpɔɖeŋu na nɔviaŋutsuwo. Woyɔ mawudɔlawo be “ŋukeɣletiviwo.” Wogblɔ le Babilon-fia ŋu be edi be yeanɔ “Mawu ƒe ɣletiviwo,” siwo nye Dawid ƒe fiaƒomedziɖulawo le Israel-dukɔa me la “ta me.” Wotsɔ ame malike siwo le Kristo-hamea me sɔ kple ‘ɣletivi tramɔwo’ eye woyɔ hamea me hamemegã nuteƒewɔlawo ƒe ha la be wonye “ɣletivi” siwo le Kristo ƒe nuɖusi me.—Mose I, 37:9, 10; Hiob 38:7; Yesaya 14:13; Yuda 13; Nyaɖeɖefia 1:16.

Biblia me nuŋlɔɖi aɖe gblɔ be ‘ɣletiviwo nɔ woƒe mɔwo dzi wɔ aʋa kple Sisera,’ Kanaan-fia Yabin ƒe aʋafia si te Israel-dukɔa ɖe anyi ƒe 20 sɔŋ. Yehowa de dɔ asi na Israel-ʋɔnudrɔ̃la Barak be wòaɖe Israel tso aboyo me eye wòna wòɖu Sisera dzi gbidii togbɔ be gatasiaɖam alafa asieke nɔ Sisera si hã. Israel-viwo dzi aʋadziɖuha be: “Dziƒo wotso wɔ aʋa la, ɣletiviwo nɔ woƒe mɔwo dzi wɔ aʋa kple Sisera.” Womeɖe nu me le alesi tututu ɣletiviawo wɔ aʋa lae ŋuti o. Le esi teƒe be míatsɔe be ɣletiviwoe kpɔ ŋusẽ ɖe aʋa la dzi tẽ la, susu le eme wu be míaxɔe ase be nyagbɔgblɔ ma fia be Mawu de nu aʋa la me ɖe Israel-viwo nu.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 5:20.

Betlexem ƒe “Ɣletivi” La

Ðewohĩ Betlexem ƒe “ɣletivi” si fia mɔ ɣletivimefakala siwo tso “ɣedzeƒe” yi aƒe si me Yesu dzilawo kɔe yi esime wodzii ɖe lãkpo me vɔ lae nye esiwo ŋu wonya nu le wu, siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la dometɔ ɖeka. Ɣletivi kae? Edze ƒã be menye ɣletivi ŋutɔŋutɔe o, elabena eɖiɖi ɖe anyi me ale gbegbe be ɣletivimefakalawo te ŋu dze eyome ade kilometa 1,600 sɔŋ. Gbã la, “ɣletivi” la kplɔ wo yi Yerusalem. Esi Fia Herodes se esia la, ebia gbe wo eye wòɖoe be yeawu Yesu vidzĩ la. Emegbe “ɣletivi” la kplɔ ɣletivimefakalawo yi aƒe si tututu me Yesu nɔ. Edze ƒã be ɣletivi ŋutɔŋutɔ aɖeke mate ŋu awɔ nusia o. Mawu gbɔe nusia si ɖi ɣletivi la tsoa? Esi ɣletivimefakalawo ƒe vava na wowu ‘ŋutsuvi siwo katã nɔ Betlexem kple eƒe nutowo me, esiwo xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o’ ta la, ɖe susu manɔ eme be míaƒo nya ta be Mawu ƒe Futɔ, Satana, ye zã “ɣletivi” sia be yeatsɔ atsrɔ̃ Mawu ƒe Vi lae oa?—Mateo 2:1-11, 16.

Ele be míaɖo ŋku edzi hã be Ɣedzeƒee ɣletivimefakalawo tso, ɖewohĩ wotso Babilon si nye blemadu si me akunyawɔwɔ, afakaka, kple ɣletivimefakaka xɔ aƒe ɖo la me. Wotsɔ dziƒonu geɖe ƒe ŋkɔwo na Babilontɔwo ƒe mawuwo. Woka afa le Fia Nebukadnezar ŋɔli tsɔ kpe ɖe eŋu wòtsoa nya me le mɔ si wòato le aʋa me la ŋu.—Xezekiel 21:25-27.

Nyagblɔɖila Yesaya tɔ gbe Babilon-aɖaŋudelawo be: “[Babilon,] Ède aɖaŋu geɖe wòti kɔ na wo; na dziŋgɔli me nyalawo, amesiwo ɖea ŋku ɖe dzinuviwo, eye wodzea si nusi gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe dziwò le dzinu me, natso axɔ na wò. Kpɔ ɖa, gbe ƒuƒu wonye, dzo afiã wo, womaɖe woƒe agbe tso dzoƒaɖe ƒe ŋusẽ nu o . . . eye ɖeke mexɔ na wò o.” Kores Gã gbã Babilon-fiaɖuƒe sesẽ la le ƒe 539 D.M.Ŋ. me abe alesi tututu Yesaya gblɔe ɖi ene. Mɔfiame si Babilon-ɣletivimefakalawo gblɔ be yewokpɔ tso ɣletiviwo me la trɔ zu afɔku na wo katã.—Yesaya 47:13-15.

Ðe esia fia be míate ŋu asrɔ̃ naneke tso ɣletiviwo gbɔ oa?

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Egbegbe ɣletiviŋutinunya ɖo kpe Paulo ƒe nyawo dzi elabena ɣletiviwo ƒe amadede, lolome, keklẽ, dzoxɔxɔ, kple titrime le vovo.

[Aɖaka si le axa 22]

Nya Siwo Ame Aɖewo Gblɔ

ƔLETIVIMEFAKAKA: “enye ɣletiviŋutinunya ƒe akpa aɖe si do ƒome kplii.”—Johannes Kepler (ƒe 1571-1630) Germaniatɔ ɣletiviŋutinunyala.

“Ɣletivimefakaka menye dzɔdzɔmeŋutinunya o, dɔlélee. . . . Ati si ƒe vɔvɔli te aʋatsodzixɔsewo katã be ɖoe wònye.”—Moses Maimonides (ƒe 1135-1204), Yudatɔ agbalẽnyala le Titinaɣeyiɣiwo me.

“Blemadzɔdzɔmeŋutinunya aɖe gblɔ be woate ŋu alé ŋku ɖe afisi ɣletinyigbawo kple ɣletiviwo le na wo nɔewo ŋu agblɔ ame ƒe amenyenye kple nɔnɔme eye woagblɔ tɔtrɔ kple nudzɔdzɔ siwo ava le etsɔ me ɖi. . . . Wosusui be le ƒe alafa 6 M. Ŋ. me lɔƒo—la, Kaldeatɔ siwo nɔ Iraq ƒe dziehe lae to ame ŋutɔ ƒe ɣletivimefakaɖoɖo si wota vɛ. Esia nɔ te ɖe ŋusẽ si ɣletivi siwo dze abe ɖe wotɔ ɖe teƒe ɖeka ene, Ɣe, Dzinu kple ɣletinyigba atɔ̃ kpɔ ɖe ame dzi le edziɣi la dzi. . . . Ɣletivimefakakamɔnuwo kple alesi woɖea ɣletivimefakaɖoɖowo gɔmee la nɔ te ɖe ɣletiviŋutinunyalawo kple dzɔdzɔmeŋutinunyala bubuwo ƒe nukpɔsusu siwo dzi womelɔ̃ ɖo o la dzi.”—C. A. Ronan, Ɣedzeƒe Asia Dzɔdzɔmeŋutinunya Ŋutinya ƒe Kpeɖodzi ƒe dɔdzikpɔla le Cambridge, England, eye eŋlɔa nu hã ɖe The International Encyclopedia of Astronomy si me míetsɔ nya sia tsoe la me.

Esi Ronan nɔ alesi wònye ame ŋutɔ ƒe nukpɔsusu ɖeɖe gblɔ ƒe kpɔɖeŋu wɔm la, egblɔ be ɣletinyigba hẽ si nye Mars fia aʋawɔwɔ kple ŋutasẽnuwɔna le Ɣetoɖoƒetɔwo gbɔ, gake nu hẽ nye amadede dzeani na Chinatɔwo ya eye wokpɔa Mars be ewɔa nyui na yewo. Gake wogblɔ le Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe xotutu me be ɣletinyigba Venus le ɣie eye wòɖo atsyɔ̃. Le Chinatɔwo gbɔ la, “wobua nu ɣi be . . . enye ku, nu ƒe vovo, kple tsɔtsrɔ̃ ƒe amadede; woƒoa nu tso Venus ŋu be enye ‘aʋawɔwɔ ƒe ɣletinyigba doblukɔ.’”

Ronan yi edzi be: “Togbɔ be ɣletivimefakaka nye blemadzɔdzɔmeŋutinunya hã la, ewɔ akpa vevi aɖe le ɣletivimenukpɔkpɔwo dodo ɖe ŋgɔ me tsã eye wokpɔa ga tsoa eme tsɔ yia edzii.”

Nobel nunanaxɔla wuiasieke kpakple dzɔdzɔmeŋutinunyala bubuwo ta nyati aɖe le ƒe 1975 me si ƒe tanyae nye “Ɣletivimefakaka Ŋuti Tsitretsiɖeŋunyawo—Dzɔdzɔmeŋutinunyala Xɔŋkɔ 192 ƒe Nyagbɔgblɔ.” Egblɔ be: “Le blema la . . . amewo menya naneke tso alesi anyigba kple ɣletinyigbawo kpakple ɣletiviwo dome didii la ŋuti o. Fifia si woate ŋu abu didime siawo ƒe akɔnta eye wobui hã la, míate ŋu akpɔ alesi gbegbe ɣletinyigba siwo gbɔ didi ʋĩ kple ɣletivi siwo gbɔ gadidi wu la ƒe nuheŋusẽ kple ŋusẽkpɔɖeamedzi anɔ sue la adze sii. Enye vodada be woasusui be ŋusẽ siwo tsoa ɣletiviwo kple ɣletinyigbawo gbɔ le ame dziɣi la ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe etsɔ me dzi.”b

[Etenuŋɔŋlɔ]

b Kpɔ Eŋlisigbe me Nyɔ!, May 8, 1986, axa 3-9 hena ɣletivimefakaka ŋuti numeɖeɖe bubuwo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe