INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 8/8 axa 24-25
  • Nya Le Ɣletiviwo Si Na Wò!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Le Ɣletiviwo Si Na Wò!
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusi Míate Ŋu Asrɔ̃ tso Ɣletiviwo Gbɔ
  • Ɣletiviwo Kple Amewo—Ðe Kadodo aɖe Le Wo Domea?
    Nyɔ!—1994
  • Nuwɔwɔwo Ðea Gbeƒã Mawu Ƒe Ŋutikɔkɔe!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Nya Kae Le Ɣletiviwo Me Na Wò?
    Nyɔ!—1994
  • Ðe Ɣletiviwo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Wò Agbe Dzia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1994
g94 8/8 axa 24-25

Nya Le Ɣletiviwo Si Na Wò!

ABE alesi wòdze le nyati siwo do ŋgɔ me ene la, togbɔ be ŋutikɔkɔe geɖe le ɣletiviwo ŋu hã la, ɖe woɖoe be amegbetɔwo nakpɔ wo le nusi wonye nu—wonye nusiwo me agbe mele o siwo Wɔla la wɔ ɖe dziƒo le eƒe tameɖoɖo nu. Womewɔ wo be woasubɔ wo o. Ɣletiviwo nye Yehowa ƒe nuwɔwɔ wɔnukuwo ƒe akpa aɖe siwo le eƒe se te, eye wowɔ wo be ‘woaɖe gbeƒã Mawu ƒe ŋutikɔkɔe’ eye le ɣeyiɣi ma ke me woanye akaɖi na amegbetɔ esime wòle tame si Wɔla la ɖo ɖe eŋu la dzi wɔm.—Psalmo 19:2; Mose V, 4:19.

Míexlẽ le Biblia me be: “Bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola kple dzotɔ, busudoamela, adzetɔ, nukala kple ŋɔliyɔla aɖeke meganɔ dowòme o. Amesiame, si le nusia wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa.” (Mose V, 18:10-12) Yesaya gblɔ be: “[Na wò aɖaŋuɖolawo natso]; na dziŋgɔli me nyalawo, amesiwo ɖea ŋku ɖe dzinuviwo . . . natso axɔ na wò. Kpɔ ɖa, gbe ƒuƒu wonye.”—Yesaya 47:13, 14.

Nusi Míate Ŋu Asrɔ̃ tso Ɣletiviwo Gbɔ

Gake ɣletivi siwo me agbe mele o la ate ŋu agblɔ nya aɖe na mí ne míele klalo aɖo to ko. Edwin Way Teale ŋlɔe be: “Ɣletiviwo ƒoa nu le amegbetɔ ƒe numaɖinunyenye ŋu le ɣeyiɣi mavɔmavɔ si li la me.” Ẽ, ne míekpɔe be ƒe alafa nanewoe nye sia mía tɔgbuiwo kpɔ ɣletivi siwo míekpɔna kple míaƒe ŋku ne zã do eye xexeme kɔ la, ɖe menaa míebɔbɔa mía ɖokui oa? Ðe menaa míedea bubu Ŋusẽtɔ si wɔ wo “le gɔmedzedzea me” eye wòwɔ ameƒomea emegbe la ŋuti oa? Israel-fia Dawid ŋlɔ bubutɔe be: “Ne mekpɔ wò dziƒowo, siwo nye wò asinudɔwɔwɔ, ɣleti kple ɣletiviwo, siwo nèwɔ la, nuka nye amegbetɔ, be nèɖoa ŋku edzi, kple amegbetɔvi, be nèléa ŋku ɖe eŋu?” Ele be dziƒowo nana míabɔbɔ mía ɖokui eye míabia nusi míetsɔ míaƒe agbe le wɔwɔmee la mía ɖokui.—Mose I, 1:1; Psalmo 8:4, 5.

Dawid do gbe ɖa ɣeaɖeɣi be: “Fia wò lɔlɔ̃num mawɔ, elabena nye Mawu nènye.” (Psalmo 143:10) Dawid ƒe agbenɔnɔ ŋuti nuŋlɔɖi fia be woɖo eƒe gbedodoɖa la ŋu. Esrɔ̃ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ abe alesi wòle Eƒe Sea mee ene. Esrɔ̃ nu le Wɔla la ƒe tameɖoɖo na ameƒomea hã ŋu eye wòŋlɔ nu le eŋuti. “Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o . . . Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti. . . . Tsri vɔ̃, eye nawɔ nyui, ekema ànɔ anyi tegbee. . . . Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” Tameɖoɖo sia ŋuti sidzedze da agba ɖe mía dzi, be: “Tsri vɔ̃, eye nawɔ nyui.”—Psalmo 37:10, 11, 27-29.

Gbedasi sia ke le ɣletiviwo si na ameƒomea katã. Ne míesubɔ wo alo ‘bia nu ta se’ le wo gbɔ o hã la, míate ŋu akpɔ Wɔla la ƒe lɔlɔ̃, nunya, kple ŋusẽ si woɖena fiana. Ele be ɣletiviŋutinunya si to vovo na ɣletivimefakaka la nana bubu nayɔ míaƒe dzi me fũ. Gake gawu la, ɖe meƒã didi ɖe mía me be míasrɔ̃ nu geɖe le Mawu ŋu oa? Etsɔ eƒe Nya Biblia la na mí le tameɖoɖo sia tututu ta. Ne èse ɣletiviwo ƒe gbedasi sia gɔme la, àsrɔ̃ nusi Yehowa dzra ɖo ɖi na ameƒomea eye vevietɔ wu la, asrɔ̃ nusi nàwɔ be nàxɔ yayra siwo wòdzra ɖo ɖi na wo la. Ne biabiawo le asiwò le Mawu kple tameɖoɖo si le agbe ŋu ŋuti la, di Yehowa Ðasefo siwo le mia gbɔ, alo nàŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe adrɛs siwo woŋlɔ ɖe axa 5 dometɔ si te ɖe ŋuwò wu.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Ɣletiviwo ate ŋu afia ɖokuibɔbɔ mí

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe