INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g95 4/8 axa 12-14
  • Lãmesẽ Deblibo Na Amesiame

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Lãmesẽ Deblibo Na Amesiame
  • Nyɔ!—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusi Koŋ Gbɔ Wòtso
  • Mɔ si dzi Míato Ado le Eme
  • Lãmesẽ Deblibo Ava Godoo
  • Ðe Lãmesẽ Deblibo Nye Drɔ̃e aɖe Koa?
    Nyɔ!—1998
  • Kristo Ƒe Tafe Mawu Ƒe Agbexɔxɔmɔ La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Amesiame ƒe Lãmesẽ me Nɔnɔ—Etu Aƒe!
    Nyɔ!—2001
  • Mawu Ƒe Xexeme Yeye Wɔnuku La
    Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1995
g95 4/8 axa 12-14

Lãmesẽ Deblibo Na Amesiame

ABE míaƒe agbenɔnɔ, nɔƒe, kple alesi míeléa be na míaƒe lãmesẽ ene la, míaƒe ŋutilã ƒe wɔwɔme hã kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe lãmesẽ dzi. Nusi ƒe dome míenyi kple dɔ siwo míava dze emegbe le nusi ƒe dome míenyi ta la kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe wɔwɔme ma dzi.

Lãmesẽdɔwɔla aɖe gblɔ be: “Ŋutilã ƒe tutume si me wodzi wò ɖo kpɔa ŋusẽ geɖe ɖe ne ànɔ sesĩe, anɔ agbe didi, alo anɔ agbea ŋutɔ gɔ̃ hã dzi.”

Eɖanye nɔnɔme ka mee wòka mía si le o, taɖuame, lãmekawo me ƒe sesẽ, alesi ɖeɖi tea míaƒe kawo ŋui, ƒuwo ƒe masẽmasẽ, dzi ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie, kple dɔ bubuwo ɖoa ŋku edzi na mí gbesiagbe be ŋutilã kple susu madeblibo gblẽa nu le míaƒe lãmesẽ ŋu. Nuka gbɔe lãmesẽkuxi siawo siwo le afisiafi la tso?

Nusi Koŋ Gbɔ Wòtso

Atikewɔla aɖe si ŋkɔe nye Luka si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me ɖo nya sia ŋu le Yesu Kristo ƒe agbemeŋutinya si gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ me. Luka ŋlɔ be wokplɔ lãmetututɔ aɖe va Yesu gbɔe gbeɖeka kple susu be wòada gbe le eŋu. Yesu gblɔ na lãmetututɔ la be: “Wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò!” Eye be Yesu naɖee fia be ŋusẽ le ye si be yeatsɔ nuvɔ̃ ake vavã la, egblɔ na ŋutsua be: “Tsi tre, eye nakɔ wò aba dzi, eye nayi aƒewò me.” Ŋutsua wɔ nusiawo! Ena be “kuvia ɖo” amesiwo “katã” kpɔ dɔdadaa teƒe eye “wokafu Mawu.”​—⁠Luka 5:​17-26.

Nuvɔ̃ ka ƒe nya gblɔm Yesu nɔ? Nya sia ƒe ŋuɖoɖo akpe ɖe mía ŋu be míase nusita míedzea dɔ, kua amegã hekuna gɔme. Esi míeka ɖe edzi be “ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ . . . tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me” ta la, míate ŋu atsɔ kakaɖedzi adi ŋuɖoɖoa le Biblia me. (Timoteo II, 3:​16; Petro II, 1:21) Egblɔ na mí be wowɔ ame gbãtɔ Adam wònɔ lãmesẽ deblibo me. Eƒe lãme nɔ sesĩe zi alesi wòɖo to Ewɔla.

Gake Adam tia be yeada le Mawu ƒe se dzi. Esi wògbe toɖoɖo eye wòɖoe koŋ dze aglã ɖe Ewɔla ŋu la, ewɔ nuvɔ̃. Eyata eva zu ame madeblibo, dɔléle ƒe mɔ ʋu ɖe eŋu, eye wòva ku le ɣeyiɣi aɖe megbe. Eyata nuvɔ̃e he dɔléle kple ku vɛ na Adam.

Abe alesi ɖeviwo xɔa dɔléle aɖewo tsoa wo dzilawo gbɔ to domenyiŋusẽ ƒe sewo ƒe dɔwɔwɔ mee ene la, nenema ke amegbetɔƒomea xɔ blibomademade kple eŋuti dɔlélewo tso Adam gbɔe. Eyata nuvɔ̃ gbãtɔ si Adam wɔ gbɔe dɔléle ɖesiaɖe tso. (Mose I, 2:17; 3:1-19; Romatɔwo 5:12) Ðe mɔ aɖe li si dzi míato ado le emea?

Mɔ si dzi Míato Ado le Eme

Nuvɔ̃—Adam ƒe aglãdzedze ɖe Mawu ƒe se ŋu—ye na lãmesẽ deblibo si nɔ ame si tsã la va trɔ zu lãmemasẽmasẽ. Ne woɖe nuvɔ̃ ɖa ko hafi lãmemasẽmasẽ si li la natrɔ azu lãmesẽ. (Romatɔwo 5:18, 19) To mɔ ka nu? Ahiã be amegbetɔ bubu si sɔ kple Adam le ɣeyiɣi si me wòde blibo me natsɔ eƒe agbe asa vɔe wòanye tafe. Mawu ƒe see nye “agbe ɖe agbe teƒe.”​—⁠Mose V, 19:⁠21.

Gake Adam ƒe dzidzimevi siwo ŋu nuvɔ̃ le dometɔ aɖeke mate ŋu ana tafe la o. Eyata Yehowa ŋutɔ tsɔ Via, Yesu, si nye amegbetɔ deblibo na be wòatsɔ eƒe agbe ana “[tafee] ɖe ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta” ale be “míanɔ agbe to eyama me.”​—⁠Mateo 20:28; Yohanes I, 4:⁠9; Psalmo 49:⁠8.

Le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi la, eɖee fia be ye Fofo Yehowa na ŋusẽ ye be yeaɖe nuvɔ̃wo ɖa esi wògblɔ na lãmetututɔ la be, “wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò,” eye amesi ŋu wòda gbe le la zɔ yi aƒeme. Yesu zã ŋusẽ sia si tso Mawu gbɔ zi geɖe tsɔ da dɔ na ŋkuagbãtɔwo, tokunɔwo, kple ame bubu geɖe siwo ŋu dɔléle ƒomevi vovovowo nɔ wohaya enumake.

Biblia gblɔ le Yesu ƒe nukudɔdadawo ŋu be: “Eye ameha geɖewo va egbɔ; eye wokplɔ tekunɔwo, ŋkuagbãtɔwo, aɖetututɔwo, ame glɔmɔ̃wo kple dɔléla bubu ƒomevi geɖewo ɖe asi vɛ, eye wotsɔ wo da ɖe eƒe afɔ nu; eye wòda gbe le wo ŋu. Esi ameha la kpɔ bena, aɖetututɔwo le nu ƒom, ame glɔmɔ̃wo le dzɔdzɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm la, woƒe mo wɔ yaa, eye wokafu Israel ƒe Mawu la.” (Mateo 15:​30, 31) Esi gawɔ nuku wu kurae nye be Yesu te ŋu fɔ ame kukuwo ɖe tsitre va agbe mee. Biblia gblɔ tsitretsitsi siawo tɔgbe geɖe ƒe nya.—Luka 7:11-16; 8:49-56; Yohanes 11:14, 38-44.

Nukudɔdada siawo na kakaɖedzi mí be dɔ aɖeke meli si dada wu Yesu ƒe ŋusẽ o. Ðe wòagazã ŋusẽ sia si Mawu nae la akea? Ðe wòate ŋu aɖe vi na mía?

Lãmesẽ Deblibo Ava Godoo

Biblia me nyagblɔɖiwo ɖee fia be Yesu zu Fia le dzi ɖum le dziƒo xoxo le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea me. Mawu na ŋusẽe be wòaɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu siwo katã li fifia ɖa ne eya naɖu anyigba bliboa katã dzi. (Psalmo 110:​1, 2; Daniel 2:44) Gbe si Yesu fia eyomedzelawo be woado ɖa la ava eme, si nye: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” (Mateo 6:10) Le Dziƒofiaɖuƒe ma ƒe dziɖuɖu te la, nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na anyigba sia ƒe akpa aɖee nye be woatrɔ asi le lãmesẽnyawo ŋu be woanyo ale gbegbe na amegbetɔƒomea.

Ekema le gɔmesesea ŋutɔŋutɔ nu kple le gbɔgbɔ me gome la, “ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu; ekema xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye; elabena tɔ ŋɔ tso gbegbe, eye tɔʋu tso tagba.” “Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”​—⁠Yesaya 33:⁠24; 35:​5, 6.

Le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la, lãmesẽ deblibo afia be amewo magaku abe alesi míele kukum fifia ene o. Mawu ƒe Nya la do ŋugbe be: “Amesiame, si xɔa edzi sena la, [akpɔ] agbe mavɔ.” “Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ la me.” (Yohanes 3:16; Romatɔwo 6:23) Ẽ, ɣeyiɣi didi aɖee nye esia si hakpala si gbɔgbɔ ʋã do ŋugbe be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:29) Abe alesi Yesu fɔ ame kukuwo ɖe tsitre le eƒe anyigbadzinɔɣi ene la, agafɔ wo ɖe tsitre le ɣemaɣi ake eye wòana lãmesẽ deblibo wo. Biblia do ŋugbe be: “Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.”—Dɔwɔwɔwo 24:15.

Le Fiaɖuƒedziɖuɖua te la, nu anyo na anyigba la ŋutɔ hã ale be dɔwuame, si hã gblẽa nu le ame ƒe lãmesẽ ŋu, maganɔ anyi akpɔ o. Biblia ƒe nyagblɔɖiwo gblɔ na mí be: “Gbemeti atse ku, anyigba awɔ nu, eye woanɔ woƒe anyigba dzi aɖe dzi ɖi.” (Xezekiel 34:27) “Anyigba [amie] eƒe nukuwo. Mawu, mía Mawu la, ayra mí.” (Psalmo 67:7) “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi.” (Psalmo 72:16) “Gbegbe kple gbedadaƒo akpɔ dzidzɔ, tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene.”—Yesaya 35:1.

Esi Biblia ƒe nyagblɔɖigbalẽ mamlea nɔ nu ƒom le nɔnɔme si anɔ anyi le Mawu ƒe xexe yeyea me ŋu kpuie la, egblɔ be: “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:4.

Ðe nègblɔ be, ‘Nya sia dzixɔxɔse sesẽ ŋutɔa’? Ke bu nya sia ŋu kpɔ. Hafi Adam nazu nuvɔ̃wɔla la, lãmesẽ deblibo nɔ esi. Kpɔe ɖa le susu me be ame aɖe te ŋu ƒo nu kplii ɣemaɣi eye wògblɔ be amesiwo lãmevee, dɔléle, kple tsitsi le fu ɖem na sɔŋ ye ava xɔ anyigba dzi gbeɖeka. Mèsusu be nya ma dzixɔxɔse asesẽ na Adam ŋutɔ oa? Gake eyae le dzɔdzɔm fifia.

Woagbugbɔ nuwo atrɔ ale be lãmesẽ deblibo nazu nu ŋutɔŋutɔ si anɔ anyi le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te. Yehowa ƒe Nya ka ɖe edzi na mí be: “Nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo.” (Nyaɖeɖefia 21:⁠5) Nusiwo Mawu gblɔ be woadzɔ la adzɔ godoo elabena “Mawu mate ŋu aka aʋatso . . . o.”—Hebritɔwo 6:18.

Nukae nàte ŋu awɔ fifia aka ɖe edzi be yayra siawo siwo gbɔna la asu ye si? Nya si Yesu gblɔ na Fofoa le gbedodoɖa me la na mɔ si dzi woato akpɔ lãmesẽ deblibo kple agbe mavɔ la dze ƒã: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.”—Yohanes 17:3.

Bia Yehowa Ðasefowo be woava wɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ femaxee kple wò le aƒewòme. Adzɔ dzi na wo be yewoakpe ɖe ŋuwò nàgasrɔ̃ nu bubuwo tso Mawu ƒe ŋugbedodo wɔnukuawo ŋu. Esia wɔwɔ anye wò afɔɖeɖe gbãtɔ si ɖo ta lãmesẽ deblibo gbɔ!

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Amesiame anɔ lãmesẽ deblibo me le Mawu ƒe xexe yeyea me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe