INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 6/8 axa 10-12
  • Nukata Xɔlɔ̃wo Menɔa Asinye Didina O?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukata Xɔlɔ̃wo Menɔa Asinye Didina O?
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Xɔlɔ̃wɔwɔ Siwo me Mesẽ O
  • Nusiwo Gblẽa Xɔlɔ̃wɔwɔwo Me
  • Xɔlɔ̃wɔwɔ—Nuxɔxɔ alo Nunanae?
  • Ne Kuxiwo Do Mo Ða
  • Àte Ŋu Awɔ Xɔ̃ Siwo Teƒe Didina!
  • Ale Si Míayi Edzi Anye Xɔlɔ̃wo Le Xexe Malɔ̃ame Sia Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Àte Ŋu Adze Xɔ̃ Siwo Nɔa Anyi Ðaa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Alesi Nàte Ŋu Adze Xɔlɔ̃e
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Àte Ŋu Anye Yehowa Xɔlɔ̃
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 6/8 axa 10-12

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Nukata Xɔlɔ̃wo Menɔa Asinye Didina O?

“Mía kple xɔ̃nye míekpɔ gome le nudidi kple dɔwɔna geɖewo me; edzɔa dzi na mí be míawɔ nu ɖekae. Gake teti ko la, míegava nɔ vivi dom ɖe mía nɔewo ŋu tututu o. Ema na melé blanui ŋutɔŋutɔ.”—Maria.

ÈVA dze xɔlɔ̃ si sea nu gɔme na wò eye mebua fɔ wò o mlɔeba. Gake zi ɖeka ko la, mia dome megale vivim tututu o. Èle agbagba dzem be yeatrɔ asi le eŋu, gake gbeɖegbeɖea koe.

Xɔlɔ̃ si kuna ɖe ame ŋu xɔ asi ŋutɔ. (Lododowo 18:24) Eye evena ŋutɔ ne ɖe ge le asiwò. Esime Hiob xɔlɔ̃wo gblẽe ɖi la, Biblia gblɔ na mí be efa konyi be: “Nye ƒometɔwo gbe nye nya, eye nye ame nyanyɛwo ŋlɔm be.” (Hiob 19:14) Ne wò xɔlɔ̃wɔwɔ aɖe me gblẽ nyitsɔ laa la, ɖewohĩ wò hã àxa nu nenema. Abe alesi ɖekakpui si nye Patrick gblɔe ene be: “Ewɔna abe ɖe wò lɔlɔ̃tɔ aɖe ku ene.” Gake ne xɔlɔ̃ ɖesiaɖe kloe si nèdzena me gblẽna ɖe?

Xɔlɔ̃wɔwɔ Siwo me Mesẽ O

Agbalẽ si nye Adolescence si Eastwood Atwater ŋlɔ la gblɔ be ƒewuiviwo ƒe xɔlɔ̃wɔwɔ “melia ke o, ne xɔlɔ̃wo dome mã la, tɔtrɔ siwo tena ɖe ame dzi kple nuxaxa vevie doa mo ɖa enumake.” Nukae na ƒewuiviwo ƒe xɔlɔ̃wɔwɔwo me mesẽna o nenema? Susu ɖekae nye be ne èva le tsitsim la, wò seselelãmewo, nukpɔsusuwo, taɖodzinuwo, kple nudidiwo dzea tɔtrɔ gɔme. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 13:11.) Àte ŋu akpɔe be yele ŋgɔ nɔm sasasã—alo megbe nɔm kura—na hatiwòwo le nu geɖe me.

Eyata ɣeaɖewoɣi ne xɔlɔ̃wo le tsitsim la, wo dome megava nɔa kplikplikpli o—menye esi wodo dziku ɖe wo nɔewo ŋu tae o, ke boŋ esi taɖodzinu, nudidi, kple agbemedzidzenu vovovowo va sua wo si tae. Anyo wu be woadzudzɔ xɔlɔ̃wɔwɔ aɖe gɔ̃ hã. Ne èva le tsitsim eye nèva le gbɔgbɔmenuwo bum nu veviwoe la, àte ŋu ava kpɔe be ye xɔlɔ̃ xoxo aɖewo ƒe hadede mekpɔ ŋusẽ nyui ɖe ye dzi o. (Korintotɔwo I, 15:33) Ètsɔ ɖe le eme na wo, gake woƒe hadede megadoa dzidzɔ na wò abe tsã ene o.

Nusiwo Gblẽa Xɔlɔ̃wɔwɔwo Me

Ke ne xɔlɔ̃wo vɔna le asiwò enuenu—xɔlɔ̃wɔwɔ siwo àdi be woakpɔtɔ anɔ anyi hafi ya ɖe? Le nyateƒe me la, ate ŋu anye be nɔnɔme manyomanyo aɖewo le asiwò siwo dzi wòle be nàɖu. Le kpɔɖeŋu me, ŋuʋaʋã gblẽa xɔlɔ̃wɔwɔ me. Tsɔe ko be xɔlɔ̃ aɖe le ye si si si alɔme le wu ye, dzɔdzɔmenunanawo le esi wu ye, edze ɖeka alo dze tugbe wu ye, alo amewo lɔ̃a eƒe nya wu ye. Ðe alesi wodoa vivi ɖe eŋu wu wò la ave dɔme na wòa? “Ŋuʋaʋã enye ŋuɖui le ƒuwo me.” (Lododowo 14:30) Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Keenon gblɔ be: “Meʋãa ŋu alesi amewo lɔ̃a xɔ̃nyea ƒe nya kple nusiwo katã le esi siwo mele asinye o ale gbegbe, eye esia gblẽ nu le míaƒe xɔlɔ̃wɔwɔa ŋu.”

Tɔɖoɖoɖeamenu ate ŋu anye nɔnɔme bubu si agblẽ nu. Nukae nàwɔ ne èva nya be xɔ̃wò va le vovo kpɔm ɖe ame bubuwo ŋu wu ye ŋu? Ðetugbi aɖe lɔ̃ ɖe edzi be: “Ne ame bubuwo ɖo dze kple xɔ̃nye aɖewo gɔ̃ hã la, meʋãa ŋu.” Àte ŋu abu xɔ̃wòa ƒe hadede kple ame bubuwo be enye nuteƒemawɔmawɔ.

Xɔlɔ̃wɔwɔ dome ate ŋu agblẽ ne blibodede koe nèdina. Le kpɔɖeŋu me, èva se be xɔ̃wò lĩ ŋuwò, ɖewohĩ egblɔ wò nya ɣaɣlawo gɔ̃ hã. (Lododowo 20:19) Àdo ɣli kple dziku be, “Nyemate ŋu aka ɖe edzi akpɔ o!”

Xɔlɔ̃wɔwɔ—Nuxɔxɔ alo Nunanae?

Ne ŋuʋaʋã, tɔɖoɖoɖeamenu, alo blibodede didi tso ame si na wò xɔlɔ̃dzedzea ɖo xaxa me la, bia ɖokuiwò se be, ‘Nuka dim mele tso xɔlɔ̃wɔwɔ me?’ Ðe nèsusui be xɔlɔ̃wɔwɔ fia be ame nanɔ klalo ɣesiaɣi be yeawɔ wò gbe dzi, wòanye subɔla aɖe tɔgbe si awɔ nusianu si nèdi tso esia? Bubu, ŋkɔxɔxɔ, alo viɖekpɔkpɔ tae nèdzea xɔ̃ ɖoa? Ðe nèkpɔa mɔ be xɔ̃wòa akpɔ vovo ɖe ye koŋ ŋu, eye mavo ɖe xɔlɔ̃ bubuwo ŋu boo oa? Ekema ele be nàɖɔ wò nukpɔsusu ɖo le xɔlɔ̃dzedze ŋu.

Míesrɔ̃e le Biblia nufiafiawo me be menye nuxɔxɔ mee ƒomedodo nyui tona nɔa mía kple amewo dome o ke boŋ to nunana mee! Yesu Kristo ŋutɔ gblɔ le Mateo 7:12 be: “Eyaŋuti nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.” Esɔ le dzɔdzɔme nu be míakpɔ mɔ na nanewo tso xɔlɔ̃wo gbɔ. Agbalẽ si nye Understanding Relationships gblɔ be: “Míekpɔa mɔ enuenu be mía xɔlɔ̃ nanye amesi toa nyateƒe eye wòkɔa dzime gblɔa nya faa, amesi lɔ̃a ame, gblɔa eƒe nya ɣaɣlawo kple kuxiwo na mí, amesi kpena ɖe mía ŋu ne míehiãe, amesi ka ɖe mía dzi eye wònɔa . . . klalo be yeaɖɔ masɔmasɔwo gɔ̃ hã ɖo.” Gake nya la mese ɖe afima o. Agbalẽa gblɔ kpee be: “Esiawoe nye nusiwo amewo kpɔa mɔ be xɔlɔ̃ nawɔ na yewo eye yewo hã yewoawɔ na xɔlɔ̃a.”—Míawoe te gbe ɖe edzi.

Kpɔ alesi Yesu ŋutɔ wɔ nu ɖe amesiwo wo kplii dome le kplikplikpli la ŋui ɖa. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nyemagayɔ mi be dɔlawo o; elabena dɔla menyaa nusi eƒe aƒetɔ wɔna o; ke meyɔ mi be xɔlɔ̃wo.” Gake ɖe Yesu tu eƒe xɔlɔ̃dzedze kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe nusiwo woate ŋu awɔ nɛ dzia? Kura o. Egblɔ be: “Lɔlɔ̃ gã wu esia megale ame aɖeke si bena, wòatsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe xɔlɔ̃awo ta o.” (Yohanes 15:13, 15) Ẽ, nusi koŋ dzi woatu xɔlɔ̃wɔwɔ ɖoe nye ɖokuitsɔtsɔsavɔlɔlɔ̃! Ne lɔlɔ̃ nye gɔmeɖoanyi la, xɔlɔ̃wɔwɔwo ate ŋu ato dzrehehewo kple kuxiwo me.

Ne Kuxiwo Do Mo Ða

Le kpɔɖeŋu me, tsɔe ko be ga, nunya, alo dzɔdzɔmenunana geɖe le ye xɔlɔ̃ si wu ye. Lɔlɔ̃ si me ɖokuitɔdidi mele o la akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dzidzɔ kple xɔ̃wòa. Ne èbu eŋu kpɔ la Biblia gblɔ be “lɔlɔ̃ la meʋãa ŋu o.”—Korintotɔwo I, 13:4.

Alo susui ko be xɔ̃wò gblɔ nya aɖe alo wɔ nane si te ɖe dziwò. Ðe esia fia be miaƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me gblẽa? Mefia nenema kokoko o. Ete ɖe apostolo Paulo dzi ŋutɔ esime xɔ̃a Marko gblẽe ɖi le dutanyanyuigbɔgblɔmɔzɔzɔ aɖe me. Ete ɖe edzi ale gbegbe be egbe be Marko makplɔ ye ɖo le mɔzɔzɔ bubu me o! Paulo kple Barnaba si nye Marko nyruia ƒe vi woda gbe ɖe wo nɔewo gbɔ gɔ̃ hã le nya sia ta. Gake le ƒe aɖewo megbe la, Paulo ƒo nu lɔlɔ̃tɔe le Marko ŋu eye wòmia asii be wòava subɔ ye le Roma gɔ̃ hã. Edze ƒã be woɖɔ wo dome masɔmasɔawo ɖo.—Dɔwɔwɔwo 15:37-39; Timoteo II, 4:11.

Nukatae màdze agbagba awɔ nenema ne kuxiwo do mo ɖa le miaƒe xɔlɔ̃wɔwɔ me o? Megaɖe mɔ nyawo nado fievo o. (Efesotɔwo 4:26) Se nusi xɔ̃wòa agblɔ le nya la ŋu hafi nàtso nya me kpata alo ahe nya ɖe eŋu dzikutɔe. (Lododowo 18:13; 25:8, 9) Ðewohĩ nugɔmemasemase aɖe do mo ɖa. Gake ne ɖe xɔ̃wòa mebu nya la ŋu nyuie o ɖe? Ðo ŋku edzi be amegbetɔ madeblibo koe xɔ̃wòa nye. (Psalmo 51:7; Yohanes I, 1:10) Nya siwo míagblɔ alo nusiwo míawɔ eye wòave mí emegbe la ƒe fɔɖiɖi le mí katã ŋu.—Tsɔe sɔ kple Nyagblɔla 7:21, 22.

Ke hã la, àte ŋu agblɔ alesi xɔ̃wòa ƒe nuwɔwɔ te ɖe dziwòe faa. Ema ate ŋu aʋã xɔ̃wòa be wòaɖe kuku faa tso dzi me. Esi lɔlɔ̃ ‘meléa nya ɖe dɔme o’ ta la, ɖewohĩ àte ŋu aɖe asi le nyaa ŋu. (Korintotɔwo I, 13:5) Esi ɖekakpui Keenon trɔ bu tame le xɔlɔ̃wɔwɔ aɖe si me gblẽ ŋu la, egblɔ be: “Nenye ɖe magagbugbɔ nusianu gɔme adze la, anye ne nyemadi blibodede le míaƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me o. Anye ne maɖo toe nyuie ahakpe ɖe eŋu eye nyemabu eƒe vodadawo nya gãe akpa o. Meva kpɔe azɔ be nusi naa xɔlɔ̃wɔwɔ kpɔa dzidzedzee nye be, nànɔ te ato dodokpɔwo kple kuxiwo me.”

Gake ne xɔ̃wòa megavona ɖe ŋuwò abe tsã ene o alo abe alesi nèdii ene o ya ɖe? Ðe wòanye be èle tɔ ɖom ɖe xɔ̃wòa ƒe ɣeyiɣi kple ɖetsɔtsɔ le mewò nu akpaa? Esia ate ŋu aɖe dzo le xɔlɔ̃wɔwɔ te. Amesiwo ƒe xɔlɔ̃wɔwɔ kpɔa dzidzedze la ɖea mɔ na wo nɔewo wovona le wo ɖokui me. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 25:17.) Woɖea mɔ na wo faa wokpɔa dzidzɔ kple ame bubuwo! Biblia de dzi ƒo na Kristotɔwo kura be ‘woakeke woƒe xɔlɔ̃wɔwɔwo ɖe nu.’ (Korintotɔwo II, 6:13) Eyata ne xɔ̃wò wɔ nusia la, mehiã be nàbui be enye nuteƒemawɔla o.

Le nyateƒe me la, menyo be woada susu ɖe ame ɖeka aɖe ko dzi o. (Psalmo 146:3) Nunya le eme be míadze xɔ̃ ame siwo menye mía hatiwo o abe dziwòlawo, hamemegãwo, kple ame tsitsi bubu siwo tsɔa ɖe le eme na ame la ene. Ana gblɔ amenunyoameŋutɔe be: “Danyee nye xɔ̃nye vevitɔ. Mate ŋu aƒo nu tso nusianu ƒomevi ŋu nɛ.”

Àte Ŋu Awɔ Xɔ̃ Siwo Teƒe Didina!

Biblia gblɔ le Petro I, 3:8 be: “Mlɔeba la mi katã misusu nu ɖeka, ame nu nawɔ nublanui na mi; milɔ̃ mia nɔewo abe nɔviwo ene; míaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu; mibɔbɔ mia ɖokui.” Ẽ, ɖe dɔmenyonyo, dɔmetɔtrɔ, nudzeamewɔwɔ, kple ɖetsɔleme adodoe fia ɖe amewo ŋu, eye àhe xɔlɔ̃wo va ɖokuiwò ŋu ɣesiaɣi! Nyateƒee, xɔlɔ̃wɔwɔ siwo lia ke la bia agbagbadzedze kple tameɖoɖo kplikpaa. Gake emetsonuawo na agbagbadzedzea sɔ ɖe eteƒe.

Biblia gblɔ nya si ka mí le Dawid kple Yonatan ŋu. Wowɔ xɔ̃ si ɖe dzesi ŋutɔ. (Samuel I, 18:1) Wote ŋu ɖu ŋuʋaʋã suesuewo kple amenyenye ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi. Esia te ŋu nɔ alea elabena Dawid kple Yonatan siaa tsɔ xɔlɔ̃dzedze Yehowa Mawu kple nuteƒewɔwɔ nɛ ɖo nɔƒe gbãtɔ na nusianu. Wɔ nenema ke, eye masesẽ na wò be xɔlɔ̃ mawuvɔ̃lawo nayi edzi anɔ asiwo o!

[Nɔnɔmetata siwo le axa 11]

Zi geɖe xɔlɔ̃wo me mãna ne ɖeka bui be enye nuteƒemawɔmawɔ be xɔlɔ̃ bubuwo nanɔ ame si

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe