Àte Ŋu Adze Xɔ̃ Siwo Nɔa Anyi Ðaa
MƆXENUWO le xɔlɔ̃dzedzewo ŋu. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔe ɖi be le “ŋkeke mamleawo” me la, lɔlɔ̃, dadavilɔlɔ̃, kple nuteƒewɔwɔ manɔ anyi o. (Timoteo II, 3:1-5; Mateo 24:12) Nɔnɔme siawo he akogotsitsi ƒe bɔbɔ si tɔgbe womekpɔ kpɔ o vɛ. Ame aɖe gblɔ be: “Míaƒe nutoa me le abe Noa ƒe aɖaka me ene. Ne mènye srɔ̃tɔ o la ke màte ŋu age ɖe eme o.” Míate ŋu ada fɔbubua katã ɖe amesiame si tsi akogo dzi o. Le xexeame ƒe akpa aɖewo la, xɔlɔ̃dzedze ŋuti kuxiwo dometɔ aɖewoe nye amewo ƒe ʋuʋu enuenu, ƒomewo ƒe gbagbã, dugã siwo me womedoa vivi ɖe ame ŋu le o siwo me afɔku le, kple vovoɣi siwo dzi ɖe kpɔtɔ vevie.
Egbegbe dugãmenɔla ate ŋu ado go ame geɖe le kwasiɖa ɖeka me wu amesiwo ƒe alafa 18 lia me kɔƒemenɔla ado goe le ƒe ɖeka alo eƒe agbemeŋkekewo katã gɔ̃ hã me! Gake egbe ŋkekea me ƒomedodowo mede to o. Ame geɖe nyrɔa wo ɖokui ɖe hadede kple agbagbadzedze be yewoaɖu agbe me ɣesiaɣi. Gake ele be míalɔ̃ ɖe edzi be dzidzɔkpɔkpɔ ƒuƒlu kple zɔhɛ siwo mesɔ o la le abe aŋɔka tsɔtsɔ do dzoe ene. Nyagblɔla 7:5, 6 gblɔ be: “Nunyalawo ƒe dzusese nyo wu, ne woase bometsilawo ƒe ha. Elabena alesi aŋɔka wona kpotokpoto le ze gɔme la, nenema nye bometsilawo ƒe nukoko. Esia hã toflokoe.” Aŋɔkawo bia dzo vlavlavla kpotokpoto ɣeyiɣi kpui aɖe, gake mete ŋu nɔa anyi didina dea dzo lãme na mí o. Nenema ke zɔhɛ siwo koa nu hahaha ahe míaƒe susu ɣeyiɣi kpui aɖe ko, gake womaɖe míaƒe akogotsitsia katã ɖa eye woana míakpɔ xɔlɔ̃ vavã siwo míehiã la o.
Ðokuiɖeɖeɖeaga to vovo na akogotsitsi. Ehiã be míaɖe mía ɖokui ɖe aga ɣeaɖewoɣi ale be míagatu mía ɖokui ɖo be míate ŋu anye xɔlɔ̃ si ana kpekpeɖeŋu geɖe wu. Ne ame geɖe tsi akogo la, wotrɔna ɖe elɛktrik modzakaɖemɔnu ƒomevi aɖewo ŋu enumake. Wode dzesii le numekuku aɖe me be television kpɔkpɔ ye bɔ wokpɔna wu ne wotsi akogo. Gake numekulawo ƒo nya ta be television kpɔkpɔ ɣeyiɣi didi nye nu vloetɔwo kekeake dometɔ ɖeka si míawɔ ne míetsi akogo. Ehea ɖekematsɔleme, ŋutsame, kple nudzroamesusuwo susu vɛ, eye wòva xɔna ɖe alesi míaƒo nu kple amewo ŋkume kple ŋkume teƒe.
Le nyateƒe me la, ɖokuiɖeɖeɖeaga ate ŋu aɖe vi ne míewɔ ɣeyiɣi si míawo ɖeɖe míeli ŋudɔ nyuie. Míate ŋu awɔ eŋudɔ nyuie na nuxexlẽ, lɛta ŋɔŋlɔ, nuwo wɔwɔ, kple ɖiɖiɖeme. Nusiwo woate ŋu atsɔ ɖokuiɖeɖeɖeaga si ŋu viɖe le awɔe ƒe ɖewoe nye gbedodoɖa na Mawu, Biblia xexlẽ kple ŋugbledede le eŋu. (Psalmo 63:7) Esiawo nye mɔ siwo dzi míato ate ɖe Yehowa Mawu, amesi ava zu mía Xɔlɔ̃ gãtɔ kekeake la ŋu, kplikplikpli wu.
Xɔlɔ̃dzedze ƒe Kpɔɖeŋu Siwo Le Biblia Me
Togbɔ be enyo be míadze xɔ̃ ame geɖe hã la, Biblia ɖo ŋku edzi na mí be “xɔlɔ̃ aɖewo kuna ɖe ame ŋu wu ame nɔvi gɔ̃ hã.” (Lododowo 18:24) Xɔlɔ̃ siwo tsɔa ɖe le eme na mí vavã, siwo ƒe xɔlɔ̃dzedze doa dzidzɔ na mí, siwo doa ŋusẽ eye wonaa míenɔa ŋutifafa me la ƒe ɖewo hiã mí katã. Togbɔ be xɔlɔ̃dzedze vavã mawo mabɔ le egbe ŋkekeawo me o hã la, wode dzesi blema kpɔɖeŋu aɖewo etɔxɛe ɖe Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, xɔlɔ̃dzedze ɖedzesi aɖe nɔ Dawid kple Yonatan dome. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso eme? Nukata woƒe xɔlɔ̃dzedzea nɔ anyi eteƒe didi?
Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be Dawid kple Yonatan ƒe nudidi veviwo sɔ. Vevietɔ wu la, wo ame evea sroa Yehowa Mawu ɖa vevie. Esi Yonatan de dzesi Mawu dzixɔse si le Dawid si kple eƒe afɔɖeɖe hena Yehowa ƒe amewo taʋiʋli la, “Dawid ƒe nu lé dzi na Yonatan, eye Yonatan lɔ̃e abe eya ŋutɔ ɖokui ene.” (Samuel I, 18:1) Efia be xɔlɔ̃ akpa eveawo ƒe lɔlɔ̃ na Mawu blaa wo ɖekae.
Yonatan kple Dawid wonye ame sesẽ siwo nɔ agbe ɖe Mawu me gɔmeɖosewo nu. Eyata woate ŋu ade bubu wo nɔewo ŋu. (Samuel I, 19:1-7; 20:9-14; 24:6) Yayrae wònye na mí vavã ne xɔlɔ̃ mawuvɔ̃la siwo nɔa agbe ɖe Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo nu le mía si.
Nu bubuwo hã na Dawid kple Yonatan dze xɔ̃ wo nɔewo. Anukwareɖiɖi kple nya gbɔgblɔ na ame nɔewo tẽ nɔ woƒe xɔlɔ̃dzedzea me, eye amesiame ka ɖe nɔvia dzi. Yonatan tsɔ Dawid ƒe didiwo ɖo ŋgɔ na eya ŋutɔ tɔ nuteƒewɔwɔtɔe. Meʋã ŋu le esi wodo fiaɖuɖu ƒe ŋugbe na Dawid ta o; ke boŋ Yonatan kpe ɖe eŋu le seselelãme kple gbɔgbɔ me gome. Eye Dawid lɔ̃ xɔ eƒe kpekpeɖeŋua. (Samuel I, 23:16-18) Dawid kple Yonatan ɖe woƒe seselelãmewo fia wo nɔewo le mɔ siwo sɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu nu. Wotu woƒe mawumexɔlɔ̃wɔwɔa ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ kple nɔvilɔlɔ̃ vavãtɔ dzi. (Samuel I, 20:41; Samuel II, 1:26) Esi ŋutsu evea siaa yi edzi wɔ nuteƒe na Mawu ta la, wo dome memã o. Gɔmeɖose mawo ŋudɔ wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu míadze xɔ̃ vavã siwo anɔ mía si ɖaa.
Alesi Woadze Xɔ̃e
Ðe nèle xɔlɔ̃ vavãwo dima? Ðewohĩ mahiã be nàyi didiƒe o. Amesiwo nèdoa goe gbesiagbe dometɔ aɖewo ate ŋu anye xɔ̃wòwo, eye ɖewohĩ woawo hã di be nàzu yewo xɔlɔ̃. Le hati Kristotɔwo koŋ gome la, nunya anɔ eme be míawɔ ɖe apostolo Paulo ƒe aɖaŋu si wòɖo be ‘míakeke mía ɖokui ɖe enu’ la dzi. (Korintotɔwo II, 6:11-13) Gake megate ɖe dziwò ne agbagba ɖesiaɖe si nàdze be yeadze xɔ̃ mezu ɖekawɔwɔ deto o. Zi geɖe la, exɔa ɣeyiɣi hafi wodzea xɔ̃, eye menye xɔlɔ̃dzedzewo katãe ade to sɔsɔe o. (Nyagblɔla 11:1, 2, 6) Le nyateƒe me la, hafi míase vivi le xɔlɔ̃wɔwɔ akuakua me la, mele be míadi mía ɖokui tɔ o, eye ehiã be míawɔ ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Eyaŋuti nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.”—Mateo 7:12.
Amekawoe di be nànye yewo xɔlɔ̃? Le amesiwo nye hatiwòwo le ƒe me megbe la, amesiwo nènye xoxo na kple esiwo tsi wu wò hã ɖe? Vovototo le ƒe me nɔ Dawid kple Yonatan, Rut kple Naomi, kpakple Paulo kple Timoteo dome xɔlɔ̃wɔwɔawo katã me. (Rut 1:16, 17; Korintotɔwo I, 4:17) Ðe nàte ŋu akeke wò xɔlɔ̃dzedzea ɖe enu akpe ahosiwo kple ame bubu siwo si srɔ̃ mele o ɖe eŋua? De ŋugble le amesiwo va miaƒe nutoa me yeyee ŋu kpɔ. To ʋuʋu alo tɔtrɔ siwo wowɔ le woƒe agbe me ta la, ɖewohĩ wogblẽ wo xɔlɔ̃ geɖe alo wo katã ɖi. Mègalala be amewo nava ye gbɔ hafi o. Ne Kristotɔe nènye la, dze xɔ̃ si nɔa anyi ɖaa to Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi wɔwɔ me be: “Miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũ kple dadavilɔlɔ̃, mitre mia nɔewo bubu!”—Romatɔwo 12:10.
Míate ŋu abu xɔlɔ̃dzedze be nunana ame ƒomevi aɖee. Yesu gblɔ be ne míenaa nu ame la, woana nu mí. Egblɔ hã be dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ. (Luka 6:38; Dɔwɔwɔwo 20:35) Èdo go ame ƒomevi vovovowo kpɔa? Yehowa Ðasefowo ƒe dukɔwo dome takpekpewo ɖo kpe edzi be amesiwo ƒe agbenɔnɔwo to vovo ate ŋu adze xɔ̃ vavã siwo nɔa anyi ɖaa ne wo katã wodea ta agu na Mawu.
Nana be Xɔlɔ̃dzedze Nanɔ Anyi
Nublanuitɔe la, amesiwo wòdze abe xɔlɔ̃woe wonye la doa vevesese na wo nɔewo ɣeaɖewoɣi. Ameŋunyagbɔgblɔ vɔ̃ɖi, ame ƒe dzimenya gbɔgblɔ na ame bubu, ŋudzedzemakpɔmakpɔ—nusiawo nye nusiwo naa wosea veve vevie dometɔ aɖewo ne amesi nèbu xɔlɔ̃ vavãe ye wɔe ɖe ŋuwò. Nukae nàte ŋu awɔ le nɔnɔme mawo me?
Ðo kpɔɖeŋu nyui. Wɔ nusianu si nàte ŋui be màna woase veve si mehiã o. Ebɔ le teƒe aɖewo be xɔlɔ̃wo tsɔa wo nɔewo ƒe vodadawo wɔa nukonyae. Gake tamesesẽnuwɔwɔ alo amefuflu mate xɔlɔ̃wo aƒo ƒui o, ne ɖe wowɔe kple susu be ‘fefem yewole’ hã.—Lododowo 26:18, 19.
Dze agbagba be xɔlɔ̃dzedzewo nali ke. Nugɔmemasemasewo doa mo ɖa ɣeaɖewoɣi ne xɔlɔ̃wo di nu geɖe fũ akpa tso wo nɔewo gbɔ. Ðewohĩ xɔlɔ̃ si dze dɔ alo kuxi gã aɖe le fu ɖem na la mate ŋu aɖe xɔlɔ̃wɔwɔ afia abe tsã ene o. Dze agbagba nàse nu gɔme eye nàna kpekpeɖeŋu le ɣeyiɣi mawo me.
Tsɔ dɔmenyonyo ɖɔ kuxiwo ɖo kaba. Mi ame evea miɖɔe ɖo ne anya wɔ. (Mateo 5:23, 24; 18:15) Kpɔ egbɔ be xɔ̃wòa nya be ƒomedodo nyui dim yele be wòanɔ anyi. Xɔlɔ̃ vavãwo tsɔa nuvɔ̃ kea wo nɔewo. (Kolosetɔwo 3:13) Ðe nànye xɔlɔ̃ ma ƒomevi—amesi kuna ɖe ame ŋu wu ame nɔvi gɔ̃ hã?
Nuxexlẽ kple tamebubu tso xɔlɔ̃dzedze ŋu nye eƒe gɔmedzedze ko. Ne míetsi akogo la, mina míawɔ nusi hiã eye míagatsi akogo eteƒe nadidi o. Ne míeku kutri la, míate ŋu adze xɔlɔ̃ vavãwo. Míate ŋu atu ɖekawɔwɔ tɔxɛ aɖe ɖo kple wo dometɔ aɖewo. Gake ame aɖeke mate ŋu axɔ ɖe Mawu, Xɔlɔ̃ gãtɔ kekeake teƒe o. Yehowa koe ate ŋu anya mí, ase nu gɔme na mí, eye wòakpe ɖe mía ŋu bliboe. (Psalmo 139:1-4, 23, 24) Gawu la, etsɔme mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe le eƒe Nya la me—xexe yeye si me wòanɔ bɔbɔe le be míadze xɔ̃ vavã si anɔ anyi tegbee.—Petro II, 3:13.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 5]
Dawid kple Yonatan nye xɔlɔ̃ vavãwo, míawo hã míate ŋu anyee