INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 11/8 axa 4-8
  • Alakpasubɔsubɔ Ðo Ta Tsɔtsrɔ̃ me!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alakpasubɔsubɔ Ðo Ta Tsɔtsrɔ̃ me!
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Sidzedze Gbolo La
  • Nukata Eƒe Tsɔtsrɔ̃ Gogo Alea Gbegbe?
  • Babilon Gã la Tsɔtsrɔ̃
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • Ʋɔnu Dɔdrɔ̃ Gbolo Ŋkɔgbegblẽxɔla La
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • Fia La Awɔ Aʋa Le Harmagedon
    “Wò Fiaɖuƒe Nava”
  • Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa—Nu Si Adzɔ Ðe Mawu Ƒe Futɔwo Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
Nyɔ!—1996
g96 11/8 axa 4-8

Alakpasubɔsubɔ Ðo Ta Tsɔtsrɔ̃ me!

MINA míadzro Biblia ƒe nyagblɔɖi wɔdɔɖeamedziwo dometɔ ɖeka me akpɔe ɖa be ɖe xexe sia me subɔsubɔhawo gogo woƒe nuwuwu hã. Eku ɖe kpɔɖeŋunyɔnu wɔnuku aɖe si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia ƒe agbalẽ mamlɛtɔ si nye Nyaɖeɖefia me ŋu.

Ðe nàte ŋu akpɔ nyɔnu aɖe si ɖu fia ɖe dukɔwo katã dzi, eye wòkpɔ ŋusẽ ɖe ame biliɔn geɖe ƒe agbenɔnɔ dzi le ŋutinya katã me—nyɔnu hotsuitɔ si do aɖabɛwu kple awu dzĩ le atsyɔ̃ɖoɖo gã me, wòtsɔ sika, kpe xɔasiwo, kple adzagbawo wɔ leke la le susu mea? Woŋlɔ ŋkɔ legbee si nye nya ɣaɣla ɖe eƒe ŋgonu bena: “Babilon gã la, gbolowo kple anyigba dzi ŋunyɔnuwo ƒe dada.” Wogblɔ be enye gbolowo ƒe gbolo, le esi wòwɔ ‘ahasi’ kple xexemedziɖulawo ta. Eƒe nuvɔ̃wo kɔ yi ɖatɔ dziƒo. Ebɔbɔ nɔ lã wɔadã dzĩ dziŋɔ aɖe si ta adre kple dzo ewo li na la dzi.—Nyaɖeɖefia 17:1-6; 18:5.

Ne àte ŋu akpɔ nyɔnu sia le susu me la, ekema ènya nu tso amesi ŋu koŋ woƒo nu tsoe le nyagblɔɖi me nudzɔdzɔ si Yesu ƒe apostolo Yohanes kpɔ le ŋutega si woɖe fiae to mawudɔla aɖe dzi me la ŋu. Eƒo nu tso eŋu tsitotsito le Nyaɖeɖefia ta 17 kple 18 me. Xlẽ ta siawo le wò ŋutɔ wò Biblia me. Àte ŋu akplɔ nudzɔdzɔawo ɖo tso nukoklo le amesi nyɔnu wɔnuku sia nye ŋu dzi vaseɖe eƒe tsɔtsrɔ̃ dzi.

Sidzedze Gbolo La

Nusi akpe ɖe mía ŋu míanya amesi fianyɔnu gbolo la nye la dze le nu eve siwo dzi wòbɔbɔ nɔ anyi ɖo le kpɔɖeŋumɔ nu la me. Wogblɔ le Nyaɖeɖefia 17:18 be nyɔnua nye “du gã, si le fia ɖum ɖe anyigba dzi fiawo dzi.” Esia na wòte ŋu nɔ “tsi geɖewo dzi,” si fia “dukɔwo kple amehawo kple xexemedukɔwo kpakple gbegbɔgblɔwo,” abe alesi woɖee fia le Nyaɖeɖefia 17:1, 15 ene. Ta ma ke ƒe kpukpui 3 lia gblɔ be wokpɔe wòbɔbɔ nɔ lã wɔadã aɖe si ta adre li na hã dzi—wozã lãwo tsɔ wɔ xexeme dunyahedziɖuɖuwo, alo habɔbɔwo, ƒe kpɔɖeŋu le Biblia me zi geɖe.

Esia fia be gbolo si nye Babilon Gã la tsi tre ɖi na fiaɖuƒe aɖe si wodo ɖe dzi, si ɖua dziɖuɖu bubuwo kple wo teviwo dzi. Xexeame alakpasubɔsubɔhawo ƒe fiaɖuƒe koe esia ate ŋu anye.

Subɔsubɔhakplɔlawo ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe dukplɔɖoɖo kple dunyahehe me nyawo dzi nye ŋutinya ƒe akpa nyanyɛ aɖe. The World Book Encyclopedia gblɔ be: “Le Ɣetoɖoƒe Roma Fiaɖuƒea ƒe anyidzedze [ƒe alafa 5 lia] megbe la, papa la kpɔ ŋusẽ wu ame bubu ɖesiaɖe le Europa. . . . Dunyahehe me ŋusẽ kple gbɔgbɔmeŋusẽ siaa nɔ papa la si. Le ƒe 800 me la, Papa Leo III ɖo Franktɔwo ƒe fia Charlemagne [Charles Gãtɔ] Romatɔwo ƒe fiagãe. . . . Leo III ye ɖo gome si le papa si be wòana ŋusẽ fiagã wòasɔ le se nu la anyi.”

Papatenɔla Thomas Wolsey (ƒe 1475?-1530) hã nye kpɔɖeŋu le ŋusẽ si Katoliko Ha la kple eƒe “amegãwo” kpɔ ɖe dziɖulawo dzi me. Wogblɔ be enye “amesi kpɔ ŋusẽ le England ƒe geɖe wu ame ɖesiaɖe.” Le Fia Henry VIII ƒe dziɖuɖu te la, eya “koŋue va nɔ dukɔa ƒe nyawo katã nu le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe. . . . Enɔ agbe le fiawo ƒe atsyɔ̃ɖoɖo me eye eƒe ŋusẽ de dzi.” Numekugbalẽa ƒe nuŋlɔɖia yi edzi be: “England ƒe dutanyawo dzi kpɔkpɔ na Henry VIII ŋu koŋue Papatenɔla Wolsey zã dziɖuɖumegã kple dɔnunɔla ƒe ŋutete gã siwo nɔ esi la ɖo.”

Katolikotɔwo ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe dziɖuɖuwo ƒe xexemenyawo dzi ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi bubue nye Papatenɔla Richelieu si tso France (1585-1642), amesi “zu France-dziɖula koŋ . . . ƒe 18 kple edzivɔ.” Agbalẽ si míeyɔ va yi la gblɔ be: “Didi sesẽ aɖe nɔ eme eye eteƒe medidi o megagbɔ dzi ɖi ɖe ɖoƒe kɔkɔ xɔxɔ ŋu o.” Woɖoe papatenɔla le ƒe 1622 me “eye eteƒe medidi o eva kpɔ ŋusẽ le Franse-dziɖuɖua me.” Edze ƒã be ŋutsu zazɛ̃ ye wònye, elabena “eya ŋutɔ kplɔ dukɔa ƒe asrafowo wova ɖe to ɖe La Rochelle.” Nyatia gblɔ kpe ɖe eŋu be: “Dutanyawo gbɔ kpɔkpɔ me koŋue Richelieu tsɔ ɖe le.”

Alesi Vatican yi edzi le nu wɔm ɖekae kple dunyahedziɖulawo dze ƒã le gbeƒãɖeɖe si nɔa Vatican-nyadzɔdzɔgbalẽ L’Osservatore Romano me ɣesiaɣi be dutanyagbɔkpɔlawo tsɔ woƒe ɖaseɖigbalẽwo va fiaa papa ŋusẽtɔ la. Edze ƒã be Katolikotɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe le Vatican siwo ate ŋu ana papa la nanya xexeame katã ƒe dunyahehe kple dukɔwo dome nyawo ŋu nudzɔdzɔwo.

Míate ŋu agblɔ kpɔɖeŋu bubu geɖe atsɔ afia subɔsubɔhakplɔlawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi sẽŋu—le Kristodukɔa me kple egodo siaa—le xexe sia me dunyahehe me. Nyateƒe si wònye be kpɔɖeŋugbolo la bɔbɔ nɔ “tsi geɖewo” (si tsi tre ɖi na “dukɔwo kple amehawo kple xexemedukɔwo”) kple lã wɔadã (si tsi tre ɖi na xexeame dunyahedziɖuɖuwo) dzi la hã fia be ŋusẽ si wòkpɔ ɖe amewo, dukɔwo, kple dziɖuɖuwo dzi la to vovo, eye ede ŋgɔ wu dunyaheŋusẽ dzro ko. Mina míakpɔ ŋusẽ si tɔgbe wònye ɖa.

Ŋkɔ legbee si le eƒe ŋgonu la ƒe akpa aɖee nye “Babilon gã la.” Wotsɔe sɔ kple blema Babilon si Nimrod, amesi “tsi tre ɖe Yehowa,” Mawu vavãtɔ “ŋu” la tso, anye ƒe 4,000 enye sia. (Mose I, 10:8-10) Ŋkɔ sia si le eŋu fia be eɖi blema Babilon, eye eɖea eƒe nɔnɔmewo tɔgbe fiana. Nɔnɔme kawoe nye ma? Nusiwo xɔ aƒe ɖe blema Babilon ye nye vivimemawusubɔsubɔ, kɔnu ɖigbɔwo, legbasubɔsubɔ, akunyawɔwɔ, ɣletivimefakaka, kple aʋatsodzixɔse—nusiwo katã Yehowa ƒe Nya bu fɔe.

The New International Dictionary of New Testament Theology gblɔ be le ƒe alafa 18 D.M.Ŋ. me la, wotsɔ Marduk wɔ “Babilon-dugã la ƒe mawui, eye esia na wòzu Sumeriatɔwo kple Akadtɔwo ƒe mawuxɔgã si me legba 1,300 le la ƒe tatɔ. Ena subɔsubɔkɔnuwo katã nɔ ɖoɖo ɖeka me. . . . Le Mose I, 11:1-9 la, woɖɔ Babilon-gbedoxɔgã la tutu ŋukpetɔe be enye amegbetɔ ƒe dada si na wòdi be yeakpɔ ŋusẽ ɖe dziƒo dzi la ɖeɖefia.”

Aleae blema Babilon wɔ va zu alakpasubɔsubɔ si va kaka ɖe xexeame katã le ɣeyiɣi aɖe megbe la ƒe nɔƒe vevi. Babilontɔwo ƒe subɔsubɔ nuwɔnawo, nufiafiawo, kɔnuwo, kple dzesiwo ɖo anyigba ƒe afisiafi eye wodzena le xexemesubɔsubɔha akpe geɖe siwo tɔtɔ la me. Dunyahehe ƒe fiaɖuƒewo kple fiagãdziɖuɖuwo do hegadze anyi, gake Babilontɔwo ƒe mawusubɔsubɔ to wo katã me do.

Nukata Eƒe Tsɔtsrɔ̃ Gogo Alea Gbegbe?

Abe alesi woɖe eme enuenu le magazine sia ƒe tata siwo do ŋgɔ me ene la, Biblia ƒe nyagblɔɖi kple nudzɔdzɔ siwo ʋuʋu xexeame tso ƒe 1914 me la ɖee fia vodadamanɔŋutɔe be fifia míeɖo “nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu.” (Mateo 24:3, NW) Esia fia be lã la ƒe xexemenuɖoanyi la ƒe nuwuwu le aƒe tum kabakaba, abe “lã dzẽ” si dzo ewo li na si dom gbolo la le fifia ƒe nuwuwu ke ene. (Nyaɖeɖefia 17:3) Edze ƒã be lã sia tsi tre ɖi na dunyaheheƒuƒoƒo si me anyigba dzi dukɔwo katã kloe le—Dukɔ Ƒoƒuawo. Nuwuwu si wogblɔ ɖi la fia be woaɖe ameƒomea ƒe dunyahedziɖuɖu mavɔ̃mawu si me mamã le la ɖa. Ke fianyɔnu gbolo si le lã la dom ya ɖe?

Mawu ƒe dɔla ɖe eme be: “Dzo ewo, siwo nèkpɔ kple lã la, woawo alé fu gbolo la, eye woawɔe aƒedo, eye woaɖe amamae, eye woaɖu eƒe ŋutilã, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ. Elabena Mawu tsɔe de woƒe dzi me, bene woawɔ eƒe tameɖoɖo dzi, eye woawɔ tameɖoɖo ɖeka dzi, eye woatsɔ woƒe fiaɖuƒe ana lã la, halase esime woawu Mawu ƒe nyawo nu.”—Nyaɖeɖefia 17:16, 17.

Eyata nyagblɔɖia ɖee fia be ne esusɔ vie dunyahehe ƒe lã wɔadã la nayi tsɔtsrɔ̃ me la, ate fuléle edola la eye wòatrɔ ɖe eŋu. Nukatae? Edze ƒã be dziɖulawo kple dziɖuɖuwo akpɔe be subɔsubɔha ƒe ƒuƒoƒo siwo le yewoƒe dukɔwo me di be woaxɔ yewoƒe ŋusẽ kple dziɖuɖu. Ŋusẽ aɖe aʋã wo le vome eye woana Mawu ƒe “tameɖoɖo,” eƒe nyametsotso nava eme, to ʋɔnudɔdrɔ̃ hehe va alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe wɔahasi si ƒo ʋu la dzi me.a—Tsɔe sɔ kple Yeremya 7:8-11, 34.

Xexe sia me alakpasubɔsubɔhawo ƒe nuwuwu ava le ɣeyiɣi si me woakpɔtɔ adze abe ɖe ŋusẽ le wo ŋu eye wokpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi ene la me. Ẽ, nyagblɔɖia ɖee fia be ne esusɔ vie woatsrɔ̃ gboloa la, aganɔ gbɔgblɔm le eƒe dzime kokoko be: “Mebɔbɔ nɔ anyi abe fianyɔnu ene, eye nyemenye ahosi o, eye nyemegale konyi fa ge akpɔ o.” (Nyaɖeɖefia 18:7) Gake eƒe tsɔtsrɔ̃ aɖi ɖe etevi biliɔn naneawo. Anye nudzɔdzɔ si womekpɔ mɔ na o kple afɔku gãtɔ kekeake le amegbetɔ ƒe ŋutinya me.

Tso esime blema Babilon do la, alakpasubɔsubɔhawo kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe amegbetɔwo dzi to wo kplɔlawo kple wo dzi delawo; woƒe nufiafiawo, kɔnuwo, kple nuwɔnawo; woƒe gbedoxɔ dranyi gbogboawo; kple woƒe kesinɔnu manyagblɔawo dzi. Amewo akpɔ woƒe anyimanɔmanɔ adze sii godoo. Eyata mawudɔla si wotsɔ ʋɔnudrɔ̃gbedasi na be wòagblɔ ɖe gboloa ŋu na eme kɔ esi wògblɔ be: “Le ŋkeke ɖeka dzi la eƒe fukpekpewo ava edzi: Ku kple konyifafa kpakple dɔwuame, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ; elabena Aƒetɔ Mawu, amesi drɔ̃ ʋɔnui la, enye ŋusẽtɔ.” Eyata Babilon Gã la ƒe nuwuwu ava kpoyi abe dzikedzo ene eye enu ayi kaba, abe “le ŋkeke ɖeka dzi” ene.—Nyaɖeɖefia 18:8; Yesaya 47:8, 9, 11.

Mawudɔla la ƒe nya sẽŋuawo fɔ biabia sia ɖe te be, Ðe subɔsubɔha aɖe asusɔa, eye ne ɖe asusɔ la, ke ekae eye nukatae? Nukae nyagblɔɖia ɖe fia? Míadzro esia me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Hena nyagblɔɖi siawo me dzodzro tsitotsito la, kpɔ Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta ƒe ta 33.

[Aɖaka si le axa 6]

Kristodukɔa ƒe Ʋufɔɖiɖi le Afrika

Biblia gblɔ le Nyaɖeɖefia 18:24 be wokpɔ “amesiwo katã wowu le anyigba dzi” la ƒe ʋu le Babilon Gã la me. Bu aʋa siwo wowɔ le mawusubɔsubɔ me masɔmasɔwo kple le esi subɔsubɔhakplɔlawo mete ŋu xe mɔ ɖe enu o ta la ŋu kpɔ. Esia ƒe kpɔɖeŋu dze nyitsɔ laa le to ɖeka me tɔwo tsɔtsrɔ̃ ɖa le Rwanda me, si me wowu ame 500,000 le—wo mamã ɖe akpa etɔ̃ ƒe ɖeka nye ɖeviwo.

Canadatɔ agbalẽŋlɔla Hugh McCullum ka nya ta tso Rwanda be: “Nunɔla Hututɔ aɖe si le Kigali [Rwanda] gblɔ be womate ŋu aɖe sɔlemeha la ƒe kpododonu le agbenyuinɔnɔ fiafia amewo me la nu o. Ele be bisiɔpwo ƒe ɖoƒe le Rwandatɔwo dome nanye nu vevi aɖe ŋutɔ hafi. Wonya do ŋgɔ xoxoxo be afɔku aɖe gbɔna hafi amewuwua do mo ɖa. Woate ŋu agblɔ gbedasi sẽŋu aɖe si ate ŋu axe mɔ ɖe to ɖeka me tɔwo tsɔtsrɔ̃ ɖa nu hafi le sɔlemexɔawo me be dukɔa me tɔwo katã kloe nasee. Gake kplɔlaawo zi ɖoɖoe boŋ.”

Le amewuwu vɔ̃ɖitɔe sia megbe le ƒe 1994 me la, Justin Hakizimana si nye hamemegã le sɔlemeha aɖe me gblɔ le kpekpe sue aɖe si wowɔ le Presbiteriatɔwo ƒe gbedoxɔ me le Kigali la me be: “Sɔlemeha la do alɔ Habyarimana [Rwanda-dukplɔla] ƒe dunyahehe. Míebu fɔ nusi nɔ edzi yim la o elabena ame gbegblẽwoe míenye. Míaƒe sɔlemehawo dometɔ aɖeke, vevietɔ Katolikotɔwo, mebu fɔ amehawo wuwu la o.”

Aaron Mugemera si nye sɔlemeha aɖe kplɔla la gblɔ le kpekpe bubu me le Rwanda le to ɖeka me tɔwo tsɔtsrɔ̃ ɖa megbe be: “Ŋukpe lé sɔlemeha la. . . . Míele amewo wuwu dzi le afisia tso keke ƒe 1959 me ke. Ame aɖeke mebu fɔ wo o. . . . Míeɖe míaƒe nukpɔsusu gblɔ le eŋu o elabena míenɔ vɔvɔ̃m, eye le esi meɖe fu na mí o ta.”

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

“Gbolo” sia kpɔ ŋusẽ ɖe xexeme bliboa dzi

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Xexeame ƒe nɔnɔmetata: Mountain High Maps® Copyright © 1995 Digital Wisdom, Inc.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe