Paradiso Gbugbɔɖoanyi
LE ESI Paradiso dzroa ame vevie eye wodzea agbagba ɖesiaɖe be woagbugbɔe aɖo anyi ta la, amewo asusu be vaseɖe fifia la, woatrɔ anyigba wòazu paradiso blibo hafi. Gake kpao.
Ðe ema teƒe la, ɖeko amegbetɔ tsɔ ŋukeklẽ si gblẽa nu le nutoa kple eme nugbagbe vovovoawo ŋu la ɖo dɔe. Esi ame geɖe xɔe se be ŋutilã me nunɔamesiwoe afia nusi ame awɔ ta la, mɔkpɔkpɔ aɖeke megale wo si be woatrɔ anyigba sia wòazu abe Eden-paradiso ene gbaɖegbe o. Wokpɔa mɔ na agbenɔnɔ le ku megbe le dziƒo boŋ be eya koe nye yewoƒe Paradiso mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia. Nukpɔsusu siawo fia be, gbã, mɔ si amegbetɔwo kpɔna na Eden-bɔa la mava eme akpɔ gbeɖe o, eye evelia, be Mawu gblẽ ɣletinyigba sia ɖe amegbetɔ ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple ŋukeklẽ si me. Alea wòle vavãa? Nuka tututue etsɔme ahe vɛ? Eye afikae míakpɔ etsɔme ma ƒe mevava le?
Paradiso—Dziƒoe Wòanɔa alo Anyigba Dzie?
Abe ƒe 2,000 kloe ene enye esia, esime Yesu Kristo nɔ nu ƒom na fiafi trɔdzime si wohe ɖe ati ŋu le exa la, egblɔ be: “Ànɔ Paradiso la me kplim.” (Luka 23:43, NW) Ðe Yesu ƒe nyawo fia be fiafi la ayi dziƒo kpliia? Ao.
Susu ma mava tame teti gɔ̃ hã na nuvlowɔla la o. Nukatae? Elabena anɔ eme be enya Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa siwo li le woƒe ŋkekea me abe Psalmo 37:29 ƒe akpa gbãtɔ ene la nyuie be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome.” (Míawoe te gbe ɖe ŋɔŋlɔawo dzi.) Yesu fia nyateƒe ma tututu esi wògblɔ be: “Woayra amesiwo nye ame fafawo la; elabena woawoe anyi anyigba la ƒe dome.” (Mateo 5:5) Ŋɔŋlɔ sia wɔ ɖeka kple nusi woyɔna edziedzi be Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa si gblɔ be: “Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!”—Mateo 6:9, 10.
Biblia gblɔ be anyigba ye Mawu wɔ be wòanye amegbetɔƒomea ƒe aƒe, ke menye dziƒoe o. Eƒe Nya gblɔ be “menye ɖe [wòwɔ anyigba] be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ be woanɔ edzi.” (Yesaya 45:18) Vaseɖe ɣekaɣi? “Eɖo anyigba gɔme anyi ɖe eƒe anyinɔwo dzi, ne magaʋã gbeɖe akpɔ o.” (Psalmo 104:5) Ẽ, “anyigba ya li tegbee.”—Nyagblɔla 1:4.
Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be anyigba sia nanye ame gbogbo siwo subɔnɛ la ƒe aƒe ɖaa tegbee. Se alesi Mawu ƒe Nya, Biblia, ƒo nu tso esia ŋui ɖa. Psalmo 37:11 gblɔ ɖi be: “Ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” Vaseɖe ɣekaɣi? Psalmo 37:29 ɖo eŋu be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” Le ɣemaɣi la, ŋɔŋlɔ si gblɔ be: “[Mawu,] èʋu wò asi me, eye nètsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi ɖi ƒo na woe” la ava eme, esi nye nudidi siwo wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.—Psalmo 145:16.
Ke nukae adzɔ ɖe amesiwo medi be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o la dzi? Lododowo 2:21, 22 gblɔ be: “Nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi; ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.”
Paradiso si Woagbugbɔ Ðo Anyi
Eteƒe magadidi o Mawu ahe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava xexe vɔ̃ɖi sia dzi. (Mateo 24:3-14; Timoteo II, 3:1-5, 13) Gake Mawu akpɔ “ameha gã” aɖe ta tso tsɔtsrɔ̃ ma si gbɔna la me ahakplɔ wo ayi ɖe eƒe xexe yeyea mee.—Nyaɖeɖefia 7:9-17.
Ekema Mawu afia mɔ eƒe nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔwo be woawɔ dzidzɔdɔ si nye anyigba bliboa katã tɔtrɔ wòazu paradisoƒe na ameƒomea. Biblia do ŋugbe be: “Gbegbe kple gbedadaƒo akpɔ dzidzɔ, tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenyã ene. . . . Elabena tɔ [aŋɔ] tso gbegbe, eye tɔʋu [atso] tagba.”—Yesaya 35:1, 6.
Dɔwuame, ahedada, dugã siwo me le nyamaa, aƒemanɔsitɔwo, alo nuto siwo me nuvlowɔwɔ do agbogbo ɖo maganɔ anyi akpɔ le Paradiso ma si woanɔ kekem ɖe enu la me gbeɖe o. “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi.” (Psalmo 72:16) “Gbemeti atse ku, anyigba awɔ nu.” (Xezekiel 34:27) “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o.” (Yesaya 65:21, 22) “Wo dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe gboti te bɔkɔɔ.”—Mixa 4:4.
Nusita Ame Aɖewo Ayi Dziƒo
Ðikeke mele eme o be ame akpa gãtɔ alɔ̃ ɖe edzi be yewoƒe didi enye be yewoanɔ agbe le paradisonyigba dzi. Esia sɔ, elabena Mawu mede dziƒoyiyi ƒe didi amegbetɔwo me kpɔ gbeɖe o; womate ŋu asusu alesi agbenɔnɔ le le dziƒo gɔ̃ hã ɖe tame me o. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be Pat nye sɔlemedela dovevienu hã la, esi wònɔ dze ɖom kple eƒe England Sɔleme nunɔla tso dziƒoyiyi ŋu la, egblɔ be: “Dziƒoyiyi ƒe susu aɖeke meva tame nam kpɔ o. Nyemedi be mayi o, eye nuka mava wɔ le afima ya?”—Tsɔe sɔ kple Psalmo 115:16.
Nyateƒee, Biblia gblɔ be ame siwo ƒe xexlẽme nye 144,000 koe ayi dziƒo. (Nyaɖeɖefia 14:1, 4) Eɖe nusiatae hã me be: “Nèwɔ wo fiawo kple nunɔlawo na míaƒe Mawu, eye woaɖu fia [ɖe] anyigba la dzi.” (Nyaɖeɖefia 5:9, 10) Amesiawo kple woƒe Fia, Yesu Kristo, ye ƒo ƒu wɔ “fiaɖuƒe” si anye anyigba ƒe dziƒodziɖuɖu yeye si Kristotɔwo doa gbe ɖa biana. Dziɖuɖu siae akpɔ egbɔ be anyigba kple ameƒomea ɖɔ ɖo keŋkeŋ.—Daniel 2:44; Petro II, 3:13.
Gake esi wònye be wometsɔa dziƒoyiyi ƒe didi dzia amee o ta la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wɔa dɔ etɔxɛ “ɖia ɖase” na ame 144,000 be woase “ameyɔyɔ le dziƒo” tɔxɛ sia le wo ɖokui me. (Romatɔwo 8:16, 17; Filipitɔwo 3:14) Ke hã la, eme kɔ ƒã be mehiã be gbɔgbɔ kɔkɔea nawɔ dɔ sia ɖe amegbetɔƒome bliboa dzi o, elabena anyigba dzi paradisoe anye woƒe nɔƒe ɖaa tegbee.
Gbɔgbɔ me Paradiso aɖe le Mía Dzram Ðo
Aleke woate ŋu awɔ adze na agbenɔnɔ le anyigba dzi paradiso mee? Yesu gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Esi Yesaya 11:9 nɔ ɖekawɔwɔ si anɔ amegbetɔwo ƒe ŋutifafa kpɔkpɔ kple Mawu ŋuti sidzedze dome me ɖem la, egblɔ be: “Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o; elabena sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.”—Tsɔe sɔ kple Yesaya 48:18.
Gake menye nunya si woalé ɖe tame koe sidzedze sia nye o. Ekpɔa ŋusẽ ɖe ame ƒe amenyenye dzi eye wònaa woɖea Mawu me nɔnɔme siwo nye “lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye, dɔmefafa, [kple] ɖokuidziɖuɖu” fiana. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Yehowa Ðasefowo dzea agbagba tua nɔnɔme siawo ɖo, eye esia wɔe be fifia gɔ̃ hã wole vivi sem le gbɔgbɔ me paradiso nyui aɖe me xoxo.—Yesaya 65:13, 14.
Aleke gbegbe nɔnɔme si me wole le gbɔgbɔ me la to vovo sasasã tso xexeame si nyrɔ ɖe mawumavɔ̃mavɔ̃nuwɔna kple gbegblẽ me vĩ vɔ̃ɖitɔe wu la gbɔ enye si! Gake eteƒe madidi o, Mawu atsrɔ̃ xexe vɔ̃ɖi sia. Hafi ɣemaɣi naɖo la, Yehowa Ðasefowo le kpewòm be nàva—ẽ, va lé ŋku ɖe wo ŋu kpɔ le—gbɔgbɔ me paradiso si me wole la me. Wò ŋutɔ àde dzesii be fifi laa la, togbɔ be menye amesiame wòle dzedzem na o hã la, Yesu, Dziƒofia makpɔmakpɔ la, le amesiwo ava nɔ xexe yeye ma me kplɔm to mɔ xaxɛ si kplɔa ame yia anyigba dzi Paradiso kple agbe mavɔ mee la dzi!—Mateo 7:13, 14; Nyaɖeɖefia 7:17; 21:3, 4.
[Nɔnɔmetata si le axa 8, 9]
Amesiwo atsi agbe atso xexe sia ƒe nuwuwu atsɔ dzidzɔ akpɔ gome le anyigba la tɔtrɔ wòazu paradiso me