Dɔvɔ̃ Nuwuɣi ƒe Dzesi Wònyea?
ÐE DƆVƆ̃ siwo le míaƒe ŋkekea me fia be xexeame ƒe nuwuwu gogoa? Hafi míaɖo biabia ma ŋu la, mina míadzro nusi nyagbɔgblɔ “xexeame ƒe nuwuwu” fia me.
Ame geɖe xɔe se be xexeame ƒe nuwuwu fia be Mawu atsrɔ̃ anyigba kple nu gbagbe siwo katã le edzi. Gake Mawu ƒe Nya la gblɔ be “ɖe [wòmè anyigba la] be woanɔ edzi.” (Yesaya 45:18) Eƒe tameɖoɖoe nye be dzidzɔme siwo le lãmesẽ me, amesiwo di vevie be yewoanɔ agbe ɖe eƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo nu la nayɔ anyigba dzi. Eyata xexeame ƒe nuwuwu mefia be woaɖe anyigba kple edzinɔlawo katã ɖa o. Ke boŋ enye fifi nuɖoanyia kple emenɔla siwo gbea Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ƒe nuwuwu.
Apostolo Petro ɖe esia fia, amesi ŋlɔ bena: ‘Tsiɖɔɖɔ yɔ Noa ƒe xexe kema me, eye wòtsrɔ̃.’ Esime wotsrɔ̃ xexeame le Noa ƒe ɣeyiɣia me la, ame vɔ̃ɖiwoe tsrɔ̃. Anyigba kpɔtɔ nɔ anyi eye nenema ke enye ame dzɔdzɔe Noa kple eƒe ƒomea hã. Petro gagblɔe be Mawu agaɖe afɔ le etsɔme ‘atsrɔ̃ ame mavɔ̃mawuwo.’—Petro II, 3:6, 7.
Wogblɔ nya sia tɔgbe le mawunyakpukpui bubuwo me tsɔ ɖo kpe nukpɔsusu sia dzi. Le kpɔɖeŋu me, Lododowo 2:21, 22 gblɔ be: “Nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi, ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.”—Kpɔ Psalmo 37:9-11 hã.
Dɔvɔ̃wo Kple Xexeame ƒe Nuwuwu
Gake ɣekaɣie esia adzɔ? Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ene tsɔ biabia ma ɖo eŋkume. Wobia be: “Ka enye wò vava la kple xexeame ƒe nuwuwu [alo “nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu” si nye alesi Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo gblɔe] la ƒe dzesii?” Yesu ɖo eŋu be: “Dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti, dɔwuame kple dɔléame kple anyigbaʋuʋu ava teƒeteƒewo.” (Mateo 24:3, 7, míawoe te gbe ɖe edzi.) Yesu gagblɔ le Luka 21:10, 11 afisi nya mawo tɔgbe le la be: “Dɔvɔ̃wo lava teƒeteƒewo, eye ŋɔdzidonuwo kple dzesi gãwo latso dziƒo.”—Míawoe te gbe ɖe edzi.
De dzesii be Yesu megblɔ be dɔvɔ̃wo koe aɖee fia be nuwuwua gogo o. Ke boŋ eyɔ aʋawɔwɔ gãwo, anyigbaʋuʋuwo, kple nuɖuɖu ƒe veve hã. Yesu gblɔ nya geɖe siwo ava eme la ɖi le eƒe nyagblɔɖi si ku ɖe nu vovovowo ŋu si dze le Mateo ta 24 kple 25, Marko 13, kple Luka 21 me. Ele be wo katã nava eme hafi Mawu natso ahe vɔ̃ɖinyenye ava nuwuwu le anyigba dzi. Kpeɖodzi geɖe li be ɣeyiɣi ma mee míele fifia.
Paradiso si Ava
Womatsrɔ̃ ameƒomea ɖa keŋkeŋ le etsɔme o, eɖanye to dɔvɔ̃ loo alo Mawu ƒe asi dzi o. Yehowa Mawu do ŋugbe be yeatrɔ anyigba sia wòazu paradiso. (Luka 23:43) Aɖe dɔléle siwo wɔa fu ameƒomea hekpe ɖe nu bubuwo ŋu la ɖa.
Míekpɔa kakaɖedzi le esia ŋu ne míebu Yesu Kristo, amesi ɖe Fofoa ƒe nɔnɔmewo fia bliboe la ƒe subɔsubɔdɔ ŋu. Esi Yesu Fofo si le dziƒo do ŋusẽe ta la, ete ŋu yɔ dɔ lãmetututɔwo, nuwɔametɔwo, ŋkuagbãtɔwo, alo aɖetututɔwo. (Mateo 15:30, 31) Eda dɔ na amesiwo ŋu anyi ƒo ɖo hã. (Luka 17:12-14) Eyɔ dɔ nyɔnu aɖe si ŋu ʋusisidɔ nɔ, ŋutsu aɖe si titi lé asi na, kple ŋutsu aɖe si ŋu tetedɔ nɔ. (Marko 3:3-5; 5:25-29; Luka 14:2-4) Eda gbe le “kpeŋuikulawo kple lãmetututɔwo” ŋu. (Mateo 4:24) Efɔ ame kuku ɖe tsitre zi etɔ̃ gɔ̃ hã!—Luka 7:11-15; 8:49-56; Yohanes 11:38-44.
Nukudɔdada siawo gana kakaɖedzi va le ŋugbe si Mawu do be le etsɔme si yeahe vɛ me la, “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o” la ŋu. (Yesaya 33:24) Dɔvɔ̃ magagblẽ amewo ƒe lãmesẽ kple agbe dome akpɔ gbeɖe o. Aleke gbegbe míate ŋu ada akpee nye si be ŋutete le mía Wɔla lɔ̃amea si eye elɔ̃ faa be yeaɖe lãmegbegblẽ kple dɔléle ɖa keŋkeŋ, tegbee!—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]
Mawu na ŋusẽ Yesu be wòayɔ dɔ dɔnɔwo
[Nɔnɔmetata siwo le axa 24]
Yehowa aɖe lãmegbegblẽ kple dɔléle katã ɖa le anyigba dzi Paradiso si gbɔna me