Ðe Xexeme Sia Akpɔtɔ Anɔ Anyia?
Dzidzime bubu aɖeke mese nu tso xexeame ƒe nuwuwu ŋu alea gbegbe kpɔ o. Ame geɖe le vɔvɔ̃m be nuklia ƒe dzobibi ahe xexeame ƒe nuwuwu vɛ. Ame bubuwo susu be ɖiƒoƒo atsrɔ̃ xexeame. Eye ame bubuwo hã tsia dzi be ganyawo ƒe tɔtɔ ana amehawo naho ɖe wo nɔewo ŋu.
Ðe xexeme sia ate ŋu awu nu nyateƒea? Ne ewu nu ɖe, nukae wòafia? Ðe xexeme aɖe wu nu kpɔa?
Xexeme aɖe Wu Nu—Bubu Xɔ Ðe Eteƒe
Ẽ, xexeme aɖe wu nu kpɔ. De ŋugble tso xexeame si va vɔ̃ɖi ŋutɔ le Noa ŋɔli la ŋuti kpɔ. Biblia ɖe eme be: “Tsiɖɔɖɔ yɔ xexe kema me, eye wòtsrɔ̃.” Biblia gblɔ hã be: “[Mawu] mekpɔ blema xexeme la ƒe nublanui o, negbe Noa, dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela la, hekpe ɖe ame adre bubuawo ŋu ko wòdzra ɖo, esime wòhe tɔɖɔɖɔ va ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexeme dzi.”—Petro II, 2:5; 3:6.
De dzesi nusi xexeme ma ƒe nuwuwu fia kple nusi mefia o. Mehe amegbetɔƒomea ƒe nuwuwu vɛ o. Noa kple eƒe ƒomea tsi agbe le xexeame katã ƒe Tsiɖɔɖɔ la me. Nenema kee Anyigba la kple dziƒo si ɣletiviwo le fũ wònya kpɔ la hã to eme doe. “Ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexeme,” si nye nuɖoanyi vɔ̃ɖi aɖe ye tsrɔ̃.
Ʋɛʋɛʋɛ la, Noa ƒe dzidzimeviwo sɔ gbɔ ɖe edzi eye xexeme bubu va nɔ anyi. Xexeme alo nuɖoanyi evelia mae li vaseɖe egbea. Eƒe ŋutinya yɔ fũ kple aʋawɔwɔ, nuvlowɔwɔ, kple ʋunyaʋunyawɔwɔ. Nukae adzɔ ɖe xexeme sia dzi? Ato eme adoa?
Xexeme Sia ƒe Etsɔme
Esi Biblia ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be xexeame si nɔ anyi le Noa ŋɔli la tsrɔ̃ vɔ la, eyi edzi be: “Wotsɔ nya ma ke dzra fifi dziƒo kple anyigba la ɖo, eye woda wo ɖi na dzo.” (Petro II, 3:7) Le nyateƒe me la, abe alesi Biblia-ŋlɔla bubu ɖe emee ene la: “Xexeame [si li egbea] va yina.”—Yohanes I, 2:17.
Biblia la mele gbɔgblɔm be anyigba la alo dziƒo si ɣletiviwo le la ŋutɔŋutɔ atsrɔ̃ o, abe alesi ko wometsrɔ̃ le Noa ƒe ŋkekeawo me o ene. (Psalmo 104:5) Ke boŋ woatsrɔ̃ xexeme sia kple eƒe “dziƒo” alo dziɖula siwo le Satana ƒe ŋusẽ te la kple eƒe “anyigba” alo amegbetɔwo la ɖa abe dzoe wotsɔ tsrɔ̃ wo ene. (Yohanes 14:30; Korintotɔwo II, 4:4) Xexeme alo nuɖoanyi sia atsrɔ̃ kokoko, abe alesi xexeme si nɔ anyi do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔ la tsrɔ̃e ene. Yesu Kristo kura gɔ̃ hã ƒo nu tso nɔnɔme si nɔ anyi le “Noa ƒe ŋkekewo” me la ŋu be enye nusi adzɔ do ŋgɔ teti na xexeme sia ƒe nuwuwu la ƒe kpɔɖeŋu.—Mateo 24:37-39.
Enye nusi ɖe dzesi be esi Yesu fo nu tso Noa ƒe ŋkekeawo ŋu la, nya si eƒe apostolowo biae be: “Ka enye wò vava la kple xexeame ƒe nuwuwu la ƒe dzesii?” la ŋu ɖom wòle. (Mateo 24:3) Yesu yomedzelawo nya be xexeme sia awu nu. Ðe nya sia do ŋɔdzi na woa?
Nusi to vovo boŋ ye nye be esi Yesu ƒo nu tso nusiwo adzɔ do ŋgɔ na xexeame ƒe nuwuwu ŋu la, ede dzi ƒo na wo be woakpɔ dzidzɔ ‘elabena woƒe ɖeɖe la gogo.’ (Luka 21:28) Ẽ, woaɖe wo tso Satana kple eƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖi la si me ayi ŋutifafa ƒe xexeme yeye me!—Petro II, 3:13.
Gake ɣekaɣie xexeme sia awu nu? Nukae Yesu gblɔ be anye yeƒe “vava la kple xexeame ƒe nuwuwu” ƒe “dzesii”?
‘Dzesi La’
Hela-nya si gɔme woɖe ɖe afisia be “vava” lae nye pa·rou·siʹa, eye egɔmee nye “anyinɔnɔ,” si nye teƒea nɔnɔ ŋutɔŋutɔ. Eyata ne wokpɔ ‘dzesia’ la, mafia be Kristo le vava kpuie o. Ke boŋ afia be etrɔ gbɔ xoxo eye wòli. Afia be edze dziɖuɖu gɔme abe dziƒofia si womele kpɔkpɔm o ene eye eteƒe madidi hafi wòatsrɔ̃ eƒe futɔwo o.—Nyaɖeɖefia 12:7-12; Psalmo 110:1, 2.
Yesu meyɔ nudzɔdzɔ ɖeka ko be enye ‘dzesia’ o. Eƒo nu tso xexemenudzɔdzɔ kple nɔnɔme geɖewo ŋu. Nusiawo katã adzɔ le ɣeyiɣi si Biblia-ŋlɔlawo yɔ be “ŋkeke mamleawo” la me. (Timoteo II, 3:1-5; Petro II, 3:3, 4) De ŋugble tso nusiwo Yesu gblɔ ɖi be woade dzesi “ŋkeke mamleawo” la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.
“Dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti.” (Mateo 24:7) Aʋa siwo wɔm wole le egbeŋkekewo me la keke ta wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe me tɔ. Ŋutinyaŋlɔla aɖe de dzesii be: “Xexemeʋa Gbãtɔ [si dze egɔme le ƒe 1914 me] ye nye aʋawɔwɔ gbãtɔ ‘si lɔ xexeame katã ɖe eme.’” Gake xexemeʋa evelia gblẽ nu wu. Eye aʋawɔwɔ yi edzi le nu gblẽm le anyigba dzi. Ẽ, Yesu ƒe nyawo va eme nukutɔe!
“Dɔwuame.” (Mateo 24:7) Dɔ si ɖewohĩ anye sesẽtɔ kekeake le ŋutinya katã me la to le Xexemeʋa I megbe. Dɔ sesẽ aɖe to le Xexemeʋa II hã megbe. Nu nyui maɖumaɖu le fu ɖem na amesiwo le anyigba dzi la ƒe akpa atɔ̃lia kloe, eye wòwua ɖevi miliɔn 14 ƒe sia ƒe. “Dɔwuame” va nyateƒe!
‘Anyigbaʋuʋu gãwo ava.’ (Luka 21:11) Le mamã dedie nu la, amesiwo ku ƒe sia ƒe le anyigbaʋuʋuwo ta tso ƒe 1914 me la sɔ gbɔ abe zi ewo ene wu amesiwo ku le ƒe alafa siwo va yi me le esia ta la. Bu ʋɛ aɖewo ko ŋu kpɔ: ƒe 1920, China, ewu ame 200,000; ƒe 1923, Japan, ame 99,300 ku; ƒe 1939, Turkey, ame 32,700 ku; ƒe 1970, Peru, ewu ame 66,800; eye ƒe 1976, China, ame abe 240,000 ene (alo, 800,000, abe alesi ame aɖewo gblɔe ene) ku. Wonye ‘anyigbaʋuʋu gãwo’ nyateƒe!
“Dɔvɔ̃wo lava teƒeteƒewo.” (Luka 21:11) Le xexemeʋa I megbe tututu la, Spaniatɔwo ƒe dzamezã wu ame abe miliɔn 21 ene. Science Digest ka nya ta be: “Naneke mehe ku vɛ vevie kpatakpata nenema kpɔ le ŋutinya katã me o.” Tso ɣemaɣi la dzidɔ, kansa, AIDS kple dɔvɔ̃ geɖe bubuwo wu ame miliɔn alafa geɖe.
“Nu madzɔmadzɔwɔwɔ ƒe agbɔsɔsɔ.” (Mateo 24:12) Míaƒe xexeme sia va nye esi me nuvlowɔwɔ kple ʋunyaʋunyawɔwɔ bɔ ɖo tso ƒe 1914 me. Le teƒe geɖe la, ame aɖeke menɔa dedie le ablɔwo dzi le ŋkeke me o. Le zã me la, amewo doa ʋɔ ɖe wo ɖokui nu hedea nuwo ʋɔtruawo megbe le esi wole vɔvɔ̃m be yewoado go ta.
Wogblɔe ɖi be nu geɖe bubuwo adzɔ le ŋkeke mamleawo me, eye esiawo katã hã le eme vam. Esia fia be xexeame ƒe nuwuwu tu aƒe. Gake dzidzɔtɔe la, ame aɖewo atsi agbe. Esi Biblia gblɔ be “xexeame va yina” vɔ la, edo ŋugbe be: “Amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes I, 2:17.
Eyata ehiã be míasrɔ̃ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ahawɔe. Ekema míate ŋu atsi agbe le xexeme sia ƒe nuwuwu eye míase vivi le Mawu ƒe xexeme yeyea ƒe yayrawo me tegbee. Biblia do ŋugbe be ɣemaɣi la: “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le [amewo ƒe] ŋku me, eye ku maganɔ anyɔ akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
Biblia ƒe kpukpui siwo katã woyɔ la tso Eʋegbe Biblia me, negbe ne wofia asi bubu aɖe ko.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 6]
Fotoawo Tsoƒe: Airplane: USAF photo. Child: WHO photo by W. Cutting. Earthquake: Y. Ishiyama, Hokkaido University, Japan.