TA 46
Tsi Tsrɔ̃ Xexeame—Ðe Wòagadzɔ Akea?
ÈSE ame aɖe ƒo nu tso xexeame ƒe nuwuwu ŋu kpɔa?— Egbea ame geɖe ƒoa nu tso eŋu. Ame aɖewo susunɛ be aʋawɔwɔ aɖe si me amegbetɔwo azã nuklia bɔmbwo le ye ahe xexeame ƒe nuwuwu vɛ. Èsusu be Mawu ava tsrɔ̃ míaƒe anyigba nyui sia kpakple dziŋgɔli dzeani kple eme ɣletivi keklẽawoa?—
Abe alesi míesrɔ̃e va yi ene la, Biblia ƒo nu tso xexeame ƒe nuwuwu ŋu. Biblia gblɔ be: “Xexeame va yina.” (Yohanes I, 2:17) Èbu be xexeame ƒe nuwuwu anye anyigba sia hã ƒe nuwuwua?— Kura o, elabena Biblia gblɔ be ɖe Mawu wɔ anyigba ‘be woanɔ edzi,’ ẽ, be amewo nanɔ edzi ahakpɔ dzidzɔ le edzi. (Yesaya 45:18) Psalmo 37:29 gblɔ be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” Susu sia tae Biblia gblɔ hã be anyigba la anɔ anyi tegbee ɖo.—Psalmo 104:5; Nyagblɔla 1:4.
Eyata ne xexeame ƒe nuwuwu mefia anyigba la ƒe nuwuwu o la, ke nukae wòfia?— Míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖoa ne míelé ŋku ɖe nusi dzɔ le Noa ƒe ŋkekea me ŋu. Biblia ɖe eme be: ‘Tsiɖɔɖɔ yɔ xexeme si nɔ anyi ɣemaɣi me, eye wòtsrɔ̃.’—Petro II, 3:6.
Ðe ame aɖe tsi agbe le xexeame ƒe nuwuwu ma le Noa ƒe ŋkekea me, le Tsiɖɔɖɔ Gã la mea?— Biblia gblɔ be “Noa, dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela la, hekpe ɖe ame adre bubuawo ŋu ko [Mawu dzra] ɖo, esime wòhe tɔɖɔɖɔ va ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexeme dzi.”—Petro II, 2:5.
Nukae nye xexeme si tsrɔ̃ le Noa ƒe ŋkekea me?
Eyata nukae nye xexeme si wu enu va yi? Anyigba lae tsrɔ̃a, alo ame vɔ̃ɖiwoe?— Biblia gblɔ be ‘ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexeame’ ye. Eye gade dzesii be woyɔ Noa be “gbeƒãɖela.” Èsusu be nuka ŋue wònɔ gbeƒã ɖem tsoe?— Noa nɔ nu xlɔ̃m amewo tso ‘xexeme si nɔ anyi ɣemaɣi’ ƒe nuwuwu ŋu.
Esi Yesu nɔ nu ƒom tso Tsiɖɔɖɔ gã ma ŋu la, egblɔ nusi amewo nɔ wɔwɔm do ŋgɔ teti hafi nuwuwua nava la na eƒe nusrɔ̃lawo. Nya si wògblɔ na woe nye esi: ‘Le ŋkeke mawo me do ŋgɔ na tsiɖɔɖɔa la, amewo nɔ nu ɖum, eye wonɔ nu nom, wonɔ srɔ̃ ɖem, eye wonɔ wo tsɔm na bena woaɖe, vaseɖe ŋkeke si dzi Noa yi ɖe aɖakaʋua me, eye womedze sii o, vaseɖe esime tɔɖɔɖɔ va, eye wòkplɔ wo katã yii.’ Eyome Yesu gblɔ be alea tututue amewo aganɔ nu wɔmee ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na xexe sia hã ƒe nuwuwu.—Mateo 24:37-39.
Yesu ƒe nyawo fia mí be míate ŋu asrɔ̃ nu tso nusiwo wɔm amewo nɔ do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa me. Esi nèxlẽ agbalẽ sia ƒe Ta 10 lia la, èɖo ŋku nusiwo wɔm ameawo nɔ dzia?— Ame aɖewo nye anyrawɔlawo eye wonɔ ŋutasẽnuwo wɔm. Eye Yesu gblɔ be ame akpa gãtɔ meɖo to Noa esi Mawu dɔe wònɔ gbeƒã ɖem na wo o.
Eyata ŋkekea va ɖo esi Yehowa gblɔ na Noa be Yeatsɔ tsiɖɔɖɔ atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwoe. Tsi aɖɔ ɖe anyigba bliboa dzi, eye towo gɔ̃ hã abu ɖe eme. Yehowa gblɔ na Noa be wòakpa aɖakaʋu gã aɖe. Enɔ abe aɖakago gã lɔbɔ aɖe, abe alesi nàte ŋu akpɔe le fotoa me le axa 238 ene.
Mawu gblɔ na Noa be wòakpa aɖakaʋua wòalolo gãa ŋutɔ be woa kple eƒe ƒomea kpakple lãwo dometɔ geɖe nate ŋu anɔ eme dedie. Dɔ sesẽ aɖee wònye Noa kple eƒe ƒomea wɔ. Wotso ati gãwo, eye wotsɔ atiawo kpa aɖakaʋuae. Esia xɔ ƒe geɖe, elabena aɖakaʋua lolo ŋutɔ.
Èɖo ŋku nu bubu si Noa ganɔ wɔwɔm le ƒe siwo katã wònɔ aɖakaʋua kpam me la dzia?— Enɔ gbeƒã ɖem, nɔ nu xlɔ̃m amewo tso Tsiɖɔɖɔ si gbɔna ŋu. Ðe ame aɖewo ɖo toea? Wo dometɔ aɖeke meɖo to Noa o, negbe eƒe ƒomea dzaa ko. Ðeko ame mamlɛawo yi woa ŋutɔwo ƒe nuwo wɔwɔ dzi. Èɖo ŋku nusi Yesu gblɔ be wonɔ wɔwɔm dzia?— Woƒo wo ɖokui ɖe nuɖuɖu kple nunono kple srɔ̃ɖeɖe me. Womesusui be yewoƒe nuwɔnawo gblẽ o, eye womekpɔ vovo ɖo to nya si Noa nɔ gbeƒã ɖemee na wo hã o. Ke na míakpɔ nusi va dzɔ ɖe wo dzi ɖa.
Esi Noa kple eƒe ƒomea ge ɖe aɖakaʋua me vɔ la, Yehowa do ʋɔa. Vaseɖe ɣemaɣi la, amesiwo nɔ egodo mexɔe se be Tsiɖɔɖɔa ava o. Gake zi ɖeka kasia, tsi te dzadza! Mele abe tsi si tɔgbe dzana na mí ene o. Enye tsi gã aɖe ŋutɔ si nɔ kɔkɔm ɖi bababa tso dziƒo! Eteƒe medidi o, tsia va zu abe tɔsisi gã aɖe ene nɔ sisim hoo. Emu ati gãwo ƒu anyi, mli kpe gãwo nɔ yiyim abe kpekui ko wonye ene. Ke amesiwo nɔ aɖakaʋua godo ɖe?— Yesu gblɔ be: ‘Tsiɖɔɖɔa va eye wòkplɔ wo katã yii.’ Amesiwo katã menɔ aɖakaʋua me o la ku. Nukatae?— Abe alesi Yesu gblɔe ene la, “womedze sii o.” Womeɖo to o!—Mose I, 6:5-7.
Nukata mele be míaƒe susu nanɔ dzidzɔ dodo na ame ɖokui nuwo ko ŋu o?
Azɔ ɖo ŋku edzi be Yesu gblɔ be nusi dzɔ ɖe ame mawo dzi la nye nuxlɔ̃ame na mí egbea. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso eme?— Menye esi ameawo vɔ̃ɖi dzaa ta koe wotsrɔ̃ ɖo o, ke esi wo dometɔ akpa gãtɔ mevo kura be yewoadi ɣeyiɣi atsɔ asrɔ̃ nu tso Mawu ŋu ahasrɔ̃ nu tso nusi wòɖo be yeawɔ ŋu o la hã tae. Ðe mele be míakpɔ nyuie be míaganɔ abe woawo ene oa?—
Èsusu be Mawu agatsɔ tsiɖɔɖɔ atsrɔ̃ xexe sia akea?— Ao, Mawu do ŋugbe be yemagatsɔ tsi atsrɔ̃e o. Egblɔ be: ‘Meɖo nye anyieʋɔ ɖe alilikpowo ŋu, bena wòanye dzesi.’ Yehowa gblɔ be anyieʋɔ anye dzesi si afia be “tsi magaɖɔ aɖe anyigba la bena, nu gbagbewo katã natsrɔ̃ o.”—Mose I, 9:11-17.
Eyata míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu magatsɔ tsiɖɔɖɔ atsrɔ̃ xexeame akpɔ gbeɖe o. Ke hã abe alesi míekpɔe ene la, Biblia ƒo nu tso xexeame ƒe nuwuwu ŋu. Ne Mawu he tsɔtsrɔ̃ va xexe sia dzi la, amekawo tae wòakpɔ woatsi agbe?— Amesiwo vu ɖe nu bubuwo wɔwɔ ŋu ale gbegbe be womedi kura be yewoasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu o yea? Amesiwo mevo kura ɣeaɖekeɣi ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu o yea? Nukae nèsusu?—
Ðe manye míaƒe didi be míanɔ amesiwo ta Mawu akpɔ woatsi agbe la dome oa?— Ðe manye dzidzɔ na mí ŋutɔ ne míaƒe ƒomea anɔ abe Noa ƒe ƒomea ene ale be Mawu naxɔ mí katã ɖe agbe oa?— Hafi míatsi agbe le xexeame ƒe nuwuwu la, ehiã be míase alesi Mawu atsrɔ̃ xexeame eye wòahe eƒe xexeme yeye dzɔdzɔea vɛ la gɔme. Na míakpɔ alesi wòawɔe ɖa.
Biblia ɖe esia fia mí le Daniel ta 2, kpukpui 44. Mawunyakpukpui sia ku ɖe míaƒe ɣeyiɣi sia tututu ŋu esi wògblɔ be: “Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe [alo, dziɖuɖu] aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”
Èse nya siawo gɔmea?— Biblia le gbɔgblɔm na mí be Mawu ƒe dziɖuɖu ava tsrɔ̃ xexe sia me dziɖuɖuwo katã ɖa. Nukatae?— Elabena womeɖoa to Amesi Mawu tsɔ ɖo Fiae o. Eyae nye ameka?— Ẽ, eyae nye Yesu Kristo!
Yesu Kristo, Fia si Mawu tia, atsrɔ̃ xexe sia le Harmagedon me
Yehowa Mawue dze be wòatia dziɖuɖu si ƒomevi wòaɖe mɔ na be wòaɖu dzi, eye Via, Yesu, ye wòtia be wòanye Fia. Eteƒe madidi o, Mawu ƒe Dziɖula si wòtia, Yesu Kristo, axɔ ŋgɔ woatsrɔ̃ xexe sia me dziɖuɖuwo katã. Biblia ƒo nu tso alesi wòatsrɔ̃ woe ŋu le Nyaɖeɖefia ta 19, kpukpui 11 vaseɖe 16, abe alesi wòdze le nɔnɔmetata sia me ene. Le Biblia me la, woyɔ Mawu ƒe aʋawɔwɔ si wòatsɔ atsrɔ̃ xexeme sia ƒe dziɖuɖuwo katãe be Harmagedon.
Enyo, Mawu gblɔ be yeƒe Fiaɖuƒe atsrɔ̃ amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ɖa. Gake míawoe wògblɔ na be míaɖe wo ɖa?— Ao, elabena woyɔ Harmagedon le Biblia me be enye “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ.” (Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Ẽ, Mawu ƒe aʋae Harmagedon nye, eye Yesu Kristoe wòazã be wòanɔ ŋgɔ na dziƒoʋakɔwo le aʋa sia wɔwɔ me. Ke ɖe Harmagedon-ʋa la gogoa? Na míakpɔ alesi míawɔ anya ɖa.
Na míaxlẽ nu tso ɣeyiɣi si me Mawu atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo katã eye wòaxɔ amesiwo subɔnɛ ɖe agbe ŋu, le Lododowo 2:21, 22; Yesaya 26:20, 21; Yeremya 25:31-33; kple Mateo 24:21, 22.