INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 9
  • Noa Kpa Aɖakaʋu Aɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Noa Kpa Aɖakaʋu Aɖe
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Noa Ƒe Aɖakaʋu La
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • ‘Ezɔ Kple Mawu Vavã La’
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • ‘Ezɔ Kple Mawu Vavã La’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Amesiame Ate Ŋu Asrɔ̃ Nu tso Video si Nye Noah—He Walked With God Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 9
Noa kple eƒe ƒomea kplɔ lãwo yina aɖakaʋua me hekpe ɖe nu siwo woazã ŋu

ŊUTINYA 9

Noa Kpa Aɖakaʋu Aɖe

SRƆ̃NYƆNU ɖeka kple viŋutsu etɔ̃ nɔ Noa si. Viaŋutsuawo ƒe ŋkɔwoe nye Sem, Xam, kple Yafet. Eye srɔ̃ ɖekaɖeka nɔ viaŋutsu siawo dometɔ ɖesiaɖe si. Eyata ame enyi ye le Noa ƒe ƒomea me.

Azɔ Mawu na Noa wɔ nu mawɔkpɔ aɖe. Egblɔ nɛ be wòakpa aɖakaʋu gã aɖe. Aɖakaʋu sia lolo abe tɔdziʋu gã aɖe ene, gake eɖi aɖaka gã aɖe, si didi legbee. Mawu gblɔ be: ‘Nawɔe wòakɔ dzisasrã etɔ̃, eye natso eme woanye xɔdɔmewo.’ Xɔdɔmeawo nye Noa kple eƒe ƒomea tɔ, lãwo tɔ, kple nuɖuɖu, siwo katã ahiã na wo la tɔ.

Mawu gagblɔ na Noa be wòatre aɖakaʋua be tsi nagatoe age ɖe eme o. Mawu gblɔ be: ‘Mele tsiɖɔɖɔ gã aɖe he ge vɛ ahatsrɔ̃ xexeame katã. Nusianu, si mele aɖakaʋua me o la aku.’

Noa kple viaŋutsuawo ɖo to Yehowa hedze aɖakaʋua kpakpa gɔme. Gake ame bubuawo ya la, ɖeko woko wo. Woyi nu vlo wɔwɔ dzi. Esi Noa gblɔ nusi Mawu wɔwɔ ge la na wo la, amea ɖeke mexɔ edzi se o.

Amewo le Noa kom esime wòle nu xlɔ̃m wo tso tsiɖɔɖɔ si gbɔna ŋu

Exɔ ɣeyiɣi aɖe hafi wokpa aɖakaʋu la vɔ, elabena elolo ŋutɔ. Mlɔeba la, le ƒe geɖe megbe la, wowu enu. Azɔ Mawu gblɔ na Noa be wòakplɔ lãwo ade aɖakaʋu la me. Mawu gblɔ be nekplɔ lã ƒomevi aɖewo eveve, atsu kple asi ayi emee. Ke eƒomevi bubuawo la, Mawu gblɔ na Noa be wòakplɔ adreadre ayi emee. Mawu gagblɔ na Noa be wòakplɔ dziƒoxe ƒomevi vovovowo katã ayi emee. Alesi tututu Mawu gblɔ la, nenemae Noa wɔ.

Emegbe la, Noa kple eƒe ƒomea hã yi ɖe aɖakaʋua me. Tete Mawu do ʋɔa ɖe wo nu. Noa kple eƒe ƒomea lala le eme. Bu eŋu kpɔ ko be yele aɖakaʋu ma me kpli wo hele lalam. Ðe tsiɖɔɖɔa ava nyateƒe abe alesi Mawu gblɔ enea?

Mose I, 6:9-22; 7:1-9.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe