INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 5 axa 18-axa 19 mm. 5
  • Noa Ƒe Aɖakaʋu La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Noa Ƒe Aɖakaʋu La
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Noa Kpa Aɖakaʋu Aɖe
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Tsiɖɔɖɔ Gã La—Ame Kawoe Ðo To? Ame Kawoe Meɖo To O?
    Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee
  • ‘Ezɔ Kple Mawu Vavã La’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • ‘Ezɔ Kple Mawu Vavã La’
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 5 axa 18-axa 19 mm. 5
Noa kple eƒe ƒomea le aɖakaʋu la kpam

NUSƆSRƆ̃ 5

Noa Ƒe Aɖakaʋu La

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, amewo va sɔ gbɔ ɖe anyigba dzi. Wo dometɔ geɖe vɔ̃ɖi. Mawudɔla siwo le dziƒo la dometɔ aɖewo gɔ̃ hã va zu ame vɔ̃ɖiwo. Wogblẽ woƒe nɔƒe si le dziƒo la ɖi heva anyigba dzi. Ènya susu si tae wova anyigba dzi ɖoa? Be woatrɔ azu amegbetɔwo ne woaɖe nyɔnuwo.

Mawudɔlaawo kple nyɔnuawo dzi vi. Ðevi siawo tsi va zu ame sesẽ siwo sẽa ŋuta. Wowɔa nu vevi amewo. Yehowa mate ŋu aɖe mɔ nu mawo nanɔ edzi yim o. Eya ta edi be yeatsɔ tsiɖɔɖɔ atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiawo.

oa kple eƒe ƒomea le aɖakaʋu la kpam eye wole asi trɔm le nuɖuɖu ŋu

Gake ŋutsu aɖe ya li si to vovo. Elɔ̃ Yehowa. Eŋkɔe nye Noa. Srɔ̃ ɖeka kple viŋutsu etɔ̃ nɔ esi, woawoe nye Sem, Ham kple Yafet eye srɔ̃ nɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe si. Yehowa gblɔ na Noa be wòakpa aɖakaʋu gã aɖe ale be eya kple eƒe ƒomea nanɔ eme atsi agbe le Tsiɖɔɖɔa me. Aɖakaʋu nye nugo gã aɖe si ate ŋu anɔ tsi dzi. Yehowa gagblɔ na Noa be wòakplɔ lã geɖe ayi aɖakaʋu la me be woawo hã natsi agbe.

Enumake, Noa dze aɖakaʋu la kpakpa gɔme. Noa kple eƒe ƒomea tsɔ ƒe abe 50 ene kpa aɖakaʋu la. Wokpa aɖakaʋu la pɛpɛpɛ abe ale si Yehowa gblɔ na wo be woawɔe ene. Le ɣeyiɣi mawo me la, Noa xlɔ̃ nu amewo tso Tsiɖɔɖɔa ŋu. Gake ame aɖeke meɖo toe o.

Mlɔeba ɣeyiɣia de be woayi aɖakaʋu la me. Na míakpɔ nu si va dzɔ ɖa.

“Ale si Noa ƒe ŋkekeawo nɔ la, nenema kee Amegbetɔvi la ƒe anyinɔɣi la hã anɔ.”—Mateo 24:37

Nyabiasewo: Nu ka ta Yehowa di be yeahe Tsiɖɔɖɔ vɛ? Nu kae Yehowa gblɔ na Noa be wòawɔ?

1 Mose 6:1-22; Mateo 24:37-41; 2 Petro 2:5; Yuda 6

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe