AKPA 5
Tsiɖɔɖɔ Gã La—Ame Kawoe Ðo To? Ame Kawoe Meɖo To O?
Ame siwo nɔ agbe le Noa ƒe ŋkekea me ƒe akpa gãtɔ wɔ nu vɔ̃ɖi. 1 Mose 6:5
Adam kple Xawa dzi viwo, eye amegbetɔwo va sɔ gbɔ ɖe anyigba dzi. Emegbe, mawudɔla aɖewo va wɔ ɖeka kple Satana le eƒe aglãdzedze me.
Wova anyigba dzi hetrɔ wo ɖokui zu amegbetɔwo ale be woate ŋu aɖe nyɔnuwo. Nyɔnuawo dzi viŋutsu siwo tri akɔ wu amegbetɔwo; woƒe tame sẽ eye wosesẽ ŋutɔ.
Xexea me va yɔ fũu kple nu vɔ̃ɖi wɔlawo. Biblia gblɔ be: “Amegbetɔwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ le anyigba dzi, eye woƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa.”
Noa ɖo to Mawu eye wòkpa aɖakaʋu. 1 Mose 6:13, 14, 18, 19, 22
Noa nye ame nyui. Yehowa gblɔ na Noa be yeatsɔ tsiɖɔɖɔ gã aɖe atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo.
Mawu gblɔ kpe ɖe eŋu na Noa be nekpa tɔdziʋu gã aɖe, si woyɔ hã be aɖakaʋu, eye wòana eƒe ƒomea me tɔwo kple lã ƒomevi ɖe sia ɖe nage ɖe eme.
Noa xlɔ̃ nu amewo tso Tsiɖɔɖɔa ŋu, gake womeɖo toe o. Ame aɖewo koe; ame bubuwo hã lé fui.
Esi Noa kpa aɖakaʋua vɔ la, ekplɔ lãwo yi ɖe eme.