INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 1/8 axa 8-9
  • Eɖeɖeɖa le Xexeame Katã Anya Awɔa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Eɖeɖeɖa le Xexeame Katã Anya Awɔa?
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Edzikpekpe si Gbɔna
  • Wobla Akpa Yeye le Aʋawɔwɔ me Kple Yɔmekpe
    Nyɔ!—1999
  • Aʋadziɖuɖu Kple Dzɔgbevɔ̃enya
    Nyɔ!—1998
  • Yɔmekpe Gatrɔ Gbɔ!
    Nyɔ!—1996
  • Ðekawɔwɔ Dziŋɔ Aɖe
    Nyɔ!—1998
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 1/8 axa 8-9

Eɖeɖeɖa le Xexeame Katã Anya Awɔa?

EŊUNYALAWO lɔ̃ ɖe edzi be xexeame katã ƒe kuxi si gbɔ wòle be xexeame katã nakpɔe yɔmekpe nye. Dukɔ ɖeka aɖeke ɖeɖe dzaa mate ŋu akpe yɔmekpe dzi o elabena ame miliɔn geɖe tsoa dewo yina ɖe dukɔ bubuwo me kwasiɖa sia kwasiɖa.

Ame geɖe xɔe se be dukɔwo ƒe kpekpe ɖe wo nɔewo ŋu bia be dukɔ siwo nye kesinɔtɔwo nakpe ɖe dukɔ dahewo, siwo me yɔmekpe le nu gblẽm le wu, la ŋu. Abe alesi Ðk. Arata Kochi gblɔe ene la, “ade dukɔ siwo nye kesinɔtɔwo dzi be woakpe ɖe dukɔ madeŋgɔwo ŋu ne woaho aʋa ɖe yɔmekpe ŋu, hafi wòava zu aʋa le woawo ŋutɔ woƒe dukɔwo me.”

Gake esi agba kple kuxi siwo dukɔ siwo nye kesinɔtɔwo buna be woawoe le vevie wu le wo dzi ta la, wometso ɖe kpekpeɖeŋu nana la ŋu o. Zi geɖe la, dukɔ daheawo dometɔ aɖewo ŋutɔ meléa fɔ ɖe atikewɔnyawo ŋu o eye wozãa ga gbogbo aɖe ɖe aʋawɔnuwo ƒeƒle ŋu boŋ. Va ɖo ƒe 1996 ƒe memamã la, yɔmekpelélawo dometɔ 10 le alafa me koe wotsɔ atikezazã si teƒe woakpɔ, edada kpuitɔ nɔ dɔ dam na, esi meɖo afi aɖeke na mɔxexe na dɔa ƒe kaka vɔ̃ɖivɔ̃ɖitɔe o.

Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ de dzesii be: “Yɔmekpe dada ŋuti sidzedze kple atike siwo mexɔ asi na edada o la li ƒe gbogbo aɖewoe nye sia. Nusi xexeame hiã fifiae nye amesiwo le dziɖuɖu kple ŋusẽnɔƒewo siwo me veveseseɖeamenu anɔ ƒe tsotso kpla be woakpɔ egbɔ be wozã atike siawo ɖe ɖoɖo nu le xexeame katã.”

Edzikpekpe si Gbɔna

Ðe míate ŋu atsɔ kakaɖedzi anɔ mɔ kpɔm na amegbetɔ siwo le dziɖuɖu kple ŋusẽ nɔƒewo be woakpɔ kuxia gbɔa? Biblia ƒe hakpala si gbɔgbɔ ʋã ŋlɔ be: “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o.” Ke ameka ŋue míaɖo ŋu ɖo? Ŋɔŋlɔa gblɔe yi edzi be: “Woayra amesi Yakob ƒe Mawu la nye xɔname na, amesi ƒe mɔkpɔkpɔ le Yehowa, eƒe Mawu la dzi; eya, amesi wɔ dzi kple anyi, atsiaƒu kple nusiwo katã le eme.”—Psalmo 146:3, 5, 6.

Esi wònye Yehowa Mawue nye anyigba Gɔmeɖoanyila kple Ewɔla ta la, ŋusẽ kple nunya le esi be woaɖe dɔléle ɖa. Ðe veveseseɖeamenu le emea? Yehowa do ŋugbe to eƒe nyagblɔɖila si wòtsɔ gbɔgbɔ ʋãe dzi be: ‘Makpɔ nublanui na nye dukɔ, abe alesi ŋutsu kpɔa nublanui na via si le esubɔm la ene.’—Maleaxi 3:17.

Biblia ƒe ta mamlɛa ƒo nu tso ŋutega aɖe si woɖe fia apostolo Yohanes ŋu. Ekpɔ ‘agbeti siwo tsea ku wuieve ɣleti sia ɣleti.’ Kpɔɖeŋuti siawo kple ku siwo wotsena nye kpɔɖeŋu na ɖoɖo siwo Mawu wɔ si ana amegbetɔ siwo nye toɖolawo nanɔ agbe tegbee le anyigba dzi.—Nyaɖeɖefia 22:2.

Yohanes ŋlɔ yi edzi be: “Atiawo ƒe aŋgbawo nye dɔyɔgbe na dukɔwo.” Kpɔɖeŋuŋgba mawo nye kpɔɖeŋu na yayra siwo atso Mawu gbɔ si anye gbedada na amegbetɔƒomea, le gbɔgbɔ me kple ŋutilã me siaa. Eyata míate ŋu aka ɖe edzi be le dzɔdzɔenyenyexexe yeye si gbɔna si dzi Mawu aɖu me la, woakpe yɔmekpe dzi kura tegbetegbe.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Mawu do ŋugbe be yeada gbe na ameƒomea tegbetegbe

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe