Klɔ Asi Eye Nàtutui!
MƆ KA dzie míexɔa wɔɖi kple dɔ bubuwo tonɛ? Dɔxɔleameŋu Nutsitsi Kple Dɔléle Ŋunyalagãwo ƒe Habɔbɔ le United States gblɔ be dɔléle siawo ƒe alafa memamã 80 ya teti kakana toa míaƒe asiwo dzi, menye to yame o. Le nyateƒe me la, wobu asikɔklɔ be eya koe nye mɔ vevitɔ kekeake si dzi woato atsi dɔléle ƒe kaka nu. Gake ame geɖe meklɔa asi ne wogbɔ tso nugododeƒe alo ne wofi mitsi vɔ alo hafi wowɔa nuɖuɖu ŋudɔ o. Ame aɖewo klɔa asi le ɣeyiɣi mawo me ɣesiaɣi ya. Gake asikɔklɔ tsatsatsa ɖewoɖewoe maxe mɔ na dɔléle si ɖewohĩ woate ŋu axɔ la o.
Asitutu nyuie hã ate ŋu anye nu vevi nenema ke. Numekula siwo le Westminster ƒe Yunivɛsiti le England kpɔe be ame geɖe metutua asi nyuie ne woklɔe vɔ o, vevietɔ ne wozã asitutumɔ̃ siwo me ya xɔdzo dona tsona. Ame geɖe tutua asi ɖe woƒe awuwo ŋu tsɔ wua asitutua nui. Esia ate ŋu akaka dɔlékui vɔ̃ɖi ɖesiaɖe si womate ŋu akpɔ kple ŋku o siwo tsi asiawo ŋu. Numekulaawo gblɔ be nu nyuitɔ kekeakee nye be woatutu asi nyuie, eye anyo be woazã asitutunu siwo wozãna zi ɖeka ko tsɔ ƒua gbe, alo asitutuvɔ dzadzɛ si womezã haɖe o.
United States ƒe Dɔléle Nutsitsi Kple Mɔxexeɖenu Dɔwɔƒewo ɖo aɖaŋu siwo gbɔna le asikɔklɔ ŋu:
• Zã tsi gbɔgblɔe si anɔ tɔtrɔm kɔ ɖe asia dzi kple adzalẽ si nu mesẽ akpa o ɣesiaɣi. Ne ehiã kokoko be nàklɔ asi ɖe tsi si woku ɖe agba me ke menye tsi si anɔ tɔtrɔm kɔ ɖe asia dzi o la, ke klɔ agba la eye nàzã dɔlékuiwutike ɣesiaɣi si nèzãe. Asitutuvɔ siwo ƒo tsi xoxo metutua asi na ame nyuie o.
• Lili asi eveawo ɖe wo nɔewo ŋu sesĩe vaseɖe esime adzalẽa natsɔ fu, eye nàyi edzi anɔ asiawo lilim ɖe wo nɔewo ŋu wòade sɛkɛnd 15 teti. Klɔ asita kple asiƒome kpakple asibidɛwo dome kple asifewo gɔme nyuie.
• Zã tsi gbɔgblɔe si anɔ tɔtrɔm kɔ ɖe wò asiwo dzi tsɔ kpala asi.
• Tsɔ asitutuvɔ si le dzadzɛ si wozãna zi ɖeka ko tsɔ ƒua gbe tsɔ tutu asii, eye mègatsɔ asi siwo nèklɔ vɔ lé pɔmpia ƒe asiléƒe alo nusi ŋu woku asitutuvɔa ɖo o.
• Tsɔ asitutuvɔa lé pɔmpia ƒe asiléƒe tsɔ tu tsia bene wò asi nagaka asiléƒea ŋu o.
• Ele be ɖeviwo nade nu dzi be woƒe asiwo nate ŋu avo ne tsia le dodom kɔ ɖe asiawo dzi. Kpe ɖe ɖevia ŋu be wòawɔ ɖe mɔfiame siwo ŋu míeƒo nu tsoe dzi, emegbe wò ŋutɔ nàklɔ asi.