INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 12/8 axa 31
  • Wowɔ Woƒe Ŋugbedodo Dzi!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wowɔ Woƒe Ŋugbedodo Dzi!
  • Nyɔ!—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Na Woafa Akɔ Na Wò—Wò Hã Fa Akɔ Na Amewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Video Siwo Ðia Ðase ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • “Nu Yeye Kurae Wònye!”
    Nyɔ!—2016
  • “Nyemana Ta O! Nyemana Ta O! Nyemana Ta O!”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1999
g99 12/8 axa 31

Wowɔ Woƒe Ŋugbedodo Dzi!

ANTONIO si nɔ eƒe suku kɔkɔ ƒe ƒe mamlɛa me di be yeaɖi vomeɖase na yeƒe sukuxɔmehatiwo. Eyata edo susua ɖa be nufiala si fiaa ŋutinya yewo nana yewoakpɔ video si nye Jehovah’s Witnesses Stand Firm Against Nazi Assault. Nufialaa lɔ̃ ɖe edzi togbɔ be ɖikeke nɔ eme hã, eye wògblɔ be yewoakpɔ video la le ŋufɔke.

Antonio gblɔ be: “Le gɔmedzedzea me la, nufialaa nɔ video la kpɔm numaɖinu aɖee; gake esi wòkpɔ be ŋutinyaŋlɔla xɔŋkɔwoe nɔ Yehowa Ðasefowo ƒe ŋutinya le fuwɔamegaxɔwo me gblɔm la, eke to nyuie azɔ. Le nuwuwu la, eda akpe nam be medo video sia kpɔkpɔ ƒe susu ɖa.”

Le nusɔsrɔ̃ si kplɔe ɖo me la, nufialaa te kpɔ be yeaƒo nu tso Bibelforscher, si nye ŋkɔ si wonya na Yehowa Ðasefowo le Germany ɣemaɣi ƒe dɔa ŋu; gake ekpɔ be anyo wu be Antonio boŋ naƒo nua. Antonio ɖe akpa si Ðasefowo wɔna le xexeame la me kple woƒe nufiafia aɖewo me na wo. Eƒo nya ta gblɔ be: “Edze ƒã be gbedasi vevi sia si míeɖea gbeƒãe mate ŋu aɖe vi na amewo ne wogbe toɖoɖo mí, ne wotuna woƒe ʋɔwo gbea mía xɔxɔ, alo ne wogbe míaƒe agbalẽwo xexlẽ o.”

Antonio ƒe sukuxɔmehatiwo katã lɔ̃ ɖe susu sia dzi, eye nufialaa do tameɖoɖo kplikpaa aɖe ɖe sukuviawo gbɔ. Zi gbãtɔ si Ðasefowo ava wo gbɔ la, woaɖo to wo axɔ woƒe agbalẽwo. Sukuviawo yi edzi nɔ nu ƒom tso video la ŋu vaseɖe ɣeyiɣi aɖe. Àte ŋu akpɔe le susu me alesi Antonio ƒe dzi dze emee le ŋkeke ʋɛ siwo kplɔe ɖo me esime wòkpɔe ehati sukuvi geɖe va dona ɖe sukuxɔa me heléa Gbetakpɔxɔ ƒe agbalẽwo ɖe asi eye wòsee wo dometɔ ɖesiaɖe gblɔ kple nukomo be: “Èkpɔea, mewɔ nye ŋugbedodo dzi!”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe