INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g00 4/8 axa 30
  • Dɔwɔnu Hena Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Fiafia

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dɔwɔnu Hena Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Fiafia
  • Nyɔ!—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gomenɔamesiwo Biabia Agbanɔamedzi Manɔmeea?
    Nyɔ!—1999
  • Ðe Yehowa Ðasefowo Zia Amewo Dzi Be Woado Le Woƒe Subɔsubɔhawo Mea?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
  • Na Míaƒe Nuxlẽlawo
    Nyɔ!—2006
Nyɔ!—2000
g00 4/8 axa 30

Dɔwɔnu Hena Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Fiafia

RUT JIMÉNEZ GILA, si nye ƒe 17 vi si le Granada, Spain, ƒe nufiala bia tso esi be wòaŋlɔ ŋutinya tso amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo ŋu. Esi wòwu dɔdasia nu ƒe kwasiɖa geɖe megbe la, Europa sukudodokpɔwo ƒe dzesideha si le Brussels, Belgium, na wònya be wotiae kpe ɖe sukuvi bubu geɖe siwo tso Spain ŋu be wòanɔ eƒe dukɔa teƒe aƒo nu tso amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo ŋu. Eyata eŋlɔ lɛta sia na Nyɔ! magazinea talawo.

“Mehiã amegbetɔ ƒe gomenɔamesi numeɖeɖe yeye siwo gali, eye mekpɔ nyatakaka siwo tututu dim menɔ le ‘Nyɔ!’ ƒe tata si nye November 22, 1998, [Eŋlisigbe] me tɔ ƒe nyati si nye ‘Ðe Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ava Su Amewo Katã Si Gbaɖegbea?’ me. Metia nyatakakawo tso ‘Nyɔ!’ ƒe nyati bubuwo hã me le nyɔnuwo ƒe etsɔme kple Ametsɔtsrɔ̃ Gã la ŋu tsɔ wɔ kpɔɖeŋui le amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo dome gbegblẽ ŋu. [Kpɔ tata siwo nye April 8, 1998, kple August 8, 1998, tɔwo.] Mekpɔe le nye numekukua me be nyatakaka siwo nyemate ŋu akpɔ le magazine alo numekugbalẽ bubuwo me o la le ‘Nyɔ!’ me. Foto siwo le wo me hã wɔ dɔ ɖe dzinye, eye metsɔ ɖewo kpe ɖe nye nyatakakaa ŋu.

“Le teƒeɖoɖo si mexɔ le nuŋɔŋlɔa me ta la, wona meɖi tsa yi Finland kwasiɖa ɖeka, afisi mɔnukpɔkpɔ su asinye megaƒo nu tso amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo ŋu eye megblɔ viɖe siwo le ‘Nyɔ!’ magazinea ŋu le alesi wòtea gbe ɖe nya veviwo abe esia tɔgbe ene dzi me na wo.

“Akpe akpe na mi kakaka ɖe alesi mienyea ame gbãtɔ siwo kaa xexeame nyadzɔdzɔwo ta na mí ta. Yehowa neyi edzi wòadudu yayra akɔ ɖe mia dzi, be ame miliɔn geɖe nate ŋu ayi edzi anɔ viɖe kpɔm tso nyatakaka siawo me.”

[Nɔnɔmetata siwo le axa 30]

Rut kple eƒe ɖaseɖigbalẽ si wonae

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe