Gomenɔamesiwo Biabia Agbanɔamedzi Manɔmeea?
“LƆLƆ̃ ɖe bubu si wotsɔ wɔ amee dzi kple gomenɔamesi siwo womate ŋu axɔ le ame si o siwo nye amegbetɔƒomea me tɔwo katã ƒe gome le dzɔdzɔme nu ye nye gɔmeɖoanyi si dzi wotu ablɔɖe, dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa ɖo le xexeame.” Aleae Xexeame Katã ƒe Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesi Se si ƒe ƒe 50 lia zã woɖu le December 1998 me la ƒe ŋgɔdonya gblɔ. Ke hã dukpɔla kple dziɖuɖumegã xoxo 24 siwo le anyigbagãwo katã dzi tɔwo teƒe do susu ɖa be ele be Dukɔ Ƒoƒuawo nawɔ xexeame katã ƒe amegbetɔ ƒe agbanɔamedzise hã atsɔ akpe ɖe se sia ŋu. Nukatae ame aɖewo se le wo ɖokui me be nusia hiã?
Nufialagã Jean-Claude Soyer, si nye Europa ƒe Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Gbɔkpɔha me tɔ, gblɔ be: “Venɔvi siwo dome womate ŋu aklã o ye gomenɔamesiwo kple agbanɔamedziwo nye. Nublanuitɔe la, le ƒe blaatɔ̃ megbe la, woŋlɔ nyateƒenya sia be alo wobui nusi megahiã o. Ame geɖe biana be woana gomenɔamesi yewo gake womekpɔnɛ be ehiã be yewoaxɔ agbanɔamedzi siwo kpe ɖe eŋu ya o.” Ame geɖe kpɔ aɖabaŋeŋe ƒu dɔdasiwo dzi sia dze sii. Paris ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye International Herald Tribune ka nya ta be: “Edze ƒã be amewo, vevietɔ sɔhɛwo, le etsɔme nyui aɖe si me ɖekawɔwɔ anɔ, gɔmeɖose siwo dzi woda asi ɖo siwo ŋudɔ woate ŋu awɔ atsɔ aɖe ŋukeklẽ, ɖokuitɔdidi, kple havilɔlɔ̃ si bu le nuto ɖeka me tɔwo dome, siwo wɔ abe ɖe wole aƒe xɔm ɖe xexeame katã ene dzi akpɔtɔ la dim vevie ŋutɔ. . . . Alesi wova le nya hem edziedzi le agbenɔnɔse si akplɔ xexeame katã ŋu la fia be nane bu.” Le esia ta dunyahelawo, mawunyaŋununyalawo, kple xexemenunyalawo le nusi Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Agbalẽsɔsrɔ̃, Dzɔdzɔmeŋutinunya, Kple Dekɔnuwo ƒe Nyawo Gbɔkpɔha yɔ be “xexeame katã ƒe agbenɔnɔse” ŋu bum be wòaxɔ ɖe nusi bu la teƒe, si atɔ asi nusi amegbetɔ ƒe agbanɔamedziwo nye la dzi. Gake wodo go kuxi sesẽ aɖe.
Togbɔ be ele bɔbɔe be woakpɔ amegbetɔ ƒe gomenɔamesi siwo ta wòle be woakpɔ la adze sii hã la, menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi be woatɔ asi amegbetɔ ƒe agbanɔamedzi siwo dzi wòle be xexeame katã nalɔ̃ ɖo dzi o. Gake woate ŋu akpɔ Agbanɔamedziwo Ŋuti Gɔmeɖose ƒe mɔfiame aɖewo le Agbenɔnɔ Ŋuti Gɔmeɖose Vevitɔ si sɔna ɖe ɣeyiɣi ɖesiaɖe ƒe nuhiahiãwo nu si Yesu de anye ƒe akpe evee nye sia la me, esi gblɔ be: “Eyaŋuti nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.”—Mateo 7:12.
Esi wònye zi geɖe Biblia mee woɖea se siwo kpɔa amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo ta tsoe ta la, ete gbe ɖe ame ŋutɔ ƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ dzi. Nusrɔ̃la Yakobo gblɔ bena: “Amesi ke nya nu nyui wɔwɔ, eye mewɔnɛ o la, enye nuvɔ̃ nɛ.” ( Yakobo 4:17) Abe alesi Yesu di mɔ siwo nu wòato awɔ nyui na amewoe ene la, nyateƒe Kristotɔwo hã dzea agbagba be yewoawɔ nyui na yewo haviwo. Le esi menye woƒe gomenɔamesiwo ɖeɖe ŋudɔwɔwɔ koe le vevie na wo o ta la, wonya be gomenɔamesi kple agbanɔamedzie zɔna aduadu eye be mía dometɔ ɖesiaɖe abu akɔnta tso eya ŋutɔ ƒe nuwɔnawo ŋu na Mawu.