INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 8/1 axa 3-4
  • Tamasɔmasɔ ƒe Kuxi si Bɔ Fifia

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tamasɔmasɔ ƒe Kuxi si Bɔ Fifia
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tamasɔmasɔ—Mawue Ðoea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Ðe Wòanya Wɔ Be Ame Ƒomeviwo Katã Nalé Nɔvisia?—Nya Kae Biblia Gblɔ?
    Nyati Bubuwo
  • Tamasɔmasɔ ƒe Kuxia Dzi Ðuɖu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Gomenɔamesiwo Biabia Agbanɔamedzi Manɔmeea?
    Nyɔ!—1999
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 8/1 axa 3-4

Tamasɔmasɔ ƒe Kuxi si Bɔ Fifia

“Míexɔe se be nyateƒe siawo dze ƒã le wo ɖokui si, be wowɔ amewo katã le tasɔsɔ me, be wo Wɔla na Gomenɔamesi siwo ŋu womate ŋu aɖe asi le o la wo, be nusiawo dometɔ aɖewoe nye Agbe, Ablɔɖe, kple Dzidzɔkpɔkpɔ didi.”—Ðokuisinɔnɔ Ŋuti Nuŋlɔɖi si dzi United States da asi ɖo le ƒe 1776 me.

“Wodzi amesiame ablɔɖemee eye gomenɔamesi sɔsɔe li na wo katã.”—Amegbetɔ kple Dukɔmevi ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Nuŋlɔɖi si dzi Franse Dukɔ ƒe Sewɔtakpekpea da asi ɖo le ƒe 1789 me.

“Wodzi amegbetɔ ɖesiaɖe ablɔɖemee eye bubu kple gomenɔamesi sɔsɔe ye le wo katã si.”—Xexeame Katã ƒe Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Nuŋlɔɖi si dzi Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Sewɔtakpekpe da asi ɖo le ƒe 1948 me.

ÐIKEKE aɖeke mele eme o. Didi le amegbetɔwo me le afisiafi be yewoasɔ ta. Nublanuitɔe la, nyateƒe si wònye be ele be woagbugbɔ amegbetɔwo ƒe tasɔsɔ ŋutinya anɔ gbɔgblɔm edziedzi ɖo kpe edzi be tasɔsɔ bu ɖe ameƒomea vaseɖe fifia.

Ðe ame aɖe ate ŋu agblɔ kple kakaɖedzi be nuwo nyo wu le ƒe alafa 20 lia sia ƒe nuwuwua? Ðe dukɔmevi siwo le United States kple France, alo esiwo le dukɔ 185 siwo nye Dukɔ Ƒoƒuawo me tɔwo la katã sea vivi le gomenɔamesi sɔsɔe si wogblɔ be wotsɔ dzi woe la mea?

Togbɔ be amegbetɔwo katã dome tasɔsɔ ƒe susua ‘adze ƒã’ hã la, “Agbe, Ablɔɖe kple Dzidzɔkpɔkpɔ didi” ŋuti gomenɔamesiwo mele amewo katã si sɔsɔe o. Le kpɔɖeŋu me, agbe ŋuti gomenɔamesi sɔsɔe ka ŋue míate ŋu aƒo nu le esime wòle be ɖevi si le Afrika naʋli kple ame 2,569 bubuwo be ɖɔkta ɖeka nakpɔ yewo gbɔ, evɔ ɖevi kple ame 289 bubuwo ko gbɔe wòle be ɖɔkta ɖeka nakpɔ le Europa? Alo tasɔsɔ kae li esime ŋutsuvi ɖeka le etɔ̃ ɖesiaɖe me kple nyɔnuvi eve le etɔ̃ ɖesiaɖe me le India atsi sukumademadee, evɔ le teƒewo abe Japan, Germany, kple Great Britain ene ya wokpɔa egbɔ be ɖevi ɖesiaɖe de suku?

Ðe amesiwo le Titina Amerika dukɔ siwo ƒe gakpɔkpɔ nyea $1,380 na ame ɖeka ɖesiaɖe ƒe “bubu kple gomenɔamesiwo” le agbe me sɔ kple amesiwo le France, afisi wokpɔa $24,990 na ame ɖesiaɖe le la tɔa? Alekee Afrika nyɔnuvi si wodzi yeyee eye mɔkpɔkpɔa enye be anɔ agbe ƒe 56 la asɔ ta kple Dziehe Amerika nyɔnuvi fẽ si wole mɔ kpɔm be anɔ agbe ƒe 79?

Tamasɔmasɔ dzena le mɔ vovovowo nu eye wo dometɔ aɖeke medea ame dzi o. Tamasɔmasɔ le agbenɔnɔ kple lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ kpakple sukudede me nye esiawo dometɔ ʋɛ aɖewo ko. Ɣeaɖewoɣi la, dunyahehe, ŋutigbalẽ, alo subɔsubɔha me masɔmasɔwo wɔa akpa vevi aɖe le bubu kple ablɔɖe tete amewo me. Le nya siwo katã gblɔm wole ku ɖe tasɔsɔ ŋuti megbe la, xexe aɖe si me tamasɔmasɔ le mee míele. Tamasɔmasɔ si le abe dɔvɔ̃—si gɔme woɖe be enye “fuwɔame gã alo esi xɔ afisiafi”—ene la xɔ amegbetɔƒomea ƒe akpa ɖesiaɖe. Vevesese si wòhena vɛ le ahedada, dɔléle, ɖekemanyamanya, dɔmakpɔmakpɔ, kple vovototodedeameme me gblẽa nu le ame ŋu vevie.

“Wowɔ amewo katã le tasɔsɔ me.” Susu nyui kae nye esi! Evɔ nublanuinya ka gbegbee nye si wònye be nusi dzɔna ŋutɔŋutɔ ya to vovo na nya sia sã!

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

UN PHOTO 152113/SHELLEY ROTNER

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe