Tamasɔmasɔ—Mawue Ðoea?
Míaɖo eŋu kpuie be ao. Mina míakpɔ nusitae ɖa.
MAWU ɖoe be mɔnukpɔkpɔwo nasu amewo katã si sɔsɔe be woase agbe ƒe vivi ahakpɔ dzidzɔ. Míexlẽ tso alesi wowɔ amegbetɔe ŋu be: “Mawu gblɔ be: Mine míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme, wòaɖi mí, eye wòaɖu ƒumelãwo, dziƒoxe dzodzoewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã kpakple lã, siwo katã tana le anyigba dzi la dzi!” Esi wòwɔ anyigba dzi nuwo vɔ la, “Mawu kpɔ nusiwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonyo ŋutɔ.”—Mose I, 1:26, 31.
Ðe Mawu ate ŋu agblɔ le tamasɔmasɔ ƒe nɔnɔme wɔnublanui si li egbea ŋuti be ‘enyo ŋutɔa’? Asesẽ ŋutɔ, elabena “Mawu enye lɔlɔ̃.” (Yohanes I, 4:8) Woƒo nu tso eyama ŋu be “medea ame [aɖeke] dzi o” eye “eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzɔ. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.” (Mose V, 10:17; 32:4; tsɔe sɔ kple Hiob 34:19.) Eye apostolo Petro ƒo eta be: “Medze sii le nyateƒe me be, Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.”—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.
Esi wònye be Mawu enye lɔlɔ̃, mekpɔa ame ŋku me o, ewɔa nuteƒe, meɖia fɔ o, eye wònye ame dzɔdzɔe la, aleke wòawɔ amegbetɔwo woanɔ tamasɔmasɔ me evɔ wòanye woƒe gomenɔamesi be woase agbe ƒe vivi? Be wòaɖe mɔ ɖe vovototodedeameme ŋu kple be wòada wo ɖe tamasɔmasɔ ƒe nuɖoanyi aɖe me anye nusi tsi tre ɖe eƒe amenyenye ŋuti vevie. Eƒe tameɖoɖoe wònye be ‘woadzi amesiame ablɔɖemee eye gomenɔamesi sɔsɔe nanɔ wo katã si.’ Ke hã edze ƒã be nuwo mele alea egbea o. Nukatae?
Ta Masɔmasɔ ƒe Ke
Be Mawu wɔ amegbetɔwo be woasɔ ta la mefia be ɖe wòɖo tame be wo katã woasɔ ta le nusianu me o. Woƒe dzɔdzɔmenunanawo, nusiwo dzɔa dzi na wo, kple amenyenye ate ŋu ato vovo. Woate ŋu ato vovo le nɔƒe alo ŋusẽ si le wo si me. Le kpɔɖeŋu me, ŋutsu kple nyɔnu mesɔ le goawo katã me o, ke boŋ Mawu wɔ nyɔnua ‘wòsɔ’ na ŋutsua. (Mose I, 2:18) Edze ƒã be vovototo le ŋusẽ si le dzilawo kple ɖeviwo si dome. Gake le vovototo siawo megbe la, ele be wo katã—ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo—nase gomenɔamesi ƒe mɔnukpɔkpɔ si Mawu na wo be wòanye nu vevi si gbɔ dzidzɔkpɔkpɔ atso ƒe vivi sɔsɔe. Ele be wo katã woase bubu kple tenɔnɔ le Mawu ŋkume ƒe vivi sɔsɔe.
Nenema ke wode dɔ kple agbanɔamedzi vovovowo asi na Mawu ƒe gbɔgbɔmevi siwo wòwɔ do ŋgɔ na amegbetɔwo hã. (Mose I, 3:24; 16:7-11; Yesaya 6:6; Yuda 9) Gake le nusiwo wotsɔ de wo si la gbɔ kpɔkpɔ me la, wo katã te ŋu sea vivi le Mawu ƒe nunana si nye agbe kple dzidzɔkpɔkpɔ me sɔsɔe. Eyata esiawo ɖe Mawu ƒe ameŋkumemakpɔmakpɔ fia le mɔ wɔnuku aɖe nu.
Nublanuitɔe la, Mawu ƒe ameŋkumemakpɔmakpɔ ƒe ɖoɖoa medze gbɔgbɔmenuwɔwɔ ɖeka ŋu o. Edi nu geɖe wu nusi Mawu tsɔ nɛ eye wòdi be yeanɔ nɔƒe kɔkɔ si de ŋgɔ wu. To dzodzro sia nyinyi me la, edze hoʋiʋli kple Yehowa, amesi si wòdze be nɔƒe si ƒo ɖesiaɖe ta nanɔ abe Wɔla ene la. Emegbe Mawu ƒe gbɔgbɔmevi dzeaglã sia ble amegbetɔwo be woabia Mawu nusi sɔ gbɔ wu esi Wòna wo. (Mose I, 3:1-6, tsɔe sɔ kple Yesaya 14:12-14.) To esia dzi la, edze abe ɖe agbe ƒe vivisese kple dzidzɔkpɔkpɔ si Yehowa na amegbetɔwo la me va gblẽ ene. Gbɔgbɔ dzeaglã sia si woyɔ le Nyaɖeɖefia 20:2 be “Abosam kple Satana” la va zu amesi gbɔ amegbetɔwo ƒe tamasɔmasɔ tso.
Ðe Nuwo Ava Trɔ Gbaɖegbea?
Eŋuɖoɖo kpuie enye ɛ̃!
Gake amekae ate ŋu ahe tɔtrɔ si dze vɛ? Ƒe alafa geɖe enye sia la, amegbetɔwo ƒe dziɖula aɖewo kɔ dzime faa dze agbagba geɖe be yewoawɔ esia. Womete ŋu kpɔ dzidzedze nyui aɖeke o si wɔe be ame geɖe ƒo nya ta be mɔkpɔkpɔ be woava kpɔ amegbetɔwo ƒe tamasɔmasɔ ƒe kuxia gbɔ gbaɖegbe la manye nu ŋutɔŋutɔ o. Gake woŋlɔ Mawu ƒe nukpɔsusu ya ɖe Yesaya 55:10, 11 be: “Alesi tsidzadza kple sno dzana tso dziƒo, eye megagbugbɔna yina o, ke boŋ wòdea tsi anyigba wònana wòmiea nu heʋãa nu, eye wònaa nuku nuƒãla kple abolo, ne woaɖu la, nenema ke nye nya, si do tso nye nu me la anɔ: Magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nusi gbe meɖoe ɖo la hafi.”
Akɔfanamenya kae nye si wònye be nànya be Yehowa Mawu gblɔ be yeana yeƒe tameɖoɖo gbãtɔ be mɔnukpɔkpɔ nanɔ amegbetɔwo katã si be woanɔ agbe ahakpɔ dzidzɔ sɔsɔe la nava eme! Abe Mawu nyateƒetɔ ene la, enye eya ŋutɔ ƒe agbanɔamedzi be yeawɔ ɖe nusi ƒe ŋugbe yedo la dzi. Dzidzɔtɔe la, didi kple ŋusẽ siaa le esi be wòawɔ esia. Aleke wòawɔ esiae?
Ŋuɖoɖoa le Fiaɖuƒe si ƒe gbe Yesu Kristo fia eƒe nusrɔ̃lawo katã be woado ɖa me be: “Mía Fofo, si le dziƒowo! . . . Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” (Mateo 6:9, 10) Ẽ, Mawu ƒe Fiaɖuƒeae nye nusi ŋudɔ Yehowa awɔ atsɔ “agbã fiaɖuƒe mawo [esiwo li fifia] katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”—Daniel 2:44.
Le Dziƒofiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la, amegbetɔƒome yeye aɖee anɔ anyi. Apostolo Yohanes ŋlɔ nu tso esia ŋuti ɖe Biblia ƒe agbalẽ mamlɛa si nye Nyaɖeɖefia me be: “Mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye; elabena gbã dziƒo kple gbã anyigba la nu va yi.” (Nyaɖeɖefia 21:1) Nɔnɔme vovovo siwo masɔmasɔ hena vɛ—siwo nye hiãkame, dɔléle, ɖekematsɔleme, vovototodedeameme, kple amegbetɔwo ƒe nɔnɔme wɔnublanui bubuwo—nu ayi tegbee.a
Ƒe alafa ɖeka kple edzivɔwoe nye sia si Yehowa Ðasefowo le amewo ƒe susu hem ɖe Fiaɖuƒe ma ŋu. (Mateo 24:14) Wotsɔ wo ɖokui na be yewoakpe ɖe amewo ŋu be Mawu ƒe tameɖoɖo ŋuti sidzedze si le Biblia me la nasu wo si to agbalẽwo tata kple woawo ŋutɔ ƒe kpekpeɖeŋu nana amewo dzi. Gake menye agbenɔnɔ le tasɔsɔ kple dzidzɔ me le etsɔme ƒe mɔkpɔkpɔ koe woƒe xexeame godoo nufiafiadɔa le amewo nam o, ke ele vi ɖem fifia gɔ̃ hã le tamasɔmasɔ ƒe dɔvɔ̃a dzi ɖuɖu me. Na míakpɔ alesi esia le eme vamee ɖa.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Taflatse kpɔ Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe agbalẽa si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta ƒe ta 10 kple 11 hena alesi Mawu ƒe Fiaɖuƒea awɔ ahe tasɔsɔ vɛ ŋuti numeɖeɖe blibo la.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]
Enye Mawu ƒe tameɖoɖo be agbe kple dzidzɔkpɔkpɔ ŋuti mɔnukpɔkpɔwo nasu amewo katã si sɔsɔe