Tamasɔmasɔ ƒe Kuxia Dzi Ðuɖu
Eteƒe madidi o Wɔla la ahe tasɔsɔ si dim amegbetɔwo le vevie la avɛ. Vaseɖe esime esia nava eme la, míate ŋu aɖe afɔ aɖewo ya teti atsɔ aɖu tamasɔmasɔ ƒe kuxi si gblẽa nu le mía kple míaƒe ƒometɔwo ŋu la dzi. Abe alesi Nelson Mandela, amesi nye South Africa ƒe dukplɔla tsã gblɔe ene be, “alesi míewɔ nusi le mía ŋutɔwo si ŋudɔe dea vovototo ame kple ame bubu dome, ke menye nusi wotsɔ na mí ye o.”
ŊUTINYA ɖo kpe eƒe nyawo dzi. Nu sue aɖewo koe nɔ ŋutsu kple nyɔnu geɖe si le wo dziɣi, gake to nusiwo le wo si ŋudɔwɔwɔ me la, wova kpɔ dzidzedze si na woto vovo tso wo hati siwo si ɖewohĩ nuwo nɔ fũ la gbɔ. Le go bubu me hã la, ame aɖewo siwo nu nyo na tso wo dziɣi la gblẽ nusiwo nɔ wo si la dome eye womete ŋu wɔ ŋutete si nɔ wo si la ŋudɔ bliboe o.
Wɔ Nusi Le Asiwò Ŋudɔ Viɖe Geɖe Nado tso Eme!
Enye Yehowa Ðasefowo ƒe didi vevie be yewoakpe ɖe amewo ŋuti be Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋuti sidzedze nasu wo si to Biblia sɔsrɔ̃ me. Gake wode dzesii be hafi Biblia me nyatakakawo naɖe vi na amewo bliboe la, ele be woanya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ. Le susu sia ta, Yehowa Ðasefowo fia nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ ame akpe bla nanewo, siwo dometɔ 23,000 (le ƒe 1990 ƒeawo ƒe domedome) tso Ɣetoɖoƒe Afrika dukɔ ɖeka ko me. Esi nyadzɔdzɔgbalẽ si nye San Francisco Examiner nɔ nu ƒom tso hadomekpekpeɖeŋudɔ si Yehowa Ðasefowo wɔna ŋu la, egblɔ be: “Miate ŋu abu wo be wonye dukɔmevi siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui. Wodoa vevie nu le adzɔxexe me, léa be na dɔnɔwo, ɖua agbalẽmanyamanya ƒe kuxia dzi.”
Hekpe ɖe eŋu la, Yehowa Ðasefowo na hehe ame akpe alafa geɖe wova zu nuƒola bibi siwo te ŋu ɖea wo ɖokui nu nyuie le dutoƒo to dutoƒonuƒo ƒoƒo ƒe hehe nana wo edziedzi me. Amesiwo ŋu nuƒoƒo ƒe kuxi sesẽwo le hã le ame akpe geɖe siawo dome. Le kpɔɖeŋu me, bu ŋutsu si ŋlɔ agbalẽ sia tso South Africa la ŋuti kpɔ, eŋlɔ be: “Mekukɔna ale gbegbe be meɣlaa ɖokuinye eye zi geɖe la, meɖoa ŋu ɖe ame bubuwo ŋu be woaƒo nu ɖe nunye. . . . Esi meƒo ɖokuinye ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me eye wode dɔ asi nam be maxlẽ Biblia le nyasela ʋɛ aɖewo ŋkume la . . . , mekukɔ ale gbegbe be nyemete ŋu wu nuxexlẽa nu ɖe game dzi o. Le kpekpea megbe la, [aɖaŋuɖola] la ɖo aɖaŋu si ana makpɔ dzidzedze la nam le dɔmenyo me. Eɖo aɖaŋu nam be manɔ nu xlẽm sesĩe le ɖokuinye si. Mewɔ esia eye mezãa ɣeyiɣi aɖe gbesiagbe tsɔ xlẽa Biblia kple Gbetakpɔxɔ magazine sesĩe.” Ŋutsu sia wɔ ŋgɔyiyi nyui ale gbegbe be fifia la, eƒoa dutoƒo nuƒowo nyasela siwo ade alafawo kple akpewo gɔ̃ hã sena.
Vivisese Le Tasɔsɔ si Le Nɔviwo Dome la Me
Nɔnɔmewo to vovo ale gbegbe le agbalẽnyanya, lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ, kple ganyawo kpakple hadomegbenɔnɔ gome, le Yehowa Ðasefowo dome. Ðeko vovototo sia ɖe xexeame ƒe nɔnɔme madeblibo si me wole la fia. Gake to vovo na subɔsubɔha bubuwo la, woɖe ameƒomevinyenye, hadomegbenɔnɔ, kple ganyawo ŋuti nazãbubu ɖa le wo nɔewo dome ale gbegbe.
Wowɔ esia to agbagbadzedze be yewoatsɔ nusiwo yewosrɔ̃ le Biblia me ade dɔwɔwɔ me. Wotsɔ dzi blibo xɔ Biblia me gɔmeɖose siwo dometɔ aɖewoe nye: “Menye alesi amegbetɔ kpɔa nui o; elabena amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke Yehowa kpɔa keke dzi me ke.” (Samuel I, 16:7, 8) “Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.” (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) “Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o, miaƒe tamesusu nanɔ nu nyuiwo yome le amewo katã ƒe ŋku me; ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me!”—Romatɔwo 12:17, 18; kpɔ Timoteo I, 6:17-19; Yakobo 2:5, 9 hã.
Le wɔwɔ ɖe Biblia me gɔmeɖose siawo siwo hea ɖekawɔwɔ vɛ dzi tututu ta la, Yehowa Ðasefowo gbe be yewomaɖe mɔ tamasɔmasɔ ƒe nuwɔna aɖeke si wotu ɖe ameƒomevinyenye, hadomegbenɔnɔ, alo ganyawo dzi nade vovototo yewo dome o. Le kpɔɖeŋu me, womeléa ŋku ɖe nusiawo ƒe ɖeke ŋu ne wole amesi woana subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔwoe le Kristo-hamea me ŋuti nyametsotso wɔm o. Gbɔgbɔmenudidiwo koŋ dzie wonɔa te ɖo tia ame ɖoa nufiafia kple dzikpɔkpɔ dɔ ƒe ɖoƒewo.—Timoteo I, 3:1-13; Tito 1:5-9.
Le amesiwo kpe tamasɔmasɔ ƒe fu le xexe si me ɖokuitɔdidi bɔ ɖo fũ me la, aleke gbegbe woakpɔ gbɔdzɔe be amewo nawɔ nu ɖe yewo ŋu abe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo da sɔ le yewo Wɔla la ŋkume ene enye si! Martina ate ŋu aɖi ɖase le esia ŋu. Dzilaɖekɛƒome dahe aɖe mee wonyii le esime fofoa gblẽ ƒomea ɖi. Enuenu la, wowɔ nu ɖe eŋu abe amesi mele naneke me le amewo dome o ene, megakana ɖe eɖokui dzi boo o, eye wòsesẽna nɛ be yeade ha kple ame bubuwo. Megatsɔa ɖeke le naneke me o. Gake nuwo trɔ esi wòdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme heva zu Yehowa Ðasefo. Egblɔ be: “Ele be makpɔtɔ anɔ aʋa wɔm kple dziɖeleameƒo kokoko, gake fifia ya mete ŋu le te nɔm ɖe kuxia nu. Mete ŋu dea bubu ɖokuinye ŋu fifia, eye meƒoa nu kple kakaɖedzi wu tsã. Nyateƒea na menya be agba aɖe le dzinye. Fifia menya be Yehowa lɔ̃m eye be viɖe le agbe ŋu.”
Abe dukɔwo dome Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo ene la, Yehowa Ðasefo siwo le dukɔ siwo wu 230 me la le tasɔsɔ tɔxɛ aɖe me vavã le xexeame egbea. Ðe subɔsubɔha bubu aɖe ate ŋu aƒu asi akɔ alea ahatsɔ nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔwo aɖo kpe edzia?
Le nyateƒe me la, alesi nya aɖe le la, nenemae Yehowa Ðasefowo gblɔnɛ. Wolɔ̃ ɖe edzi be esi yewonye xexe madeblibo me nɔlawo ta la, yewomate ŋu aɖe amegbetɔwo ƒe tamasɔmasɔ ɖa keŋkeŋ abe alesi ame bubuwo tee kpɔ le ƒe alafa siwo va yi me ene—eye womete ŋu ɖee ɖa o. Ke hã wokpɔa dzidzɔ be le yewo ɖokui dome ya la, yewodze agbagba ɖu kuxi gã sia dzi. Eye le xɔse sẽŋu si le wo si ɖe Mawu ƒe ŋugbedodo me ta la, wokpɔa mɔ na xexe yeye aɖe si me dzɔdzɔenyenye anɔ si me tamasɔmasɔ anye gbaɖegbenya le tegbee.
Ẽ, eteƒe madidi o, woana amegbetɔ toɖolawo o katã nasɔ ta abe alesi wo Wɔla ɖo tamee be woasɔ “le bubu kple gomenɔamesi me” le gɔmedzedzea me la ene. Susu nyui kae nye esi! Eye fifia ya la, anye nu ŋutɔŋutɔ!
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Yehowa Ðasefowo ɖua agbalẽmanyamanya ƒe kuxia dzi to nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ fiafia ame akpe bla nanewo me
[Nɔnɔmetata si le axa 8]
Biblia me nyateƒea wɔnɛ be woɖea ameƒomevinyenye, hadomegbenɔnɔ, kple ganyawo ŋuti nazãbubu ɖa keŋkeŋ