Biblia Ƒe Nukpɔsusu
Nu Ka Tae Amewo Léa Fu Yesu Yome Dzela Vavãwo?
“Amewo ade mi asi na fukpekpe eye woawu mi, eye dukɔwo katã alé fu mi le nye ŋkɔ la ta.”—MATEO 24:9.
ŊKEKE ʋɛ aɖewo le Yesu ƒe nya mawo gbɔgblɔ vɔ megbe koe wowui ŋutasesẽtɔe. Le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me la, egblɔ na eƒe apostolo wɔnuteƒewo be: “Ne woti yonyeme la, ekema woati miawo hã mia yome.” (Yohanes 15:20, 21) Gake nu ka tae amewo alé fu ame siwo ɖoa to Yesu henɔa agbe abe eyama ene? Biabia sia sɔ, elabena Yesu na kpekpeɖeŋu geɖe amewo, ehe gbɔdzɔe vae na ame dahewo, eye wòna mɔkpɔkpɔ ame siwo wote ɖe anyi.
Biblia gblɔ susu siwo koŋ ta wolé fu Yesu ɖo la na mí. Ne míedzro susu siawo me la, míakpɔ nu si tae wotsia tsitre ɖe Kristo yome dzelawo ŋu egbea abe ale si ko wònɔ le Kristo hã gome ene.
Tsitretsiɖeŋulawo Wɔa Nu Le Manyamanya Me Ɣeaɖewoɣi
Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: “Gaƒoƒo gbɔna kura gɔ̃ hã, esime ame sia ame si awu mi la asusu be yewɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe aɖe na Mawu. Gake woawɔ nu siawo katã elabena womenya Fofo la o, eye womenya nye hã o.” (Yohanes 16:2, 3) Le nyateƒe me la, tsitretsiɖeŋulawo dometɔ geɖe gblɔna be yewo hã yewosubɔa Mawu si Yesu subɔna, gake alakpadzixɔsewo kple dekɔnuwoe kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi. Ɛ̃, “dzo le wo me ɖe Mawu ŋu; gake menye le sidzedze vavãtɔ nu o.” (Romatɔwo 10:2) Tsitretsiɖeŋula mawo dometɔ ɖekae nye Saul, si tso Tarso, ame si va zu Kristotɔ apostolo Paulo emegbe.
Saul nye ƒuƒoƒo aɖe si me tɔwo woyɔna be Farisitɔwo, siwo nye Yudatɔwo ƒe kɔmama xɔŋkɔ aɖe, si kpɔ ŋusẽ le dunyahehe me siwo tsi tre ɖe Kristotɔnyenye ŋu, la me tɔ. Saul va gblɔ emegbe be: “Menye busunyagblɔla kple yometila kpakple ame mabuame hã.” Egblɔ hã be: “Nyemenyae ɣemaɣi o, eye mewɔe le dzimaxɔse me.” (1 Timoteo 1:12, 13) Ke hã, esi wòva srɔ̃ nyateƒe si ku ɖe Mawu kple Via ŋu la, etrɔ eƒe agbenɔnɔ enumake.
Aleae wòle le ame siwo nye tsitretsiɖeŋulawo tsã la dometɔ geɖe gome egbea. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, abe ale si wònɔ le Saul gome ene la, wova ti woawo ŋutɔwo hã yome. Ke hã, ame siawo meɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o, ke boŋ wowɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi be: “Miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo, eye mianɔ gbe dom ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta.” (Mateo 5:44) Yehowa Ðasefowo tsɔa nya siawo wɔa dɔe henɔa mɔ kpɔm be tsitretsiɖeŋula siawo dometɔ aɖewo ya teti ava trɔ, abe ale si wònɔ le Saul gome ene.
Ŋuʋaʋã Tae Ame Aɖewo Léa Fu Wo Ðo
Ame siwo ti Yesu yome la dometɔ geɖe nɔ ŋu ʋãmee tae. Le nyateƒe me la, Roma nutomefia Pontio Pilato nya “be ŋuʋaʋã tae nunɔlawo ƒe tatɔwo [de Yesu] asi” be woaklãe ɖe ati ŋu ɖo. (Marko 15:9, 10) Nu ka tae Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo ʋã ŋu Kristo ɖo? Susuawo dometɔ ɖekae nye be ebɔa ha kple ame tsɛwo, evɔ hakplɔla mawo ya doa vlo wo. Farisitɔwo fa konyi gblɔ be: “Xexe blibo la katãe nye ema dze eyome hoo.” (Yohanes 12:19) Nenema kee emegbe esi amewo va zu xɔsetɔwo le Kristo yome dzelawo ƒe subɔsubɔdɔa ta la, tsitretsiɖeŋulawo gayɔ “fũu kple ŋuʋaʋã” ake, eye wogblɔ busunyawo ɖe Kristotɔ nya nyui gbeƒãɖelawo ŋu.—Dɔwɔwɔwo 13:45, 50.
Mawusubɔlawo ƒe nɔnɔme nyuiwo tae woƒe nu ku dzi na tsitretsiɖeŋula bubuwo. Apostolo Petro gblɔ na Kristotɔ haxɔsetɔwo be: “Esi miegale du ƒum kpli wo [ame vɔ̃ɖiwo] le mɔ sia dzi yina agbe baɖa nɔnɔ ƒe ba ma ke me o ta la, ewɔa nuku na wo, eye wole nya manyomanyowo gbɔgblɔ dzi ɖe mia ŋu.” (1 Petro 4:4) Nɔnɔme gbegblẽ sia ke gadzena le amewo ŋu egbea hã. Ke hã, togbɔ be Kristotɔwo ƒoa asa na agbe baɖa nɔnɔ hã la, womewɔa nu wòdzena abe ɖe yewonye ame dzɔdzɔewo wu alo nyo wu ame bubuwo o. Le nyateƒe me la, nuwɔna sia medze Kristotɔ o, elabena amegbetɔwo katã nye nu vɔ̃ wɔlawo, eye Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ hiã wo.—Romatɔwo 3:23.
Wolé Fu Wo Le Esi Womenye “Xexea Ƒe Akpa Aɖeke O” Ta
Biblia gblɔ be: “Miganɔ xexea alo nu siwo le xexea me la lɔ̃m o.” (1 Yohanes 2:15) Xexe ka ŋu nya gblɔmee apostolo Yohanes nɔ? Eyae nye ameƒomea me tɔ siwo ɖe wo ɖokui ɖe aga tso Mawu gbɔ hebɔbɔ ɖe Satana te. Eyae nye “xexe sia ƒe mawu.”—2 Korintotɔwo 4:4, Eʋegbe Biblia; 1 Yohanes 5:19.
Nublanuitɔe la, ame siwo lɔ̃ xexea kple eme nuwɔna gbegblẽwo la tsia tre ɖe ame siwo dzea agbagba be yewoanɔ agbe ɖe Biblia ƒe nufiafiawo nu la ŋu. Eya ta Yesu gblɔ na eƒe apostolowo be: “Ne ɖe mienye xexea ƒe akpa aɖe la, anye ne xexea alɔ̃ ye ŋutɔ tɔ vevie. Azɔ esi mienye xexea ƒe akpa aɖeke o, gake metia mi tso xexea me la, esia tae xexea léa fu mi ɖo.”—Yohanes 15:19.
Aleke gbegbe wòwɔ nublanui enye esi be amewo lé fu Yehowa subɔlawo le esi womeƒo wo ɖokuiwo ɖe nu fitifiti wɔwɔ, madzɔmadzɔnyenye, kple ŋutasesẽ si bɔ ɖe xexe sia si dzi ɖum Satana le la me o ta! Ame geɖe siwo si susu nyui le la di be yewoana nuwo nanyo wu le xexe sia me, gake womate ŋu anɔ te ɖe xexe sia dzi ɖula si womate ŋu akpɔ o la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi nu o. Yehowa Mawu koe ate ŋu aɖe Satana ɖa, eye awɔe hã. Atsrɔ̃e ɖa keŋkeŋ abe dzoe wotsɔ fiãe ene!—Nyaɖeɖefia 20:10, 14.
Mɔkpɔkpɔ nyui ma nye “fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” xɔasi si Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒãe le xexea me godoo la ƒe akpa vevi aɖe. (Mateo 24:14) Ɛ̃, Ðasefowo ka ɖe edzi be Mawu Fiaɖuƒea, si nye eƒe dziɖuɖu si ƒe fiae nye Kristo la, ahe ŋutifafa kple dzidzɔ mavɔ ava anyigba dzi. (Mateo 6:9, 10) Eya ta woayi edzi anɔ gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ma, elabena Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe wo ŋu le vevie na wo wu amegbetɔwo tɔ.—g11-E 05.
ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?
● Nu ka tae Saul, si tso Tarso, tsi tre ɖe Kristo yome dzelawo ŋu ɖo?—1 Timoteo 1:12, 13.
● Nɔnɔme gbegblẽ kae kpɔ ŋusẽ ɖe Yesu ƒe futɔwo dometɔ aɖewo dzi?—Marko 15:9, 10.
● Aleke Kristotɔ vavãwo bua xexeae?—1 Yohanes 2:15.
[Nɔnɔmetata si le axa 27]
Le ƒe 1945 me la, nu vlo wɔhawo dze Yehowa Ðasefowo dzi le Quebec, Canada, le esi wonɔ gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ta
[Afi Si Miìexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Courtesy Canada Wide