INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 12/15 axa 12-13
  • Luʋɔ La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Luʋɔ La
  • Nyɔ!—2015
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe luʋɔ la yia edzi nɔa agbe le ku megbea?
  • Ðe luʋɔ la to vovo na ametia?
  • Nu kae dzɔna ɖe luʋɔ la dzi ne ame ku?
  • Nusi Biblia Gblɔ be Luʋɔ Nye
    Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?
  • Nu Kae Nye Luʋɔ?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Agbenɔnɔ Le Ku Megbe—Nya Kae Biblia Gblɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Nukae Dzɔna Ðe Luʋɔ Dzi le Ku Me?
    Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2015
g 12/15 axa 12-13

NU SI BIBLIA GBLƆ

Luʋɔ La

Subɔsubɔhawo fia nu vovovo siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu tso luʋɔ kple nu si dzɔna ne ame ku ŋu. Ke hã, Biblia fia nu si me kɔ tso luʋɔ la ŋu.

Ðe luʋɔ la yia edzi nɔa agbe le ku megbea?

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Ame geɖe xɔe se be luʋɔ la mekuna o. Ame aɖewo xɔe se be ne ame ku la, luʋɔ la gatrɔna dzɔna le ŋutilã yeye me, eye esia nɔa edzi yim nenema ɖaa. Ame bubuwo hã xɔe se be luʋɔ la yia dziƒo loo alo dzomavɔ me mlɔeba.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia megblɔ be luʋɔ la yia edzi nɔa agbe le ku megbe o. Le nyateƒe me la, egblɔ tso luʋɔ la ŋu zi geɖe be ekuna. Nyagblɔɖila Ezekiel si Mawu zã wòŋlɔ Biblia ƒe akpa aɖe gblɔ be, woate ŋu atsɔ ku ahe to na luʋɔ la. Biblia gblɔ le teƒe bubu be ame kuku nye “luʋɔ kuku.” (3 Mose 21:11, etenuŋɔŋlɔ) Eme kɔ ƒãa be, Biblia mefia nu be luʋɔ la mekuna o.

“Luʋɔ si wɔ nu vɔ̃ la, eyae aku.”—Ezekiel 18:20.

Ðe luʋɔ la to vovo na ametia?

NYA SI AMEWO GBLƆNA

Luʋɔ lae na amea le agbe gake ne amea ku la, edona le eme.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia gblɔ be nyɔnu aɖe dzi ‘luʋɔwo,’ si fia ame gbagbewo. (1 Mose 46:18, etenuŋɔŋlɔ) Le nyateƒe me la, woagate ŋu aɖe Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “luʋɔ” la gɔme be “ame si le gbɔgbɔm.” Ɣeaɖewoɣi la, wozãa nya luʋɔ na lãwo hã. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia gblɔ tso luʋɔ la ŋu be eɖua nu. (5 Mose 12:20, etenuŋɔŋlɔ) Ne ɖe luʋɔ la to vovo na ametia la, ɖe Biblia agblɔ le eŋu be egbɔa ya alo ɖua nua? Nu si Biblia gblɔ zi geɖe be enye “luʋɔ” la fia ame gbagbe, eye esia lɔ ametia, seselelãmewo kple amenyenye ɖe eme.

“Ame siawoe wòdzi . . . wole ame [alo, “luʋɔ,” etenuŋɔŋlɔ] wuiade.”—1 Mose 46:18.

Nu kae dzɔna ɖe luʋɔ la dzi ne ame ku?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Ne ame ku la, meyia ‘dɔwɔwɔ alo ɖoɖowɔwɔ dzi o, eye sidzedze alo nunya mele Tsiẽƒe’ o. (Nyagblɔla 9:10) Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí kã be ne ame ku la, egatrɔna “zua anyi; gbe ma gbe ke eƒe tamesusuwo katã nu yina.” (Psalmo 146:4) Luʋɔ kuku mate ŋu awɔ naneke o, eya tae zi geɖe la Ŋɔŋlɔawo tsɔa ku sɔna kple ‘alɔ̃dɔdɔ.’—Mateo 9:24.

Srɔ̃tɔ aɖewo le konyi fam le amekukuɖaka aɖe gbɔ

NU KA TAE WÒLE VEVIE?

Ne wò ame vevi aɖe ku la, àdi be yeakpɔ ŋuɖoɖo na nyabiasewo abe: Afi kae kukuawo le? Nɔnɔme ka mee wole? Ðe wole fu kpema? Esi Biblia ka ɖe edzi na mí be kukuawo menya naneke o ta la, efaa akɔ na mí be míanyae be míaƒe ame veviwo mele fu kpem o. Yehowa ƒe ŋugbe si wòdo be yeafɔ luʋɔ kuku siwo meganya naneke o ɖe tsitre le etsɔme la hã faa akɔ na mí.—Yesaya 26:19.

“Kukuawo meganya naneke kura o.”—Nyagblɔla 9:5

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe