Nusi Biblia Gblɔ be Luʋɔ Nye
“Ame la zu luʋɔ gbagbe.”—MOSE I, 2:7.
1. Nuka mee wòle be míadzro ale be míanya nusi Biblia fia le luʋɔ ŋu?
ABE alesi míekpɔe ene la, luʋɔ ŋuti dzixɔsewo sɔ gbɔ eye wole vovovo. Amesiwo gblɔna be Biblia dzie yewotu yewoƒe dzixɔsewo ɖo gɔ̃ hã ƒe nukpɔsusuwo to vovo le nusi luʋɔ nye kple nusi dzɔna ɖe edzi ne míeku ŋu. Gake nuka tututue Biblia fia le luʋɔ ŋu? Be míanya la, ele be míadzro Hebri kple Hela gbe me nya siwo gɔme woɖe be “luʋɔ” le Biblia me la me.
“Luʋɔ” Fia Nuwɔwɔ Gbagbe
2, 3. (a) Nya ka gɔmee woɖe be “luʋɔ” le Hebri Ŋɔŋlɔawo me, eye nuka tututue nya sia fia? (b) Aleke Mose I, 2:7 ɖo kpe edzii be nya “luʋɔ” ate ŋu afia ame blibo?
2 Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “luʋɔ” enye neʹphesh, eye edze zi 754 le Hebri Ŋɔŋlɔawo (si ame geɖe yɔna be Nubabla Xoxoa) me. Neʹphesh gɔme ɖe? The Dictionary of Bible and Religion gblɔ be “zi geɖe la, efiaa ame blibo si le agbe, si nye ameti bliboa.”
3 Le kpɔɖeŋu me, Mose I, 2:7 gblɔ be: “Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.” Ele be nàde dzesii be luʋɔ menɔ Adam si o; luʋɔe wònye—abe alesi amesi va zu ɖɔkta nye ɖɔkta ene. Eyata nya si nye “luʋɔ” ate ŋu afia ame bliboa.
4, 5. (a) Gblɔ kpɔɖeŋu siwo fia be nya “luʋɔ” fia ame blibo. (b) Aleke The Dictionary of Bible and Religion ɖo kpe gɔmesese si nye be luʋɔe ame nye dzii?
4 Woɖo kpe gɔmesese sia dzi le Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa geɖe, afisi míekpɔ nyagbɔgblɔwo le siwo ƒe ɖewoe nye “ne luʋɔ aɖe wɔ nuvɔ̃” (Mose III, 5:1, NWa), “ne luʋɔ aɖe wɔ dɔ aɖe le ŋkeke sia dzi” (Mose III, 23:30, NW), “ne wolé ame aɖe si fi . . . luʋɔ” (Mose V, 24:7, NW), “eva glo eƒe luʋɔ” (Ʋɔnudrɔ̃lawo 16:16, NW), “ɣekaɣi mianɔ nuxaxa dom na nye luʋɔ . . . ase ɖo?” (Hiob 19:2), kple “nye luʋɔ fa aɖatsi le nuxaxa ta.”—Psalmo 119:28.
5 Naneke medze le nya siawo me si míate ŋu akpɔ wòafia be luʋɔa nye vɔvɔli ƒe neneme aɖe si yia edzi nɔa agbe le ame ƒe ku megbe o. The Dictionary of Bible and Religion gblɔ be: “Ne wogblɔe ɖe míaƒe gɔmesese nu be míaƒe ame vevi aɖe ƒe ‘luʋɔ’ dzo yi Aƒetɔ la gbɔ alo ne woƒo nu tso ‘luʋɔ makumaku’ ŋu la, amesiwo nɔ anyi le Nubabla Xoxoa ŋlɔɣi la mase egɔme o.”
6, 7. Nya ka gɔmee woɖe be “luʋɔ” le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me, eye nuka tututue nya sia fia?
6 Nya si gɔme woɖe be “luʋɔ” wòwu zi alafa ɖeka le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo (si ame geɖe yɔna be Nubabla Yeyea) me enye psy·kheʹ. Zi geɖe la, nya sia fiaa ame blibo abe neʹphesh ke ene. Le kpɔɖeŋu me, bu nya siwo gbɔna ŋu kpɔ: “Nye luʋɔ ʋuʋu kpẽkpẽkpẽ.” (Yohanes 12:27) “Vɔvɔ̃ ɖo luʋɔ ɖesiaɖe.” (Dɔwɔwɔwo 2:43, NW) “[Luʋɔ ɖesiaɖe, NW] nabɔbɔ eɖokui na dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na.” (Romatɔwo 13:1) “Mifa akɔ na luʋɔ siwo lé blanui.” (Tesalonikatɔwo I, 5:14, NW) “Woɖe ame ʋee, siwo le luʋɔ enyi [tso] tsi me.”—Petro I, 3:20.
7 Edze ƒã be psy·kheʹ fia ame blibo, abe neʹphesh ke ene. Agbalẽnyala Nigel Turner gblɔ be nya sia “fia nusi míenya be enye amegbetɔ, amea ŋutɔ, si nye ŋutilã si me wogbɔ Mawu ƒe rûaḥ [gbɔgbɔ] dee. . . . Ame bliboa dzie wohe susu yii.”
8. Luʋɔwoe lãwo nyea? Ðe eme.
8 Le Biblia me la, menye amegbetɔwo koe wozãa nya “luʋɔ” na o ke wozãnɛ na lãwo hã. Le kpɔɖeŋu me, esime wonɔ nu ƒom tso nuwɔwɔ siwo le ƒu me ŋu la, Mose I, 1:20 gblɔ be Mawu de se be: “[Luʋɔ, NW] gbagbewo neƒu tsi le tsia me.” Eye le nuwɔwɔ ƒe ŋkeke si kplɔe ɖo me la, Mawu gblɔ be: “[Luʋɔ, NW] gbagbewo nedo tso anyigba me hamehame, aƒemelãwo kple nutatawo kple gbemelãwo hamehame!” (Mose I, 1:24; tsɔe sɔ kple Mose IV, 31:28.) Eyata “luʋɔ” ate ŋu afia nu gbagbe, eɖanye amegbetɔ alo lã o.
“Luʋɔ” Nye Nuwɔwɔ ƒe Agbe
9. (a) Gɔmesese si keke ɖe enu kae ate ŋu anɔ nya “luʋɔ” ŋu? (b) Ðe esia tsi tre ɖe gɔmesese si nye be amea ŋutɔe nye luʋɔ la ŋua?
9 Ɣeaɖewoɣi la, nya “luʋɔ” fiaa agbe si le amegbetɔ alo lã me. Esia mewɔe be alesi Biblia yɔ amegbetɔ alo lã be enye luʋɔ la trɔ o. Míate ŋu awɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Míegblɔna be ame aɖe le agbe, si fia be enye ame gbagbe. Míate ŋu agblɔ hã be agbe le amea si. Le mɔ ma ke nu la, ame gbagbe nye luʋɔ. Ke hã esi wòle agbe la, woate ŋu agblɔ le “luʋɔ” ŋu be enye nu le amea si.
10. Gblɔ kpɔɖeŋu siwo fia be nya “luʋɔ” ate ŋu afia agbe si le ame alo lã me.
10 Le kpɔɖeŋu me, Mawu gblɔ na Mose be: “Amesiwo katã le didim be, yewoatsrɔ̃ wò [luʋɔ, NW] la, woku.” (Mose II, 4:19) Edze kɔtẽ be Mose ƒe futɔwo nɔ didim be woaɖe eƒe agbe ɖa. Míekpɔ alesi wozã “luʋɔ” le mɔ sia tɔgbe nu le nya siwo gbɔna me. “Míevɔ̃ ŋutɔ ɖe míaƒe luʋɔwo nu.” (Yosua 9:24, NW) “Wosi heɖe woƒe [luʋɔ, NW].” (Fiawo II, 7:7) “Ame dzɔdzɔe sea veve na eƒe [lã ƒe luʋɔ, NW].” (Lododowo 12:10) ‘Amegbetɔvi la va bena wòatsɔ eƒe luʋɔ ana tafee ɖe ame geɖe ƒe xɔxɔ ta.’ (Mateo 20:28) “Ede kuku ge . . . kloe, eye wòtsɔ eƒe luʋɔ de afɔku me.” (Filipitɔwo 2:30, NW) Nya “luʋɔ” fia “agbe” le nya siawo dometɔ ɖesiaɖe me.b
11. Nya kae míate ŋu agblɔ le alesi Biblia zãa nya “luʋɔ” ŋu?
11 Eyata nya “luʋɔ” si wozã le Biblia me la fia amegbetɔ alo lã, alo agbe si le amegbetɔ alo lã me. Alesi Biblia ƒo nu tso luʋɔ ŋui la gɔme nya se heto mɔ ɖeka, eye wometsɔ amegbetɔ ƒe xexemenunyafiafia kple aʋatsodzixɔse totrowo tɔtɔe o. Gake nukae dzɔna ɖe luʋɔ dzi le ku me? Hafi míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia ma la, gbã ele be míase nusi tututu ta míekuna la gɔme.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a NW fia Biblia si nye New World Translation of the Holy Scriptures—With References.
b Wozã nya “luʋɔ” wòfia “agbe” le Mateo 10:28 hã.
[Nɔnɔmetata si le axa 20]
Luʋɔwoe wo katã wonye