Ŋgɔdonya
Nuwo abe dɔléle, afɔku, dzɔdzɔmefɔku alo amewo ƒe ŋutasẽnu wɔwɔ gblẽa nu le mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.
Amewo le ŋuɖoɖowo dim na biabia siwo le wo si.
Ame aɖewo gblɔna be nu si míexɔ vɛ gbɔe míaƒe fukpekpewo tso alo wosena le wo ɖokuiwo me be míate ŋu awɔ naneke tso míaƒe fukpekpewo ŋu o.
Ame bubuwo hã gblɔna be nu gbegblẽ siwo míewɔ va yi alo esiwo míewɔ hafi va dzɔ gbɔe míaƒe fukpekpewo tso.
Fukpekpewo naa biabia gbogbo aɖewo vaa susu me na amewo.