INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 5
  • Agbenɔnɔ Sesẽ Dze Egɔme

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbenɔnɔ Sesẽ Dze Egɔme
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Si Tae Wobu Woƒe Aƒea
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Aleke Agbea Nɔ Le Paradisoa Me?
    Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee
  • Adam Kple Xawa Meɖo To Mawu O
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Mawu Wɔ Ŋutsu Kple Nyɔnu Gbãtɔ
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 5
Xawa kple viawo le Eden-bɔa godo

ŊUTINYA 5

Agbenɔnɔ Sesẽ Dze Egɔme

ADAM kple Xawa wokpe fu geɖe le Eden-bɔ la godo. Ele na wo be woawɔ dɔ sesĩe adi woƒe nuɖuɖu. Le ati ƒe kutsetse, siwo nya kpɔna teƒe la, wokpɔ be ŋu kple aŋɔka sɔŋ mie ƒo xlã yewo. Esiae va dzɔ esime Adam kple Xawa wogbe toɖoɖo Mawu, eye womeganye Exɔlɔ̃wo o la.

Gake esi vɔ̃ɖi wu emae nye be, Adam kple Xawa wodze kuku gɔme. Ðo ŋku edzi be Mawu xlɔ̃ nu wo do ŋgɔ be, ne woɖu ati ɖeka aɖe ƒe tsetse la, woaku. Ẽ, gbemagbe ke, si woɖui la, wodze kuku gɔme. Bometsinu ka gbegbee nye esi wowɔ be womeɖo to Mawu o!

Adam kple Xawa dzi wo viwo katã le esime Mawu nyã wo do goe le Eden-bɔa me megbe. Esia fia be wo viwo hã atsi aku amegã kple nyagã ahaku.

Ne Adam kple Xawa ɖe woɖo to Yehowa la, eya ko hafi wo kple wo viwo anɔ agbe le dzidzɔkpɔkpɔ me. Anye ne wo katã woanɔ agbe tegbee le dzidzɔ me le anyigba dzi. Anye ne ame aɖeke matsi aku amegã, alé dɔ ahaku o.

Mawu di be amewo nanɔ agbe tegbee le dzidzɔ me, eye Edo ŋugbe be gbeɖeka la, woanɔ agbe nenema. Menye ɖeko anyigba la katã anya kpɔ ko o, ke boŋ lãmesẽ anɔ amewo katã si. Eye amesiame anye xɔlɔ̃ nyui na amesiame, kple Mawu hã.

Gake Xawa meganye Mawu xɔlɔ̃ azɔ o. Eyata esime wòdzi viawo la, menɔ bɔbɔe nɛ o. Elé ku vevie. Tomaɖomaɖo Yehowa he nuxaxa geɖe vɛ nɛ, alo mele eme oa?

Adam kple Xawa wodzi ŋutsuvi kple nyɔnuvi geɖewo. Esi wodzi woƒe ŋutsuvi gbãtɔ la, wotsɔ ŋkɔ nɛ be Kain. Wotsɔ ŋkɔ na woƒe ŋutsui evelia be Habel. Nukae dzɔ ɖe wo dzi? Ènyaea?

Mose I, 3:16-23; 4:1, 2; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe